Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Viɖewo Le Nuteƒewɔwɔ Me

Viɖewo Le Nuteƒewɔwɔ Me

Viɖewo Le Nuteƒewɔwɔ Me

LE DUKƆ aɖewo me la, ɖeviwo lɔ̃a gedidi le wotɔ siwo wofena kplii ŋu to gbekui siwo léna ɖe nu ŋu kɔkɔ ɖe woƒe awudziwuiwo ŋu me. Gbekuiawo léna ɖe awu siawo ŋu goŋgoŋ, eye nuka kee amesi ƒe awu ŋu wolé ɖo ɖawɔ o—azɔlie wòɖazɔ o, due wòɖasi o, eɖokuie wòɖaʋuʋu o, alo kpoe wòɖati o—gbekuiawo meɖena o. Mɔ si dzi woato aɖe wo ɖa koe nye be woatsɔ asi aɖe wo ɖekaɖekae le awua ŋu. Le ɖeviwo gome la, enye fefe si doa dzidzɔ na wo ŋutɔ.

Nyateƒee be menye amesiamee kpɔa dzidzɔ ne gbekuiwo lé ɖe eƒe awuwo ŋu ya o, ke hã, alesi gbekuiawo te ŋu léna ɖe nu ŋui la wɔa nuku na amesiame. Aleae amesi wɔa nuteƒe hã nɔna. Amesi nye nuteƒewɔla kuna ɖe ame bubu ŋu goŋgoŋ le ƒomedodo si nɔna anyi ɖaa me. Eyia edzi wɔa nusiwo alé ƒomedodoa ɖe te eye wòtsɔa eme gbanɔamedziwo pɛpɛpɛ nuteƒewɔwɔtɔe ne nɔnɔmewo na wòsesẽ gɔ̃ hã. Nya “nuteƒewɔwɔ” hea susu yina nɔnɔme nyoameŋuwo abe nyateƒetɔnyenye, kukuɖenuŋu, kple ɖokuitsɔtsɔna dzi. Ke hã, ne amewo ƒe nuteƒewɔwɔ doa dzidzɔ na wò la, ɖe wò hã nàte ŋu aɖoe kplikpaa awɔ nuteƒe na amewoa? Ne àte ŋui la, amekae wòle be nàwɔ nuteƒe na?

Nuteƒewɔwɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me​—Nuhiahiã Vevi Aɖee

Srɔ̃ɖegbenɔnɔ mee nye teƒe siwo nuteƒewɔwɔ hiã le vevie la dometɔ ɖeka, gake nublanuitɔea, afima boŋue nuteƒemawɔmawɔ bɔna ɖo zi geɖe. Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo léa woƒe srɔ̃ɖeɖe me tam si woka me ɖe asi—si fia be, woli ɖekae eye wo dometɔ ɖesiaɖe wɔa nusi aɖe vi na nɔvia—la le afɔ vevi aɖe si ahe dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ vɛ na wo ɖem. Nukatae? Elabena ɖe wowɔ amegbetɔwo kple dzɔdzɔmedidi be woawɔ nuteƒe na amewo eye be amewo nawɔ nuteƒe na wo. Esime wokplɔ Xawa vɛ na Adam le Eden-bɔa me wòzu srɔ̃a la, Mawu gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti.” Nya siawo yi na srɔ̃nyɔnu hã; ele nɛ be wòaku ɖe srɔ̃aŋutsua ŋu. Ele na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo eye woawɔ nu ɖekae.—Mose I, 2:24; Mateo 19:3-9.

Ele eme baa be ƒe akpe geɖe enye sia tso ɣemaɣi. Ðe ema fia be nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me zu tsigãdzinua? Ame akpa gãtɔ aɖo eŋu be ao. Numekula siwo le Germany de dzesii be ame 80 le alafa me bu nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me be ele vevie ŋutɔ. Wowɔ numekuku evelia be woanya nɔnɔme siwo ŋu amewo kpɔa ŋudzedze ɖo wu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu. Wobia tso ŋutsuwo ƒe hatsotso aɖe si be woaŋlɔ nɔnɔme vevi atɔ̃ siwo nyoa wo ŋu wu le nyɔnuwo ŋu, eye wobia tso nyɔnuwo ƒe hatsotso aɖe hã si be woaŋlɔ nɔnɔme vevi atɔ̃ siwo nyoa wo ŋu wu le ŋutsuwo ŋu. Nɔnɔme si ŋu ŋutsuawo kple nyɔnuawo siaa kpɔ ŋudzedze ɖo wu ɖesiaɖee nye nuteƒewɔwɔ.

Nyateƒee, nuteƒewɔwɔ nye nu vevi siwo naa srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedze la ƒe akpa aɖe. Gake abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, wokafua nuteƒewɔwɔ zi geɖe tsɔ wu edede nuwɔna ŋutɔŋutɔ me. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃gbegbe ƒe dzidzi ɖe edzi le dukɔ geɖewo me ɖoa kpe alesi nuteƒemawɔmawɔ bɔe la dzi. Aleke srɔ̃tɔwo awɔ atsi tre ɖe nɔnɔme sia ŋu ahayi edzi aku ɖe wo nɔewo ŋu?

Nuteƒewɔwɔ Nana Srɔ̃ɖeɖe Nɔa Anyi Ðaa

Srɔ̃tɔwo ɖea nuteƒewɔwɔ fiana ne wowɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ɖoa kpe woƒe kuku ɖe wo nɔewo ŋu dzi. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe enyona wu ne woɖɔli nyagbɔgblɔ si nye “nye” wòzu “mía”—“mía xɔlɔ̃,” “mía viwo,” “míaƒe aƒe,” “míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo,” kple esiawo tɔgbe. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu le ɖoɖo alo nyametsotsowo wɔm la—eɖaku ɖe afisi woanɔ, dɔwɔɖui, vihehe, modzakaɖeɖe, mɔkeke yiyi, alo mawusubɔsubɔ nuwɔnawo ŋu o—anyo be woabu wo nɔewo ƒe seselelãmewo kple nukpɔsusuwo ŋu.—Lododowo 11:14; 15:22.

Srɔ̃tɔwo ɖea nuteƒewɔwɔ fiana ne wo dometɔ ɖesiaɖe na nɔvia se le eɖokui me be yehiã hele vevie. Nyɔnu srɔ̃tɔ sena le eɖokui me be yemele dedie o ne srɔ̃aŋutsu dona vivi ɖe nyɔnu bubu aɖe ŋu akpa, eye nenema ke ŋutsu srɔ̃tɔ hã sena le eɖokui mee ne srɔ̃anyɔnu dona vivi ɖe ŋutsu bubu ŋu akpa. Biblia xlɔ̃ nu ŋutsuwo be woaku ɖe “[woƒe] ɖekakpui me srɔ̃” ŋu. Mele be srɔ̃ŋutsu naɖe mɔ nyɔnu bubu si menye srɔ̃a o la ƒe nu nalé dzi nɛ o. Le nyateƒe me la, mele be wòanɔ agbegbegblẽ kple nyɔnu bubu aɖeke o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Amesi wɔ ahasi kple nyɔnu aɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wònye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.” Nuteƒewɔwɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ ma ke dzie wobia tso srɔ̃nyɔnuwo hã si be woawɔ ɖo.—Lododowo 5:18; 6:32.

Ðe nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me ɖena via? Ẽ, eɖea vi. Enana srɔ̃ɖeɖea galia ke wu, henɔa anyi ɖaa, eye wòɖea vi na srɔ̃tɔawo dometɔ ɖesiaɖe. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃ŋutsu tsia dzi ɖe srɔ̃anyɔnu ƒe dedienɔnɔ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe la, nyɔnua sena le eɖokui me be yele dedie eye enana wòɖea nɔnɔme nyui geɖe fiana alesi wòate ŋui. Nenema ke wònɔna le srɔ̃ŋutsua hã gome. Alesi wòɖoe kplikpaa wɔa nuteƒe na srɔ̃a kpena ɖe eŋu wòtua gɔmeɖose dzɔdzɔewo me lelé ɖe asi ƒe nɔnɔme ɖo le eƒe agbemenuwɔnawo katã me.

Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu le nɔnɔme sesẽwo me tom la, woƒe nuteƒewɔwɔ na wo nɔewo ana woase le wo ɖokui me be yewole dedie. Gake ne kuxiwo do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe si me womewɔa nuteƒe na ame nɔewo le o me ya la, sẽ kple sẽ ko la, wodina be yewoaklã tso yewo nɔewo gbɔ alo yewoagbe yewo nɔewo. Zi geɖe la, afɔɖeɖe ma mekpɔa kuxiawo gbɔ o, ke boŋ enyea taɖeɖe le kuxiwo te aɖade ta bubuwo te. Le ƒe 1980-awo me la, awudodo ƒe atsyãwo ŋuti ɖaŋuɖola aɖe si wonya nyuie la dzo le srɔ̃anyɔnu kple eƒe ƒomea gbɔ. Ðe tre si wòva zu na wòkpɔ dzidzɔa? Le ƒe 20 megbe la, elɔ̃ ɖe edzi be dzodzo le wo gbɔ “na metsi akogo eye wòtena ɖe dzinye henana metsia zãdomadɔlɔ̃e eye dɔdɔnenyo dodo na ɖeviawo dzroam vevie.”

Nuteƒewɔwɔ le Dzilawo Kple Ðeviwo Dome

Ne dzilawo wɔ nuteƒe na wo nɔewo la, anɔ eme godoo be ana wo viwo nasrɔ̃ alesi wowɔa nuteƒee. Ne ɖevi siwo wonyi le ƒome si ɖea nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ fiana me va tsi la, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ nuteƒe le beléle na wo srɔ̃wo kple wo dzila siwo tsitsime ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo anɔ fu ɖem na la me.—Timoteo I, 5:4, 8.

Ele eme baa be menye ɣesiaɣie dzilaawo trea dɔnɔ alo ŋusẽmanɔŋutɔ zuzu o. Ɣeaɖewoɣi la, wo vi aɖe boŋue ahiã na beléle si bia nuteƒewɔwɔ. Aleae wònɔ le Herbert kple Gertrud—siwo nye Yehowa Ðasefowo—la gome hena ƒe 40 sɔŋ. Lãmekawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔdɔ vɔ̃ɖi aɖe va ɖe fu na wo viŋutsu, Dietmar, le eƒe agbenɔƒewo katã me. Le ƒe adre mamlɛ siwo do ŋgɔ na Dietmar ƒe ku, le November 2002 me, me la, ehiã be ame nanɔ eŋu anɔ be lém nɛ ɣeawokatãɣi zã kple keli. Edzilawo kpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe. Wona wova ɖi dɔdanu alo mɔ̃ siwo woatsɔ akpɔ eƒe lãmesẽnyawo gbɔ gɔ̃ hã ɖe woƒe aƒeme eye woyi ɖaxɔ dɔnɔgbɔkpɔkpɔ ƒe hehe hã. Nuteƒewɔwɔ na ƒomea me tɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si!

Nuteƒewɔwɔ Le Vevie Hena Xɔlɔ̃dzedze

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Birgit gblɔ be: “Ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne srɔ̃ mele esi o hã, gake esesẽ be ame nakpɔ dzidzɔ ne xɔlɔ̃ mele esi o.” Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe nya sia dzi. Èɖanye srɔ̃tɔ loo alo tre o, xɔlɔ̃ nyui ƒe nuteƒewɔwɔ na wò ana nàkpɔ dzidzɔ eye wòana wò agbe nanyo ɖe edzi wu. Gake ne srɔ̃tɔe nènye la, ele be srɔ̃wò nanye xɔ̃wò vevitɔ kekeake.

Xɔlɔ̃ menye amenyanyɛ dzro aɖe ko o. Amenyanyɛ geɖewo ate ŋu anɔ mía si—woanye aƒelikawo, hatiwo, kple amesiwo míedoa goe enuenu. Gake xɔlɔ̃ vavã ƒe amesinɔnɔ bia ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe, hekpe ɖe seselelãme ƒe ɖokuitsɔtsɔna blibo ŋu. Enyea bubu be woanye ame aɖe ƒe xɔlɔ̃. Xɔlɔ̃dzedze ɖea vi geɖe na ame, ke hã, elɔa agbanɔamedziwo tsɔtsɔ hã ɖe eme.

Dze tuameɖowo ɖoɖo kple mía xɔlɔ̃wo hiã vevie. Ɣeaɖewoɣi la, hiahiã aɖee ado dzea ɖa. Birgit ɖe eme be: “Ne kuxi aɖe dze ŋgɔ mía dometɔ aɖe la, mía kple xɔ̃nyenyɔnu, míeƒoa ka na mía nɔewo zi ɖeka alo zi eve le kwasiɖa ɖeka me. Nyanya be eli helɔ̃ faa be yeaɖo to la nyea dzidzeme gã aɖe.” Mele be adzɔgenɔnɔ tso ame nɔewo gbɔ nanye mɔxenu na xɔlɔ̃dzedze o. Gerda kple Helga le adzɔge tso wo nɔewo gbɔ kilometa akpe geɖe, ke hã, wonye xɔlɔ̃ veviwo hena ƒe 35 kple edzivɔwo. Gerda gblɔ be: “Míeŋlɔa agbalẽ na mía nɔewo edziedzi, hegblɔa nusiwo me tom míele kple míaƒe seselelãme ememetɔwo, eɖanye dzidzɔnya alo nublanuinya o, na mía nɔewo. Agbalẽ siwo mexɔna tsoa Helga gbɔ doa dzidzɔ nam ale gbegbe. Mía kplii ƒe nuŋububu to mɔ ɖeka pɛpɛpɛ.”

Nuteƒewɔwɔ hiã vevie le xɔlɔ̃dzedze me. Nuteƒemawɔmawɔ zi ɖeka aɖe ko hã ate ŋu agblẽ amesiwo nye xɔlɔ̃wo hena ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã dome. Xɔlɔ̃ adodoewo te ŋu ɖona aɖaŋu na wo nɔewo le woƒe dzimenya ɣaɣlawo gɔ̃ hã ŋu zi geɖe. Xɔlɔ̃wo gblɔa nyawo faa tso dzime na wo nɔewo eye womevɔ̃na be ame kemɛa ada ye ɖe anyi alo aʋu go yeƒe nya o. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Esi mía xɔlɔ̃wo te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míebua tamee, alesi míesena le mía ɖokui mee, kple alesi míewɔa nui dzi ta la, ele vevie be míadze xɔlɔ̃ amesiwo ƒe agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple mía tɔ. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ egbɔ be yedze xɔlɔ̃ amesiwo ƒe dzixɔsewo, agbenyuinɔnɔ ŋuti nukpɔsusu, kpakple nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo wɔ ɖeka kple tɔwòwo la ko. Xɔlɔ̃ mawo tɔgbe akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, nukatae nàdi be yeade ha kplikplikpli kple ame aɖe si ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dzidzenuwo to vovo kura tso tɔwò gbɔ ɖo? Biblia ɖe alesi wòle vevie be woatia xɔlɔ̃ nyuitɔe fia esi wògblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

Woate Ŋu Asrɔ̃ Nuteƒewɔwɔ

Ne ɖevi srɔ̃ alesi wokɔa gbekui si léna ɖe nu ŋu ɖe ame ƒe awu me la, adi godoo be yeanɔ fefe sia fem edziedzi. Woate ŋu agblɔ nya sia ke le amesi nye nuteƒewɔla hã ŋu. Nukatae? Elabena zi alesi míele nuteƒe wɔm la, zi nenemae nuteƒewɔwɔ ava nɔ bɔbɔe na míi. Ne ame aɖe srɔ̃ nuteƒewɔwɔ le ƒomea me tso eƒe ɖevime ke la, ava nɔ bɔbɔe nɛ be wòatu xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ dzi ɖo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, xɔlɔ̃dzedze ma tɔgbe si me tsi metona o, si nɔa anyi ɖaa, ate ŋu ana ame nava lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le srɔ̃ɖeɖe me. Esia ate ŋu akpe ɖe amea ŋu hã be wòawɔ nuteƒe le xɔlɔ̃dzedze si le vevie wu ɖesiaɖe la me.

Yesu gblɔ be se vevitɔ enye be woalɔ̃ Yehowa Mawu kple dzi blibo, luʋɔ blibo, tamesusu blibo kpakple ŋusẽ blibo. (Marko 12:30) Esia fia be ele be míawɔ nuteƒe na Mawu bliboe. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu hea teƒeɖoɖo gbagowo vɛ. Magblẽ mí ɖi akpɔ alo ade ŋukpe mo na mí gbeɖe o, elabena eya ŋutɔ gblɔ be: “Nuteƒewɔla menye.” (Yeremya 3:12, NW) Nyateƒee, nuteƒewɔwɔ na Mawu hea teƒeɖoɖo mavɔwo vɛ.—Yohanes I, 2:17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Xɔlɔ̃ nyui ƒe nuteƒewɔwɔ na wò ana nàkpɔ dzidzɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ƒomea me tɔ wɔnuteƒewo kpɔa wo nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo