Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Ku Gblẽna le Ame Ŋu

Nusi Ku Gblẽna le Ame Ŋu

Nusi Ku Gblẽna le Ame Ŋu

“ƑE ADE VI AÐE WU EÐOKUI.” Tanya dovoɖiname sia ƒo nu tso nyɔnuvi sue aɖe si ŋkɔe nye Jackie ƒe kunya wɔnublanuia ŋu. Nyitsɔ laa koe dɔlémafɔe aɖe wu nɔa. Jackie ɖoe koŋ va tso keteke aɖe ŋgɔ, gake hafi wòawɔ ema la, egblɔ na nɔviawo be yedi be ‘yeatrɔ azu mawudɔla ne yeava nɔ ye nɔ gbɔ.’

Esi Ian xɔ ƒe 18 la, eɖe kuku na eƒe osɔfo be wòaɖe nusitae kansa wu ye fofo gɔme na ye. Osɔfoa gblɔ be esi fofoa nye ame nyui ta la, Mawu hiãe le dziƒo. Esi Ian se numeɖeɖe sia vɔ la, eƒo nya ta be yemedi be yeanya naneke tso Mawu sẽŋuta ma ŋu o. Esi wòdze abe tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o ene ta la, Ian tso nya me be ke ɖeko yeaɖu agbe. Le esia taa, eva zu ahanoxe, atike muame nola, kple agbegbegblẽnɔla. Megava nya ta le eƒe agbe nu o.

“Agbagbeawo Nyae be, Yewogbɔna Kuku Ge”

Nudzɔdzɔ wɔnublanui eve siawo ɖe alesi ku ate ŋu agblẽ nu le amewo ƒe agbe ŋui fia, vevietɔ ne womele mɔ kpɔm nɛ o. Ele eme baa be Biblia me nyateƒenya sia le nyanya na mí katã be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge.” (Nyagblɔla 9:5) Gake ame geɖe medina be yewoanɔ ŋku ɖom nyateƒenya wɔnublanui ma dzi o. Ke wò ya ɖe? Agbemenuwɔnawo xɔa míaƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ale gbegbe be ɖewohĩ míadi be míabu tame tso ku ŋu o, ahanɔ susum be míele kuku ge fifia o.

The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Ame akpa gãtɔ vɔ̃na na ku, eye wodzea agbagba be yewoaƒo asa na eŋu bubu.” Ke hã, afɔku dziŋɔ, alo dɔléle sesẽ aɖe ate ŋu aƒoe ɖe mía nu kpata be míakpe akɔ kple ku kpakple emetsonuwo. Alo ɖewohĩ xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe ƒe kuteƒe yiyi ɖoa ŋku nusi le ameƒomea lalam dzi na mí, si sese mevivina mía nu o.

Ke hã, konyifalawo gblɔna le kuteƒe zi geɖe be: “Ne wofa aɖatsi hã, wokpɔa nu.” Eye nenemae wòle hã vavã. Le nyateƒe me la, agbenɔƒewo ate ŋu ava yi kabakaba ale gbegbe be kaka míakpɔ la, tsitsi kple eŋu kuxiwo dze ŋgɔ mí xoxo. Ne ame ɖo ɣeyiɣi sia me la, ku meganyea nane si ava dzɔ ɖe edzi gbaɖegbe ƒe nya o. Kuteƒewo yiyi va sɔa gbɔ, eye nuxaxa si ame xɔlɔ̃ veviwo ƒe ku hena vɛ dzina ɖe edzi. Le ame tsitsi geɖewo gome la, nyabiase ɖefuname si xɔa woƒe susu mee enye, “Ɣekaɣie wòle dzinye ɖo ge?”

Nane si Gɔme Womate Ŋu Ase O

Togbɔ be amesiame nya be ku li hã la, nusi koŋ ŋu ame geɖe bunae nye nusi dzɔna le ku megbe. Nukpɔsusu gbogbo siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ate ŋu awɔe be ɖikelawo nabu nukpɔsusu mawo be enye glãkahehe si me viɖe aɖeke mele o tso nane si gɔme womate ŋu ase o ŋu. Amesiwo bua tame le nusi ko woƒe ŋku kpɔna ŋu ate ŋu aƒo nya ta be ne “agbea katã koe nye esia” la, ke ele be ame naɖu agbe alesi wòate ŋui fifia.

To vovo na esia la, ame bubuwo ya melɔ̃ ɖe edzi be nusianu ƒe nuwuwue nye ku o. Ke hã, womenya naneke tso nusi dzɔna le ku megbe ŋu o. Ame aɖewo susuna be ɖewohĩ agbe tegbee nɔnɔ le dzidzɔ me ayi edzi le teƒe aɖe, eye bubuwo hã susuna be yewoagava anɔ agbe ake le etsɔme, ɖewohĩ ne yewotrɔ zu ame bubuwo.

Ƒometɔ siwo ƒe ame ku biana wo ɖokui ɣesiaɣi be, “Afikae ame kukuwo le?” Ƒe geɖe enye esia, esi bɔlƒoha aɖe nɔ mɔ zɔm yina gome kpɔ ge le kamedefefe wɔna aɖe me la, agbatsɔʋu aɖe va lɔ woƒe ʋu sue la, eye woge dze aga me. Ƒuƒoƒoa me tɔwo dometɔ atɔ̃ ku. Tso esime vidada aɖe ƒe viŋutsuvi hã ku le afɔku ma me la, etɔtɔ le eɖokui me. Edze agbagba be yeanya afisi ye vi ŋutsuvia le. Eyina eƒe yɔdoa gbɔ ɣesiaɣi, eye wòƒoa nu nɛ sesĩe gaƒoƒo geɖe. Efa konyi be: “Nyemate ŋu axɔe ase be ku koe nye nusianu ƒe nuwuƒe o, gake nyemeka ɖe edzi o.”

Eme kɔ ƒã be míaƒe nukpɔsusu le ku ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi fifia. Le nusiwo amewo wɔna ne ame ku ta la, nyabiase geɖewo fɔ ɖe te. De ŋugble tso alesi nàɖo wo ŋui ŋu kpɔ. Ðe wòle be míadzudzɔ tamebubu tso ku ŋu ahalé fɔ ɖe agbe si míele ŋu boŋua? Ðe wòle be míaɖe mɔ ku ƒe ŋɔdzidoname nagblẽ nu le míaƒe agbe ŋua? Ðe nɔnɔme si me ame aɖe si le nu xam le eƒe ame vevi aɖe si ku ŋu le la ayi edzi anɔ manyamanya nɛ tegbeea? Ðe wòle be ku nanye nusi gɔme womate ŋu ase o ɖaa?