Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Akpe Geɖe Va Le Yehowa Subɔm

Ame Akpe Geɖe Va Le Yehowa Subɔm

“Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ”

Ame Akpe Geɖe Va Le Yehowa Subɔm

BIBLIA me nyagblɔɖi siwo ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu la gblɔe be amewo atso dukɔwo katã me aƒo zi ɖe Yehowa ƒe tadedeagu si woado ɖe dzi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Mawu gblɔ to nyagblɔɖila Xagai dzi be: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.” (Xagai 2:7) Yesaya kple Mixa siaa gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia me—si nye “le ŋkeke mlɔeawo me”—la, dukɔwo kple amewo ava asubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu nu.—Yesaya 2:2-4; Mixa 4:1-4.

Ðe nyagblɔɖi siawo le eme vam ŋutɔŋutɔ egbea? Mina nudzɔdzɔawo ŋutɔ nagblɔe na mí. Le ƒe ewo siwo va yi ɖeɖe me la, ame yeye siwo wu 3,110,000 ye tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa le dukɔ siwo wu 230 me. Le nyateƒe me la, ƒe ewo siwo va yi mee Yehowa Ðasefo siwo le subɔsubɔm le xexeame katã fifia la dometɔ 6 le wo ame 10 ɖesiaɖe dome, xɔ nyɔnyrɔ. Le ƒe 2004 me la, subɔla adzɔgbeɖela yeye aɖe va kpena ɖe Kristo-hamea ŋu miniti eve ɖesiaɖe le mama dedie nu! *

Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ‘ame gbogbo aɖewo va zu xɔsetɔwo hetrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu’ egbea. Togbɔ be menye Mawu ƒe amewo ƒe agbɔsɔsɔ ye nye kpeɖodzi be ele wo yram o hã la, eɖenɛ fiana be “[Yehowa] ƒe asi li” kpli wo. (Dɔwɔwɔwo 11:21) Nukae na ame miliɔn geɖe va le Yehowa subɔm? Eye dɔ kae ŋgɔyiyi sia wɔna ɖe wò ŋutɔ dziwò?

Dzianukwaretɔwo Le Vavam

Yesu gblɔe tẽ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Eyata, Yehowae le amesiwo ‘ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la hem vɛ. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woatsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me. (Mateo 5:3) Dzitsinya ƒe fuɖename, mɔkpɔkpɔ didi, alo xaxa sesẽ aɖe ate ŋu ana ame aɖewo nadi Mawu, si awɔe be woava srɔ̃ nu tso tameɖoɖo si le esi na ameƒomea ŋu.—Marko 7:26-30; Luka 19:2-10.

Nusita ame aɖewo va le Yehowa subɔm ɖoe nye be Biblia fiafiadɔ ƒe ɖoɖo si le Kristo-hamea me la kpe ɖe wo ŋu wova kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo nɔ fu ɖem na wo.

Nyabiase aɖe nɔ fu ɖem na Davide, si nye atikevɔ̃ɖi dzrala le Italy. Ebiana be: “Ne Mawu aɖe li ɖe, ke nukatae amewo yi edzi le fu kpem le madzɔmadzɔnyenye ta?” Mawusubɔsubɔnyawo medzɔa dzi nɛ ale o, eyata ebiana nya sia zi geɖe tsɔ tɔa gbe amewo, elabena esusuna be ame aɖeke mate ŋu aɖo eŋu o. Egblɔ be: “Nyemebui be makpɔ ŋuɖoɖo si me susu le si me akɔ nam le nya sia ŋu o. Gake Ðasefo si ɖo dze kplim la gbɔ dzi ɖi nam blewu hexlẽ Biblia ƒe teƒe aɖewo tsɔ ɖo kpe nya siwo wògblɔ dzi. Dzeɖoɖo ma wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.” Egbea, Davide va trɔ asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu, eye wòle Yehowa subɔm.

Nusi he ame bubuwo ya va Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi mee nye gɔmesese si le agbe ŋu kple susu si ta míele afisia ɖo. Esi nyɔnu tagbɔdɔdala aɖe si le Zagreb, Croatia, ŋutɔ nɔ alesi wòawɔ eƒe susu nadze akɔ anyi ƒe atike dim la, eyi ehati tagbɔdɔdala xɔŋkɔ aɖe gbɔ. Ewɔ nuku nɛ be ɖɔktaa tsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Zagreb, kpakple Ðasefo aɖe si eya ŋutɔ nya la, ƒe telefon xexlẽdzesi nɛ. Egblɔ nɛ be: “Mexɔe se be amesiawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne megblɔ na wò be nàyi sɔleme la, ke kpetata siwo me agbe mele o koe nàkpɔ le afima—màse nuƒo aɖeke o, eye nusianu do viviti. Nyemexɔe se be sɔlemea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò o. Meɖo dɔnɔ bubuwo ɖe Yehowa Ðasefowo gbɔ, eye mexɔe se be woawo koe ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò nyuie wu.” Ðasefowo lɔ̃ faa va srã nyɔnua kpɔ, eye eteƒe medidi o wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Mede kwasiɖa aɖeke o, tagbɔdɔdala sia tsɔ dzidzɔ gblɔ be sidzedze si su ye si le Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu la na yeva nya susu si ta yele agbe ɖo.—Nyagblɔla 12:13.

Esi ame geɖe ɖo xaxa me la, wova kpɔe be Biblia koe ate ŋu afa akɔ na yewo ŋutɔŋutɔ. Le Greece la, ŋutsuvi ƒe adre vi aɖe ge tso woƒe sukuxɔ tame heku. Ɣleti aɖewo megbe la, Ðasefo eve do go nɔa, eye woƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu tsɔ nɔ akɔ fam nɛ. (Yohanes 5:28, 29) Tete nyɔnua wó avi. Nɔvinyɔnuawo biae be: “Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso Biblia ŋua, ekema ɣekaɣie míate ŋu ava asrã wò akpɔ?” Eɖo eŋu be: “Fifi laa.” Nyɔnua kplɔ wo yi eƒeme, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nyɔnua ƒe ƒomea katã le Yehowa subɔm fifia.

Èle Gome Kpɔm le Emea?

Nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame ŋutɔŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖewo koe nuteƒekpɔkpɔ siawo nye. Yehowa le tadeagula vavãwo ƒe ameha gã aɖe nu ƒom ƒu tso xexeame godoo hele hehe nam wo. Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe le xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ sia si: eyae nye be woatsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu si gogo ŋutɔ la me, ahanɔ agbe le xexe yeye dzɔdzɔe aɖe me.—Petro II, 3:13.

Yehowa ƒe yayra wɔe be amewo nu ƒoƒoƒu dɔ sia si tɔgbe womewɔ kpɔ o la le ŋgɔ yim tẽ ɖo ta eƒe nuwuwu. (Yesaya 55:10, 11; Mateo 24:3, 14) Èle gome kpɔm veviedodotɔe le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ sia mea? Ne èle gome kpɔm le eme la, ekema àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu anɔ megbe na wò eye wò hã àte ŋu agblɔ hakpala la ƒe nya siawo, be: “Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.”—Psalmo 121:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses [Calendrier des Témoins de Jéhovah 2005] September/October.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.”—YOHANES 6:44

[Aɖaka si le axa 8]

AMEKAE NA DZIDZIÐEDZI SIA LE VAVAM?

Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.”​—Psalmo 127:1.

“Mawue nana wotsina nyuie. Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ.”​—Korintotɔwo I, 3:6, 7.