Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woate Ŋu Aɖe Asi Le Wo Ŋu Enumake Hafi”

“Woate Ŋu Aɖe Asi Le Wo Ŋu Enumake Hafi”

“Woate Ŋu Aɖe Asi Le Wo Ŋu Enumake Hafi”

GENEVIÈVE DE GAULLE, amesi nye France ƒe dukplɔla tsãtɔ Charles de Gaulle ƒe tɔɖiyɔvi, la ŋutɔ nya Yehowa Ðasefowo siwo nɔ Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔ me le Ravensbrück, Germany ƒe dziehe. Nyɔnu siae ŋlɔ nya siwo dze le etame ɖe lɛta aɖe si wòŋlɔ le August 1945 me la me.

Woɖe asi le amesiwo nɔ Auschwitz fuwɔamegaxɔ me le Poland ŋu le January 27, 1945. Tso ƒe 1996 me la, January 27 va zu ŋkeke si woɖoa ŋku amesiwo wode fuwɔamegaxɔwo me le Nazitɔwo ƒe Dziɖuɣia te la dzi le Germany.

Le dziɖuɖua ƒe ŋkuɖodzinuƒo si Baden-Württemberg sewɔtakpekpea ƒe tatɔ Peter Straub ƒo le January 27, 2003 me la, egblɔ be: “Edze be míade bubu gã aɖe amesiwo katã kpe fu le woƒe subɔsubɔha alo dunyahehe ta eye wolɔ̃ be woaku tsɔ wu be woana ta la ŋu. Evɔ nya aɖeke meli míakpɔ atsɔ aɖɔ bubu siae wòade edeƒe o. Yehowa Ðasefowo koe nye subɔsubɔha si me tɔwo gbe wɔwɔ ɖe nusiwo Hitler ƒe dziɖuɖua bia dzi: Womewɔ gbedodo na Hitler ƒe dzesi la o. Wogbe wo ɖokui tsɔtsɔ na ‘Dukɔa kple eƒe Kplɔla,’ abe alesi ko wogbe asrafodɔ kple dɔ siwo doa ŋutasẽnuwɔwɔa ɖe ŋgɔ wɔwɔ la ene. Eye wo viwo mege ɖe Hitler Dzidelawo ƒe Sɔhɛ Habɔbɔa me o.”

Yesu Kristo gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 17:16) Eyata Yehowa Ðasefowo ƒe xɔse tae womede akpa aɖeke dzi o ɖo. Straub yi edzi gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo, siwo ƒe awu ŋu dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me nɔna le fuwɔamegaxɔ me nɔlawo dome la ŋutɔwo koe ate ŋu ana woadzudzɔ wo dede gaxɔ me kple wo wuwu hafi. Asidede agbalẽ te be yewogbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ koe hiã hafi.”

Gake Ðasefo akpa gãtɔ gbe be yewomaɖe asi le yewoƒe xɔsea ŋu o. Eyata wo dometɔ 1,200 ku le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣia. Wowu wo dometɔ 270 le esi woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woawɔ asrafodɔ o ta. Wowɔ ɖe nya sia dzi ŋutɔŋutɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Ulrich Schmidt, amesi nye North Rhine- Westphalia sewɔtakpekpea ƒe tatɔ gblɔ be menye ame tɔxɛwoe Yehowa Ðasefowo nye o. Esi agbalẽ gbadza si ŋkɔe nye Landtag Intern nɔ nya yɔm tso nya si Ulrich Schmidt gblɔ me la, egblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu be “amegbetɔwo koe wonye hewɔ ɖe woƒe dzitsinya dzi, woʋli woƒe xɔse ta, woɖee fia be yewonye dumevi siwo tsɔ dzideƒo lé yewoƒe Kristotɔnyenye me ɖe asi sesĩe togbɔ be mewɔ ɖeka kple Nazi dziɖuɖua ƒe didiwo o hã.” Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be amesiwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme sesẽwo me la ƒe nu dzɔa dzi na Yehowa Mawu. Míexlẽ le Lododowo 27:11 be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

Courtesy of United States Holocaust Memorial Museum