Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae akaɖi wɔnuku si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Shekina-kaɖi si dzena le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea le blema Israel la fia?

Yehowa, Fofo lɔ̃ame si kpɔa eƒe amewo ta, na eƒe anyinɔnɔ le Israel-viwo dome dzena gaglã. Mɔ siwo dzi wòtona wɔa esia la dometɔ ɖeka enye to keklẽ sẽŋu aɖe si dzena le afisi wodea ta agu nɛ le la.

Akaɖi ma si dzena nyuie lae ɖenɛ fiana be Yehowa si womekpɔna kple ŋku o la le wo dome. Akaɖi ma dzena le avɔgbadɔa kple gbedoxɔ si Salomo tu la ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Akaɖi wɔnuku ma mefia be Yehowa nɔ wo dome le ŋutilã me o. Mawu mate ŋu anɔ xɔ siwo amegbetɔwo tu kple asi me o. (Kronika II, 6:18; Dɔwɔwɔwo 17:24) Akaɖi wɔnuku sia si nɔa Mawu ƒe tadeaguƒea ate ŋu ana kakaɖedzi nasu nunɔlagãa si, eye eya hã naka ɖe edzi na Israel-viwo katã be Yehowa le yewo dome eye wòkpɔa yewo ta heléa be na yewo.

Le Aramgbe si wova dona le Biblia ŋɔŋlɔ vɔ megbe me la, wova yɔ akaɖi sia be Shechinah (shekhi·nahʹ), nya sia gɔmee nye “nusi li” alo “nɔƒe.” Nya sia medze le Biblia me o, gake edze le Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Aramgbe me ƒe gɔmeɖeɖeawo me, wogayɔna gɔmeɖeɖe siawo hã be Targumwo.

Esime Yehowa nɔ mɔfiame nam le alesi woatu avɔgbadɔa ŋu la, egblɔ na Mose be: “Natsɔ nutsyɔnu la aɖo aɖaka la tame, ke natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me. Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima.” (Mose II, 25:21, 22) Nubablaɖaka si woyɔ la nye aɖaka aɖe si ŋu wofa sika ɖo si nɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Kerubi eve siwo wowɔ kple sika nɔ Aɖakaa ƒe nutsyɔnua dzi.

Afikae Yehowa anɔ hafi aƒo nu? Yehowa ɖo nya ma ŋu esime wògblɔ na Mose be: “Meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.” (Mose III, 16:2) Alilikpo sia nɔa Nubablaɖakaa dzi le kerubi eve siwo wowɔ kple sika la dome. Biblia megblɔ alilikpoa ƒe kɔkɔme alo alesi wodidi tso kerubiawo gbɔ ŋu nya o.

Alilikpo keklẽ sia nana Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea kɔna. Le nyateƒe me la, eya koe nye akaɖi si koŋ nɔa Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Akaɖi ma ate ŋu ana nunɔlagã la nakpɔ nu ne ege ɖe afima le Avuléŋkekea dzi. Yehowa ŋkumee wòdona ɖo.

Ðe gɔmesese aɖe le akaɖi wɔnuku sia ŋu na Kristotɔwoa? Apostolo Yohanes kpɔ du aɖe si me “zã mado le” o le ŋutega me. Du lae nye Yerusalem Yeye, si nye Kristotɔ amesiaminawo, amesiwo wofɔ ɖe tsitre be woaɖu fia kple Yesu. Kpɔɖeŋudu sia ƒe kekeli metso ɣe alo ɣleti gbɔ o. Yehowa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna na habɔbɔ sia tẽ abe alesi ko Shekina-kaɖia nana Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe kɔna ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu Kristo, Alẽvi lae, nye dua ƒe “akaɖi.” Eye du sia nana eƒe gbɔgbɔmekekelia klẽna na amesiwo woɖe tso dukɔwo katã me le anyigba dzi henaa mɔfiame wo hã.—Nyaɖeɖefia 21:22-25.

Esi yayra gbago siwo tso Mawu gbɔ sua Yehowa subɔlawo si ta la, woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowae nye yewo Kplɔla si kpɔa yewo ta kple Fofo si melɔ̃a nu le yewo gbɔ o.