Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpɔ Dzidzɔ ɖe Alesi Wotsɔ Ðe Le Biblia mee Ŋu

Wokpɔ Dzidzɔ ɖe Alesi Wotsɔ Ðe Le Biblia mee Ŋu

Wokpɔ Dzidzɔ ɖe Alesi Wotsɔ Ðe Le Biblia mee Ŋu

MARIANNA xɔ ƒe 18, eye wònye Yehowa Ðasefo le Italy ƒe anyiehe gome hele sekɛndrisuku ƒe ƒe mamlɛa me. Sɔhɛ Ðasefo bubuwo hã le suku ma ke.

Marianna ŋlɔ bena: “Ƒe aɖewoe nye sia la, mía dometɔ aɖewo míedzroa gbesiagbe mawunyakpukpuia me le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe gbalẽvia me le míaƒe ɖiɖiɖemeɣiwo. Teƒe si míete ŋu wɔnɛ lena koe nye mɔ aɖe si te ɖe nufialawo ƒe takpexɔ ŋu, si dzi sukuviwo tona va yia woƒe xɔwo me, dzi. Amewo ƒe nuƒo ɖea toɣli mí le afima. Nufiala siwo va tsoa eme yina dometɔ akpa gãtɔ kpɔa mí, eye wo dometɔ aɖewo tɔna be yewoakpɔ nusi wɔm míele. Esia ʋua mɔnukpɔkpɔ na mí zi geɖe be míeɖoa woƒe nyabiasewo ŋu. Nufiala ɖeka ya teti tɔna ɖe mía gbɔ gbesiagbe. Wo dometɔ geɖe tɔna, heɖoa to sena alesi míedzroa mawunyakpukpuia mee, eye wogblɔna be edzɔa dzi na yewo be mí Ðasefowo míetsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me. Gbeɖeka la, sukua dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ mia asi mí be míava wɔ numedzodzroa le nufialawo ƒe takpexɔa me.

“Esi nye nufiala kpɔ afisi míenɔ numedzodzroa wɔm le la, ebia sukudzikpɔlaa be maɖe mɔ míanɔ ewɔm le sukuxɔwo dometɔ ɖeka me, afisi ɖoɖoezizi le wu o hã. Dzikpɔlaa ɖe mɔ, eye nye nufiala la kafu mí le klass bliboa ŋku me ɖe kpɔɖeŋu nyui si míeɖona ta. Mí katã míekpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ gã si Yehowa na mí la ŋu.”