Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Yesu Kristo Nye?

Amekae Yesu Kristo Nye?

Amekae Yesu Kristo Nye?

KPƆ alesi dzi anya dzɔ ɖekakpui Yudatɔ si ŋkɔe nye Andrea esime wòɖo to Yesu Nazaretetɔ la zi gbãtɔ ɖa! Biblia gblɔ be Andrea si du yi nɔvia gbɔ va gblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia [alo Kristo] la.” (Yohanes 1:41) Le He​bri kple Hela gbewo me la, nya si gɔme woɖena zi geɖe be “Mesia” kple “Kristo” la fia “Amesiamina.” Yesue nye Mawu ƒe Amesiamina, alo eƒe Ame Tiatia la—Kplɔla si ŋugbe wodo. (Yesaya 55:4) Nyagblɔɖiwo nɔ Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Yesu ŋu, eye Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm nɛ esime ɣeyiɣia de.—Luka 3:15.

Aleke míewɔ nya be Yesue nye Mawu ƒe Ame Tiatia la vavã? Enyo, de ŋugble le nusi dzɔ le ƒe 29 M.Ŋ. me, esime Yesu xɔ ƒe 30 ŋu kpɔ. Eyi Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ be wòanyrɔ ye ɖe Yordan-tɔsisia me. Biblia gblɔ be: “Esi [wonyrɔ, NW] Yesu vɔ la, edo go tso tɔa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wòkpɔ Mawu ƒe [gbɔgbɔ] la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi; eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” (Mateo 3:16, 17) Le ŋudzedzekpɔɖeameŋunya mawo sese vɔ megbe la, ɖe Yohanes ate ŋu ake ɖi be Yesu menye Mawu ƒe Ame Tiatia oa? Esi Yehowa Mawu kɔ Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Yesu dzi la, esi ami nɛ, alo tiae, be wòanye Fia le yeƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la me. Eyata Yesu va zu Yesu Kristo, alo Yesu Amesiamina la. Gake nukatae wogayɔ Yesu be Mawu ƒe Vi ɖo? Afikae wòtso?

Edzɔɣi Tso “Tititi le Gbaɖegbe Ʋĩ Ke”

Míate ŋu ama Yesu ƒe agbenɔnɔ ɖe akpa etɔ̃ me. Akpa gbãtɔe nye eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na edzidzi wòazu amegbetɔ. Mixa 5:1 gblɔ be edzɔɣi tso “tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.” Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nye la dziƒo metso.” (Yohanes 8:23) Gbɔgbɔmeme ŋusẽtɔ aɖee wònye nɔ dziƒo tsã.

Esi wònye gɔmedzedze le nuwɔwɔ ɖesiaɖe si taa, ɣeaɖeɣi va yi la, Mawu ɖekae nɔ anyi. Gake ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewoe nye si va yi la, Mawu va zu Wɔla. Amekae nye eƒe nuwɔwɔ gbãtɔ? Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ gblɔ tso Yesu ŋu be ‘enye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.’ (Nyaɖeɖefia 3:14) Yesue nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi.” Nenemae wòle “elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o.” (Kolosetɔwo 1:15, 16) Ẽ, Yesu koe nye amesi Mawu ŋutɔ wɔ tẽ. Eyatae woyɔnɛ be Mawu ƒe “Tenuvi” ɖo. (Yohanes 3:16) Ŋgɔgbevia ƒe Dzesideŋkɔ aɖe hãe nye “Nya la.” (Yohanes 1:14) Nukatae? Elabena hafi woava dzii wòanye amegbetɔ la, Mawu ƒe nyanuɖelae wònye nɔ dziƒo.

“Nya la” nɔ anyi kple Yehowa Mawu “le gɔmedzedzea me,” esime ‘wowɔ dziƒo kple anyigba.’ Eyae Mawu gblɔ na be: “Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme.” (Yohanes 1:1; Mose I, 1:1, 26) Yehowa ƒe Ŋgɔgbevia nɔ Fofoa ŋu, wɔ dɔ kplii kple ŋkubiã. Le Lododowo 8:22-31 la, egblɔ le eɖokui ŋu be: “Menye dɔnunɔla le [Wɔla la gbɔ], nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawokatãɣi.”

Aleke gbegbe Yehowa Mawu kple eƒe Tenuvia dome anɔ kplikplikpli le dɔwɔwɔ kple wo nɔewo aduadu mee nye esi! Anyinɔnɔ kplikplikpli kple Yehowa hena ƒe gbogbo mawo siwo mele xexlẽ me o la kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe Via dzi. Vi ɖoto sia va nɔ abe Fofoa Yehowa ene pɛpɛpɛ. Le nyateƒe me la, Kolosetɔwo 1:15 yɔ Yesu be “Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme.” Esia tae Yesu ŋuti sidzedze si asu mía si le vevie hafi míakpɔ míaƒe didi be míasubɔ Mawu ahadze sii la gbɔ wòade edeƒe. Nusianu si Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi la nye nusi tututu Yehowa di be wòawɔ. Eyata ne míeyi edzi srɔ̃ nu tso Yesu ŋu geɖe wu la, efia be míele si dzem Yehowa hã geɖe wue nye ma. (Yohanes 8:28; 14:8-10) Ke hã, aleke Yesu wɔ va anyigba dzi?

Eƒe Agbenɔnɔ abe Amegbetɔ Ene

Yesu ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa evelia dze egɔme esime Mawu dɔe ɖo ɖe anyigba dzi. Yehowa wɔ esia esime wòɖe Yesu ƒe agbe nukutɔe tso dziƒo va de Yudatɔ ɖetugbi leaƒe wɔnuteƒe si ŋkɔe nye Maria ƒe vidzidɔ me. Yesu menyi blibomademade aɖeke ƒe dome o, elabena fofo si nye amegbetɔ menɔ esi o. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽa va Maria dzi, eye eƒe ŋusẽ ‘do vɔvɔli ɖe edzi’ nukutɔe be wòfɔ fu. (Luka 1:34, 35) Esia wɔe be Maria dzi vi si de blibo. Esi wònye Yosef si nye atikpala lae xɔ Yesu nyi ta la, wohee le aƒe si me nuwo mede wo dzi boo o me, eye wònye ɖevi geɖe siwo va nɔ ƒomea me la ƒe ŋgɔgbevi.—Yesaya 7:14; Mateo 1:22, 23; Marko 6:3.

Nu ʋɛ aɖewo koe míenya tso Yesu ƒe ɖevimenɔɣi ŋu, ke hã wo dometɔ ɖeka ya ɖe dzesi ŋutɔ. Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, edzilawo kplɔe yi ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem. Esime wònɔ afima la, ezã ɣeyiɣi geɖe le gbedoxɔa me, “le anyinɔƒe le nufialawo dome, [nɔ] to ɖom wo, [henɔ] nya biam wo.” Gawu la, “amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.” Ẽ, menye ɖeko Yesu ɖevi la bia nya siwo nana woyia ŋugble me kple esiwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ɖeɖeko o, ke eɖo nya ŋu nunyatɔe si wɔ nuku na amewo. (Luka 2:41-50) Ðikeke mele eme o be esrɔ̃ atikpakpadɔ tso Yosef si xɔe nyi la gbɔ esime wònɔ tsitsim le Nazaret-dua me.—Mateo 13:55.

Yesu nɔ Nazaret vaseɖe esime wòxɔ ƒe 30. Emegbe eyi Yohanes gbɔ be wòana nyɔnyrɔ ye. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔ xɔxɔ vɔ megbe la, edze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme kple ŋkubiã. Etsa le wo denyigba katã dzi ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. Ena kpeɖodziwo be Mawue dɔ ye. Le mɔ ka nu? To nukunu geɖe siwo wòwɔ me—wonye ŋusẽdɔ siwo gbɔ amegbetɔ ƒe ŋutete ŋu.—Mateo 4:17; Luka 19:37, 38.

Yesu nye ame fatu eye nu wɔa dɔ ɖe edzi hã. Alesi wòbua amewo hewɔa nu ɖe wo ŋu me koŋue eƒe tufafaa dze le. Esi Yesu nye amesi ŋu wote ŋu tena ɖo bɔbɔe eye wònye dɔmefafatɔ hã ta la, ame geɖe va egbɔ. Ðeviwo kura gɔ̃ hã ɖea dzi ɖi ne wole egbɔ. (Marko 10:13-16) Togbɔ be ame aɖewo mebua nyɔnuwo ɖe naneke me o le Yesu ƒe ŋkekea me hã la, Yesu ya wɔ nu ɖe wo ŋu bubutɔe. (Yohanes 4:9, 27) Ekpe ɖe ame dahewo kple amesiwo wote ɖe anyi ŋu ‘wokpɔ dzudzɔ na woƒe luʋɔwo.’ (Mateo 11:28-30) Yesu ƒe nufiafia me kɔ, mesesẽ o, eye tsɔɖui nɔ eme. Eye nusiwo wòfia la ɖe didi vevi si nɔ eme la fia, si nye be yeana amesiwo ɖoa to ye la nadze si Mawu vavã Yehowa.—Yohanes 17:6-8.

Yesu zã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔ nukunuwo da dɔ na amewoe, elabena woƒe nu wɔ nublanui nɛ. (Mateo 15:30, 31) Le kpɔɖeŋu me, anyidzela aɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Nukae Yesu wɔ? Edo abɔ ɖa heka asi eŋu gblɔ nɛ bena: “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Eye ŋutsua ƒe dɔa vɔ nɛ!—Mateo 8:2-4.

De ŋugble le ɣeyiɣi aɖe si me ameha siwo va Yesu gbɔ la nɔ eŋu ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nu maɖumaɖui ŋu kpɔ. Eƒe dɔme trɔ ɖe ameawo ŋu eye wòna nuɖuɖu wo nukutɔe, wonye “ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele me o.” (Mateo 15:32-38) Ɣebubuɣi hã la, Yesu na ahomya aɖe si de exɔlɔ̃wo ƒe agbe afɔku me la nu fa. (Marko 4:37-39) Efɔ ame kukuwo hã ɖe tsitre. * (Luka 7:22; Yohanes 11:43, 44) Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe deblibo gɔ̃ hã na be etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖe nasu ameƒome madebliboa si. Lɔlɔ̃ si le esi na amewo la de to loo!

Afikae Yesu Le Egbea?

Yesu ku ɖe fuwɔameti ŋu esime wòxɔ ƒe 33 kple afã. * Gake ku mena eƒe agbe nu tso o. Eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa etɔ̃lia dze egɔme esime Yehowa Mawu fɔ Via ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmeme. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame gbogbo aɖewo si nɔ agbe le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. (Korintotɔwo I, 15:3-8) Ema megbe la, “ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me” nɔ lalam be yeaxɔ fiaɖuŋusẽ. (Hebritɔwo 10:12, 13) Esime ɣeyiɣia de la, Yesu dze fiaɖuɖu gɔme. Eyata ameka ƒomevie wòle be míabu Yesui egbea? Ðe wòle be míabui be enye ŋutsu aɖe si wum wole si le fu kpema? Alo ɖe wòle be míabui abe amesi wòle be woasubɔ enea? Menye amegbetɔ loo alo Mawu Ŋusẽkatãtɔe Yesu nye egbea o. Boŋ la, enye gbɔgbɔmeme sẽŋu aɖe, Fia si le dzi ɖum. Eteƒe madidi o, aɖu míaƒe anyigba sia si dzi kuxiwo bɔ ɖo la dzi.

Nyaɖeɖefia 19:11-16 zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ tsɔ ɖɔ Yesu Kristo be enye fia aɖe si nɔ sɔ ɣia aɖe dom gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge ahawɔ aʋa le dzɔdzɔenyenye me. “Yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsɔe adza dukɔwo.” Ẽ, Yesu azã eƒe ŋusẽ triakɔa atsɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwoe. Ke amesiwo dze agbagba srɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi esime wònɔ anyigba dzi ya ɖe? (Petro I, 2:21) Yesu kple Fofoa woaxɔ wo ɖe agbe le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ”—si woyɔna zi geɖe be Harmagedon—la me, be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi anye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea teviwo.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; 16:14, 16; 21:3, 4.

Nukunu gbogbo ka gbegbee nye si Yesu awɔ na ameƒomea le eƒe ŋutifafa dziɖuɣi la! (Yesaya 9:5, 6; 11:1-10) Ada dɔ na amewo, eye wòaɖe ku ɖa. Mawu azã Yesu wòafɔ ame biliɔn siwo ku la ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. (Yohanes 5:28, 29) Nusiwo míesusu kpɔ o ye Fiaɖuƒedziɖuɖua ahe vɛ na mí. Eyata ele vevie be míayi edzi anɔ Biblia me sidzedze xɔm be míava dze si Yesu Kristo geɖe wu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Amewo nya nu tso nukunu siwo Yesu wɔ la ŋu nyuie. Yesu ƒe futɔwo kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be ‘ewɔ dzesi geɖewo.’—Yohanes 11:47, 48.

^ mm. 17 Ne èdi be yeanya nenye ati alo atitsoga ŋue Kristo ku ɖo la, ke kpɔ Reasoning From the Scriptures, axa 89-90 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 77-8) si Yehowa Ðasefowo ta.

[Aɖaka si le axa 7]

Mawu Ŋusẽkatãtɔe Yesu Nyea?

Subɔsubɔha geɖe me tɔwo gblɔna be Mawue Yesu nye. Ame aɖewo gblɔna be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye. Le nufiafia sia ƒe nya nu la, “Fofo la nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu, ke hã menye Mawu etɔ̃e li o ke boŋ Mawu ɖeka.” Woxɔe se be “mavɔmavɔnyenye kple tasɔsɔ ɖeka” ye le wo kple etɔ̃a katã si. (The Catholic Encyclopedia) Ðe nukpɔsusu mawo sɔa?

Yehowa Mawue nye Wɔla la. (Nyaɖeɖefia 4:11) Gɔmedzedze alo nuwuwu mele esi o, eye ŋusẽkatãtɔe wònye. (Psalmo 90:2) Gake gɔmedzedze le Yesu ya si. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Esime Yesu yɔ Mawu be ye Fofo la, egblɔ be: “Fofo, [la] lolo wum.” (Yohanes 14:28) Yesu ɖe nu me hã be nanewo li siwo ye loo alo mawudɔlawo menya o, negbe ye Fofo ko.—Marko 13:32.

Gawu la, Yesu do gbe ɖa na Fofoa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” (Luka 22:42) Ðe Yesu ado gbe ɖa na amesi eya ŋutɔ le tasɔsɔ me kplea? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawue fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke menye Yesu ŋutɔe o. (Dɔwɔwɔwo 2:32) Eme kɔ ƒã be Fofo la kple Vi la menɔ tasɔsɔ me hafi Yesu va anyigba dzi loo alo esime wònɔ anyigba dzi o. Ke le Yesu ƒe tsitretsitsi yi dziƒo megbe ya ɖe? Korintotɔwo I, 11:3 gblɔ be: “Kristo ƒe ta enye Mawu.” Le nyateƒe me la, Vi la abɔbɔ ɖe Mawu te ɣesiaɣi. (Korintotɔwo I, 15:28) Eyata Ŋɔŋlɔawo fia be menye Mawu Ŋusẽkatãtɔe Yesu nye o. Mawu ƒe Vi boŋue wònye.

Menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe si wogblɔna be enye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe ame etɔ̃lia hã nye o. Hakpala la gblɔ le gbedodoɖa me na Mawu be: “Ne èɖo wò gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nègawɔa anyigba ƒe ŋku me yeye.” (Psalmo 104:30) Menye Mawu ŋutɔe gbɔgbɔ sia nye o; dɔwɔŋusẽ aɖe si wòdɔna alo zãna tsɔ wɔa nusianu si wòdi ye wònye. Gbɔgbɔ siae Mawu tsɔ wɔ dziƒowo, anyigba la, kple nu gbagbewo katãe. (Mose I, 1:2; Psalmo 33:6) Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã amewo be woŋlɔ Biblia. (Petro II, 1:20, 21) Eyata Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la metso Ŋɔŋlɔawo me o. * Biblia gblɔ be: “Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!”—Mose V, 6:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 28 Ne èle nyatakaka bubuwo dim kpee la, ke kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu zu Mawu ƒe Amesiamina esime wòxɔ nyɔnyrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu zã eƒe ŋusẽ katã ɖe dɔ si Mawu de esi ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Fia ŋusẽtɔ aɖee Yesu nye egbea