Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miyi Edzi Miazɔ Abe Alesi Yesu Kristo Zɔe Ene

Miyi Edzi Miazɔ Abe Alesi Yesu Kristo Zɔe Ene

Miyi Edzi Miazɔ Abe Alesi Yesu Kristo Zɔe Ene

“Amesi ke gblɔ bena, yenɔa [Mawu me] la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya [Yesu] ŋutɔ hã zɔe ene.”—YOHANES I, 2:6.

1, 2. Nuka wɔwɔe Yesu kpɔkpɔ tẽ bia?

APOSTOLO PAULO ŋlɔ be: “Mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa.” (Hebritɔwo 12:1, 2) Nuteƒewɔwɔ me lelé ɖe asi bia be míakpɔ Yesu Kristo tẽ.

2 Nya si nye “míakpɔ,” si wozã le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me fia be “woana ame ƒe susu nanɔ nane ŋu tututu,” “woaɖe kɔ ɖa le nane ŋu be woakpɔ nu bubu,” “woana ame ƒe ŋkuwo nanɔ nane ŋu koŋ.” Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Aɖabaƒoƒo ʋɛ si Hela dudimekela si le du ƒum le kamedefefewɔƒe atsɔ atrɔ akpɔ nukpɔlawoe la ana ŋusẽ si wòtsɔ le dua ƒumee la dzi naɖe akpɔtɔ enumake. Nenema kee wòle le Kristotɔwo hã gome.” Susuhenuwo ate ŋu ado kplamatse míaƒe gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi wɔwɔ. Ele be míakpɔ Yesu Kristo tẽ. Nuka dimee míele be míakpɔ le Xɔse ƒe Gɔmeɖolaa ŋu ya? Helagbe me nya si gɔme woɖe be “xɔse ƒe gɔmeɖola” fia “kplɔla gã, amesi xɔa ŋgɔ le nu ɖesiaɖe ƒomevi me eye wòɖoa kpɔɖeŋu na ame bubuwo.” Yesu kpɔkpɔ tẽ bia be míadze eƒe kpɔɖeŋu yome.

3, 4. (a) Nukae zɔzɔ abe alesi Yesu zɔe ene bia tso mía si? (b) Nyabiase kawo ŋue wòle be míade ŋugble le?

3 Biblia gblɔ be: “Amesi ke gblɔ bena, yenɔa [Mawu me] la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya [Yesu] ŋutɔ hã zɔe ene.” (Yohanes I, 2:6) Ele be míanɔ ɖekawɔwɔ me kple Mawu to Yesu ƒe sededewo dzi wɔwɔ me abe alesi eya ŋutɔ hã wɔ Fofoa tɔwo dzi ene.—Yohanes 15:10.

4 Eyata zɔzɔ abe alesi Yesu zɔe ene bia be míalé ŋku ɖe eŋu abe Kplɔla Gã ene, eye míadze eƒe afɔtoƒewo yome tututu. Nyabiase vevi siwo ŋu míade ŋugble lee nye: Aleke Kristo kplɔa míi egbeae? Dɔ kae wòle be alesi wòzɔe sɔsrɔ̃ nawɔ ɖe mía dzi? Viɖe kawoe Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋuwo yome dzedze ahe vɛ?

Alesi Kristo Kplɔa Eyomedzelawoe

5. Hafi Yesu nayi dziƒo la, nuka ƒe ŋugbee wòdo na eyomedzelawo?

5 Hafi Yesu Kristo si wofɔ tso ame kukuwo dome nayi dziƒo la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo eye wòde dɔ vevi aɖe asi na wo. Egblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” Le ŋkeke ma dzi la, Kplɔla Gã la gado ŋugbe be yeanɔ anyi kpli wo le woƒe dɔa wɔwɔ me hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:19, 20) Aleke Yesu Kristo li kple eyomedzelawo le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo mee?

6, 7. Aleke Yesu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le mía kplɔmee?

6 Yesu gblɔ be: “Nyaxɔɖakɔla, [gbɔgbɔ] kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.” (Yohanes 14:26) Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me, la fiaa mɔ mí hedoa ŋusẽ mí egbea. Efiaa nu mí, eye wòkpena ɖe mía ŋu míesea ‘Mawu ƒe nu goglowo kura gɔ̃ hã gɔme.’ (Korintotɔwo I, 2:10) Gawu la, mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo abe “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu,” siaa nye ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetse.’ (Galatiatɔwo 5:22, 23) To gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu atu nɔnɔme siawo ɖo.

7 Ne míesrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo hedze agbagba be míawɔ ɖe nusiwo míesrɔ̃ dzi la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu míatsi le nunya, nugɔmesese, gɔmesese, sidzedze, nuŋububu nyuie, kple tamebubu ŋutete me. (Lododowo 2:1-11) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le dodokpɔwo kple tetekpɔwo me hã. (Korintotɔwo I, 10:13; Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:13) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woakɔ wo ɖokuiwo ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena woawu kɔkɔenyenye nu.’ (Korintotɔwo II, 7:1) Ðe míate ŋu aɖo Mawu ƒe nudidi si nye kɔkɔenyenye alo dzadzɛnyenye gbɔ vavã gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea? Gbɔgbɔ kɔkɔea, si ŋu Yehowa Mawu ɖe mɔ ɖo na Via be wòazã, la nye mɔnu siwo ŋudɔ Yesu wɔna egbea tsɔ kplɔa míi dometɔ ɖeka.—Mateo 28:18.

8, 9. Aleke Kristo le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” zãm tsɔ le mía kplɔmee?

8 De ŋugble le mɔnu bubu si ŋudɔ Kristo wɔna tsɔ kplɔa hameae egbea ŋu kpɔ. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe vava kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu la, egblɔ be: “Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.”—Mateo 24:3, 45-47.

9 “Aƒetɔ” lae nye Yesu Kristo. “Dɔla” lae nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo si le anyigba dzi. Wode dɔ asi na dɔlaa ƒe ha la be wòalé be na Yesu ƒe nusiwo le anyigba dzi eye wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖe ɣeyiɣi dzi. Dzikpɔla bibiwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe siwo wotia tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe ha la me ƒo ƒu wɔ Dziɖuha, si subɔna abe dɔla ƒe haa teƒenɔla ene. Woawoe nana mɔfiame si dzi míazɔ ɖo awɔ xexeame katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa, eye wole gbɔgbɔmenunyiame nam le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Eyata Kristo le hamea kplɔm to amesiaminawo ƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” kple eƒe Dziɖuha la dzi.

10. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe hamemetsitsiwo ŋu, eye nukatae?

10 Azɔ hã, mɔ bubu si dzi Kristo ƒe kplɔlanyenye gadzena le ye nye “nunanawo [siwo nye] amewo”—Kristotɔ hamemegãwo, alo dzikpɔlawo. Wotsɔ wo na “bene woadzra ame kɔkɔewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu.” (Efesotɔwo 4:8, 11, 12) Hebritɔwo 13:7 gblɔ le amesiawo ŋu be: “Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.” Hamemetsitsiwoe xɔa ŋgɔ le hamea me. Esi wosrɔ̃a Kristo Yesu ta la, esɔ be míasrɔ̃ woawo hã ƒe xɔse. (Korintotɔwo I, 11:1) Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe hamemetsitsiwo ƒe ɖoɖoa ŋu to toɖoɖo kple mía ɖokui bɔbɔ na “nunanawo [siawo siwo nye] amewo” dzi.—Hebritɔwo 13:17.

11. Mɔ kawo dzi tom Kristo le le eyomedzelawo kplɔm egbea, eye nukae zɔzɔ abe alesi eya ŋutɔ zɔe ene bia?

11 Ẽ, Yesu Kristo le eyomedzelawo kplɔm egbea to gbɔgbɔ kɔkɔea, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” kple hamemetsitsiwo dzi. Zɔzɔ abe alesi Kristo zɔe ene bia be míase mɔ si dzi wòtona kplɔa hamea gɔme, eye míabɔbɔ ɖe ete. Egabia hã be míasrɔ̃ alesi wòzɔe. Apostolo Petro ŋlɔ be: “Esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome” tututu. (Petro I, 2:21) Mɔ ka nue wòle be Yesu ƒe kpɔɖeŋu debliboa yomedzedze nawɔ dɔ ɖe mía dzi le?

Ðe Tufafa Fia Ne Èle Ŋusẽ Ŋudɔ Wɔm

12. Kristo ƒe kpɔɖeŋu ƒe akpa ka ŋue wòle be hamemegãwo nalé ŋku ɖo vevie?

12 Togbɔ be ŋusẽ si Yesu Fofo nae gbɔ amegbetɔ tɔ ŋu sasasã hã la, efa tu le eƒe nuwɔwɔ kple amewo me. Ele be hamea me tɔwo katã—vevietɔ dzikpɔlawo—nana “amewo katã nanya [woƒe] tufafa.” (Filipitɔwo 4:5; Timoteo I, 3:2, 3) Esi ŋusẽ le hamemegãwo si le hamea me ta la, ehiã vevie be woadze Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome le eŋudɔ wɔwɔ me.

13, 14. Mɔ kawo nue hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ Kristo le, ne wole dzi dem ƒo na ame bubuwo be woasubɔ Mawu?

13 Yesu bua eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutetewo ŋu. Mebia nu geɖe tso wo si wu nusi woate ŋu awɔ o. (Yohanes 16:12) Togbɔ be Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be ‘woaʋli sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me’ hã la, mezii ɖe wo dzi o. (Luka 13:24) Ewɔ esia to eya ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖoɖo kple woƒe dzi gbɔ ɖoɖo me. Nenema kee egbea hã, Kristotɔ hamemegãwo medoa ŋɔdzi na ame bubuwo be woasubɔ Mawu to ŋukpedodo wo alo wo dada ɖe anyi me o. Ke boŋ wodea dzi ƒo na wo be lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa, na Yesu, kpakple na wo havi amegbetɔ naʋã wo woasubɔe.—Mateo 22:37-39.

14 Yesu mezã ŋusẽ si wotsɔ nɛ la ɖe mɔ gbegblẽ nu to aƒetɔɖuɖu ɖe amewo dzi me o. Meɖo dzidzenu siwo gbɔ manya ɖo na amewo alo de sewo kpaŋkpaŋ hã o. Mɔ si dzi wòtoe nye be yeana gɔmeɖose siwo le se siwo wode to Mose dzi me naɖo amewo ƒe dzi gbɔ wòaʋã wo. (Mateo 5:27, 28) Le Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me la, ele be hamemegãwo naƒo asa na sedede le wo ɖokui si, alo woatsri tɔtete ɖe woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo dzi. Le awudodo kple dzadzraɖo alo modzakaɖeɖe kple dzidzɔdodonameɖokui nyawo me la, hamemegãwo dzea agbagba be woatsɔ mawusosroɖa gɔmeɖosewo abe esiwo le Mixa 6:8; Korintotɔwo I, 10:31-33; kple Timoteo I, 2:9, 10 ene aɖo nɔviawo ƒe dzi gbɔ.

Se Veve Ðe Ame Nu eye Nàtsɔ Ake

15. Aleke Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpododonuwo ŋui?

15 Kristo ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí be míadze eyome le alesi wòwɔ nui ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpododonu kple vodadawo ŋui gome. De ŋugble le nu eve siwo dzɔ le eƒe anyigbadzinɔɣi ƒe zã mamlɛa me ŋu kpɔ. Esi woɖo Getsemane-bɔa me teti ko la, Yesu ɖe “Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti” eye wògblɔ na wo be ‘woanɔ ŋudzɔ.’ Emegbe eyi “ŋgɔ ʋee, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa.” Esi wòtrɔ gbɔ la, ekpɔ “wo wole alɔ̃ me.” Aleke Yesu wɔ nui ɖe wo ŋu? Egblɔ be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.” (Marko 14:32-38) Le esi teƒe be wòanyrã ɖe Petro, Yakobo, kple Yohanes dzi la, eɖe veveseseɖeamenu boŋ fia! Gbemagbe ke ƒe zã me la, Petro gblɔ zi etɔ̃ sɔŋ be yemenya ​amesi woyɔna be Yesu o. (Marko 14:66-72) Aleke Yesu wɔ nu ɖe Petro ŋui emegbe? “Aƒetɔ la tsi tre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon [Petro].” (Luka 24:34) Biblia gblɔ be “eɖe eɖokui fia Kefa, emegbe la ame wuieve la.” (Korintotɔwo I, 15:5) Le esi teƒe be Yesu nado dziku la, etsɔ apostolo si trɔ dzime la ƒe vodada kee, eye wòde dzi ƒo nɛ boŋ. Emegbe Yesu tsɔ agbanɔamedzi gã aɖewo de asi na Petro.—Dɔwɔwɔwo 2:14; 8:14-17; 10:44, 45.

16. Aleke míate ŋu azɔ abe alesi Yesu zɔe ene ne mía nɔvi haxɔsetɔwo do ŋukpe mí alo da vo ɖe mía ŋu le mɔ aɖe nu?

16 Ne mía nɔvi haxɔsetɔwo de ŋukpe mo na mí alo da vo ɖe mía ŋu le mɔ aɖe nu le blibomademade ta la, ɖe mele be míawo hã míase veve ɖe wo nu ahatsɔe ake wo abe alesi Yesu wɔe ene oa? Petro xlɔ̃ nu nɔvia haxɔsetɔwo be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui. Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ.” (Petro I, 3:8, 9) Ke ne ame aɖe do kpo nu wɔwɔ ɖe mía ŋu abe alesi Yesu awɔe ene, eye wògbe be yemaɖe veveseseɖeamenu alo tsɔtsɔke afia o ɖe? Le nɔnɔme sia tɔgbe me kura gɔ̃ hã la, agba le mía dzi be míadze agbagba asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu eye míawɔ nu abe alesi wòawɔe ene.—Yohanes I, 3:16.

Ðo Fiaɖuƒea ƒe Nuwo Nɔƒe Gbãtɔ

17. Nukae fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe Yesu ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me?

17 Mɔ bubu aɖe hã gali si nu wòle be míazɔ le abe alesi Yesu Kristo zɔe ene. Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ye nye nu vevitɔ le Yesu ƒe agbe me. Esi Yesu ɖe gbeƒã na Samaria-nyɔnua le Sixar-dua gbɔ le Samaria megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Yohanes 4:34) Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ye lé Yesu ɖe te; enɔ nɛ abe nuɖuɖu si me nunyiame le, si ɖia ƒo, eye wòvivina ene. Ðe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ abe alesi Yesu wɔe ene mana dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ nanɔ míaƒe agbenɔnɔ me oa?

18. Ne wode dzi ƒo na ɖeviwo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ la, yayra kawoe dona tsoa me?

18 Ne dzilawo de dzi ƒo na wo viwo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la, woa kpakple wo viawo siaa xɔa yayra geɖe. Vifofo aɖe ƒo nu tso gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ŋu na via ŋutsuvi eve siwo nye venɔviwo tso woƒe ɖevime ke. Esi wowu suku nu la, venɔviawo va zu mɔɖelawo. Esi vifofo sia nɔ nu ƒom tso dzidzɔ si do tso esia wɔwɔ me ŋu la, eŋlɔ be: “Mía viŋutsuawo na be míaƒe mɔkpɔkpɔ va eme na mí. Míate ŋu agblɔ kple dzidzɔ be ‘Viwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ vavã.’” (Psalmo 127:3) Eye viɖe kae ɖevi siwo tia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wònye woƒe agbemedɔ la kpɔna? Vidada aɖe si si vi atɔ̃ le gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa kpe ɖe vinyewo ŋu wotu wo kple Yehowa dome ƒomedodo si le kplikplikpli wu ɖo, ena woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyo ɖe edzi, ekpe ɖe wo ŋu wonya alesi woazã woƒe ɣeyiɣi le nunya me, eye ekpe ɖe wo ŋu wotsɔ mawusubɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. Togbɔ be eva hiã be woawɔ tɔtrɔ geɖewo hã la, meve wo dometɔ aɖeke be yetia agbemɔ si dzi zɔm yele la o.”

19. Etsɔme taɖodzinu kawo ŋue wòle be sɔhɛwo nade ŋugble le?

19 Sɔhɛwo, ɖoɖo kawoe miewɔ ɖe etsɔme ŋu? Ðe miedi be yewoava nye dɔ gã aɖe wɔlawoa? Alo ɖe miele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa minyam be wòanye miaƒe agbemedɔa? Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.”—Efesotɔwo 5:15-17.

Nye Nuteƒewɔla

20, 21. Mɔ kawo nue Yesu nye nuteƒewɔla le, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe nuteƒewɔwɔe?

20 Zɔzɔ abe alesi Yesu zɔe ene bia hã be míasrɔ̃ eƒe nuteƒewɔwɔ. Biblia gblɔ ku ɖe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu be: “Esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui nuhahae bena, [eya] kple Mawu sɔ o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.” Yesu tsɔ nuteƒewɔwɔ ʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta to eɖokui bɔbɔ ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na eyama te me. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi yiɖase ku me ke le fuwɔametia ŋu. Ele be “susu ma ke” nanɔ mía si eye míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ te.—Filipitɔwo 2:5-8.

21 Yesu wɔ nuteƒe na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo hã. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔ kple blibomademade le wo ŋu hã la, Yesu lɔ̃ wo “vaseɖe nuwuwu.” (Yohanes 13:1) Nenema kee mele be míaɖe mɔ mía nɔviwo ƒe blibomademadewo nana míava zu vodadadilawo le wo ŋu o.

Lé Ðe Kpɔɖeŋu si Yesu Ðo Ði la Ŋu

22, 23. Viɖe kawoe le léle ɖe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi ŋu me?

22 Nyateƒee, esi míenye ame madeblibowo ta la, míate ŋu azɔ tututu abe alesi míaƒe Kpɔɖeŋuɖola zɔe ene o. Ke hã, míate ŋu adze agbagba adze eƒe afɔtoƒewo yome tututu. Esia wɔwɔ bia be míase mɔ si dzi tom Kristo le le hamea kplɔm gɔme, abɔbɔ ɖe ete, eye míalé ɖe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la ŋu.

23 Kristo sɔsrɔ̃ hea yayra geɖe vɛ. Taɖodzinu kple dzidzeme geɖe va nɔa míaƒe agbe ŋu elabena míaƒe susu nɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu tsɔ wu mía ŋutɔwo míaƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Yohanes 5:30; 6:38) Dzitsinya nyui nɔa mía si. Alesi míenɔa agbee va zua kpɔɖeŋu na ame bubuwo. Yesu kpe amesiwo katã nɔ fu kpem eye agba nɔ wo kpem la be woava ye gbɔ be woakpɔ dzudzɔ na woƒe luʋɔwo. (Mateo 11:28-30) Ne míedze Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome la, míawo hã míana amesiwo dea ha kpli mí ƒe dzi nakpɔ gbɔdzɔe. Eyata mina míayi edzi azɔ abe alesi Yesu zɔe ene.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Kristo le eyomedzelawo kplɔmee egbea?

• Ne hamemegãwo le ŋusẽ si Mawu na wo zãm la, aleke woate ŋu aɖee afia be Kristo ƒe kpɔkplɔ tee yewole?

• Aleke míate ŋu adze Yesu ƒe kpɔɖeŋu yomee le nuwɔwɔ ɖe amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu me?

• Aleke sɔhɛwo ate ŋu atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kristotɔ hamemegãwo kpena ɖe mía ŋu be míadze Kristo ƒe kpɔkplɔ yome

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Sɔhɛ Kristotɔwo, ɖoɖo kawo wɔm miele si ana mianɔ agbe si me dzidzeme le?