Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Kple Mawu Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me

Zɔ Kple Mawu Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me

Zɔ Kple Mawu Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me

“Henox zɔ kple Mawu vavã la. Emegbe la, womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe.”​—MOSE I, 5:24, NW.

1. Nukawoe le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣiawo me si na be afɔkuwo le wo me?

ƔEYIƔI sesẽwo! Nya sia ɖɔ zitɔtɔ kple ŋutasesẽ ƒe ɣeyiɣi siwo me tom ameƒomea le tso esime woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la wòsɔ nyuie ŋutɔ. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, amegbetɔwo nɔ “ŋkeke mamlɛawo” me. Afɔkuwo abe dɔwuame, dɔlélewo, anyigbaʋuʋuwo, kple aʋawɔwɔwo ene wɔ fu amewo wògbɔ eme. (Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 6:1-8) Yehowa subɔlawo meto le eme o. Eva hiã be mí katã míanɔ te ɖe ɣeyiɣiawo ƒe amemiamia kple eƒe tɔtrɔ nu le mɔ aɖe nu. Ganyawo ƒe sesẽ, dunyahehe me zitɔtɔ, nuvlowɔwɔ, kple dɔléle woe nye nusiwo nana agbenɔnɔ sesẽna ŋutɔ la dometɔ aɖewo.

2. Kuxi kawoe Yehowa subɔlawo doa goe?

2 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa subɔla gbogbo aɖewo do dzi le yometiti sesẽ siwo Satana he va wo dzi atraɖii me esime wòyi edzi le aʋa wɔm kple amesiwo “léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Nyaɖeɖefia 12:17) Eye togbɔ be menye mí katã yomee wotina tẽ o hã la, ehiã be Kristotɔ vavãwo katã nate kame kple Satana Abosam kpakple gbɔgbɔ si wòƒãna ɖe ameƒomea me la. (Efesotɔwo 2:2; 6:12) Ebia ŋudzɔnɔnɔ ɣeawokatãɣi be gbɔgbɔ ma nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o, elabena míedoa goe le dɔme, le suku, kple le afi bubu ɖesiaɖe si wòahiã be míanɔ amesiwo metsɔa ɖeke le tadedeagu dzadzɛ me o dome le.

Zɔ Kple Mawu, Menye Kple Dukɔwo O

3, 4. Mɔ kawo nue Kristotɔwo to vovo tso xexeame gbɔ le?

3 Le ƒe alafa gbãtɔ me ke la, Kristotɔwo wɔ aʋa sesĩe kple xexe sia me ƒe gbɔgbɔ la, eye ema na woto vovo kura tso amesiwo mele Kristo-hamea me o la gbɔ. Paulo ɖɔ vovototoa esime wòŋlɔ bena: “Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o, amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.”—Efesotɔwo 4:17-19.

4 Aleke nya mawo ɖɔ alesi gbegbe xexe sia le gbɔgbɔ kple agbenyuinɔnɔ ƒe viviti tsiɖitsiɖi me—le Paulo ƒe ŋkekea kple mía tɔ siaa me—enye si! Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, egbe Kristotɔwo ‘megazɔna abe alesi dukɔwo zɔnae ene o.’ Ke boŋ mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su wo si be woazɔ kple Mawu. Ele eme baa be ame aɖewo maxɔe se be susu le eme be woagblɔ be amegbetɔ tsɛ madeblibowo nazɔ kple Yehowa o ya. Gake Biblia ɖee fia be woate ŋui. Gawu la, Yehowa kpɔa mɔ be woazɔ kpli ye. Le ƒe alafa enyilia do ŋgɔ na Mía Ŋɔli me la, gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Mixa wòŋlɔ nya siawo be: ‘Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.’Mixa 6:8.

Aleke Ame Zɔna Kple Mawui eye Nukatae?

5. Aleke amegbetɔ madeblibo ate ŋu azɔ kple Mawui?

5 Aleke míate ŋu azɔ kple Mawu ŋusẽkatãtɔ si ŋku mekpɔna o lae? Ðikeke aɖeke mele eme o be zɔzɔ kplii mele abe alesi míezɔna kple mía havi amegbetɔwo ene o. Le Biblia me la, nyagbɔgblɔ si nye “woazɔ” ate ŋu afia “nuwɔwɔ ɖe mɔ aɖe nu.” * Esi esia le susu me na mí ta la, míese egɔme be amesi zɔna kple Mawu la nɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu hewɔa nusi dzea eŋu. Agbenɔnɔ ɖe mɔ sia nu nana míetoa vovo tso ame akpa gãtɔ siwo dome míele la gbɔ. Ke hã, eyae nye mɔ nyuitɔ si Kristotɔ atia. Nukatae? Susu gbogbo aɖewo tae.

6, 7. Nukatae zɔzɔ kple Mawu enye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake ɖo?

6 Gbã la, Yehowae nye mía Wɔla, míaƒe agbe Dzɔtsoƒe, kple Amesi nana nusiwo katã hiã mí bene míanɔ agbe la mí. (Nyaɖeɖefia 4:11) Le esia ta la, eya koe kpɔ mɔ agblɔ alesi míazɔe la na mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, zɔzɔ kple Mawu enye agbenɔnɔ si ɖea vi wu ɖesiaɖe. Yehowa wɔ ɖoɖo be yeatsɔ amesiwo zɔna kpli ye la ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye wòtsɔ agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la ɖo wo ŋkume. Míaƒe Dziƒofofo si lɔ̃a ame ŋutɔ la ɖoa aɖaŋu nyui siwo kpena ɖe amesiwo zɔna kplii ŋu bene woakpɔ dzidzedze le agbe me fifia, togbɔ be wonye ame madeblibowo eye wole xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te me hã. (Yohanes 3:16; Timoteo II, 3:15, 16; Yohanes I, 1:8; 2:25; 5:19) Susu bubu si hã ta míezɔna kple Mawu ɖoe nye be lɔlɔ̃ faa azɔ kplii naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me.—Kolosetɔwo 3:15, 16.

7 Mlɔetɔ kple vevietɔ wue nye be ne míezɔ kple Mawu la, míeɖea akpa si dzi míele na nya gã si fɔ ɖe te le Eden-bɔa me—si nye dziɖulanyenye ƒe nya la—fiana. (Mose I, 3:1-6) Míetoa míaƒe agbenɔnɔ dzi ɖenɛ fiana be míele Yehowa ƒe akpa dzi bliboe, eye míeɖea gbeƒã vɔvɔ̃manɔmee be eya ɖeka koe dze anye Dziɖulagã la. (Psalmo 83:19) Esia nana míaƒe nuwɔna wɔa ɖeka kple gbe si míedona ɖa be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ eye woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Mateo 6:9, 10) Nunyanu ka gbegbee nye si amesiwo tiae be yewoazɔ kple Mawu la wɔ! Woate ŋu aka ɖe edzi be mɔ nyuitɔ dzie yewole, elabena Yehowae “nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃” la. Medaa vo gbeɖe o.—Romatɔwo 16:27.

8. Aleke Henox kple Noa ƒe ɣeyiɣiawo sɔ kple mía tɔe?

8 Gake aleke wòanya wɔe be ame nanɔ agbe abe alesi dze Kristotɔwo ene le ɣeyiɣi sia si me nɔnɔmeawo le sesẽm ale gbegbe eye medzroa ame akpa gãtɔ kura be yewoasubɔ Yehowa o la me? Míakpɔ ŋuɖoɖoa ne míede ŋugble le blematɔ nuteƒewɔla siwo lé woƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le ɣeyiɣi sesẽwo me la ŋu. Wo dometɔ evee nye Henox kple Noa. Woa kple evea siaa nɔ agbe le ɣeyiɣi siwo nɔ abe mía tɔ ene me. Nuvɔ̃ɖiwɔwɔ bɔ ale gbegbe. Le Noa ŋɔli la, ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ yɔ anyigba dzi. Ke hã, Henox kple Noa tsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ si nɔ anyi le wo ŋɔli la ŋu hezɔ kple Yehowa. Aleke wowɔ te ŋu wɔ esia? Be míaɖo biabia sia ŋu la, míadzro kpɔɖeŋu si Henox ɖo ɖi la me le nyati sia me. Nyati si kplɔe ɖo adzro Noa tɔ me.

Henox Zɔ Kple Mawu le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

9. Henox ŋuti nyatakaka kawoe le mía si?

9 Henox ye nye ame gbãtɔ si woyɔ le Ŋɔŋlɔawo me be ezɔ kple Mawu. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu.” (Mose I, 5:22) Eye esi woyɔ ƒe si Henox xɔ—si ne wotsɔe sɔ kple míaƒe agbenɔƒe la, edidi ŋutɔ gake wòhele kpuie ɣemaɣi—vɔ megbe la, nuŋlɔɖia gblɔ be: “Henox zɔ kple Mawu vavã la. Emegbe la, womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe.” (Mose I, 5:24, NW) Edze ƒã be Yehowa ɖe Henox ɖa le anyigba dzi be amesiwo tsi tre ɖe eŋu la ƒe asi nagatui o. (Hebritɔwo 11:5, 13) Le mawunyakpukpui kpui siawo megbe la, teƒe ʋɛ aɖewo koe wogayɔ Henox ŋkɔ le le Biblia me. Ke hã, le nyatakaka siwo le mía si kple bubuawo me la, susu nyui li si tae míagblɔ be Henox ƒe ɣeyiɣiawo me sesẽ ɖo.

10, 11. (a) Aleke nufitifitiwɔwɔ wɔ kaka le Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃wɔwɔ megbe? (b) Nyagblɔɖigbedasi kae Henox ɖe gbeƒãe, eye aleke woxɔe?

10 Le kpɔɖeŋu me, bu alesi nufitifitiwɔwɔ wɔ kaka ɖe amegbetɔƒomea dome kabakaba le Adam ƒe nuvɔ̃ wɔwɔ megbe la ŋu kpɔ. Biblia gblɔ na mí be Adam ƒe vi gbãtɔ, Kain, ye va zu amewula gbãtɔ esime wòwu nɔvia Habel. (Mose I, 4:8-10) Esi Habel ku nublanuitɔe alea megbe la, Adam kple Xawa dzi viŋutsu bubu, eye wona ŋkɔe be Set. Míexlẽ le eyama ŋu bena: “Wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe bena Enos. Le ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.” (Mose I, 4:25, 26) Nublanuitɔe la, xɔsegbegbe ƒe mɔ nue “wode asi Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ me” ɖo. * Ƒe gbogbo aɖe le Enos dzidzi vɔ megbe la, Kain ƒe dzidzimevi aɖe si ŋkɔe nye Lamex kpa ha aɖe na srɔ̃a eveawo si me wògblɔ le be yewu ɖekakpui aɖe si de abi ye ŋu. Ena wonya hã be: “Wobia hlɔ̃ Kain zi adre, ke Lamex la zi blaadre vɔ adre.”—Mose I, 4:10, 19, 23, 24.

11 Nyateƒenya kpui siawo ɖee fia be nufitifitiwɔwɔ si Satana to vɛ le Eden-bɔa me wɔe be nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kaka ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo dome. Le xexe ma me la, Henox nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila, si ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la gakpɔtɔ wɔa dɔ egbea. Yuda ka nya ta be Henox gblɔ nya ɖi bena: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene wòadrɔ̃ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.” (Yuda 14, 15) Nya siawo ava eme zi mamlɛtɔ le Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ke hã, míate ŋu aka ɖe edzi be ‘nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawu’ gbogbo siwo se Henox ƒe nyagblɔɖia le eƒe ŋkekea me gɔ̃ hã vɔ̃ eye wodo dziku ŋutɔ. Aleke wònye lɔlɔ̃ɖeɖefiae enye si be Yehowa ɖe nyagblɔɖila la le wo dome!

Nukae Do Ŋusẽ Henox be Wòazɔ Kple Mawu?

12. Nukae na Henox to vovo tso eŋɔlimetɔwo gbɔ?

12 Le keke Eden-bɔa me ke la, Adam kple Xawa ɖo to Satana, eye Adam dze aglã ɖe Yehowa ŋu. (Mose I, 3:1-6) Wo vi Habel ya meto woƒe ʋe me o, eye Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Mose I, 4:3, 4) Nublanuitɔe la, Adam ƒe dzidzimevi akpa gãtɔ menɔ abe Habel ene o. Gake, Henox, si wova dzi le ƒe alafa geɖe megbe ya nɔ abe Habel ene. Vovototo kae nɔ Henox kple Adam ƒe dzidzimevi bubu geɖeawo dome? Apostolo Paulo ɖo biabia sia ŋu esime wòŋlɔ bena: “Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, woɖi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.” (Hebritɔwo 11:5) Henox kpe ɖe “ɖasefowo [siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo la] ƒe alilikpo” gã, amesiwo ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi, la ŋu. (Hebritɔwo 12:1) Xɔsee kpe ɖe Henox ŋu wòdo dzi le ƒe 300 kple edzivɔ—si wu mí ame akpa gãtɔ si le agbe egbea la ƒe agbenɔƒe teƒe etɔ̃—si wòtsɔ nɔ agbe nyui la me!

13. Xɔse ka tɔgbee nɔ Henox si?

13 Paulo ƒo nu tso Henox kple ɖasefo bubuwo ƒe xɔse ŋu esime wògblɔ be: “Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.” (Hebritɔwo 11:1) Ẽ, xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo míele mɔ kpɔm na ŋu kple kaka ɖe edzi be woava su mía si godoo. Enye dziɖoɖo ɖe nu ŋu si sẽ ale gbegbe be wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nusiwo le vevie na mí le agbe me la dzi. Xɔse ma tɔgbee kpe ɖe Henox ŋu be wòzɔ kple Mawu togbɔ be amesiwo dome wònɔ ya mezɔ kple Mawu o hã.

14. Anye sidzedze vavãtɔ ka dzie Henox ƒe xɔsea nɔ te ɖo?

14 Sidzedze vavãtɔ dzie wotua xɔse vavã ɖo. Sidzedze kae nɔ Henox si? (Romatɔwo 10:14, 17; Timoteo I, 2:4) Ðikeke aɖeke mele eme o be, enya nu tso nusiwo dzɔ le Eden la ŋu. Ðewohĩ ese nu hã tso alesi agbe anya nɔ le Eden-bɔ—si anya gakpɔtɔ nɔ anyi, togbɔ be womegaɖe mɔ na amegbetɔwo be woage ɖe eme o hã—la me ŋu. (Mose I, 3:23, 24) Eye enya nu tso tame si Mawu ɖo be Adam ƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba dzi ahawɔ ɣletinyigba bliboa wòava nɔ abe Paradiso gbãtɔ ma ene la ŋu. (Mose I, 1:28) Gakpe ɖe eŋu la, ɖikeke mele eme o be ŋugbe si Yehowa do be Dzidzimevi aɖe ava gbã ta na Satana ahaɖe Satana ƒe amebeblea me tsonuwo katã ɖa la dze Henox ŋu ŋutɔ. (Mose I, 3:15) Le nyateƒe me la, Henox ŋutɔ ƒe nyagblɔɖi si tso gbɔgbɔ me, si woŋlɔ ɖe Yuda ƒe agbalẽa me, la ƒo nu tso Satana ƒe dzidzime la tsɔtsrɔ̃ ŋu. Esi wònye xɔse nɔ Henox si ta la, míenya be esubɔ Yehowa, amesi ‘ɖoa eteƒe na amesiwo dinɛ vevie’ la. (Hebritɔwo 11:6) Eyata, togbɔ be sidzedze si gbegbe su mía si la mesu Henox si o hã la, sidzedze si su esi la te ŋu nye esi sɔ si dzi wòatu xɔse sẽŋu ɖo. Xɔse sia wɔe be wòte ŋu lé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le ɣeyiɣi sesẽwo me.

Srɔ̃ Henox ƒe Kpɔɖeŋua

15, 16. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Henox ƒe kpɔɖeŋuae?

15 Abe Henox ene la, esi míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu le ɣeyiɣi sesẽ siwo li egbea me ta la, anyo be míasrɔ̃ Henox ƒe kpɔɖeŋua. Ehiã be Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si eye míalé eme ɖe asi. Gake míehiã nu geɖe wu ema. Ehiã be míanɔ agbe ɖe sidzedze vavãtɔ ma nu. (Psalmo 119:101; Petro II, 1:19) Ehiã be Mawu ƒe susu nafia mɔ mí eye míanɔ agbagba dzem ɣesiaɣi be míaƒe tamesusu kple nuwɔnawo nadze eŋu.

16 Nuŋlɔɖi aɖeke meli be Yehowa subɔla aɖe hã nɔ anyi le Henox ŋɔli ya o, gake edze ƒã be eya ɖeka koe loo alo be enye ame ʋɛ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dometɔ ɖeka. Míawo hã la, ame ʋɛ aɖewo koe míenye le xexeame, gake ema meɖea dzi le mía ƒo o. Ameka kee ɖatsi tre ɖe mía ŋu o, Yehowa akpe ɖe mía ŋu. (Romatɔwo 8:31) Henox tsɔ dzideƒo xlɔ̃ nu le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ame mavɔ̃mawuwo dzi ŋu. Míawo hã míetsɔ dzideƒo le gbeƒã ɖem “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” togbɔ be woɖua fewu le mía ŋu, tsia tre ɖe mía ŋu, hetia mía yome hã. (Mateo 24:14) Henox menɔ agbe wòdidi abe eŋɔlimetɔ geɖeawo ene o. Ke hã, meɖo ŋu ɖe xexe ma ŋu o. Enɔ mɔ kpɔm na nane si de ŋgɔ wu. (Hebritɔwo 11:10, 35) Míawo hã míele mɔ kpɔm na Yehowa ƒe tameɖoɖowo ƒe emevava. Le esia ta, míewɔa xexe sia ŋudɔ bliboe o. (Korintotɔwo I, 7:31) Ke boŋ míezãa míaƒe ŋusẽ kple nunɔamesiwo ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu koŋ.

17. Sidzedze kae su mía si, si menɔ Henox si o, eyata nuka wòle be míawɔ?

17 Henox xɔe se be Dzidzimevi si ƒe ŋugbe Mawu do la ava le Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi. Anye ƒe 2,000 kloe enye esia si Dzidzimevi ma—Yesu Kristo—do, xe tafe la, heʋu mɔ na mía kple ɖasefo wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema abe Henox ene, be míava nyi agbe mavɔ ƒe dome. Dzidzimevi ma, si woɖo zi dzi fifia wònye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia la, nyã Satana tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi, eye míele nɔnɔme sesẽ si esia he vɛ la teƒe kpɔm. (Nyaɖeɖefia 12:12) Ẽ, sidzedze geɖe le mía si ŋutɔ wu esi nɔ Henox si. Eyata, mina be xɔse nanɔ mía si abe alesi wònɔ esii ene. Neva eme be kakaɖedzi si le mía si be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme la nakpɔ ŋusẽ ɖe nusianu si míewɔna dzi. Mina be míazɔ kple Mawu, abe Henox ene, togbɔ be míele ɣeyiɣi sesẽwo me hã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Kpɔ Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe Babla 1, axa 220, memama 6.

^ mm. 10 Do ŋgɔ na Enos ŋɔli la, Yehowa ƒo nu kple Adam. Habel sa vɔ si sɔ la na Yehowa. Mawu ƒo nu kple Kain gɔ̃ hã hafi ŋuʋaʋã ƒoe ɖe Kain nu wòyi ɖawu nɔvia. Eyata, anya nye mɔ yeye aɖe nue “wode asi Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ me” ɖo, menye le tadedeagu dzadzɛ me o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Be woazɔ kple Mawu gɔme ɖe?

• Nukatae zɔzɔ kple Mawu nye nu nyuitɔ kekeake?

• Nukae kpe ɖe Henox ŋu be wòzɔ kple Mawu togbɔ be ɣeyiɣi sesẽwo mee wònɔ hã?

• Alekee míate ŋu asrɔ̃ Henox?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Le xɔse me, “Henox zɔ kple Mawu vavã la”

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Míeka ɖe edzi vevie be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme

[Picture Credit Lines on page 13]

Nyɔnu, si le ɖusime ɖaa: FAO photo/B. Imevbore; xɔ si le gbagbãm: San Hong R-C Picture Company