Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nusiwo Amewo Buna tso Mía Ŋu Le Veviea?

Ðe Nusiwo Amewo Buna tso Mía Ŋu Le Veviea?

Ðe Nusiwo Amewo Buna tso Mía Ŋu Le Veviea?

AMESIAME kloe dina be woakafu ye. Dzi dzɔa mí ne wokafu mí, eye míesenɛ le mía ɖokui me be míewɔ nane de goe. Ne wokpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ate ŋu aʋã mí míawɔ geɖe wu. Míaƒe seselelãme ate ŋu ato vovo ne míenya be ame aɖewo melɔ̃a míaƒe nya o. Vivimadoɖeameŋu nuwɔna alo vodada didi le ame ŋu ate ŋu agbã dzi na mí. Nusi amewo buna tsoa mía ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi mía ŋutɔwo míebua mía ɖokuii dzi.

Anye vodada be míaŋe aɖaba aƒu alesi amewo kpɔa míi dzi. Aɖe vi ŋutɔŋutɔ na mí ne míebia tso ame bubuwo si be woalé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu agblɔ nusiwo menyo le eŋu o na mí. Ne agbenyuinɔnɔ dzidzenu kɔkɔwo dzie nusi ame bubuwo kpɔ le mía ŋu nɔ te ɖo la, ate ŋu aɖe vi na mí, ahaʋã mí be míawɔ nu nyui. (Korintotɔwo I, 10:31-33) Ke hã, nukpɔsusu si dzi ame geɖe da asi ɖo mesɔna zi geɖe o. De ŋugble le nukpɔsusu totro si nɔ nunɔlagãwo kple ame bubuwo si ɖe Yesu Kristo ŋuti ŋu kpɔ. “Wodo ɣli gblɔ bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti!” (Luka 23:13, 21-25) Anyo be míaɖe nukpɔsusu siwo wotu ɖe aʋatso nyatakaka dzi alo esiwo me ŋuʋaʋã alo nazãbubu dze le ya ɖa le susu me. Le esia ta la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie eye míawɔ nu nunyatɔe ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu.

Ameka ƒe Nukpɔsusue Le Vevie?

Míedina be amesiwo mía kpli wo míesubɔna aduadu le subɔsubɔ vavãtɔ me nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye míaƒe ƒometɔ siwo le nyateƒea me, kpakple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo. (Romatɔwo 15:2; Kolosetɔwo 3:18-21) Míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi haxɔsetɔwo lɔ̃a wo nɔewo, dea bubu wo nɔewo ŋu, eye ‘wofaa akɔ na wo nɔewo’ la ŋu ale gbegbe. (Romatɔwo 1:11, 12) Míetsɔ ‘ɖokuibɔbɔ ƒe susu’ bua ame bubuwo be wonye gã wu mí. (Filipitɔwo 2:2-4) Gawu la, míedia amesiwo ‘xɔa ŋgɔ’ le mía dome—hamemegãwo—ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ, eye míedea asixɔxɔ eŋu.—Hebritɔwo 13:17.

Edzroa mí hã be míaxɔ “ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo” gbɔ. (Timoteo I, 3:7) Kpɔ alesi wòdea dzi ƒo na amee ne ƒometɔ siwo nye dzimaxɔsetɔwo, dɔwɔhatiwo, kple aƒelikawo de bubu mía ŋu ɖa! Eye ɖe míedzea agbagba be míaɖo kpɔɖeŋu nyui na amesiwo míeɖea gbeƒã na be wòaʋã wo woaxɔ Fiaɖuƒe gbedasi oa? Bubu si nɔa mía ŋu le afisi míele be míenye amesiwo nɔa agbe dzadzɛ, wɔa nu dzɔdzɔe, kple anukwareɖilawo la hea kafukafu vanɛ na Mawu. (Petro I, 2:12) Ke hã, míate ŋu atɔ tsi Biblia me gɔmeɖosewo be amewo nakafu mí o; eye míate ŋu atrɔ zu alakpanuwɔlawo be míadze amewo ŋu hã o. Ele be míanyae be míate ŋu adze amesiame ŋu gbeɖe o. Yesu gblɔ be: “Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.” (Yohanes 15:19) Ðe míate ŋu awɔ nane si awɔe be amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu nava de bubu mía ŋua?

Nuwɔwɔ be Tsitretsiɖeŋulawo Nade Bubu Mía Ŋu

Yesu xlɔ̃ nu be: “Wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 10:22) Fuléle sia nana wotsɔa nutsotso vɔ̃ɖiwo ɖe mía ŋu ɣeaɖewoɣi. Dziɖuɖumegã siwo kpɔa ame ŋkume ate ŋu ayɔ mí be “aglãdzelawo” alo “dugbãlawo.” Tsitretsiɖeŋula siwo mesia ame ŋkume o ate ŋu atsɔ nya ɖe mía ŋu be míenye kɔmama vɔ̃ɖi si wòle be woaxe mɔ na. (Dɔwɔwɔwo 28:22) Míate ŋu aɖo aʋatso nutsotso siawo ŋu ɣeaɖewoɣi. To mɔ ka dzi? To apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ me be: “Misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃.” (Petro I, 3:15) Gawu la, ele be míaƒe “nyagbɔgblɔ nanɔ blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi o be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.”—Tito 2:8.

Ne míele agbagba dzem be míaɖe vlodoame si wohe va míaƒe ŋkɔ dzi ɖa la, mehiã be dzi naɖe le mía ƒo alo avɔ̃ ne woda alakpa ɖe mía si gɔ̃ hã o. Wotso Yesu, Mawu ƒe Vi deblibo la, kura gɔ̃ hã nu be enye busunyagblɔla, aglãdzela, kple amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le. (Mateo 9:3; Marko 3:22; Yohanes 19:12) Woƒo ɖi apostolo Paulo ƒe ŋkɔ. (Korintotɔwo I, 4:13) Yesu kple Paulo siaa ŋe aɖaba ƒu ɖeklemiɖeɖe mawo dzi eye woyi woƒe dɔwɔnawo dzi kple ŋkubiã. (Mateo 15:14) Wonyae be yewomate ŋu adze yewoƒe futɔwo ŋu gbeɖe o, elabena “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Gbetɔame sia tututue dze ŋgɔ míawo hã egbea. Mele be vɔvɔ̃ naɖo mí ne tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖiwo kaka alakpanyawo le mía ŋu o.—Mateo 5:11.

Nukpɔsusu Siwo le Vevie Wu

Nukpɔsusu siwo le amewo si ɖe mía ŋu le vovovo, elabena enɔa te ɖe nusi ʋãa wo kple nya siwo wose tso mía ŋu dzi. Wo dometɔ aɖewo kafua mí eye wodea bubu mía ŋu, bubuwo ya dzua mí heléa fu mí. Gake zi alesi Biblia me gɔmeɖosewo le mɔ fiam mí ya ko la, susu ɖesiaɖe le mía si si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ahaɖe dzi ɖi ɖo.

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Ne míetsɔ dzidzɔ xɔ Mawu ƒe Nya la abe míaƒe mɔfiafia ene le nuwo katã me la, Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Le nyateƒe me la, nukpɔsusu siwo le vevie wue nye Yehowa kple Via tɔ. Nusi wokpɔ le mía ŋui nye alesi míele ŋutɔŋutɔ. Míaƒe agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu dzi koŋ.—Yohanes 5:27; Yakobo 1:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

“Kafukafu kpea ŋu nam, elabena ɖe mebiae ayetɔe.”—INDIATƆ HAKPANYAŊLƆLA RABINDRANATH TAGORE

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Culver Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Haxɔsetɔwo ƒe nukpɔsusu le vevie