Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wotsrɔ̃ Ku Gbidigbidi”

“Wotsrɔ̃ Ku Gbidigbidi”

“Wotsrɔ̃ Ku Gbidigbidi”

TSƆE BE èxlẽ tanya si le etamea le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me, le esi teƒe be nàxlẽe be nyɔnuvi sue aɖe wu eɖokui. Le nyateƒe me la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖeke meɖe gbeƒã nya sia tɔgbe kpɔ haɖe o. Ke hã, nya mawo dze le agbalẽ aɖe si xɔ ƒe akpe geɖe la me—agbalẽ lae nye Biblia.

Woɖe nusi ku nye gɔme eme kɔ nyuie le Ŋɔŋlɔawo me. Gawu la, menye nusitae míekuna me ɖeɖekoe Biblia ɖe o; eɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le kple mɔkpɔkpɔ si li na míaƒe ame vevi siwo ku hã me. Mlɔeba la, eƒo nu tso ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖe si me woate ŋu aɖe gbeƒã le be: “Wotsrɔ̃ ku gbidigbidi” hã ŋu.—Korintotɔwo I, 15:54, Nubabla Yeye La.

Biblia zã nya siwo gɔmesese le bɔbɔe tsɔ ɖe nusi ku nye me, ke menye nya siwo gɔme míate ŋu ase o. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ ku sɔ kple ‘alɔ̃dɔdɔ’ zi geɖe, eye wòƒo nu tso ame kukuwo ŋu be wole ‘alɔ̃ dɔm le ku me.’ (Psalmo 13:4; Tesalonikatɔwo I, 4:13; Yohanes 11:11-14) Wogaƒo nu tso ku ŋu hã be enye “futɔ.” (Korintotɔwo I, 15:26) Vevietɔ wu la, Biblia kpe ɖe mía ŋu míese nusitae wotsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ, nusitae amegbetɔwo kuna, kple alesi wole futɔ sia dzi ɖu gee mlɔeba gɔme.

Nukatae Ame Kuna?

Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ ƒo nu tso alesi Mawu wɔ ame gbãtɔ Adam, eye wòdae ɖe paradisoƒe aɖe me ŋu. (Mose I, 2:7, 15) Esime wowɔ Adam la, exɔ dɔdasiwo, hekpe ɖe sedede ɖeka si dzi mele be wòada le o ŋu. Mawu gblɔ nɛ ku ɖe ati aɖe si le Eden-bɔa me ŋu be: “Megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” * (Mose I, 2:17) Eyata Adam se egɔme be amegbetɔ ate ŋu aku. Gake ne woda le Mawu ƒe se dzi ko hafi woaku.

Nublanuitɔe la, Adam kple srɔ̃a Xawa gbe toɖoɖo. Woɖo koŋ gbe wo Wɔlaa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye wokpɔ emetsonuwo. Esi Mawu nɔ woƒe nuvɔ̃ me tsonuwo xlẽm na wo la, egblɔ be: “Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu.” (Mose I, 3:19) Wozu amesiwo ŋu nu gblẽ le vevie—wozu ame madeblibowo. Woƒe blibomademade, alo nuvɔ̃menyenyea me tsonue nye ku.

Ameƒomea, si nye Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo katã, hã nyi blibomademade sia—nuvɔ̃—ƒe dome. Le gɔmesese aɖe nu la, ele ko abe dɔléle aɖe ƒe domee wonyi ene. Menye agbenɔnɔ si me ku kple nuxaxa mele o ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖeɖe koe Adam bu o, ke eƒe dzidzimeviwo hã nyi blibomademadea ƒe dome. Wolé amegbetɔƒomea wòzu kluvi na nuvɔ̃. Biblia gblɔ be: “Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12.

“Nuvɔ̃ la Va Xexeame”

Blibomademade, alo nuvɔ̃, menye nu wokpɔna kple ŋku o. “Nuvɔ̃” fia agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me blibomademade si ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ, eye emetsonuwo gblẽa nu le ŋutilã ŋu. Ke hã, Biblia ɖee fia be Mawu wɔ ɖoɖo be yeaɖee ɖa. Apostolo Paulo ɖe eme be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Le Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Korinto-hamea me la, etsɔ kakaɖedzinya aɖe si wòbu nu ŋutɔŋutɔ kpe ɖe eŋu be: “Alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.”—Korintotɔwo I, 15:22.

Yesu Kristo wɔ akpa vevi aɖe le nuvɔ̃ kple ku ɖeɖeɖa ƒe ɖoɖoa me. Egblɔ be yeva anyigba dzi be ‘yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) Nɔnɔmea sɔ kple ame fifi, si me wobiana le be ga home aɖe koe woaxe hafi woaɖe asi le amesi wofi la ŋu. Le nya sia me la, tafe si ate ŋu axɔ mí tso nuvɔ̃ kple ku si mee nye Yesu, si nye amegbetɔ deblibo, ƒe agbe. *Dɔwɔwɔwo 10:39-43.

Be woaxe tafea la, Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe asa vɔe. “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, . . . wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Hafi Kristo naku vɔsaku la, ‘eɖi ɖase tso nyateƒea ŋu.’ (Yohanes 18:37) Eye le eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, ewɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo ŋudɔ tsɔ ɖe nyateƒea me ku ɖe nusi ku nye ŋu.

“Nyɔnuvia . . . Alɔ̃e Wòdɔ”

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔ eteƒe ame geɖe ku. Amesiwo dome wònɔ ƒe ku do nuxaxa nɛ, eye enya nyuie be ye ŋutɔ hã yegbɔna kukpo ku ge. (Mateo 17:22, 23) Ðewohĩ ɣleti ʋɛ aɖewo hafi woawu Yesue exɔlɔ̃ vevi Lazaro ku. Nudzɔdzɔ sia na míekpɔ nukpɔsusu si nɔ Yesu si ɖe ku ŋu.

Ɣeyiɣi kpui aɖe le Lazaro ƒe kunya sese megbe la, Yesu gblɔ be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la meyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me.” Esi nusrɔ̃lawo ya susu be ɖeko Lazaro nɔ ɖiɖim ɖe eme ta la, wogblɔ be eƒe lãme asẽ. Eyata Yesu ʋu eme be: “Lazaro ku.” (Yohanes 11:11-14) Ðikeke mele eme o be Yesu se egɔme be ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Togbɔ be asesẽ na mí be míase nusi ku nye gɔme tsitotsito hã la, míenya nusi alɔ̃dɔdɔ ya nye. Ne míedɔ alɔ̃ nyuie le zã me la, míenyana alesi ɣeyiɣia va le yiyim kple nusiwo le edzi yim o elabena míele numanyamanya ƒe nɔnɔme aɖe me hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Alea tututue Biblia ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le la mee. Nyagblɔla 9:5 gblɔ be: “Kukuawo menya naneke o.”

Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ hã elabena woate ŋu anyɔ amesiwo ku to Mawu ƒe ŋusẽ dzi. Gbeɖeka la, Yesu yi ɖasrã ƒome aɖe si tɔtɔ le wo vinyɔnuvi sue aɖe ƒe kuku megbe teti la kpɔ. Yesu gblɔ be: “Nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdɔ.” Emegbe ete ɖe nyɔnuvi si ku la ŋu helé eƒe asi, eye ɖevi la “fɔ ɖe tsi tre.” Ne míagblɔe bubui la, efɔ tso kukuawo dome.—Mateo 9:24, 25.

Nenema kee Yesu fɔ exɔlɔ̃ Lazaro tso ame kukuwo dome. Gake hafi wòawɔ nukunu ma la, efa akɔ na Marta, si nye Lazaro nɔvinyɔnu be: “Nɔviwò la atsi tre.” Etsɔ dzideƒo ɖo eŋu nɛ be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 11:23, 24) Edze ƒã be Marta nɔ mɔ kpɔm be wole Mawu subɔla nuteƒewɔlawo katã fɔ ge ɖe tsitre gbeɖeka.

Nuka tututue tsitretsitsia fia? Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tsitretsitsi” (a·naʹsta·sis) gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔ fia “tsotso ɖe tsitrenu.” Efia fɔfɔ tso ku me. Nya sia dzixɔxɔse asesẽ na ame aɖewo, gake esi Yesu gblɔ be ame kukuwo ase yeƒe gbe vɔ la, egblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o.” (Yohanes 5:28) Amesiwo Yesu ŋutɔ fɔ ɖe tsitre le anyigba dzi na míeka ɖe Biblia ƒe ŋugbedodoa dzi be amesiwo ku hele yɔdo siwo dzi Mawu ɖoa ŋkui me la afɔ tso “alɔ̃” si dɔm wole ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la me. Nyaɖeɖefia 20:13 gblɔe ɖi be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.”

Ðe wole ame kuku siawo fɔ ge ɖe tsitre va agbe me eye emegbe woatsi aku amegã agaku ake abe Lazaro enea? Menye nenemae nye Mawu ƒe tameɖoɖo o. Biblia ka ɖe edzi na mí be ɣeyiɣi gbɔna esime “ku maganɔ anyi akpɔ o,” eyata ame aɖeke matsi aku amegã ahaku o.—Nyaɖeɖefia 21:4.

Futɔe ku nye. Ameƒomea ƒe futɔ bubu geɖewo abe dɔléle kple tsitsi ene hã hea vevesese geɖe vanɛ. Mawu do ŋugbe be yeaɖe wo katã ɖa, eye mlɔeba la, yeaɖe ameƒomea ƒe futɔ gãtɔ kekeake hã ɖa. “Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.”—Korintotɔwo I, 15:26.

Ne ŋugbedodo ma va eme la, ameƒomea anɔ agbe le blibodede me, eye nuvɔ̃ kple ku magado kplamatse ame o. Fifia kura gɔ̃ hã la, enye akɔfafa na mí be míanya be alɔ̃ dɔmee míaƒe ame vevi siwo ku la le, eye ne Mawu ɖoa ŋku wo dzi ko la, ele wo fɔ ge ɖe tsitre le eƒe ŋkeke ɖoɖia dzi.

Nusi Ku Nye Nyanya Nana Gɔmesese Nɔa Agbe Ŋu

Nusi ku nye kple mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo ŋuti sidzedze si me kɔ nyuie ate ŋu atrɔ míaƒe nukpɔsusu ku ɖe agbe ŋu. Ian, amesi ƒe nya míegblɔ le nyati si go ŋgɔ na esia me la, nɔ eƒe ƒe 20-awo me esime wòsrɔ̃ Biblia ƒe numeɖeɖe tso nusi ku nye ŋu. Egblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ nɔ asinye ɣesiaɣi be fofonye gale agbe le afi aɖe togbɔ be eme mekɔ nam tututu o hã. Eyata esi meva srɔ̃e zi gbãtɔ be alɔ̃ ko dɔm wòle le ku me la, medzɔ dzi nam o.” Ke hã, esi Ian xlẽ Mawu ƒe ŋugbedodo be yeafɔ ame kukuwo la, ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yeagate ŋu akpɔ ye fofoa ake. Eɖo ŋku edzi gblɔ be: “Zi gbãtɔe ma nye dzi dze eme le agbe me.” Nusi ku nye gɔmesese ŋutɔŋutɔ na eƒe susu dze akɔ anyi.

Clive kple Brenda ƒe viŋutsu Steven, si xɔ ƒe 21, ku le ʋufɔku si ŋu nya míegblɔ va yi le nyati si do ŋgɔ na esia me la me. Togbɔ be wonya nusi Biblia gblɔ tso ku ŋu hã la, wo via ƒe kuku kpata na woƒe dzi gbã ale gbegbe si na wogaxana nu kokoko. Ne míagblɔe tututu la, futɔe ku nye vavã, eye egblẽa nu le ame ŋu. Nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu ye kpe ɖe wo ŋu be woƒe nuxaxa dzi ɖe kpɔtɔ vivivi. Brenda gblɔ be: “Nusi míenya tso ku ŋue kpe ɖe mía ŋu be míete ŋu ɖu nɔnɔmea dzi hafi gate ŋu ɖo ame me. Ke hã, ŋkeke ɖeka pɛ hã meva yi kpɔ si míeɖo ŋku ɣeyiɣi si Steven afɔ tso eƒe alɔ̃dɔdɔ me dzi o.”

“Wò Ku, Afika Wò Ti la Le?”

Edze ƒã be nɔnɔme si me ame kukuwo le nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe wòasɔ. Ku menye nusi gɔme womate ŋu ase o. Míate ŋu ase agbe ƒe vivi si me vɔvɔ̃ na futɔ sia ƒe ŋɔdzidoname mele o. Eye enyanya be ku maɖe míaƒe agbe ɖa tegbee kokoko o ate ŋu aɖe didi be míaɖu agbe blibaa le esi “agbea nu mesẽna yina o” ta ɖa le míaƒe susu me. Enyanya be míaƒe ame vevi siwo ku la le yɔdo siwo dzi Mawu ɖoa ŋkui me hele tsitretsitsi lalam ate ŋu anye akɔfafa na mí, eye aʋã mí be míadi be míayi edzi anɔ agbe.

Ẽ, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me Agbenala Yehowa Mawu ami ku tegbee. Yayra ka gbegbee nye esi wòahanye ɣemaɣi be míabia be: “Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?”—Korintotɔwo I, 15:55.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Esiae nye zi gbãtɔ si woƒo nu tso ku ŋu le Biblia me.

^ mm. 11 Tafe la nye amegbetɔ deblibo ƒe agbe elabena emae Adam bu. Amegbetɔwo katã zu nuvɔ̃mewo, eyata ame madeblibo aɖeke medze axe tafe la o. Tameɖoɖo sia tae Mawu dɔ Via ɖa tso dziƒo ɖo. (Psalmo 49:8-10) Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe nya sia ŋu la, ke kpɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽ si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 7 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo he ku vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yesu lé nyɔnuvi si ku la ƒe asi, eye wòfɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame geɖe le lalam na ɣeyiɣi si me woƒe ame veviwo afɔ tso alɔ̃ me abe Lazaro ene