Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidodo Abe Kristo Ƒe Asrafo Ene

Dzidodo Abe Kristo Ƒe Asrafo Ene

AGBEMEŊUTINYA

Dzidodo Abe Kristo Ƒe Asrafo Ene

ABE ALESI YURII KAPTOLA GBLƆE ENE

“Fifia mekpɔ kakaɖedzi be xɔse le asiwò vavã!” Ame aɖe si ŋu nyemebui ɖo kura o—si nye Soviet-srafowo ƒe amegã aɖe—ye gblɔ nya mawo, eye eƒe nyaawo de dzi ƒo nam ŋutɔ le ɣeyiɣi si tututu mehiãnɛ la me. Wodem game hena ɣeyiɣi didi aɖe eye meƒo koko na Yehowa vevie be wòado ŋusẽm. Menɔ nɔnɔme sesẽ aɖe si bia dzidodo kple tameɖoɖo kplikpaa la me tom ɣeyiɣi didi.

WODZIM le October 19, 1962, dzi, eye metsi le Ukraine ƒe ɣetoɖoƒe nuto me. Le ƒe ma ke me la, fofonye si hã ŋkɔe nye Yurii la, do go Yehowa Ðasefowo. Eteƒe medidi o, eva zu Yehowa subɔla gbãtɔ le míaƒe kɔƒea me. Eƒe subɔsubɔdɔ meɣla ɖe dziɖuɖumegã siwo tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu vevie la o.

Gake míaƒe aƒelikawo dometɔ akpa gãtɔ dea bubu dzinyelawo ŋu le woƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo kple woƒe ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me ta. Dzinyelawo wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ƒã Mawu vɔvɔ̃ ɖe mía kple nɔvinyenyɔnu etɔ̃awo me tso keke míaƒe ɖevime ke, eye esia kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe kuxi geɖe siwo medo goe le suku la nu. Kuxi mawo dometɔ aɖe do mo ɖa esime wobia tso sukuvi ɖesiaɖe si be wòade akɔtadzesi aɖe si ade dzesii be enye Dukplɔla Lenin ƒe October me Ðeviwo ƒe Habɔbɔ me tɔ. Esi menye Kristotɔ si medena akpa aɖeke dzi o ta la, nyemede akɔtadzesi la o eye esia na meto vovo kura.—Yohanes 6:15; 17:16.

Emegbe esi menɔ klass etɔ̃lia la, wobia tso sukuviwo katã si be woage ɖe Kɔmiunist sɔhɛwo ƒe habɔbɔ aɖe, si woyɔna be Young Pioneers, me. Gbeɖeka wokplɔ míaƒe klass la me tɔwo katã yi ɖaɖo fli le sukukpɔa me bene woaŋlɔ míaƒe ŋkɔ ɖe sɔhɛwo ƒe habɔbɔa me. Mevɔ̃ eye mebui be woaɖu fewu le ŋunye ahablu ɖe tanye. Amesiame tsɔ eƒe taku dzĩ yeye, si wosana ɖe kɔme tsɔ ɖenɛ fiana be yewonye habɔbɔa me tɔwo, la ɖe asi tso aƒeme vɛ, negbe nye ko, eye sukuviawo ɖo fli legbe aɖe ɖe suku tatɔa, nufialawo, kple sukuvi tsitsi siwo le klass mamlɛtɔa me la ŋkume. Esi wobia tso klass mamlɛa me tɔawo si be woasa taku dzĩawo ɖe kɔme na mí la, mede ta to henɔ anyigba kpɔm, henɔ gbe dom ɖa be ame aɖeke megade nu eme nam o.

Wokplɔm Yi Ðade Gaxɔ Siwo Le Adzɔge Ʋĩ Me

Esi mexɔ ƒe 18 la, wodem gaxɔ me hena ƒe etɔ̃ le esi menye Kristotɔ si medea akpa aɖeke dzi o ta. (Yesaya 2:4) Menɔ game ƒe gbãtɔ le du si nye Trudovoye me, le Ukraine ƒe Nuto si nye Vinnitskaya me. Le afima la, medo go Yehowa Ðasefo bubu siwo ade 30. Woma mí eveve ɖe dɔ vovovowo ŋu, le esi gaxɔdzikpɔlawo di be yewoana míagade ha kple mía nɔewo o ta.

Le August 1982 me la, wode mía kple Eduard—amesi hã nye Ðasefo la—agbatsɔketeke, hekpe ɖe gamenɔla bubuwo ŋu, ɖo ɖe Ural-towo ƒe dziehe gome. Míekpe fu le dzoxɔxɔ kple alesi wotege míi la ta hena ŋkeke enyi sɔŋ vaseɖe esime míeva ɖo Solikamsk-gaxɔ me, le Permskaya Nutome. Woma mía kple Eduard dome míenɔ gaxɔ vovovowo me. Le kwasiɖa eve megbe la, wogaɖem yi Vels, le Krasnovishersky nuto me le dziehe gome ʋĩ.

Míaƒe ʋua va ɖo teƒea le zãtiƒe, esime viviti do ŋutɔ. Togbɔ be viviti do hã la, asrafomegã aɖe ɖe gbe na míaƒe ƒuƒoƒoa be míaɖo tɔdziʋu atsɔ atso tɔ aɖee. Viviti do ale gbegbe be míete ŋu kpɔ tɔsisia loo alo tɔdziʋua kple ŋku o! Ke hã, míetsa asi blukɔa me vaseɖe esime míeke ɖe tɔdziʋu aɖe ŋu, eye togbɔ be míenɔ vɔvɔ̃m hã la, míedze agbagba tso tɔa. Esi míenya ɖi go ko la, míeɖo ta akaɖi aɖe si nɔ dzedzem ɖaa le togbɛ aɖe si gogo afima dzi la gbɔ, eye míeke ɖe avɔgbadɔ ʋɛ aɖewo ŋu le afima. Afisiae gbɔna míaƒe aƒe yeyea nye ge. Menɔ avɔgbadɔ gã aɖe me kple gamenɔla bubu siwo ade 30 la. Ɣeaɖewoɣi le vuvɔŋɔli la, yame fana miamiamia va ɖona dzidzenu Celsius -40 (-40°C) eye vuvɔ wɔa mí vevie, evɔ avɔgbadɔa mekpɔa mía ta tso vuvɔa si me o. Dɔ si koŋ wodea asi na gamenɔlaawo enye atitsotso, gake wona nye ya mekpe asi ɖe agbadɔxɔ tutu na gamenɔlawo ŋu.

Gbɔgbɔmenuɖuɖu Va Ðo Míaƒe Saɖeaganɔƒe

Nye ɖeka koe nye Ðasefo le teƒe ma; ke hã, Yehowa megblẽm ɖi o. Gbeɖeka danye, si gakpɔtɔ nɔ Ukraine ƒe ɣetoɖoƒe nutome la, ɖo nubablɛ aɖe ɖem. Esi dzɔla aɖe ʋu nubablɛa la, nu gbãtɔ si wòkpɔe nye Biblia sue aɖe. Etsɔe hede asi eʋuʋu me. Mete kpɔ be madi nya aɖe agblɔ si ana womaxɔ gbɔgbɔmekesinɔnu sia akpa sesẽe le asinye o. Dzɔla la bia enumake be: “Nukae nye esia?” Hafi mahayi nya si matsɔ aɖo eŋu nɛ ŋu bu ge la, asrafomegã aɖe si nɔ tsitre ɖe mía gbɔ ɖo eŋu be: “Oo! Nyagɔmeɖegbalẽe.” Nyemeke nu o. (Nyagblɔla 3:7) Asrafomegãa ka nubablɛa me eye emegbe wòtsɔe nam hekpe ɖe Biblia xɔasi la ŋu. Dzi dzɔm ale gbegbe be metsɔ agɔne aɖewo siwo le nye nubablɛa me ƒe ɖewo nɛ. Esi nubablɛ sia ka asinye la, menyae be Yehowa meŋlɔm be o. Edo alɔm dɔmenyotɔe hekpɔ nye gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.—Hebritɔwo 13:5.

Gbeƒãɖeɖe Madzudzɔmadzudzɔe

Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, mexɔ lɛta aɖe tso nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe si wode game le afisi didi tso gbɔnye anɔ abe kilometa 400 sɔŋ ene la gbɔ, wòwɔ nuku nam. Ebia tso asinye be madi ŋutsu ɖetsɔlemetɔ aɖe si anya nɔ nye gakpɔ me. Lɛta ŋɔŋlɔ gaglãa, ba mademade mo nɛ, alea mede ame dzi o, elabena gaxɔdzikpɔlawo xlẽa míaƒe lɛtawo kpɔna. Eyata mewɔ nuku o be, asrafoawo dometɔ ɖeka yɔm ɖe eƒe ɔfis eye wogbe nya nam vevie be magaɖe gbeƒã o. Emegbe eɖe gbe nam be made asi agbalẽ aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be madzudzɔ nye dzixɔsewo ŋu nya gbɔgblɔ na amewo la te. Meɖo eŋu nɛ be nyemese nusitae wòle be made asi nya ma te la me o, elabena amesiame nya xoxo be Yehowa Ðasefoe menye. Megblɔ nɛ be gamenɔla bubuwo di be yewoanya nusitae wodem game ɖo. Nya kae magblɔ na wo? (Dɔwɔwɔwo 4:20) Asrafoa kpɔe be yemate ŋu ado ŋɔdzi nam o, eyata etso nya me be yeaɖem dzoe le afima. Woɖom ɖe gakpɔ bubu me.

Woɖem yi Vaya-kɔƒe, afisi gbɔ didi kilometa 200 sɔŋ tso afima la, me. Le afima la, gaxɔdzikpɔlawo de bubu nye Kristotɔnyenye ƒe nyametsotsoa ŋu eye wode dɔ siwo medo ƒome kple asrafodɔ o la asi nam—gbã, mewɔ atikpakpadɔ, emegbe mewɔ elektrikmɔ̃ɖaŋudɔ. Gake kuxiwo nɔ dɔ siawo hã wɔwɔ me. Ɣeaɖeɣi la, wobia tso asinye be matsɔ nye dɔwɔnuwo ne mayi asrafowo ƒe nɔƒe aɖe le dua me. Esi meɖo afima la, dzi dzɔ asrafo siwo le afima be meva. Woƒe akaɖi siwo wosina ɖe asrafoawo ƒe dzesinu vovovoawo dzi la meganɔ sisim nyuie o. Wodi be makpe ɖe yewo ŋu yewoatrɔ asi le akaɖiawo ŋu elabena wonɔ dzadzram ɖo ɖe Red Army, si nye Soviet-srafoha aɖe, ƒe Ŋkekenyuizã ɖuɖu ŋu. Esi medo gbe ɖa hede ŋugble le nu bliboa ŋu vɔ megbe la, megblɔ na wo be nyemate ŋu awɔ dɔ ma tɔgbe o. Megblẽ nye dɔwɔnuwo ɖi hedzo. Wotso nunye na asrafomegã, eye ewɔ nuku nam be esi wòɖo to amenutsola ƒe nyaawo vɔ la ɖeko wògblɔ be: “Mede bubu eŋu ɖe ema ta. Gɔmeɖose dzi wɔlae wònye.”

Dzideƒoname Tso Ame aɖe si Ŋu Nyemebui Ðo Kura O Gbɔ

Woɖem le game le June 8, 1984, dzi, si nye ƒe etɔ̃ tututu tso esime wodem game. Esi metrɔ yi Ukraine la, eva hiã be made asi agbalẽ te le asrafoha sue aɖe gbɔ atsɔ aɖee afia be menɔ game kpɔ. Asrafomegãwo gblɔ nam be le ɣleti ade megbe la, woagayɔm ɖe ʋɔnu ake eyata ade dzinye wu ne meʋu le nutoa me kura. Ale wɔ meʋu le Ukraine eye mlɔeba meva kpɔ dɔ aɖe le Latvia. Mete ŋu ɖe gbeƒã hede ha kple Ðasefo siwo nɔ Riga, si nye fiadua, kple eƒe golɔgoewo me, la ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Gake le ƒe ɖeka ko megbe la, wogabia tso asinye ake be mage ɖe asrafodɔ me. Megblɔ na amegã si dea amewo ƒe ŋkɔ agbalẽ me, hena asrafodɔa wɔwɔ, la le eƒe ɔfis be megbe asrafodɔ wɔwɔ va yi. Eblu ɖe tanye heɖo eŋu nam be: “Ènya nusi tututu wònye wɔm nèlea? Míakpɔ nusi gblɔ ge nàla na asrafomegãa ɖa!”

Ekplɔm yi dzisasra evelia ƒe xɔ aɖe me, afisi asrafomegãa nɔ anyi ɖe kplɔ̃ legbee aɖe ŋu le. Amegãa lé to ɖe ɖokuinyenuɖenyawo ŋu nyuie eye emegbe wògblɔ nam be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe li nam be magbugbɔ abu nye nyametsotsoa ŋu hafi asrafo xɔlawo ƒe kɔmiti nage ɖe nyaa me. Esi míedo go tso asrafomegãa ƒe ɔfis la, asrafo si blu ɖe dzinye va yi la ʋu eme gblɔ nam be: “Fifia mekpɔ kakaɖedzi be xɔse le asiwò vavã!” Mlɔeba esi meva do ɖe asrafowo ƒe kɔmitia ŋkume la, megaƒo nu tso nye akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔ ŋu na woawo hã, eye woɖe asi le ŋunye medzo gbɔ.

Amedzrodzeƒee menɔ le ɣeyiɣi mawo me. Gbeɖeka fiẽ mesee be ame aɖe ƒo ʋɔ nam blewu. Meʋu ʋɔa hekpɔ be ŋutsu aɖe si do awu nyuie eye wòlé akplo ɖe asi la tɔ ɖe mɔa nu. Eɖe eɖokui nu gblɔ be: “Metso Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ Dɔwɔƒe. Menya be èle kuxiwo me tom eye be wole ʋɔnu drɔ̃ ge wò.” Meɖo eŋu nɛ be: “Ẽ, ele eme nenema.” Ŋutsua yi edzi be: “Míate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne àlɔ̃ awɔ dɔ kpli mí.” Megblɔ nɛ be: “Ao, ema manyawɔ o. Mayi edzi awɔ nuteƒe ahalé nye Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo me ɖe asi.” Esi amenublenya aɖeke megale esi o ta la, etrɔ dzo.

Gamenɔnɔ Ake Kple Gbeƒãɖeɖe Ake

Le August 26, 1986, dzi la, Dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Riga tso afia be woadem game ƒe ene hekpe ɖe dɔsesẽwɔwɔ ŋu, eye wokplɔm yi ɖade game le Riga Dugãa ƒe Gaxɔ me. Wodem gaxɔ gã aɖe me hekpe ɖe gamenɔla 40 bubuwo ŋu, eye medze agbagba be maɖe gbeƒã na gamenɔla siwo le gaxɔa me dometɔ ɖesiaɖe. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be yewoxɔ Mawu dzi se; ame bubuwo ɖu fewu. Mede dzesii be wonɔ hatsotsowo me, eye le kwasiɖa eve megbe la, hatsotsoawo ƒe ŋgɔnɔlawo gblɔ nam be mɔɖeɖe meli be maɖe gbeƒã o, le esi megbe wɔwɔ ɖe yewoƒe se siwo womeŋlɔ ɖi o la dzi ta. Meɖe eme na wo be susu ma tututu tae wodem mɔ ɖo—se siwo to vovo na emawo nue menɔna agbe ɖo.

Meyi edzi ɖe gbeƒã le aɖaŋudzedze me, eye esi mekpɔ ame aɖewo siwo tsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la, mete ŋu srɔ̃ Biblia kple wo dometɔ ene. Ne míele nuwo me dzrom la, woŋlɔa Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ɖe agbalẽvi aɖe me dana ɖi. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woɖem yi gakpɔ bubu si me ŋku nɔa gamenɔlawo ŋu le vevie wu la me le Valmiera, afisi mewɔ dɔ le abe elektrikmɔ̃ɖaŋudɔwɔla ene. Le afima la, mete ŋu srɔ̃ Biblia kple ame aɖe si hã nye elektrikmɔ̃ɖaŋudɔwɔla eye amesia va zu Yehowa Ðasefo le ƒe ene megbe.

Le March 24, 1988, dzi la, woɖem le gakpɔ sia, si me ŋku nɔa gamenɔlawo ŋu le vevie la, me tsɔ yi gakpɔ bubu si medidi tso afima o la me. Esia nye yayra blibo nam, elabena ena ablɔɖe geɖe wu su asinye. Wobia tso asinye be mawɔ dɔ le xɔtuƒe vovovoawo, eye medina mɔnukpɔkpɔwo ɣesiaɣi tsɔ ɖea gbeƒãe. Zi geɖe la, medona le gakpɔa me, va ɖena gbeƒã ʋuu zã dona, gake womeɖe fu aɖeke nam ne metrɔ gbɔ kpɔ o.

Yehowa yra ɖe nye agbagbadzedzewo dzi. Ðasefo ʋɛ aɖewo nɔ nuto ma me, gake Ðasefo ɖeka si ŋkɔe nye Vilma Krūmin̗a—si nye nɔvinyɔnu tsitsi aɖe—koe nɔ dua ŋutɔ me. Mía kple nɔvinyɔnu Krūmin̗a míeva nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm kple sɔhɛwo. Ɣeaɖewoɣi la, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo zɔa mɔ tso Riga va wɔa nyanyuigbɔgblɔdɔa kpli mí, eye gbesiagbe mɔɖela aɖewo gɔ̃ hã tsona Leningrad (si nye St. Petersburg fifia) vana. Yehowa kpe ɖe mía ŋu míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme, eye eteƒe medidi o meva ƒo ɖokuinye ɖe mɔɖeɖedɔa me, eye mezãna gaƒoƒo 90 nɔa gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɣleti sia ɣleti.

Le April 7, 1990, dzi la, wotsɔ nye nyaa yi ʋɔnu be woagbugbɔ eme adzro le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã si le Valmiera. Esi nyadɔdrɔ̃a dze egɔme la, mekpɔ amesamalaa dze sii. Ðekakpui aɖe si medzro Biblia me kplii va yi lae! Ekpɔm dze sii eye wòko alɔgbɔnu gake megblɔ nya aɖeke o. Megaɖoa ŋku nya si ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ nam le nyadɔdrɔ̃ ma me la dzi be: “Yurii, nya me si wotso hede wò game ƒe ene aɖewoe nye si va yi la menɔ se nu o. Mele be woabu fɔ wò hafi o.” Enumake ko, wona ablɔɖem!

Kristo ƒe Asrafo

Le June 1990 me la, egahiã ake be made ŋkɔ agbalẽ me le ɔfis ma ke be mate ŋu axɔ dukɔmenɔnɔ ƒe mɔɖenamegbalẽ le Riga. Mege ɖe ɔfis ma ke si me kplɔ̃ legbee ma ke nɔ, afisi megblɔ na asrafomegãa le, anɔ ƒe ene aɖewoe nye ma va yi, be nyemawɔ asrafodɔ o la. Fifia ya la, eya ŋutɔ tso do gbe nam, hena asim, eye wògblɔ be: “Enye ŋukpenanu be nèto nu mawo gbegbe me. Evem be nuwo va yi nenema.”

Meɖo eŋu be: “Kristo ƒe asrafoe menye, eye ele be mawɔ nye dɔ pɛpɛpɛ. Biblia ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋu nàse vivi le nusi ƒe ŋugbe Kristo do na eyomedzelawo la me—si nye agbe si me dzidzɔ le hekpe ɖe etsɔme mavɔ aɖe ŋu.” (Timoteo II, 2:3, 4) Asrafomegãa ɖo eŋu be: “Meƒle Biblia eteƒe medidi boo o, eye fifia mele exlẽm.” Metsɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ɖe asi hafi yi. * Meʋu ta si ƒo nu tso ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesiawo ŋu hetsɔ alesi Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋui la fiae. Asrafomegãa na asim ake le ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubudeameŋu me, eye wògblɔ be nye dɔa nakpɔ dzidzedze.

Le ɣeyiɣi mawo me la, agbleawo dzi ƒu nyuie henyo na ŋeŋe le Latvia. (Yohanes 4:35) Le ƒe 1991 me la, mezu hamemegã le hame aɖe me. Hamemegã eve koe nɔ dukɔ bliboa katã me! Le ƒe ɖeka megbe la, woma hame ɖeka pɛ si nɔ Latvia la me ɖe eve—Latviagbedolawo nɔ ɖeka me eye Russiagbedolawo nɔ evelia me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ le Russiagbe-hamea me. Míedzi ɖe edzi kabakaba ale gbegbe be le ƒe si kplɔe ɖo me la, woma míaƒe hamea me ɖe akpa etɔ̃ sɔŋ! Ne mebu eŋu kpɔ la, mekpɔe kɔte be Yehowa ŋutɔe le eƒe alẽwo kplɔm va eƒe habɔbɔa me.

Le ƒe 1998 me la, woɖom mɔɖela vevii le Jelgava, si nye du si gbɔ didi kilometa 40 tso Riga, le eƒe anyieheɣetoɖoƒe kpa dzi. Le ƒe ma ke me la, menɔ ame gbãtɔ siwo woyɔ tso Latvia be woade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku si wowɔ le Russiagbe me, le Solnechnoye, si gogo St. Petersburg, Russia, la dome. Le sukua la, meva kpɔ alesi wòle vevie be míatu lɔlɔ̃ na amewo ƒe nɔnɔme ɖo bene míate ŋu akpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ƒe vevienyenye dze sii. Nusi koŋ wɔ dɔ ɖe dzinye, si ƒo nusiwo wofia mí le sukua me tae nye belélename kple lɔlɔ̃ si Betel-ƒomea kple sukunufialawo ɖe fia mí.

Nu ɖedzesi bubu aɖe gadzɔ le nye agbe me le ƒe 2001 me, si nye be meɖe Karina, amesi nye nyɔnu Kristotɔ dzetugbe aɖe. Karina wɔ ɖeka kplim le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa me, eye dzi ɖoa ƒonye gbesiagbe ne mekpɔ srɔ̃nye wòtso nyanyuigblɔdɔa wɔƒe gbɔ kple dzidzɔ. Le nyateƒe me la, dzidzɔ gã ŋutɔe wònye be woasubɔ Yehowa. Fuwɔame siwo me meto le Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɣia na mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Ðokuitsɔtsɔsavɔ nuwɔna aɖeke meli si me teƒeɖoɖo manɔ na amesi di be yealé ye kple Yehowa dome ƒomedodo ɖe te eye yeanɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la o. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu na taɖodzinu va le nye agbe ŋu. Enye bubu gã aɖe nam be masubɔ Yehowa ‘abe Kristo ƒe asrafo nyui ene.’—Timoteo II, 2:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 29 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Wodem mɔ ƒe ene hekpe ɖe dɔsesẽwɔwɔ ŋu le Riga Dugãa ƒe Gaxɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple Karina míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm