Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Le Xɔse Me, Menye Le Nukpɔkpɔ Me O!

Zɔ Le Xɔse Me, Menye Le Nukpɔkpɔ Me O!

Zɔ Le Xɔse Me, Menye Le Nukpɔkpɔ Me O!

“Míezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o.”​—KORINTOTƆWO II, 5:7.

1. Nukae ɖee fia be apostolo Paulo zɔ le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o?

ƑE 55 M.Ŋ. mee. Ƒe 20 va yi esi ŋutsu aɖe si woyɔna tsã be Saul, si tia Kristotɔwo yome, la ŋutɔ va zu Kristotɔ. Meɖe mɔ eƒe Mawu dzixɔse me gbɔdzɔ le ɣeyiɣi gbogbo siwo va yi ta o. Togbɔ be mekpɔ dziƒonuwo kple ŋku kpɔ o hã la, xɔse sesẽ nɔ esi. Eyata esi apostolo Paulo nɔ lɛta ŋlɔm na Kristotɔ amesiaminawo, amesiwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le la, egblɔ be: “Míezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o.”—Korintotɔwo II, 5:7.

2, 3. (a) Aleke míeɖenɛ fiana be míele zɔzɔm le xɔse me? (b) Nuka wòfia be woazɔ le nukpɔkpɔ me?

2 Zɔzɔ le xɔse me bia be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe be ate ŋu afia mɔ mí le agbe me. Ele be míaka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be enya nusi nyo na mí wu. (Psalmo 119:66) Ne míele nyametsotsowo wɔm le agbe me la, ele be míabu “nusiwo womekpɔna o” evɔ woli hafi hã ŋu. (Hebritɔwo 11:1) Esiawo dometɔ aɖewoe nye “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si ŋugbe wodo. (Petro II, 3:13) Gake zɔzɔ le nukpɔkpɔ me fia be míenɔa agbe ɖe nusiwo míekpɔna ŋutɔŋutɔ ɖeɖe dzaa ko nu. Afɔku le nuwɔwɔ alea me, elabena ate ŋu ana míaŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi keŋkeŋ.—Psalmo 81:13; Nyagblɔla 11:9.

3 Míeɖanye “alẽha sue,” la me tɔ siwo ayi dziƒo loo alo ‘alẽ bubuawo,’ siwo si anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le o, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe naxɔ aɖaŋu si woɖo be míazɔ le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o la kple dzidzɔ. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Mina míakpɔ alesi aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me dzi wɔwɔ akpɔ mía tae be ‘nuvɔ̃ ƒe vivisese ɣeyiɣi vi aɖe,’ ŋutilãmenudidi ƒe beble, kple esusu be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu megogo o, ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o ɖa. Míadzro afɔku siwo le zɔzɔ le nukpɔkpɔ me hã me.—Hebritɔwo 11:25.

“Nuvɔ̃ ƒe Vivisese le Ɣeyiɣi Vi aɖe Ko me” Tsitsri

4. Tiatia kae Mose wɔ, eye nukatae?

4 De ŋugble le agbe si ƒomevi Mose si nye ​Amram viŋutsu ate ŋu anɔ hafi, ŋu kpɔ. Esi wònye blema Egipte-fiaƒomea mee wonyi Mose le ta la, mɔnukpɔkpɔ li be ŋusẽ, kesinɔnu, kple ŋkɔxɔxɔ nasu esi. Mose ate ŋu abu tame be: ‘Agbalẽnyalagã si si Egiptetɔwo ƒe nunya deŋgɔ lee menye, eye ŋusẽ le asinye be maɖe gbe alo mawɔ nusi dze ŋunye. Ne menɔ fiaƒomea me la, ekema mate ŋu azã ɖoƒe si le asinye wòaɖe vi na nɔvinye Hebri-vi siwo wote ɖe anyi la!’ (Dɔwɔwɔwo 7:22) Ðe esia teƒe la, Mose tiae be “yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti” boŋ. Nukatae? Nukae ʋã Mose be wògbe nu le nusiwo katã ate ŋu asu esi le Egipte hafi la gbɔ? Biblia ɖo eŋu be: “Le xɔse me [Mose gblẽ] Egipte ɖi, eye mevɔ̃ fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:24-27) Mose ƒe kaka ɖe Yehowa dzi be aɖo nu dzɔdzɔe wɔwɔ teƒe godoo ye kpe ɖe eŋu wògbe eɖokui ƒoƒo ɖe nuvɔ̃ kple vivisese si nɔa anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko la me.

5. Aleke Mose ƒe kpɔɖeŋu dea dzi ƒo na míi?

5 Zi geɖe la, nyametsotso sesẽwo wɔwɔ dzea ŋgɔ míawo hã ku ɖe nya siawo tɔgbe ŋu: ‘Ðe wòle be maɖe asi le nuwɔna alo nɔnɔme aɖewo siwo mewɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo tututu o ŋua? Ðe wòle be malɔ̃ awɔ dɔ aɖe si dze abe ga geɖe le eme ene, gake wòaxe mɔ na nye gbɔgbɔ me ŋgɔyiyia?’ Mose ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí be míagawɔ tiatia siwo ɖea xexe sia ƒe nuŋumabumabu yi ŋgɔe ƒe gbɔgbɔ fiana o; ele be míaka ɖe Yehowa Mawu, “amesi womekpɔna o,” ƒe nunya si nana wòkpɔa nu yia ŋgɔ ʋĩ la boŋ dzi. Abe Mose ene la, mina mía kple Yehowa dome ƒomedodo naxɔ asi na mí wu nu bubu ɖesiaɖe si xexe sia adi be yeana mí.

6, 7. (a) Aleke Esau ɖee fiae be yetia be yeazɔ le nukpɔkpɔ mee? (b) Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kae Esau nye na mí?

6 Tsɔ Mose sɔ kple blemafofo Isak viŋutsu Esau kpɔ. Esau tiae be yeaɖi kɔ na yeƒe nudzodzrowo enumake. (Mose I, 25:30-34) Esi Esau ‘mekpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o’ ta la, etsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ɖɔli “nuɖuɖu zi ɖeka.” (Hebritɔwo 12:16) Mete ŋu de ŋugble tso alesi eƒe nyametsotso be yeadzra yeƒe ŋgɔgbevinyenyea agblẽ nu le woa kple Yehowa dome ƒomedodo ŋui, alo alesi wòate ŋu agblẽ nu le eƒe dzidzimeviwo ŋui, ŋu o. Eƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã. Esau ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe ŋugbedodo xɔasiwo dzi, hesusui be viɖe gobii aɖeke mele wo ŋu o. Ezɔ le nukpɔkpɔ me, eye menye le xɔse me o.

7 Esau zu nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí egbea. (Korintotɔwo I, 10:11) Ne nyametsotsowo wɔwɔ dze ŋgɔ mí, woɖa lolo loo alo wole sue o, mele be Satana ƒe xexe sia ƒe ameflunya si nye be ele be wò asi nasu nusi dim nele dzi enumake, la nable mí o. Ele be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe Esau ƒe nɔnɔme dzena le nyametsotso siwo mewɔna mea? Ðe didi be nusi dim mele fifia nasu asinye enumake awɔe be nyemagatsɔ dzo ɖe mawusubɔsubɔnyawo ŋu oa? Ðe nye tiatiawo le mía kple Mawu dome ƒomedodo kpakple nye etsɔme teƒeɖoɖo la dem afɔku mea? Kpɔɖeŋu ka ɖomee mele na ame bubuwo?’ Ne tiatia siwo míewɔna ɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, ekema Yehowa ayra mí.—Lododowo 10:22.

Asaƒoƒo na Ŋutilãmenudidi Vivivo ƒe Mɔ̃

8. Nuxlɔ̃me kae wona Laodikea Kristotɔwo, eye nukatae wòka mí ɖo?

8 Le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo me la, Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la ɖo gbedasi aɖe ɖe hame si nɔ Laodikea, le Asia Sue. Enye nuxlɔ̃amegbedasi aɖe ku ɖe ŋutilãmenudidi vivivo ŋu. Togbɔ be Laodikea Kristotɔwo nye kesinɔtɔwo le ŋutilã me hã la, woda ahe le gbɔgbɔ me ya. Le esi teƒe be woayi edzi azɔ le xɔse me la, woɖe mɔ ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ gbã woƒe gbɔgbɔ me ŋkuwo. (Nyaɖeɖefia 3:14-18) Ŋutilãmenudidi kpɔa ŋusẽ ma ƒomevi ɖe ame dzi egbea hã. Egbɔdzɔna míaƒe xɔse, eye wònana míedzudzɔa ‘dzidodo le agbe ƒe dudimekeke’ la me. (Hebritɔwo 12:1) Ne míekpɔ nyuie o la, “agbe ƒe dzidzɔwo” ate ŋu ava “vu tsyɔ” gbɔgbɔ me dɔwɔnawo dzi keŋkeŋ.—Luka 8:14.

9. Aleke ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo le mía si kple gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu kpɔa mía tae?

9 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mía ɖokui ta le gbɔgbɔ mee nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo le mía si ŋu, tsɔ wu be míanɔ agbagba dzem be míawɔ xexe sia ŋudɔ bliboe eye be míazu kesinɔtɔwo le ŋutilã me. (Korintotɔwo I, 7:31; Timoteo I, 6:6-8) Ne míezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o la, ekema míakpɔ dzidzɔ le fifi gbɔgbɔmeparadisoa me. Esi míele gome kpɔm le gbɔgbɔmenuɖuɖu si me nunyiame le ɖuɖu me la, ɖe meʋãna mí be míatso “aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta” oa? (Yesaya 65:13, 14) Gawu la, enyea dzidzɔ na mí be míade ha kple amesiwo ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fiana. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Aleke gbegbee wòle vevie enye si be míakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmeɖoɖo si Yehowa wɔ si me dzidzɔ kple dzidzeme le ŋu!

10. Nyabiase kawoe wòle be míabia mia ɖokui?

10 Nya siwo wòle be míabia mia ɖokui dometɔ aɖewoe nye: ‘Nɔƒe kae ŋutilãmenuwo xɔna le nye agbe me? Ðe mele ŋutilãmenu siwo le asinye zãm be matsɔ aɖu agbee loo alo be matsɔ ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ? Nukae hea dzidzeme gãtɔ kekeake vanɛ nam? Biblia sɔsrɔ̃ kpakple hadede kple nɔviwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee loo, alo agbeɖuɖu kple amesiwo menye Kristotɔwo o le teƒe aɖe le kwasiɖanuwuwuwo boŋue? Ðe mewɔa ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe ŋu le kwasiɖanuwuwu geɖe, tsɔ wu be mazã ɣeyiɣi mawo le gbeadzisubɔsubɔdɔa kple wɔna bubu siwo do ƒome kple subɔsubɔ kɔkɔea mea?’ Zɔzɔ le xɔse me bia be míawɔ geɖe le Fiaɖuƒedɔa me, ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu bliboe.—Korintotɔwo I, 15:58.

Nuwuwua Nenɔ Ŋku dzi na Wò

11. Aleke zɔzɔ le xɔse me kpena ɖe mía ŋu be nuwuwua nɔa ŋku dzi na míi?

11 Zɔzɔ le xɔse me kpena ɖe mía ŋu míetsria nukpɔsusu si nye be nuwuwua megogo haɖe o, alo be nuwuwu aɖeke megbɔna gɔ̃ hã o. Míele abe glãkahela siwo ɖua fewu le Biblia me nyagblɔɖi ŋu ene o; míenya be xexeame nudzɔdzɔwo sɔ pɛpɛpɛ kple nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ŋkekeawo ŋu. (Petro II, 3:3, 4) Le kpɔɖeŋu me, ɖe amewo ƒe nɔnɔme kple woƒe nuwɔnawo menye kpeɖodzi be míele “ŋkeke mamlɛawo me” oa? (Timoteo II, 3:1-5) Xɔse ƒe ŋkuwo kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ dzea sii be menye xexeame nudzɔdzɔ siwo dzɔ le ŋutinya me va yi la dzro koe gale dzɔdzɔm ake o. Ke boŋ wonye “[Kristo ƒe] vava la kple xexeame ƒe nuwuwu ƒe dzesi.”—Mateo 24:1-14.

12. Aleke Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 21:20, 21 va eme le ƒe alafa gbãtɔ mee?

12 De ŋugble le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me nudzɔdzɔ aɖe si sɔ kple míaƒe ŋkekea ŋu kpɔ. Esi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, exlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi.” (Luka 21:20, 21) Le nyagblɔɖi sia ƒe emevava me la, Roma-ʋakɔwo, siwo nɔ Cestius Gallus ƒe kpɔkplɔ te, va ɖe to ɖe Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ me. Gake asrafoawo trɔ dzo le vo me, eye wòzu dzesi kple mɔnukpɔkpɔ na Kristotɔ siwo nɔ afima be ‘woasi ayi towo dzi.’ Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-ʋakɔwo trɔ gbɔ, wodze Yerusalem-dua dzi, hetsrɔ̃ eƒe gbedoxɔa. Ŋutinyaŋlɔla Josephus ka nya ta be Yudatɔ siwo wu miliɔn ɖeka ku, eye wokplɔ agbetsila 97,000 yi aboyo me. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Yudatɔwo ƒe nuɖoanyi ma dzi. Amesiwo zɔ le xɔse me eye woɖo to Yesu ƒe nuxlɔ̃amea si le afɔku ma nu.

13, 14. (a) Nukawoe le dzɔdzɔ ge kpuie? (b) Nukatae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu ɖo?

13 Nu ma ƒomevi aɖe le dzɔdzɔ ge le míaƒe ŋkekea me. Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo le akpa aɖe wɔ ge le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a me. Abe alesi woɖo Roma-ʋakɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me be woana Pax Romana (Roma ƒe Ŋutifafa) nanɔ anyi ene la, nenema kee wònye Dukɔ Ƒoƒuawo hã ƒe tameɖoɖo egbea be yewoanye dɔwɔnu si ana ŋutifafa nanɔ anyi. Togbɔ be Roma-ʋakɔwo dze agbagba be yewoakpɔ egbɔ be dedienɔnɔ naxɔ aƒe ɖe xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi me hã la, woawoe va dze Yerusalem dzi hetsrɔ̃e. Nenema kee le egbeŋkekeawo me la, Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafowo gbɔna subɔsubɔhawo bu ge be wonye kplamatsedonu, eye wole egbeŋkekeawo me Yerusalem—si nye Kristodukɔa—kple Babilon Gã siaa trɔ̃ ge. (Nyaɖeɖefia 17:12-17) Ẽ, tsɔtsrɔ̃ ɖo xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔhawo ƒe agbo nu.

14 Alakpasubɔsubɔ ƒe aƒedozuɣi anye dzesi be xaxa gã la dze egɔme. Wole nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe akpa susɔea tsrɔ̃ ge le xaxa gã la ƒe nuwuwu. (Mateo 24:29, 30; Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Zɔzɔ le xɔse me nana míenɔa ŋudzɔ ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo ƒe emevava ŋu. Womate ŋu able mí míasusu be amegbetɔwo ƒe habɔbɔ aɖe, abe Dukɔ Ƒoƒuawo ene, dzi to gee Mawu le ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ o. Ekema, ɖe mele be alesi míenɔa agbee la naɖee afia be míeka ɖe edzi be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe” oa?—Zefanya 1:14.

Zɔzɔ le Nukpɔkpɔ MeAfɔku Kae Le Eme?

15. Togbɔ be Israel-dukɔa kpɔ Mawu ƒe yayrawo teƒe hã la, mɔ̃ kae ɖe wo?

15 Nusiwo dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le blema ɖe afɔku si wònye be woaɖe mɔ zɔzɔ le nukpɔkpɔ me nagbɔdzɔ ame ƒe xɔse fia. Togbɔ be Israel-viwo kpɔ fuwɔame ewo siwo ɖi gbɔ Egiptetɔwo ƒe mawuwo, eye wokpɔ mɔ wɔnuku si dzi woto ɖe wo to Ƒudzĩa me hã la, wogbe toɖoɖo hewɔ sikanyivi, eye wodze esubɔsubɔ gɔme. Esi wosusu be Mose “mele gbɔgbɔm tso toa dzi” kaba o ta la, wotsi dzi, si na be womegate ŋu lalae o. (Mose II, 32:1-4) Dzimagbɔɖie wɔe be wosubɔ nusi wokpɔna kple ŋku, si nye legba si wowɔ. Woƒe zɔzɔ le nukpɔkpɔ me do vlo Yehowa, eye emetsonu enye be wowu “ŋutsu akpe etɔ̃.” (Mose II, 32:25-29) Aleke wòwɔa nublanuii enye esi ne Yehowa subɔla aɖe wɔ nyametsotso siwo ɖe eƒe ŋumaɖomaɖo ɖe Yehowa ŋu fia, eye meka ɖe eƒe ŋutete dzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o!

16. Aleke gotagome nukpɔkpɔ gblẽ nu le Israel-viwo ŋui?

16 Gotagome nukpɔkpɔ gblẽ nu le Israel-viwo ŋu le mɔ bubuwo hã nu. Zɔzɔ le nukpɔkpɔ me wɔe be wovɔ̃ woƒe futɔwo. (Mose IV, 13:28, 32; Mose V, 1:28) Ena wotsi tre ɖe ŋusẽ si Mawu na Mose ŋu, eye woto nyatoƒoe le woƒe agbe ŋu. Esi xɔse menɔ wo si o ta la, wotia ​Egipte, dukɔ si dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖo, wu be woatia Ŋugbedodonyigbaa. (Mose IV, 14:1-4; Psalmo 106:24) Aleke gbegbe wòanya gbã dzi na Yehowae nye esi, be wòakpɔe eƒe amewo nawɔ nu ɖe woƒe Fia la ŋu bubumadeameŋutɔe, le esi womele ekpɔm kple ŋku o ta!

17. Nukae na Israel-viwo gbe Yehowa ƒe mɔfiamewo le Samuel ƒe ŋkekea me?

17 Le nyagblɔɖila Samuel ƒe ŋkekea me hã la, Israel-dukɔ tɔxɛ la gage ɖe zɔzɔ le nukpɔkpɔ me ƒe mɔ̃tetre me ake. Dukɔa di be woaɖo fia si yewoate ŋu akpɔ kple ŋku na yewo. Togbɔ be Yehowa ɖee fia be yenye woƒe Fia hã la, esia mesɔ gbɔ ana be woazɔ le xɔse me o. (Samuel I, 8:4-9) Wogbe nu le Yehowa ƒe mɔfiame siwo ŋu vodada aɖeke mele o la gbɔ bometsitsitɔe, eye wotiae be yewoanɔ abe dukɔ siwo ƒo xlã yewo ene.—Samuel I, 8:19, 20.

18. Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso afɔku siwo le zɔzɔ le nukpɔkpɔ me me?

18 Esi míenye Yehowa subɔlawo le egbeŋkekeawo me ta la, míekpɔ ŋudzedze ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodo nyuia ŋu. Enye míaƒe didi vevie be míasrɔ̃ nu tso blema nudzɔdzɔwo me ahawɔ ɖe nufiame xɔasi siwo le wo me la dzi le míaƒe agbenɔnɔ me. (Romatɔwo 15:4) Esi Israel-viwo zɔ le nukpɔkpɔ me ta la, woŋlɔ be be Mawu to Mose dzi nɔ mɔfiame nam yewo. Ne míekpɔ nyuie o la, míawo hã míate ŋu aŋlɔ be be Yehowa Mawu kple Mose Gãtɔ, Yesu Kristo, ye le mɔ fiam Kristo-hamea egbea. (Nyaɖeɖefia 1:12-16) Ele be míakpɔ nyuie be míagatsɔ amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu anɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi, kpɔmee o. Nuwɔwɔ alea ate ŋu awɔe be míanɔ nyatoƒoe tom eye míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa teƒenɔlawo kple gbɔgbɔmenuɖuɖu si tsona “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” gbɔ la siaa ŋu o.—Mateo 24:45.

Ðoe Kplikpaa Nàzɔ le Xɔse Me

19, 20. Nuka ƒe tamee nèɖo kplikpaa be yeawɔ, eye nukatae?

19 Biblia gblɔ be: “Míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.” (Efesotɔwo 6:12) Míaƒe futɔ gãtɔe nye Satana Abosam. Eƒe taɖomeɖoɖoe nye be yeagblẽ míaƒe Yehowa dzixɔse me. Adi be yeazã ameblenu ɖesiaɖe si ana míaɖe asi le miaƒe nyametsotso be míasubɔ Mawu ŋu godoo. (Petro I, 5:8) Nukae akpɔ mía ta tso Satana ƒe nuɖoanyi sia ƒe ameblenu siwo wokpɔna la ŋu? Zɔzɔ le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o ye! Kakaɖedzi kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu akpɔ mía ta be míaganye amesiwo ƒe ‘xɔse dze go o.’ (Timoteo I, 1:19) Eyata, mina míadze agbagba ɖesiaɖe aɖoe kplikpaa be míayi edzi azɔ le xɔse me ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe be ayra mí. Eye mina míanɔ gbedodoɖa dzi be míate ŋu asi le nusiwo katã le eme va ge kpuie la nu.—Luka 21:36.

20 Esi míele zɔzɔm le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o la, Kpɔɖeŋuɖola gãtɔ aɖe le mía si. Biblia gblɔ be: “Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Nyati si kplɔ esia ɖo adzro alesi míate ŋu ayi edzi azɔ abe alesi wòzɔe ene me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nèsrɔ̃ le Mose kple Esau ƒe kpɔɖeŋuwo me ku ɖe zɔzɔ le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o, ŋu?

• Nu vevi kae akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na ŋutilãmenudidi vivivo?

• Aleke zɔzɔ le xɔse me akpe ɖe mía ŋu míatsri nukpɔsusu si nye be nuwuwua gale didiƒe ʋĩ?

• Nukatae zɔzɔ le nukpɔkpɔ me nye afɔku ɖo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mose zɔ le xɔse me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðe modzakaɖeɖe wɔnɛ be mèkpɔa gome le teokrasidɔwo me edziedzi oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Aleke toɖoɖo Mawu ƒe Nya kpɔa tawòe?