Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míazɔ Le Yehowa, Mía Mawu La Ƒe Ŋkɔ Me

Míazɔ Le Yehowa, Mía Mawu La Ƒe Ŋkɔ Me

Míazɔ Le Yehowa, Mía Mawu La Ƒe Ŋkɔ Me

“Míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”​—MIXA 4:5.

1. Le agbenyuinɔnɔ gome la, aleke nɔnɔmea nɔ le Noa ŋɔli, eye aleke Noa to vovoe?

AME gbãtɔ si woyɔ le Biblia me be ezɔ kple Mawue nye Henox. Ame eveliae nye Noa. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu.” (Mose I, 6:9) Kaka Noa ŋɔli naɖo la, ameƒomea tra ɖa kura tso tadedeagu dzadzɛ gbɔ. Nusi na nɔnɔme gbegblẽa gado fievo ɖe edzie nye be mawudɔla mawɔnuteƒewo va dɔ kple nyɔnuwo hedzi vi siwo woyɔna ɣemaɣi be Nefilimwo, “ame sesẽwo,” alo “ame xɔŋkɔwo.” Eyata mewɔ nuku o be ŋutasesẽ va xɔ anyigba bliboa dzi! (Mose I, 6:2, 4, 11) Ke hã, Noa yi edzi wɔ nuteƒe eye wònye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (Petro II, 2:5) Esi Mawu de se nɛ be wòakpa aɖakaʋu be wòatsɔ aɖe amewo ƒe agbee la, Noa tsɔ toɖoɖo ‘wɔ nusiwo katã ƒe se Mawu de nɛ la dzi. Ewɔ ɖe sea dzi pɛpɛpɛ.’ (Mose I, 6:22) Le nyateƒe me la, Noa zɔ kple Mawu.

2, 3. Kpɔɖeŋu nyui kae Noa ɖo ɖi na mí egbea?

2 Paulo ŋlɔ Noa ƒe ŋkɔ tsɔ kpe ɖe ɖasefo wɔnuteƒe siwo wòyɔ ŋu esime wòŋlɔ bena: “Le xɔse me Noa, esime wòxɔ ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.” (Hebritɔwo 11:7) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si! Esi Noa ka ɖe edzi be Yehowa ƒe nyawo ava eme godoo ta la, ezã eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo bene wòate ŋu awɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi. Le mɔ sia tɔgbe nu la, ame geɖe ɖea asi le mɔnukpɔkpɔ siwo le xexe sia me la ŋu hezãa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo le wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi me. Woƒe xɔse la ɖea dzesi eye ava xɔ woa ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ɖe agbe.—Luka 16:9; Timoteo I, 4:16.

3 Anɔ eme be anya sesẽ na Noa kple eƒe ƒomea be woaɖe xɔse afia abe alesi wòsesẽe na Noa tɔgbuigã Henox, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me, ene. Le Noa ŋɔli la, ame ʋɛ aɖewo koe nye nyateƒe tadeagulawo abe alesi ko wònɔ le Henox ŋɔli hã ene—ame enyi pɛ koe wɔ nuteƒe hetsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Noa ɖe gbeƒã dzɔdzɔenyenye le xexe aɖe si me ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo la me. Gawu la, woa kple eƒe ƒomea nɔ aɖaka gã aɖe kpam tsɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe xexeame katã ƒe tsiɖɔɖɔa ŋu, togbɔ be ame aɖeke mekpɔ tsiɖɔɖɔ sia tɔgbe kpɔ o hã. Ema anya dze nu sagaa aɖee na amesiwo nɔ wo kpɔm la.

4. Noa ƒe ŋkekea me tɔwo ƒe kpododonu ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe?

4 Nukutɔe la, esime Yesu nɔ nu ƒom tso Noa ƒe ŋkekea ŋu la, meƒo nu tso ŋutasesẽ, alakpasubɔsubɔ, alo agbegbegblẽnɔnɔ ya ŋu o—togbɔ be wonye nuvɔ̃ gãwo hã. Nu gbegblẽ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe nye ameawo ƒe gbegbe be yewomase nuxlɔ̃amea o. Egblɔ be wonɔ ‘nu ɖum, nɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, wonɔ nyɔnuwo tsɔm na bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me.’ Nukae gblẽ le nuɖuɖu, nunono, kple srɔ̃ɖeɖe ŋu? Wonɔ agbe nɔm ko ‘abe ɖe naneke mele dzɔdzɔ ge o ene!’ Gake tsiɖɔɖɔ aɖe gbɔna, eye Noa nɔ gbeƒã ɖem dzɔdzɔenyenye. Ðe wòle be eƒe nyawo kple eƒe nuwɔna nanye nuxlɔ̃ame na wo hafi. Gake “womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.”—Mateo 24:38, 39.

5. Nɔnɔme kawoe Noa kple eƒe ƒomea hiã?

5 Ne míede ŋugble le ɣeyiɣi mawo ŋu la, míekpɔa nunya si le Noa ƒe nuwɔna me la dzea sii. Gake, le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me la, ebia dzinɔameƒo hafi woate ŋu ana woƒe agbenɔnɔ nato vovo tso ame bubuawo tɔ gbɔ. Ebia be dzi nanɔ Noa kple eƒe ƒomea ƒo hafi woate ŋu akpa aɖaka gã la ahakplɔ lã vovovoawo ƒe ɖewo ade eme. Ðe wòdzroa nuteƒewɔla ʋɛ siawo dometɔ aɖewo ɣeaɖewoɣi be yewoaɖe dzi ɖi ahanɔ agbe ‘abe ɖe naneke mele dzɔdzɔ ge o enea’? Ne esiawo to susu me na wo gɔ̃ hã la, womegbɔdzɔ le woƒe nuteƒewɔwɔ me o. Le ƒe gbogbo aɖewo—si didi wu esi mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atsɔ ado dzii le nuɖoanyi sia me—megbe la, Noa ƒe xɔse na wòtsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Gake Yehowa drɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã nɔ agbe nɔm ‘abe ɖe naneke mele dzɔdzɔ ge o ene’ eye womenɔ nusiwo katã nɔ edzi yim le woƒe ɣeyiɣia me la kpɔm dze sii o la.

Ŋutasesẽ Gaɖo Ameƒomea Dome Ake

6. Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, nɔnɔme kae nɔ anyi?

6 Esi tsia mie vɔ la, ameƒomea gate dzidzi ake. Gake amegbetɔwo gakpɔtɔ nye ame madeblibowo kokoko, eye “ame ƒe dzimesusu” yi edzi ‘nye vɔ̃ tso ɖevime ke.’ (Mose I, 8:21) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo megate ŋu trɔna ɖe amegbetɔwo ƒe ŋutilã me o hã la, wogakpɔtɔ nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi vevie. Eteƒe medidi o, amegbetɔƒome mavɔ̃mawu la ɖee fiaa be ‘yewonɔ vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te,’ eye abe alesi wòle egbea ene la, eva hiã be tadeagula vavãwo nate kame kple “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo.”—Yohanes I, 5:19; Efesotɔwo 6:11, 12.

7. Aleke ŋutasesẽ dzi ɖe edzi le xexeame le Tsiɖɔɖɔa megbee?

7 Ne mede ɖeke o la, tso Nimrod ŋɔli la, amegbetɔwo ƒe ŋutasesẽ gava xɔ anyigba dzi ake le Tsiɖɔɖɔa megbe. Le alesi amewo nɔ dzidzim ɖe edzi eye wonɔ ŋgɔ yim le aɖaŋudɔwo me ta la, ŋutasesẽ ma va dzi ɖe edzi le ɣeyiɣi aɖe megbe. Le blema ɣeyiɣiwo me la, yi, akplɔ, da kple dati, kple tasiaɖam woe nɔ anyi. Le ƒe alafa siwo va yi nyitsɔ laa me la, abɔtatu kple aprimtu woe nɔ anyi, emegbe tu siwo wokplana kple tu siwo de ŋgɔ wu la va to le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze. Xexemeʋa I na woto aʋawɔnu bubuwo, abe aʋawɔyameʋuwo, aʋawɔʋuwo, ƒugɔmeʋawɔʋuwo, kple aɖiyawo ene vɛ. Le aʋa ma me la, aʋawɔnu siawo wu ame miliɔn geɖe. Ðe wòɖi ɖe mía? Ao.

8. Aleke Nyaɖeɖefia 6:1-4 va emee?

8 Le ƒe 1914 me la, woɖo Yesu zi dzi wònye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia, eye “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” dze egɔme. (Nyaɖeɖefia 1:10) Le ŋutega aɖe si ƒe nya wogblɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me me la, wokpɔ Yesu wònye Fia aɖe si le sɔ ɣi aɖe dom abe aʋadziɖula ene. Sɔdola bubuwo, siwo dometɔ ɖesiaɖe tsi tre ɖi na ameƒomea ƒe fuwɔame aɖe la, dze eyome. Wo dometɔ ɖeka nye sɔ dzĩ aɖe dola, eye woɖe mɔ nɛ “be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã de asi nɛ.” (Nyaɖeɖefia 6:1-4) Sɔ sia kple edola nye dzesi na aʋawɔwɔ, eye yi gã la nye dzesi na alesi woatsɔ aʋawɔnu sesẽwo atsrɔ̃ nuwo kple amewoe le aʋa siwo adzɔ egbea la me. Egbea, aʋawɔnu mawo dometɔ aɖewoe nye nuklia-ʋawɔnu, siwo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atsrɔ̃ ame akpe gbogbowo; mɔ̃ siwo wotsɔna daa bɔmb siawo woyina ɖagbãa nuwo le teƒe siwo gbɔ didi kilometa akpe geɖewo; kpakple aʋawɔnu deŋgɔ siwo dea dɔ lãme na amewo kple esiwo naa aɖi siaa amewo si wotsɔ tsrɔ̃a ame gbogbowoe la.

Míewɔna Ðe Yehowa ƒe Nuxlɔ̃amewo Dzi

9. Aleke egbe ƒe xexea sɔ kple esi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔae?

9 Le Noa ŋɔli la, Yehowa tsrɔ̃ ameƒomea le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasesẽ si gbɔ eme, si ƒe dzo Nefilimawo nɔ tutum ɖo, la ta. Ke egbea ya ɖe? Ðe ŋutasesẽ si le anyigba dzi egbea la dzi ɖe kpɔtɔ wu alesi wònɔ ɣemaɣia? Kura o! Gawu la, abe alesi wònɔ le Noa ŋɔli ene la, amewo le woƒe dɔwɔwɔwo dzi, le agbagba dzem be yewoanɔ agbe ‘abe ɖe naneke mele dzɔdzɔ ge o ene’ eye wogbe be yewomaɖo to nu si xlɔ̃m wole wo la o. (Luka 17:26, 27) Ekema ɖe susu aɖe si li tae míake ɖi be Yehowa magatsrɔ̃ ameƒomea ake oa? Ðikeke mele eŋu o.

10. (a) Nuxlɔ̃ame kae wona zi gbɔ zi geɖe le Biblia me nyagblɔɖiwo me? (b) Nunyanu ka koe li egbea ame nawɔ?

10 Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, Henox gblɔ tsɔtsrɔ̃ aɖe si ava va le míaƒe ŋkekea me la ɖi. (Yuda 14, 15) Yesu hã ƒo nu tso “xaxa gã” si gbɔna ŋu. (Mateo 24:21) Nyagblɔɖila bubuwo xlɔ̃ nu ku ɖe ɣeyiɣi ma ŋu. (Xezekiel 38:18-23; Daniel 12:1; Yoel 2:31, 32) Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, míexlẽ nu tso alesi tututu tsɔtsrɔ̃ mamlɛa anɔ ŋu. (Nyaɖeɖefia 19:11-21) Abe ame ɖekaɖekawo ene la, míesrɔ̃a Noa ƒe kpɔɖeŋua eye míenye dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela dovevienuwo. Míewɔna ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amewo dzi eye míekpena ɖe amewo ŋu lɔlɔ̃tɔe be woawo hã nawɔ nenema ke. Eyata, abe Noa ene la, míezɔna kple Mawu. Le nyateƒe me la, ele vevie be amesiame si di be yeatsi agbe la nayi edzi azɔ kple Mawu. Aleke míate ŋu awɔ esia le nyaƒoɖeamenu siwo míedoa goe gbesiagbe la me? Ehiã be míatu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ƒe emevava ŋu.—Hebritɔwo 11:6.

Yi Edzi Nàzɔ Kple Mawu le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

11. Mɔ ka nue míesrɔ̃a ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le?

11 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wogblɔ tso Kristotɔ amesiaminawo ŋu be wole ‘Mɔ La Dzi.’ (Dɔwɔwɔwo 9:2) Woƒe agbenɔnɔ bliboa katã nɔ te ɖe Yehowa kple Yesu Kristo dzixɔxɔse dzi. Woto woƒe Aƒetɔ ƒe afɔtoƒe. Egbea, Kristotɔ wɔnuteƒewo wɔa nenema ke.

12. Nukae dzɔ esime Yesu na nuɖuɖu ameha aɖe nukutɔe?

12 Nusitae xɔse le vevie ɖo la dze le nane si dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me me. Ɣeaɖeɣi la, Yesu na nuɖuɖu ameha aɖe si me ŋutsu siwo anɔ 5,000 nɔ nukutɔe. Ewɔ nuku na ameawo eye wòdzɔ dzi na wo. Gake se nusi dzɔ le eyome ɖa. Míexlẽ be: “Esi ameawo kpɔ dzesi, si wòwɔ la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame. Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi ɖe to la dzi.” (Yohanes 6:10-15) Le zã ma ke me la, edzo yi teƒe bubu. Ðewohĩ fia si Yesu gbe be yemaɖu o la anya te ɖe ame geɖe dzi. Ne mede ɖeke o la, eɖee fia be nunya deŋgɔ le ye si tae wòate ŋu anye fia ɖo eye ŋusẽ le esi hã be wòate ŋu akpɔ ameawo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ. Gake Yehowa ƒe game mekpɔ de ne Yesu naɖu fia o. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe Fiaɖuƒea nye esi anɔ dziƒo, ke menye anyigba dzi o.

13, 14. Nukpɔsusu kae ame geɖe ɖe fia, eye aleke wodo woƒe xɔse kpɔe?

13 Ke hã, ameha la ti Yesu yome yi ɖake ɖe eŋu “le ƒua godo,” abe alesi Yohanes gblɔe ene. Le esi Yesu gbe ameawo ƒe agbagba si wodze be yewoalée aɖo fia megbe la, nukatae wogati eyome yi afima ɖo? Wo dometɔ geɖe ɖe ŋutilãmenukpɔsusu si le wo si la fia heƒo nu tso ŋutilãmenu siwo Yehowa na le gbeadzi le Mose ŋɔli la ŋu. Nusi wòfiae nye be Yesu neyi edzi wòanɔ ŋutilãmenuwo nam yewo. Esi Yesu kpɔ woƒe nukpɔsusu gbegblẽa dze sii la, ete gbɔgbɔmenyateƒe si ate ŋu ana woƒe tamesusu natrɔ la fiafia wo. (Yohanes 6:17, 24, 25, 30, 31, 35-40) Esia wɔe be ame aɖewo li liʋiliʋi le eŋu, vevietɔ esime wòdo lo sia na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbe aɖeke manɔ mia me o. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”—Yohanes 6:53, 54.

14 Yesu ƒe lododowo wɔa dɔ ɖe amewo dzi zi geɖe eye wonana woɖenɛ fiana ne wodii le nyateƒe me be yewoazɔ kple Mawu. Lododo sia hã nye wo dometɔ ɖeka. Ena ameawo ɖe nɔnɔme vovovowo fia. Míexlẽ be: “Eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?” Yesu yi edzi ɖe eme na wo be woadi gbɔgbɔmegɔmesese si le yeƒe nyawo ŋu. Egblɔ be: “Gbɔgbɔ la gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, [gbɔgbɔ] kple agbe wonye. Tso esia dzi la eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.”—Yohanes 6:60, 63, 66.

15. Nukpɔsusu nyui kae nɔ Yesu yomedzela aɖewo si?

15 Ke hã, menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katãe wɔ nu alea o. Le nyateƒe me la, nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo mese nusi gblɔm Yesu nɔ la gɔme keŋkeŋ o. Gake kakaɖedzi sẽŋu gakpɔtɔ nɔ wo si ɖe eyama me. Petro, si nye nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo dometɔ ɖeka, ɖe amesiwo katã mede megbe o ƒe seselelãme gblɔ, esime wògblɔ be: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Yohanes 6:68) Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye si, eye kpɔɖeŋu nyui kae nye si woɖo!

16. Aleke woate ŋu ado mí akpɔe, eye nukpɔsusu nyui kae wòle be míatu ɖo?

16 Woate ŋu ado mí amesiwo li egbea la akpɔ abe alesi wodo nusrɔ̃la gbãtɔ mawo kpɔe ene. Le mía gome la, ɖewohĩ dzi anɔ ɖeɖem le mía ƒo be Yehowa ƒe ŋugbedodowo mele eme vam kaba abe alesi míedii ene o. Míate ŋu asusui be alesi wole Ŋɔŋlɔawo me ɖemee ɖe míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me la gɔme sese sesẽ. Ðewohĩ hati Kristotɔ aɖe ƒe nuwɔna aɖia mía nu. Ðe wòasɔ be míadzudzɔ zɔzɔ kple Mawu ɖe susu siawo kple etɔgbewo taa? Kura o! Nusrɔ̃la siwo trɔ le Yesu yome la ɖe ŋutilãmenukpɔsusuwo fia. Ele be míaƒo asa na nusia tɔgbe wɔwɔ.

‘Míawo Míenye Amesiwo Gbugbɔna Ðe Megbe O’

17. Nukawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ kple Mawu?

17 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ (Timoteo II, 3:16) Yehowa gblɔe eme kɔ na mí nyuie le Biblia me be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yesaya 30:21) Toɖoɖo Mawu ƒe Nya kpena ɖe mía ŋu be ‘míakpɔ nyuie le alesi míezɔnae ŋu.’ (Efesotɔwo 5:15) Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le nusi míesrɔ̃na ŋu kpena ɖe mía ŋu be ‘míeyia edzi zɔna le nyateƒea me.’ (Yohanes III, 3) Le nyateƒe me la, abe alesi Yesu gblɔe ene la, “gbɔgbɔ la gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o.” Mɔfiame ɖeka kolia si dzi míate ŋu aka ɖo ahazɔ ɖe edzi lae nye gbɔgbɔmemɔfiame, si tsoa Yehowa ƒe Nya, eƒe gbɔgbɔa, kple eƒe habɔbɔa gbɔ.

18. (a) Nusi me susu mele o kae ame aɖewo wɔna? (b) Xɔse ka ƒomevie míetuna ɖo?

18 Egbea, amesiwo ƒo dzi ɖena le, le amegbetɔwo ƒe tamebubu ta alo le mɔkpɔkpɔ siwo mele eme vam o ta, la trɔna ɖe kɔlili nusiwo le xexeame la ŋu zi geɖe. Esi womegatsia dzi ɖe naneke ŋu o ta la, womekpɔa susu si tae wòle be ‘woanɔ ŋudzɔ’ ɖo la dzea sii o, eye wotiana be yewoati ŋutilãmetaɖodzinuwo yome tsɔ wu be yewoatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mateo 24:42) Zɔzɔ alea nye nusi me nunya mele kura o. Se apostolo Paulo ƒe nya siawo ɖa: “Míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.” (Hebritɔwo 10:39) Abe Henox kple Noa ene la, míele ɣeyiɣi sesẽwo me, gake abe woawo ene la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míazɔ kple Mawu. Esia wɔwɔ na mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la su mía si be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme míakpɔ, woaɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye ava. Mɔkpɔkpɔ gã kae nye si!

19. Aleke Mixa ɖɔ nyateƒe tadeagulawo ƒe nuwɔnawoe?

19 Mixa ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la gblɔ tso xexeme dukɔwo ŋu be wo dometɔ ɖesiaɖe azɔ le “eƒe mawu ƒe ŋkɔ me.” Emegbe egblɔ le eya ŋutɔ kple tadeagula wɔnuteƒe bubuwo ŋu be: “Míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.” (Mixa 4:5) Ne wò tameɖoɖoa sɔ kple Mixa tɔ la, ekema nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli metsɔ le alesi gbegbe ɣeyiɣiawo ava sesẽe me o. (Yakobo 4:8) Nenye míaƒe dzimedidi be mía dometɔ ɖesiaɖe nazɔ kple Yehowa mía Mawu la tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me, ɖaa tegbee!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Go kawo mee Noa ƒe ŋkekea kple mía tɔa ɖi wo nɔewo le?

• Aleke Noa kple eƒe ƒomea nɔ agbee, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe xɔsee?

• Nukpɔsusu gbegblẽ kae Yesu yomedzela aɖewo ɖe fia?

• Nukae Kristotɔ vavãwo ɖo be yewoawɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Abe alesi wònɔ le Noa ŋɔli ene la, amewo nyrɔ wo ɖokuiwo ɖe woƒe gbesiagbedɔwɔnawo me vĩ egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Esi míenye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ta la, ‘míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe o’