Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèle Yesu ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Dzesi la Kpɔm Dze Siia?

Ðe Nèle Yesu ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Dzesi la Kpɔm Dze Siia?

Ðe Nèle Yesu ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Dzesi la Kpɔm Dze Siia?

AME aɖeke medina be dɔléle sesẽ aɖeke nadze ye dzi alo be afɔku aɖe naƒo go ye kpata o. Be woate ŋu aƒo asa na afɔku mawo la, amesi wɔa nu le nunya me nɔa klalo ɖe dzesi siwo ate ŋu ahe afɔku vɛ la ŋu eye wòɖea afɔ kaba wɔa nu wòsɔna ɖe wo nu. Yesu Kristo ɖɔ dzesi aɖe koŋ si wòle be míanya nyuie. Dzesi si ŋu wòƒo nu tsoe adze le xexeame katã eye wòakpɔ ŋusẽ hã ɖe ameƒomea katã dzi. Akpɔ ŋusẽ ɖe mia kple wò ƒomea hã dzi.

Yesu ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa ahatrɔ anyigba wòazu paradiso, ŋu. Eƒe nusrɔ̃lawo di vevie be yewoanya ɣeyiɣi si Fiaɖuƒe ma ava. Wobiae be: “Ka enye wò [anyinɔnɔ] kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?”—Mateo 24:3.

Yesu nya be le ye wuwu kple yeƒe tsitretsitsi megbe la, ƒe alafawo ava yi hafi woaɖo ye yeanye Mesia Fia le dziƒo ahaɖu ameƒomea dzi. Esi wònye be amegbetɔwo mate ŋu akpɔ Yesu ɖoɖo zia dzi kple ŋku o ta la, ena dzesi eyomedzelawo be wòakpe ɖe wo ŋu woatsɔ ade dzesi yeƒe ‘anyinɔnɔ’ kple “xexeame ƒe nuwuwu.” Dzesi sia adze le mɔ vovovowo nu, eye ne wotsɔ wo katã ƒo ƒui la, anye dzesi ƒokpli aɖe—si nye Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia.

Nyanyuigbalẽŋlɔla siwo nye Mateo, Marko, kple Luka dometɔ ɖesiaɖe ŋlɔ nya siwo tututu Yesu tsɔ ɖo nya ŋui na wo la ɖi. (Mateo, ta 24 kple 25; Marko, ta 13; Luka, ta 21) Biblia ŋlɔla bubuwo ɖe nu me tsitotsito tso dzesia ŋu. (Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:3, 4; Nyaɖeɖefia 6:1-8; 11:18) Míate ŋu aƒo nu tso nya veviawo katã ŋu tsitotsito le nyati sia me o, gake míaƒo nu tso nu vevi atɔ̃ siwo ƒo ƒu wɔ dzesi si Yesu yɔ la ŋu. Àkpɔe adze sii be esia hiã eye wòle vevie na wò ŋutɔ.—Kpɔ aɖaka si le axa 6.

“Tɔtrɔ aɖe si He Ɣeyiɣi Bubu aɖe Vɛ”

“Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Der Spiegel, ka nya ta ku ɖe ɣeyiɣi si do ŋgɔ na ƒe 1914 ŋu be, amewo “xɔe se be etsɔme nyui aɖe si me ablɔɖe, ŋgɔyiyi, kple nudzedziname geɖe anɔ la ava.” Nuwo katã va trɔ bubui kpata. GEO magazine ka nya ta be: “Aʋawɔwɔ si dze egɔme tso August 1914 eye wòke le November 1918 me la nye nudzɔdzɔ aɖe si ƒo go ame kpoyi. Enye nusi he tɔtrɔ gã aɖe vɛ le ameƒomea ƒe ŋutinya me, si nye amesiwo nɔ agbe do ŋgɔ na aʋa ma kple amesiwo nɔe emegbe la dome mama.” Asrafo siwo wu miliɔn 60 siwo tso anyigbagã vovovo ade dzie kpɔ gome le aʋa sia, si me wowɔ anyranu geɖe le la, me. Le mama dedie nu la, asrafo siwo ade 6,000 ye wowu le ŋkeke ɖesiaɖe dzi. Tso ɣemaɣi dzi la, ŋutinyaŋlɔla siwo ŋlɔa nu tso dzidzime ɖesiaɖe ŋu kple amesiwo katã dunyahenyawo doa dzidzɔ na la bua “ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1918 be enye tɔtrɔƒe siwo he ɣeyiɣi bubu aɖe vɛ.”

Xexemeʋa I he tɔtrɔ aɖewo siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o la va amewo dzi, siwo nye tɔtrɔ siwo tutu ameƒomea de nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me vĩ. Aʋa geɖewo wɔwɔ, ʋunyaʋunya siwo me wodaa tu le, kple nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname nuwɔnawoe xɔ ƒe alafa 20 lia ƒe ƒe mamlɛawo katã me. Nɔnɔmeawo metrɔ tso esime míege ɖe ƒe alafa si me míele fifia hã me o. Tsɔ kpe ɖe aʋawɔwɔ ŋu la, míegakpɔa dzesia ƒe akpa bubuwo hã.

Dɔwuame, Dɔvɔ̃wo, Kple Anyigbaʋuʋuwo

‘Dɔwuame ava teƒeteƒewo.’ (Mateo 24:7) Dɔ to le Europa le Xexemeʋa I wɔɣi, eye dɔwuame yi edzi le nu tum kple ameƒomea tso ɣemaɣi ke vaseɖe fifi. Blemaŋutinyaŋlɔla Alan Bullock ŋlɔ bena le ƒe 1933 me la, “dɔwuitɔ gbogbo aɖewo nɔ tsaglãla tsam le kɔƒewo me . . . Ame gbogbo aɖewo ku ɖe mɔ gãwo to,” le Russia kple Ukraine. Le ƒe 1943 me la, nyadzɔdzɔŋlɔla T. H. White kpɔ dɔtoto teƒe le Henan, si nye du si le China. Eŋlɔ bena: “Ne dɔ to la, wote ŋu trɔa asi le nusianu kloe ŋu wòzua nuɖuɖu, woɖua nusiawo eye ŋutilã ŋutɔ trɔa asi le eŋu wòzua ŋusẽdonu na ametia. Gake, va ɖo egbe la, ne ame ɖo ku kple agbe dome ko hafi wòabu nane si womeɖuna hafi o la ɖuɖu ŋu.” Nublanuitɔe la, dɔwuame va bɔ ɖe Afrika ŋutɔ le ƒe siawo me. Togbɔ be anyigba naa mí nuɖuɖu si ade na amesiame hã la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agblededehabɔbɔ bu akɔnta be le xexeame katã la, ame miliɔn 840 meɖua nu wòɖia ƒo na wo kura o.

“Dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: “Spaniatɔwo ƒe dzamezã wu amesiwo ƒe xexlẽme anɔ tso miliɔn 20 yi miliɔn 50 le ƒe 1918, si nye xexlẽme si sɔ gbɔ wu amesiwo dɔvɔ̃ la wu le ƒe alafa 14 lia me eye wòsɔ gbɔ wu amesiwo bu woƒe agbe le Xexemeʋa I me hã.” Tso ɣemaɣi dzi la, dɔlélewo abe asrã, sakpate, yɔmekpe, ɖeviwo ƒe tutudɔ, kple mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe ƒe dɔ ɖe kpe na ame gbogbo aɖewo. Gbɔgblɔ bu ɖe amewo le alesi AIDS dɔlélea le kakam matɔmatɔe ta. Nusi gawɔa nuku na mí ŋutɔe nye alesi dɔléle vovovowo va le bɔbɔmee evɔ wole ŋgɔyiyi manyagblɔwo wɔm le atikewɔnyawo me hafi. Togbɔ be ameƒomea mesea nusia gɔme vaseɖe egbe o hã la, ekpena ɖe mía ŋu míenyaa ɣeyiɣi tɔxɛ si me míele.

‘Anyigbaʋuʋuwo.’ (Mateo24:7) Le ƒe 100 siwo va yi me la, anyigbaʋuʋuwo ɖe ame akpe alafa geɖewo ƒe agbe ɖa. Le numekuku aɖe si wowɔ nu la, wobu akɔnta be tso ƒe 1914 me ke la, anyigbaʋuʋu, siwo te ŋu gbãa xɔwo hefea anyigba me, 18 sɔŋ ye dzɔna ƒe sia ƒe le mama dedie nu. Anyigbaʋuʋu siwo nu sẽ ŋutɔ, siwo te ŋu gbãa xɔwo gudugudu la, ɖeka dzɔna le ƒe ɖesiaɖe me. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖewo le mɔ̃ɖaŋununya me hã la, anyigbaʋuʋuwo gakpɔtɔ le ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖem ɖa kokoko, elabena dugã siwo me amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi le la le teƒe siwo anyigba ate ŋu aʋuʋu le.

Nyanyui Aɖe!

Ŋkeke mamlɛa me dzesia ƒe akpa vovovowo doa nuxaxa na ame. Gake Yesu ƒo nu tso nyanyui aɖe hã ŋu.

“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Dɔ si gɔme Yesu ŋutɔ dze—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia—aɖo eƒe yɔyrɔea nu le ŋkeke mamlɛawo me. Esia le dzɔdzɔm hã. Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Biblia me gbedasia eye wole nu fiam amesiwo di be yewoasrɔ̃ nu ahatsɔ nusiwo srɔ̃m yewole la ade agbenɔnɔ me. Fifia la, Ðasefo siwo wu miliɔn ade ye le gbeƒã ɖem le dukɔ 235 me le gbegbɔgblɔ siwo wu 400 me.

De dzesii be Yesu megblɔ be agbemenuwɔnawo atɔ te le xexeame ƒe nɔnɔmewo ƒe sesẽ ta o. Megblɔ hã be dzesia ƒe akpa aɖe koŋue adze le xexeame ƒe akpa sia akpa o. Gake egblɔ nudzɔdzɔ vovovo siwo aƒo ƒu ɖekae awɔ dzesi si woate ŋu akpɔ le anyigba ƒe afisiafi la ŋu nya ɖi.

Ne ède ŋugble le nudzɔdzɔ vovovoawo katã ŋu, ke menye ɖeka aɖe ko o alo le esiwo dzɔ le teƒe aɖe koŋ ŋu o la, ɖe nèkpɔa dzesi la, si nye xexeame katã ƒe nudzɔdzɔ vovovowo ƒe ƒuƒoƒo, dzea sia? Nusi le dzɔdzɔm la ka mia kple wò ƒomea. Gake, ɖewohĩ míabia be: ‘Ke nukatae wònye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔna dzesia dzea sii?’

Kɔɖiɖi na Woƒe Dzodzrowo Le Vevie na Wo Wu

“Migaƒu Tsia O!,” “Elektrik Ŋusẽa Nu Sẽ le Afisia!,” “Ðe Ʋua Kuku Dzi Kpɔtɔ.” Esiawoe nye dzesi kple nuxlɔ̃ame siwo míekpɔna be amewo mewɔna ɖe wo dzi zi geɖe o la dometɔ aɖewo. Nukatae? Nusi mía ŋutɔwo míebu be eyae anyo na mí wu wɔwɔ ye na míedoa kpo wo dzi wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, míabui be ahiã be míaku ʋu sesĩe wu alesi se ɖe mɔe, alo míadi vevie be míaƒu tsi le afisi wode se ɖo be míagaƒu tsi le o. Gake susu mele nuxlɔ̃amewo dzi mawɔmawɔ me o.

Le kpɔɖeŋu me, ya sesẽ si ƒona lɔa kpewo kple sno ɖe nu le Alps-to siwo le Austria, France, Italy, kple Switzerland dzi la wua tsaɖimɔzɔla siwo mewɔna ɖe se siwo gblɔna na wo be woagafe le snoa ƒe teƒe siwo masɔ na fefe mawo fefe o dzi o la dometɔ geɖe. Le nya si nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung gblɔ nu la, tsaɖimɔzɔla geɖe siwo gbea wɔwɔ ɖe se mawo dzi la nɔa agbe ɖe nyagbɔgblɔ nyanyɛ sia nu be: Ne mète nane si ate ŋu ado afɔku wò kpɔ o la, màse vivi nɛ o. Aɖaba ŋeŋe ƒu nuxlɔ̃ame mawo dzi ate ŋu ade ame ƒe agbe afɔku me.

Susu kawo tae amewo mebua dzesi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la ɖe ɖeke me o? Ðewohĩ kɔlili ŋutilãmenuwo si xɔ susu me na wo, ɖekematsɔleme, ɖokuisinuwɔwɔ, gbesiagbenuwɔna ƒe ame titi alo vɔvɔ̃ be bubu si le yewo ŋu aklo ɖa ye le fu ɖem na wo. Ðe nusiawo dometɔ aɖe le ewɔm be nèle aɖaba ŋem ƒu Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia dzia? Ðe susu manɔ eme wu be nàde dzesi dzesia ahawɔ nu wòasɔ ɖe enu oa?

Agbenɔnɔ le Paradisonyigba Dzi

Ame geɖewo va le dzesi dem Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia azɔ eye wole afɔ siwo hiã la ɖem. Kristian, si nye ɖekakpui aɖe si le Germany si si srɔ̃ le ŋlɔ bena: “Míele blanuiléɣiwo me. Ðikeke mele eme o be míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ me.” Woa kple srɔ̃a zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ƒoa nu na amewo tso Mesia Fiaɖuƒea ŋu. Frank hã le Germany. Eya hã kple srɔ̃ zãa nyanyui si le Biblia me tsɔ dea dzi ƒo na amewo. Frank gblɔ be: “Le nɔnɔme siwo le edzi yim le xexeame ta la, ame geɖewo tsi dzi ɖe etsɔme ŋu. Míedzea agbagba tsɔa Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe paradisonyigba ŋu dea dzi ƒo na wo.” Kristian kple Frank to mɔ sia dzi le asi kpem ɖe Yesu ƒe dzesia ƒe akpa aɖe—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia—ƒe emevava ŋu.—Mateo 24:14.

Ne ŋkeke mamlɛawo nya wu enu ko la, Yesu aɖe nuɖoanyi xoxo sia kple amesiwo dona alɔe ɖa keŋkeŋ. Ekema Mesia Fiaɖuƒea akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ eye wòatrɔ anyigba wòazu Paradiso abe alesi wogblɔe ɖi ene. Woana ameƒomea navo tso dɔléle kple ku si me, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre va anyigba dzi. Ɣeyiɣi dodzidzɔnamewoe wònye le amesiwo kpɔa ɣeyiɣi si me míele la ƒe dzesia dzea sii la lalam. Ðe nunya manɔ eme be nàsrɔ̃ nu geɖe tso dzesia ŋu, kple nusi wòle be nàwɔ be nàtsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu oa? Le nyateƒe me la, ele be esia nanye nu vevi aɖe si ŋu wòle be amesiame naɖe afɔ le kpata.—Yohanes 17:3.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Yesu gblɔ nudzɔdzɔ vovovo siwo aƒo ƒu anye dzesi si woakpɔ le anyigba ƒe afisiafi la ŋu nya ɖi

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ðe nèkpɔa dzesi la, si nye xexeame katã ƒe nudzɔdzɔ vovovowo ƒe ƒuƒoƒo, dzea sia?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

ŊKEKE MAMLƐAWO ƑE DZESIWO KPƆKPƆ ADZE SII

Aʋawɔwɔ siwo agbɔ eme.—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:4

Dɔwuame.—Mateo 24:7; Nyaɖeɖefia 6:5, 6, 8

Dɔvɔ̃wo.—Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 6:8

Sedzimawɔmawɔ si le dzidzim ɖe edzi ɖaa.—Mateo 24:12

Anyigbaʋuʋuwo.—Mateo 24:7

Ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ.—Timoteo II, 3:1

Galɔlɔ̃ vivivo.—Timoteo II, 3:2

Tomaɖomaɖo dzilawo.—Timoteo II, 3:2

Ame nɔewo malɔ̃malɔ̃.—Timoteo II, 3:3

Agbeɖuɖu lɔlɔ̃ wu Mawu lɔlɔ̃.—Timoteo II, 3:4

Ðokuidzimaɖumaɖu.—Timoteo II, 3:3

Amesiwo melɔ̃a nu nyui o.—Timoteo II, 3:3

Dzesi mademade afɔku si le ŋgɔ kpuie la.—Mateo 24:39

Fewuɖulawo malɔ̃ ɖe nudzɔdzɔ siwo ɖo kpe edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me dzi o.—Petro II, 3:3, 4

Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea le xexeame katã.—Mateo 24:14

[Picture Credit Lines on page 5]

WWI ƒe asrafowo: From the book The World War—A Pictorial History, 1919; ƒome dahe aɖe: AP Photo/Aijaz Rahi; atatutudɔ léla aɖe: © WHO/P. Virot