Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzesiwo Kpɔkpɔ Adze Sii Nye Ŋkubiãnya!

Dzesiwo Kpɔkpɔ Adze Sii Nye Ŋkubiãnya!

Dzesiwo Kpɔkpɔ Adze Sii Nye Ŋkubiãnya!

“Gbã la, mebui be ta koe nɔ mía vi Andreas ɖum. Gake nuɖuɖu aɖeke meganɔ edzrom o, eye eƒe lãme xɔ dzo gbagbagbã. Taɖuamea va nyrã ɖe edzi ale be meva tsi dzi vevie. Esi srɔ̃nye gbɔ va aƒeme la, míekɔ Andreas yi ɖɔkta gbɔe. Edo Andreas kpɔ eye wòna be míetsɔe yi kɔdzi enumake. Nusi nɔ ewɔm la de ŋgɔ wu taɖuame dzro ko. Dɔléle aɖe si gblẽa nu le ame ƒe ahɔhɔ̃ kple dzimeƒumeka ŋu ye dze Andreas dzi. Wodae nɛ, eye eteƒe medidi o eƒe lãme haya.”—Gertrud, si nye vidada aɖe si le Germany.

ANƆ eme be dzila geɖewo toa nusi me Gertrud to la me egbea. Wokpɔa dzesi aɖewo siwo ɖenɛ fiana be wo vi ƒe lãme anya gblẽ. Togbɔ be menye dɔléle ɖesiaɖee doa ŋɔdzi na ame o hã la, dzilawo mate ŋu anɔ anyi naneke mawɔmawɔe tso dzesi siwo le eɖem fia be yewo viwo le dɔ dzem la ŋu o. Dzesiawo kpɔkpɔ kple afɔ siwo sɔ ɖeɖe ate ŋu awɔ nane le nɔnɔmea ŋu. Ŋkubiãnyae wònye.

Menye dɔlényawo me koe dzesiwo ŋu nya sia wɔa dɔ le o. Kpɔɖeŋu aɖe si sɔ ɖe nya sia nue nye tsunami, si nye anyigba si ʋuʋu le atsiaƒu gɔme hena tsi ɖe amewo le teƒe siwo ƒo xlã India-ƒugã la, le December 2004 me. Dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe siwo le Australia kple Hawaii la kpɔe dze sii be anyigba aʋuʋu vevie ŋutɔ le dziehe Sumatra eye wokpɔ afɔku si esia ate ŋu ahe vɛ la do ŋgɔ. Ke hã, mɔnu aɖeke meli si dzi woato atsɔ ana toklã amesiwo le nuto mawo me ku ɖe afɔku si ate ŋu adzɔ kple afɔ siwo sɔ wòle be woaɖe la ŋu o. Esia wɔe be amesiwo wu 220,000 la tsi eme.

Dzesi Siwo Le Vevie Wu

Esi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, efia alesi eƒe nyaselawo akpɔ dzesiwo adze sii kple alesi woawɔ nu ɖe wo nu wòasɔ la wo. Enɔ nu ƒom tso nane si le vevie wu la ŋu. Biblia ka nya ta be: “Farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo. Ke exɔ edzi gblɔ na wo bena: Fiẽsi la miegblɔna bena: Xexeme le kɔkɔ ge; elabena dziƒo biã. Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye wòxe litii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?”—Mateo 16:1-3.

Le nuƒoƒo tso “ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo” ŋu la, Yesu nɔ eɖem fia be ele na yeƒe nyaselawo, ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo, be woanya alesi gbegbe wòhiã be woawɔ nu kpatae le ɣeyiɣi siwo me wonɔ la ta. Esusɔ vie ne afɔku aɖe nadzɔ ɖe Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia dzi si alɔ wo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eme. Esi wòsusɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko ne woawu Yesu la, eƒo nu tso dzesi bubu aɖe—si nye eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia—ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo. Nya si wògblɔ ɣemaɣi la nye nya vevi aɖe si ka amesiame egbea.