Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Ŋkɔ Le Germanytɔwo Ƒe Biblia Xoxo Aɖe Me

Mawu Ƒe Ŋkɔ Le Germanytɔwo Ƒe Biblia Xoxo Aɖe Me

Mawu Ƒe Ŋkɔ Le Germanytɔwo Ƒe Biblia Xoxo Aɖe Me

MAWU ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze zi akpe geɖe le Biblia si nye New World Translation of the Holy Scriptures, si wota ɖe Germanygbe me le ƒe 1971 me la me. * Gake menye esia nye Germanygbe me Biblia gbãtɔ si zã Mawu ƒe ŋkɔ o. Anɔ eme be wota Germanygbe me Biblia gbãtɔ si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le la abe ƒe 500 kloe nye esia ene, eye Johann Eck, si nye Roma Katoliko ƒe mawunyaŋununyala xɔŋkɔ aɖe, ye ɖe egɔme.

Wodzi Johann Eck le ƒe 1486 me le Germany ƒe anyiehe. Esi wòxɔ ƒe 24 la, eva zu mawunyaŋununyafialagã le Ingolstadt ƒe Yunivɛsiti, ɖoƒe siae wònɔ ʋuu vaseɖe esime wòku le ƒe 1543 me. Eck kple Martin Luther nɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka me, eye woa kple evea wonye xɔ̃wo hena ɣeyiɣi aɖe. Gake Luther ya va zu ame ŋkuta aɖe le Subɔsubɔha me Ðɔɖɔɖowɔlawo dome, le ɣeyiɣi si me Eck ya nye Katoliko-ha la taʋlila.

Bavariatɔwo ƒe fiagã de dɔ asi na Eck be wòaɖe Biblia gɔme ɖe Germanygbe me, eye wota Biblia si gɔme wòɖe la le ƒe 1537 me. Le nyagɔmeɖegbalẽ si nye Kirchliches Handlexikon ƒe nya nu la, gɔmesese si le eƒe gɔmeɖeɖea ŋu la sɔ ɖe gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo la tɔ nu “eye ame geɖewo le lɔlɔ̃m ɖe emenyawo dzi fifia wu alesi wolɔ̃ ɖe edzii tsã.” Eck ɖe Mose II, 6:3 gɔme ale: “Nyee nye Aƒetɔ amesi ɖe ɖokuinye fia Abraam, Isak, kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene: eye nyemeɖe nye ŋkɔ Adonai, fia wo o.” Eck tsɔ axadzinuŋɔŋlɔ aɖe kpe ɖe kpukpuia ŋu si gblɔ be: “Ŋkɔ Adonai Jehoua.” Biblia ŋunyala geɖewo xɔe se be esia nye zi gbãtɔ si Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Germanygbe Biblia aɖe me.

Gake wonya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ la hezãe ƒe akpe geɖewoe nye esia. Wozãe zi gbãtɔ le Hebrigbe me, afisi woyɔ Mawu vavã ɖeka kolia la le be “Yehowa.” (Mose V, 6:4) Abe ƒe 2,000 kloe nye esia la, woŋlɔ nya si Yesu gblɔ be yena wonya Mawu ƒe ŋkɔ la ɖe Helagbe me. (Yohanes 17:6) Tso ɣemaɣi dzi la, woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖewo ŋutɔ me, eye eteƒe madidi o míakpɔe be Psalmo 83:19 ava eme eye amewo katã adze sii be amesi ŋkɔe nye Yehowa ɖeɖekoe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Yehowa Ðasefowoe tae zi gbãtɔ le Eŋlisigbe me le ƒe 1961 me. Wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ si wu 50 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Eck ƒe Biblia gɔmeɖeɖe, si nye ƒe 1558 me tɔ, si me wòyɔ Yehowa ŋkɔ le le Mose II, 6:3 ƒe axadzinuŋɔŋlɔ me