Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa Vɔvɔ̃ Enye Nunya’

‘Yehowa Vɔvɔ̃ Enye Nunya’

‘Yehowa Vɔvɔ̃ Enye Nunya’

“MINA míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:13) Nyataƒonya vevi aɖee nye esia Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã blema Israel-fia Salomo wògblɔ lo! Blemafofo Hiob hã kpɔ asixɔxɔ si le Mawu vɔvɔ̃ ŋu, elabena egblɔ be: “Kpɔ ɖa, [Yehowa] vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.”—Hiob 28:28.

Biblia te gbe ɖe alesi wòhiã vevie be míavɔ̃ Yehowae dzi. Nukatae wòanye nunyanu míawɔ ne míevɔ̃ Mawu? Mɔ ka nue mawuvɔvɔ̃ ɖea vi na mía ŋutɔwo kple mí subɔla vavãwo ƒe ƒuƒoƒoa katã le? Lododowo ta 14 ƒe kpukpui 26-35 ɖo nyabiase siawo ŋu. *

Afisi “Dzideƒo Vevi” Tsona

Salomo gblɔ be: “Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.” (Lododowo 14:26) Menye ame bubu aɖeke gbɔe mawuvɔ̃la ƒe dzideƒo tsona wu Mawu nyateƒetɔ kple ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, gbɔ o. Eyata mewɔ nuku o be amesia nɔa te ɖe nusiwo dzea ŋgɔe la nu dzinɔameƒotɔe! Agbe didi nɔnɔ kple etsɔme si me dzidzɔ le ye le elalam.

Ke amesiwo le ŋu ɖom ɖe xexeame—ɖe eƒe ɖoɖowo, habɔbɔwo, nukpɔsusuwo, kple nu nyuiwo—ŋu ƒe etsɔme ya ɖe? Aleke kee woƒe etsɔme anyoe o, manɔ anyi adidi o, elabena Biblia gblɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Ekema, ɖe susu aɖe li si ta ‘míalɔ̃ xexeame alo nusiwo le emea’?—Yohanes I, 2:15.

Afɔ kawoe dzila mawuvɔ̃la ate ŋu aɖe ahaka ɖe edzi be “sitsoƒe wònye na viawo”? Hakpala la dzi ha be: “Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi!” (Psalmo 34:12) Ne dzilawo ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui hefia nu wo viwo be woavɔ̃ Mawu la, ekema anɔ eme godoo be woava tsi azu ŋutsu kple nyɔnu siwo kana ɖe Yehowa dzi vevie.—Lododowo 22:6.

Salomo yi edzi gblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye agbevudo, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.” (Lododowo 14:27) Yehowa-vɔvɔ̃ nye “agbevudo” elabena Mawu vavã lae nye “tsi gbagbe vudo la.” (Yeremya 2:13) Sidzedze Yehowa kple Yesu Kristo ate ŋu ana woakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 17:3) Mawuvɔvɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na ku ƒe mɔ̃wo hã. Aleke? Lododowo 13:14 gblɔ be: “Nunyala ƒe nufiame la, agbevudo wònye, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.” Ne míevɔ̃a Yehowa, wɔa eƒe se dzi, eye míeɖea mɔ eƒe Nya la fiaa mɔ míaƒe afɔtoƒewo la, ɖe mekpɔa mía ta tsoa nuwɔna kple seselelãme siwo gblẽa nu le ame ŋu, siwo ate ŋu ana ame naku kaba, me oa?

‘Eɖoa Atsyɔ̃ na Fia’

Salomo nye fia mawuvɔ̃la si ɖo to Yehowa le eƒe fiaɖuɣi ƒe akpa gãtɔ me. Esia na eƒe dziɖuɖu li ke. Gake nukae ana woanya ne fia aɖe le dzi ɖum nyuie? Lododowo 14:28 ɖo eŋu be: “Fia ƒe atsyɔ̃ le dukɔ ƒe agbɔsɔsɔ me; ke ne amewo zu ʋɛ la, ekema amegãɖuɖu yi to.” Alesi nuwo le edzi dzem na dumeviwo ye wotsɔ nyana ne fia aɖe le dzi ɖum nyuie. Ne ame gbogbo aɖewo di be yewoanɔ eƒe dziɖuɖu te la, ekema efia be enye dziɖula nyui. Salomo “[ɖu] fia tso atsiaƒu [si nye Ƒudzĩa] nu yi atsiaƒu [si nye Mediteranea-ƒua] nu, tso [Frat] tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” (Psalmo 72:6-8) Ŋutifafa kple nudzedziname si nɔ anyi le eƒe fiaɖuɣi la tɔgbe menɔ anyi kpɔ o. (Fiawo I, 5: 4, 5) Salomo ƒe fiaɖuɖu kpɔ dzidzedze. Gake ne dukɔa mekpɔ ŋudzedze ɖe amegã aɖe ŋu o la, enyea ŋukpe nɛ.

Nya kae míate ŋu agblɔ tso Salomo Gãtɔ, si nye Mesia Fia Yesu Kristo, ƒe ŋutikɔkɔe ŋu le go sia me? Wò ya bu ame gbogbo siwo bɔbɔ ɖe ete egbea ŋu kpɔ. Le anyigba bliboa dzi la, ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃la siwo wu miliɔn ade tiae xoxo be yewoanɔ Kristo ƒe dziɖuɖu te. Woxɔ Yesu dzi se, eye wowɔa ɖeka dea ta agu na Mawu gbagbe la le nyateƒe me. (Yohanes 14:1) Kaka Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nawu enu la, woafɔ amesiwo katã dzi Mawu le ŋku ɖomee la ɖe tsitre. Ekema ame dzɔdzɔe kpɔdzidzɔ siwo kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe Fia ŋu la ayɔ paradisonyigba dzi. Ema anye kpeɖodzi gã aɖe be Kristo ƒe dziɖuɖu kpɔ dzidzedze! Mina míalé Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ nyui si le mía si la me ɖe asi.

Gbɔgbɔ Kple Ŋutilã me Viɖewo

Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme eye míaƒe susu hã nadze akɔ anyi. Nusitae wòle aleae nye be nuŋububu nyuie kple nugɔmesese hã nye nunya ƒe akpa aɖe. Lododowo 14:29 gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ doa boblo bometsitsi.” Nugɔmesese kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ dzea sii be ne míedoa dziku kabakaba la, agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. “Kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo” hã le dɔwɔwɔ siwo ate ŋu ana ‘míanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o’ dome. (Galatiatɔwo 5:19-21) Woxlɔ̃ nu mí be míagalé dziku ɖe dɔme o, ne mía tɔ dzɔ gɔ̃ hã. (Efesotɔwo 4:26, 27) Eye dzimagbɔɖi ate ŋu ana míaƒo nu tamemabumabutɔe ahawɔ nusi ava ve mí emegbe.

Israel-fia la gblɔ tso nusiwo dzikudodo gblẽna le ame ƒe lãmesẽ ŋu ŋuti be: “Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.” (Lododowo 14:30) Dɔléle siwo dziku kple dɔmedzoe hena vɛ dometɔ aɖewoe nye akɔtadɔ, ʋusɔgbɔdɔ, aklã ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, eye wògblẽa nu le ƒomeɖe alo ba si nɔa dɔme hã ŋu. Atikewɔlawo gblɔ be dzikudodo kple dɔmedzoedodo hã nye seselelãme siwo hona dɔlélewo abe dɔmebi, klabi, gbɔxi, ŋutigbalẽdɔlélewo, kple dɔgbo ƒe nuɖuɖu matumatu nyuie alo hena wo vɛ na ame. Gake “dzi si ŋu fa nana agbe ɖoa ŋutilã la me.” (Lododowo 14:30, New International Version) Ekema, nunya le eme be “míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome.”—Romatɔwo 14:19.

Mawuvɔvɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋu Míekpɔa Ame Ŋkume O

Salomo gblɔ be: “Amesi te ame tsɛ ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, dea bubu eŋu.” (Lododowo 14:31) Mawuvɔ̃la nyae be Wɔla ɖekae wɔ amegbetɔwo katã, si nye Yehowa Mawu. Eyata mía havie ame dahewo hã nye, eye alesi míewɔa nu ɖe wo ŋui la ɖea alesi míebua ameƒomea Wɔla lae fiana. Be míakɔ Mawu ŋu la, ele be míawɔ nu kple ame bubuwo nyuie ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Ele be míakpɔ Kristotɔ si dzi ŋutilãmenuwo mede o ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Ele be míatsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒeŋutinyanyuia yi na ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa.

Fia nyanu la ƒo nu tso viɖe bubu si dona tsoa mawuvɔvɔ̃ me ŋu ale: “Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe [nuteƒewɔwɔ] me.” (Lododowo 14:32) Aleke wotutua ame vɔ̃ɖi ƒua anyii? Wogblɔ be esia fia be ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi la, magate ŋu afɔ tso eme o. Gake ne afɔku dzɔ ɖe mawuvɔ̃la ya dzi la, eɖoa ŋu ɖe nuteƒewɔwɔ na Mawu ŋu. Esi wòɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe vaseɖe ku me gɔ̃ hã ta la, eɖoa tame kplikpaa abe Hiob ene, amesi gblɔ be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5.

Hafi míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, ele be mawusosroɖa kple nunya nanɔ mía si. Ke afikae míate ŋu akpɔ nunya le? Lododowo 14:33 ɖo eŋu be: “Nunya le nugɔmeselawo ƒe dzi me, eye wòɖea eɖokui fiana le bometsilawo dome.” Nyateƒee, woate ŋu akpɔ nunya le nugɔmesela ƒe dzi me vavã. Gake mɔ ka nue wòɖea eɖokui fiana le bometsilawo dome le? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “esi wònye bometsila dina vevie be yeadze nunyalae ta la, egblɔa nusi wòsusu be nunya le eme la blablabla, gake eva dzena mlɔeba be bometsitsie.”

‘Edoa Dukɔ Ðe Dzi’

Israel-fia la trɔ míaƒe susu tso ŋusẽ si mawuvɔvɔ̃ kpɔna ɖe ame ɖekaɖekawo dzi yi ŋusẽ si wòkpɔna ɖe dukɔ blibo dzi ale: “Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi; ke nuvɔ̃ enye anyigbadzitɔwo ƒe ahɔhlɔ̃bɔbɔ.” (Lododowo 14:34) Gɔmeɖose sia dze nyuie le Israel-dukɔa gome lo! Esi Israel-viwo ku ɖe Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔawo ŋu ta la, wodo wo ɖe dzi ɖe dukɔ siwo katã ƒo xlã wo ŋu. Gake tomaɖomaɖo enuenu na Israel-dukɔa ɖu ŋukpe, eye mlɔeba Yehowa va gbe nu le egbɔ. Gɔmeɖose siawo ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu egbea hã. Kristo-hamea to vovo tso xexeame gbɔ elabena ewɔna ɖe Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi pɛpɛpɛ. Gake hafi ɖoƒe kɔkɔ ma nakpɔtɔ anɔ anyi la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ agbe dzadzɛ. Ŋukpe koe nuvɔ̃wɔwɔ ado mía ŋutɔwo, hamea, kple Mawu siaa.

Esi Salomo nɔ nusi nana fia kpɔa dzidzɔ gblɔm la, ebe: “Dɔla nyanu ƒe nu anyo fia ŋu; ke ado dziku ɖe esi wɔa ŋukpenanu la ŋu.” (Lododowo 14:35) Eye Lododowo 16:13 gblɔ be: “Nuyi dzɔdzɔe dzea fiawo ŋu; eye amesi ƒe nyawo le eteƒe la, wolɔ̃na.” Ẽ, Yesu Kristo, mía Kplɔla kple Fia, kpɔa dzidzɔ ne míewɔ nu dzɔdzɔe eye míeɖe nugɔmesese fia hezã míaƒe nuyiwo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me. Eyata, mina míawɔ ɖesiaɖe ado vevie nu le dɔ ma me esi míele vivi sem le yayra siwo Mawu vavã la vɔvɔ̃ hena vɛ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Woate ŋu afia mawuvɔvɔ̃ ame