Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Pontio Pilato Nye?

Amekae Pontio Pilato Nye?

Amekae Pontio Pilato Nye?

“PILATO fewuɖula si kea ɖi la nye ŋutinyameme aɖe si ŋu nya hena ame ƒe susu. Ame aɖewo be ame kɔkɔe ye, bubuwo ya be eyae nye alesi woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ dzi bɔbɔe la ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake, be enye dunyahela siwo lɔ̃na faa be yewoatsɔ ame ɖeka asa vɔe be tomefafa nanɔ anyi ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖe.”—Pontius Pilate, si Ann Wroe ŋlɔ.

Èɖalɔ̃ ɖe nukpɔsusu ma dometɔ aɖe dzi alo mèlɔ̃ ɖe edzi o, Pontio Pilato wɔ ŋkɔ na eɖokui le alesi wòwɔ nu ɖe Yesu Kristo ŋui ta. Amekae Pilato nye? Nukae wonya tso eŋu? Ðoƒe si nɔ esi nyanya nyuie akpe ɖe mía ŋu míase nu vevitɔ kekeake siwo dzɔ le anyigba dzi kpɔ la gɔme nyuie wu.

Eƒe Ðoƒe, Dɔwo, Kple Ŋusẽkpɔƒe

Roma Fiagã Tiberio ɖo Pilato mɔmefia le Yudea nutome le ƒe 26 M.Ŋ. me. Amegã siawo nɔ hatsotso aɖe si ƒe ɖoƒe mekɔkɔ de dunyahemegã ameŋkuta siwo nɔ sewɔhaa me la tɔ nu o me. Anɔ eme be Pilato nye asrafo siwo kpɔa dumeviwo ta tso amegãwo si me, alo aʋafia ƒe kpeɖeŋutɔ gbã; emegbe ɖoƒe bubuwo va su esi le asrafodɔ mɔzɔzɔ vovovowo me, eye wova ɖoe mɔmefia hafi wòxɔ ƒe 30.

Asrafowu si Pilato anya donae nye awu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe si sea klo nu kple gakɔtakpoxɔnu. Awu si wòdona le hadomee nye avɔ aɖe si woxatsana ɖe awu ŋu si ƒe tome le dzẽ. Ða legbee manya nɔ ta nɛ o, eye meɖoa ge hã o. Togbɔ be ame aɖewo susui be Spaintɔe wònye hã, eƒe ŋkɔa fia be ate ŋu atso anyiehe Italy megãwo ƒe to aɖe si me tɔwo woyɔna be Pontii me.

Zi geɖe la, woɖoa amegã siwo ƒe ɖoƒe le abe Pilato tɔ ene la ɖe nuto siwo meʋu ŋku o me. Romatɔwo bua Yudea be enye nuto siawo dometɔ ɖeka. Tsɔ kpe ɖe egbɔ kpɔkpɔ be nuwo zɔ ɖe ɖoɖo nu le nutoa me ŋu la, Pilato kpɔa adzɔ siwo nudzralawo xena kple esiwo wokana na ame tsitsi ɖesiaɖe wòxena la xɔxɔ dzi. Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo kpɔa gbesiagbe nyadɔdrɔ̃wo gbɔ, gake edze ƒã be wotsɔa nya siwo bia kufiatsotso ya yina na mɔmefia, elabena eyae nye ʋɔnudrɔ̃la gãtɔ.

Pilato kple srɔ̃a nɔ melidzeƒedu si nye Kaisarea me, eye agbalẽfialawo, hadɔwɔlawo, kple dɔtsɔla aɖewo nɔ esi. Pilato nye asrafo afɔzɔlawo ƒe ƒuƒoƒo atɔ̃ siwo dometɔ ɖesiaɖe me ame 500 vaseɖe 1,000 nɔ, kpakple sɔdzisrafoha aɖe si me ame 500 anya nɔ, ƒe aʋafia. Zi geɖe la, eƒe asrafowo wua sedzidalawo. Le ŋutifafaɣiwo la, wosea nya aɖe ya teti le ame nu hafi wunɛ, gake le ʋunyaʋunya ɣeyiɣiwo me ya, wowua aglãdzela geɖe enumake. Le kpɔɖeŋu me, Romatɔwo wu kluvi 6,000 tsɔ tsi aglãdzedze si Spartacus he vɛ nu. Ne kuxi aɖe do mo ɖa le Yudea la, mɔmefia la ate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso mɔmefiagã si le Siria, si nɔa ŋgɔ na asrafoha siwo dometɔ ɖesiaɖe me asrafo afɔzɔla 3,000 vaseɖe 6,000 nɔna, la gbɔ. Gake le Pilato ƒe mɔmefia ɖuɖu ƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ me la, mɔmefiagã menɔ anyi o, eye wòhiã be Pilato ŋutɔ nakpɔ nyawo gbɔ kaba.

Zi geɖe la, mɔmefiawo ɖoa nyatakakawo ɖe fiagãa. Ehiã be woaka nya ta tso nusianu si me womede bubu fiagã la ŋu o le alo nusianu si nye ŋɔdzi na Roma dziɖuɖua ŋu na fiagã la, eye enana mɔfiamewo le alesi woakpɔ wo gbɔe ŋu. Mɔmefiaa atsi dzi be yeagblɔ alesi nudzɔdzɔawo va yii ŋu nya na fiagã la kaba hafi nutoa me tɔwo nava tsɔ nyaa yi nɛ. Tɔtɔ siwo nɔ Yudea na Pilato tsi dzi ɖe nya siawo ŋu vevie.

Le Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiawo megbe la, ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus kple Philo ye gana nyatakaka tso Pilato ŋu koŋ. Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Tacitus hã gblɔ be Pilato na wowu Christus, amesi gbɔ Kristotɔwo kpɔ woƒe ŋkɔa tsoe.

Ena Yudatɔwo Ðo Adã

Josephus gblɔ be esi Roma mɔmefiawo nyae be Yudatɔwo melɔ̃a nɔnɔmetatawo zazã o ta la, wokpɔa egbɔ be wometsɔa avɔ siwo dzi fiagã la ƒe nɔnɔmetata le la yia Yerusalem o. Esi Pilato ya metsɔ ɖeke le nya sia me o ta la, Yudatɔ aɖewo do dziku hetsɔ nya la yi egbɔ le Kaisarea. Ŋkeke atɔ̃ sɔŋ va yi, Pilato mewɔ naneke le nyaa ŋu o. Le ŋkeke adeagbe la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woaƒo xlã tsitretsiɖeŋulaawo ahado ŋɔdzi na wo be yewoawu wo ne womekaka o. Esi Yudatɔwo gblɔ be anyo na yewo be yewoaku wu be yewoakpɔe woada yewoƒe Sea dzi ta la, Pilato na ta heɖe gbe be woaɖe nɔnɔmetataawo ɖa.

Pilato te ŋu zãna eƒe ŋusẽ tsɔ wɔa nui. Le nudzɔdzɔ aɖe si ŋu nya Josephus gblɔ me la, amegã sia dze tsimɔ aɖe ɖeɖe gɔme be yeatsɔ ahe tsi ava Yerusalem, eye wòzã gbedoxɔa me ga tsɔ kpɔ dɔ sia dzi. Menye ɖee Pilato xɔ ga la akpasesẽtɔe o, elabena enyae be gbedoxɔa me nuwo tsɔtsɔ akpasesẽtɔe nye bubumademade nu kɔkɔewo ŋu, eye be ate ŋu ana Yudatɔwo nabia tso Tiberio si be wòaxɔ dɔ le ye si. Eyata ewɔ abe Pilato wɔ nu aduadu kple gbedoxɔa dzikpɔlawo ene. Woate ŋu azã ga si woɖe adzɔgbe tsɔ na, si woyɔna be “korban” [nunana na Mawu] la atsɔ awɔ dɔ siwo aɖe vi na dua. Gake Yudatɔ akpe geɖe ƒo ƒu be yewoaɖee fia be yewomeda asi ɖe edzi o.

Pilato na asrafowo ɖo ameha la dome gake ede se na wo be woagazã yi o, ke boŋ be woatsɔ kpo aƒo tsitretsiɖeŋulaawo. Edze ƒã be edi be yeana nuvlowɔhaa nakaka evɔ ame aɖeke nagaku o. Ewɔ abe eƒe ɖoɖoa dze edzi ene, togbɔ be ame aɖewo ku hã. Ðewohĩ nudzɔdzɔ ma ŋu nya gblɔmee ame aɖewo nɔ na Yesu, be Pilato tsaka Galileatɔ aɖewo ƒe ʋu kple woƒe numemewo.—Luka 13:1.

“Nukae Nye Nyateƒe?”

Nusi na ame geɖe nya nu tso Pilato ŋue nye nya siwo wòbia le nutsotso siwo Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple amegãwo tsɔ ɖe Yesu ŋu be ele eɖokui yɔm be Fia ŋu. Esi Pilato se nu tso dɔ si le Yesu si be wòaɖi ɖase na nyateƒe la ŋu vɔ la, ekpɔe be gamenɔla sia menye ŋɔdzi aɖeke na Roma-dukɔa o. Ebia be: “Nukae nye nyateƒe?” eye ɖewohĩ esi wòsusu be nusi nyateƒe nye gɔmesese sesẽ ale gbegbe be mehiã be woabu eŋu o tae wòbia nyaa ɖo. Nya ta kae wòƒo? “Nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu o.”—Yohanes 18:37, 38; Luka 23:4.

Afima koe wòle be Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a nawu enu ɖo hafi, gake Yudatɔwo nɔ gbe tem ɖe edzi be enɔ tame trɔm na dukɔa. Ŋuʋaʋã tae nunɔlagãwo de Yesu asi ɖo, eye Pilato nyae nyuie. Enyae hã be asiɖeɖe le Yesu ŋu ahe tɔtɔ vɛ, evɔ medi be nu ma tɔgbe aɖeke nadzɔ o. Tɔtɔ gbogbo aɖewo va xoxo, elabena Baraba kple ame bubuwo le game le aglãdzedze kple amewuwu ta. (Marko 15:7, 10; Luka 23:2) Gawu la, nyaʋiʋli siwo yi edzi le Pilato kple Yudatɔwo dome va yi la na ŋkɔ nyui megavanɔ eŋu le Tiberio gbɔ o, evɔ wonya Tiberio nyuie be mewɔa nu kple mɔmefia siwo mele woƒe dɔ wɔm nyuie o la dɔmenyotɔe kura o. Gake wɔwɔ ɖe nusi dim Yudatɔwo le dzi aɖee fia be wokpɔ ŋusẽ ɖe eyama dzi. Eyata kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔ Pilato.

Esi Pilato se afisi Yesu tso la, edze agbagba be yeatrɔ nyaa ɖo ɖe Herodes Antipa, si nye dziɖula le Galilea. Esi esia hã mete ŋu dze edzi o la, Pilato dze agbagba be yeana amesiwo ƒo ƒu ɖe eƒe fiasãa ƒe xɔxɔnu la be woabia be woaɖe asi le Yesu ŋu, le kɔnu si li be woaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu le Ŋutitotoŋkekenyui dzi la nu. Amehaa do ɣli sesĩe be woaɖe asi le Baraba ŋu.—Luka 23:5-19.

Ðewohĩ Pilato di be yeawɔ nusi le dzɔdzɔe, gake edi hã be yeakpɔ ye ɖokui ta ahadze ameha la ŋu. Mlɔeba, ena eƒe dɔ nɔ vevie nɛ wu nya si eƒe dzitsinya gblɔ nɛ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. Ena woku tsi vɛ nɛ, eye wòklɔ asi hegblɔ be yeƒe asi mele amesi yele fɔ bu gee la ƒe kua me o. * Togbɔ be Pilato nyae be Yesu meɖi fɔ o hã, ena woƒoe kple atam eye wòɖe mɔ asrafowo ɖu fewu le eŋu, ƒoe, hetu ta ɖe eŋu.—Mateo 27:24-31.

Pilato dze agbagba zi mamlɛtɔ be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake amehaa do ɣli be ne eɖe asi le eŋu la, ekema menye Kaisaro xɔlɔ̃ o. (Yohanes 19:12) Esi Pilato se nya ma ko la, ena ta. Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso Pilato ƒe nyametsotsoa ŋu be: “Nyaa gbɔ kpɔkpɔ mesesẽ o: miwu ŋutsua. Yudatɔ aɖe si meɖi ame ŋkuta aɖeke o koe aku; bometsitsie wòanye be zitɔtɔ nava le eyama ta.”

Nukae Va Dzɔ Ðe Pilato Dzi?

Masɔmasɔ bubu ŋue Pilato ŋuti nuŋlɔɖi mamlɛtɔa hã ku ɖo. Josephus gblɔ be Samariatɔ gbogbo aɖewo lé lãnuwo ɖe asi va ƒo ƒu ɖe Gerizim-toa dzi henɔ mɔ kpɔm be yewoaku kesinɔnu gbogbo siwo wobe Mose ɖi ɖe afima. Pilato va do, eye wòna eƒe asrafowo wu amehaa me tɔ aɖewo. Samariatɔwo tsɔ nyaa yi na Lucius Vitellius, si nye Siria mɔmefiagã si gɔme Pilato le. Womegblɔe ne ɖe Vitellius susui be Pilato wɔ nu wògbɔ eme o. Susu ka ke tae o, egblɔ na Pilato be wòayi Roma ava ɖe eƒe nuwɔnaa nu le fiagãa gbɔ. Gake hafi wòava ɖo la, Tiberio ku.

Magazine aɖe gblɔ be: “Ŋutinyaŋlɔla aɖeke megagblɔ nya aɖeke tso Pilato ŋu le esia megbe o, xotutuwo koe bɔ le eŋu.” Gake ame geɖe dze agbagba be yewoana nyatakaka siwo womegblɔ tso eŋu o la. Wogblɔna be Pilato va zu Kristotɔ. Etiopia “Kristotɔwo” wɔe wònye “ame kɔkɔe.” Eusebius, si nye agbalẽŋlɔla nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia ƒe nuwuwu kple alafa enelia ƒe gɔmedzedze, ye nye ame gbãtɔ si gblɔ be Pilato wu eɖokui abe Yuda Iskariot ke ene, hafi ame bubu geɖe hã va gblɔe. Ke hã, ɖeko amesiame susu nusi tututu va dzɔ ɖe Pilato dzi la gblɔ.

Pilato anye totrila, amesi metsɔa nuwo vevii o, kple ŋlɔmitɔ. Ke hã, enɔ zi dzi ƒe ewo, evɔ amegã siwo nɔ Yudea dometɔ akpa gãtɔ meɖu dzi wòde nenema o. Eyata Romatɔwo bua Pilato be ewɔ eƒe dɔ nyuie. Wogblɔna be enye vɔvɔ̃nɔtɔ si na wowɔ fu Yesu hewui tsɔ kpɔ eɖokui ta ŋukpetɔe. Ame bubuwo gblɔna be dɔ si koŋ wode Pilato sie nye be wòado ŋutifafa kple Roma-dukɔa ƒe nuwo ɖe ŋgɔ, ke menye be wòade ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi o.

Vovototo gã aɖe le Pilato ƒe ɣeyiɣia kple mía tɔ dome. Ke hã, ʋɔnudrɔ̃la aɖeke mate ŋu abu fɔ amesi wòsusu be le sea nu la, meɖi fɔ o la o. Ne menye nyae Pontio Pilato drɔ̃ na Yesu o la, anye ne ɖeko eya hã ƒe ŋkɔ anɔ ŋutinyagbalẽwo me le afi aɖe ko.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Yudatɔwoe klɔa asi tsɔ ɖenɛ fiana be yewo ŋu kɔ tso ʋufɔɖiɖi me, ke menye Romatɔwoe wɔnɛ o.—Mose V, 21:6, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Wokpɔ nuŋɔŋlɔ sia le Kaisarea, eye egblɔ be Pontio Pilato nye amegã le Yudea