Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?

Dzilawo—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?

Dzilawo​—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?

“Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa . . . Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ.”​—PSALMO 148:12, 13.

1. Nukawo ŋue dzilawo tsia dzi ɖo ku ɖe wo viwo ŋu?

DZILA kawoe li siwo metsia dzi vevie ɖe wo viwo ƒe etsɔme ŋu o? Tso esime wonya dzi vidzĩ aɖe ko la—alo do ŋgɔ na edzidzi gɔ̃ hã—dzilawo tea dzi tsitsi ɖe vidzĩa ƒe dedienɔnɔ ŋu. Ava nɔ lãmesẽ mea? Atsi nyuiea? Ne ɖevia le tsitsim la, nusiwo ŋu dzilawo tsia dzi ɖo dzina ɖe edzi. Ne míagblɔe gbadzaa la, dzilawo dina nu nyuitɔ kekeake na wo viwo.—Samuel I, 1:11, 27, 28; Psalmo 127:3-5.

2. Nukatae dzila geɖe siwo li egbea dina vevie be yewoana yewo viwo nava nɔ agbe si me dzidzeme le ne wova tsi?

2 Gake le egbexexea me la, esesẽna na dzilawo be woawɔ nusi nye nyuitɔ kekeake na wo viwo. Dzila geɖewo to ɣeyiɣi sesẽwo—abe aʋawɔwɔwo, dunyahehe me zitɔtɔwo, ganyawo ƒe sesẽ, ŋutilã alo seselelãme ƒe vevesesewo, kple bubuawo ene—ƒe nu gbegblẽ le ame ŋu me. Edze ƒã be enye woƒe dzimedidi be yewo viwo nagato nɔnɔme mawo ke me o. Le dukɔ deŋgɔwo me la, dzilawo te ŋu kpɔnɛ be yewo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpɔ dzidzedze le woƒe dɔwɔɖuiwo me eye wole vivi sem le nusi dze abe nudzedziname ene me. Eyata esia nana wosena le wo ɖokui me be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui atsɔ akpɔ egbɔ be yewo viwo hã nava nɔ agbe si me dzidzeme kple dedienɔnɔ le—si anye nudzedzinamegbenɔnɔ—ne wova tsi.—Nyagblɔla 3:13.

Agbenɔnɔ Ðɔʋu aɖe Tiatia

3. Tiatia kae Kristotɔwo wɔ?

3 Esi Kristotɔwo nye Yesu Kristo yomedzelawo ta la, wotiae be yewoatsɔ yewoƒe agbe aɖe adzɔgbee na Yehowa. Wowɔ ɖe Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Ne ame aɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti gbawotsyogbe, eye wòanɔ yonyeme ɖaa.” (Luka 9:23; 14:27, NW) Ẽ, ɖokuitsɔtsɔke ƒe agbee Kristotɔwo nɔna. Ke hã, esia menye nu tete ame ɖokui kple fu wɔwɔ ame ɖokui ƒe agbe o. Ke boŋ enye agbenɔnɔ si me dzidzɔ kple dzidzeme le—alo agbenɔnɔ ɖɔʋu—elabena elɔ nu nana ɖe eme, eye abe alesi Yesu gblɔe ene la, “dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35, NW.

4. Nukae Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woadi?

4 Amesiwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me to nɔnɔme sesẽwo me. Tsɔ kpe ɖe agbemenuhiahiãwo didi ƒe kuxiwo ŋu la, wonɔ fu kpem le Romatɔwo ƒe ameteteɖeanyi dziɖuɖua kple subɔsubɔhakplɔla nyaɖekameléɖeasila, siwo nɔ anyi ɣemaɣi, ƒe agba kpekpe, siwo wodo na wo la te. (Mateo 23:2-4) Ke hã, ame geɖe siwo se Yesu ŋkɔ la tsɔ dzidzɔ ɖe asi le woa ŋutɔwo ƒe nudidiwo—woƒe dɔwɔɖuiwo gɔ̃ hã—ŋu heva zu eyomedzelawo. (Mateo 4:18-22; 9:9; Kolosetɔwo 4:14) Ðe nusrɔ̃la mawo nɔ afɔ si agblẽ nu le woƒe etsɔme ŋu la ɖema? De dzesi Yesu ƒe nyawo be: “Amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.” (Mateo 19:29) Yesu ka ɖe edzi na eyomedzelawo be wo Fofo si le dziƒo la nya woƒe nuhiahiãwo. Eyata exlɔ̃ nu wo bena: ‘Miyi edzi mianɔ mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye dim gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.’—Mateo 6:31-33.

5. Aleke dzila aɖewo sena le wo ɖokui me ku ɖe Yesu ƒe kakaɖedzinya si nye be Mawu alé be na eƒe subɔlawo ŋu?

5 Nɔnɔmeawo metrɔ boo egbea o. Yehowa nya míaƒe nuhiahiãwo, eye kakaɖedzi ma ke le amesiwo tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me, vevietɔ amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, la si be alé be na yewo. (Maleaxi 3:6, 16; Petro I, 5:7) Gake dzila aɖewo tsi vedomesi le ŋuɖoɖo ɖe kakaɖedzinya sia ŋu me. Woanya di baa be yewo viwo nawɔ ŋgɔyiyi le Yehowa subɔsubɔ me, eye ɖewohĩ be ɖeviawo nava ƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ɣeaɖeɣi ya. Gake le alesi ganyawo le kple alesi dɔwɔɖui kpɔkpɔ le sesẽm le xexeame egbeae ta la, wosena le wo ɖokui me be ele vevie be yewo viwo nade suku ayi ŋgɔ nyuie gbã, ale be woate ŋu axɔ ɖaseɖigbalẽ siwo hiã hena dɔwɔɖui nyui kpɔkpɔ alo be wòanye nusi ade megbe na wo, ne eva hiã, ya teti. Le dzila siawo gome la, wosusunɛ zi geɖe be nusi suku ƒe hehe nyui xɔxɔ fiae nye be woade suku kɔkɔ.

Dzadzraɖo Ðe Etsɔme Ŋu

6. Gɔmesese ka nue wozã nyagbe “suku kɔkɔ dede” le le nyati sia me?

6 Sukudede ƒe ɖoɖowo to vovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, dziɖuɖu ƒe sukuwo nana gɔmedzesuku ƒe hehe ɖeviwo hena ƒe 12. Le ema megbe la, sukuvi ate ŋu atia be yeade yunivɛsiti ƒe ene alo esi wu nenema akpee, si ana wòaxɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ alo ate ŋu agaxɔ hehe bubuwo akpee le atikewɔwɔŋutinunya, seŋutinunya, mɔ̃ɖaŋuŋutinunya, kple bubuawo ŋu le eƒe yunivɛsitia dede vɔ megbe. Yunivɛsiti ƒe hehexɔxɔ mawoe míezã nyagbe “suku kɔkɔ dede” na le nyati sia me. Le go bubu me la, aɖaŋudɔwo kple asinudɔwo ƒe hehenasukuwo hã li, siwo nyea ɣeyiɣi kpui ƒe hehexɔxɔ si ana woaxɔ aɖaŋudɔ alo asinudɔ sɔsrɔ̃ ƒe ɖaseɖigbalẽ.

7. Nyaƒoɖeamenu kawoe dzea ŋgɔ sukuviwo le sekɛndrisukuwo?

7 Ðoɖo si li egbeae nye be sekɛndrisukuwo alo kɔledziwo, nadzra woƒe sukuviwo ɖo be woadze na suku kɔkɔ dede akpee. Be woate ŋu aɖo woƒe taɖodzinu sia gbɔ la, sekɛndrisuku akpa gãtɔwo ƒe nufiafiawo kuna ɖe nusɔsrɔ̃ siwo dzrana ame ɖo ɖe suku kɔkɔ dede ŋu la ŋu koŋ, si kpena ɖe sukuviawo ŋu be woxɔa dzeside nyuiwo le amexɔxɔ ɖe yunivɛsiti ƒe dodokpɔwo me, tsɔ wu be woafia nusiwo adzra sukuviawo ɖo be woabi ahadze na dɔwɔwɔ le dɔwɔƒe ŋu. Sekɛndrisukuvi siwo li egbea la dzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenu sesẽ siwo tsoa nufialawo, aɖaŋuɖolawo, kple sukuhatiwo gbɔ, be woaʋli bena woate ŋu ava dze na yunivɛsiti nyuitɔwo kekeake dede, afisi woate ŋu akpɔ mɔ be yewoaxɔ ɖaseɖigbalẽ siwo ate ŋu ana be woava kpɔ dɔwɔɖui nyui si ŋu fetu gã akpe ɖo awɔ bɔbɔe.

8. Tiatia kawo wɔwɔe dze ŋgɔ dzila Kristotɔwo?

8 Ke nukae wòle be dzila Kristotɔwo nawɔ? Enye nyateƒe be wodi be yewo viwo nakpɔ dzidzedze le suku eye be woasrɔ̃ aɖaŋu siwo hiã be woatsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzi le etsɔme ya. (Lododowo 22:29) Gake ɖe wòle be woaɖe mɔ ŋutilãmeŋgɔyiyiwɔwɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ ƒe hoʋiʋligbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzia? Taɖodzinu kae dzilawo dea dzi ƒo na wo viwo, to nyagbɔgblɔ alo to kpɔɖeŋu ɖoɖo me, be woaminya? Dzila aɖewo wɔa dɔ sesĩe eye wodzrana ga ɖo be woate ŋu aɖo wo viwo ɖe yunivɛsitiwo le etsɔme. Ame aɖewo yina ɖadoa ga hezua femewo ɖe susu sia ta. Gake ne wole nyametsotso wɔm be woana ɖevi nade suku kɔkɔ la, ele be woabu nu bubu geɖewo ŋu tsɔ wu ga home si wòalɔ ɖe eme ko. Nukawo gbegbee suku kɔkɔ dede lɔ ɖe eme egbea?—Luka 14:28-33.

Nusiwo Gbegbe Suku Kɔkɔ Dede Lɔ Ðe Eme

9. Nukae woate ŋu agblɔ tso ga home si gbegbe suku kɔkɔ dede bia egbea ŋu?

9 Zi geɖe ne míele nusi suku kɔkɔ dede lɔ ɖe eme ŋu bum la, ga home si gbegbe wòabia dzi koe míaƒe susu yina. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua ŋutɔe ɖoa amewo ɖe suku kɔkɔ eye mehiãna be sukuvi siwo dze la naxe sukufe o. Gake le teƒe geɖewo la, suku kɔkɔ dede bia ga gbogbo ŋutɔ eye dzi yim ko wògale. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye New York Times ƒe akpa si woŋlɔa amewo ƒe nukpɔsusu siwo woɖe gblɔ le nya aɖe ŋu ɖo gblɔ be: “Tsã la, wobua suku kɔkɔ dede be enye nu vevi si ʋua mɔnukpɔkpɔwo na ame. Fifia ya la, eva le kpe ɖom vovototo si le kesinɔtɔwo kple amesiwo menye kesinɔtɔwo o dome la dzi.” Ne míagblɔe bubui la, suku kɔkɔ dede ƒe hehexɔxɔ adodoea va le domenyinu zum kabakaba na kesinɔtɔwo kple ameŋkutawo ɖeɖeko, amesiwo dea wo viwo suku kɔkɔ mawo be yewoakpɔ egbɔ be woawo hã va zu kesinɔtɔwo kple ameŋkutawo le xexe sia me. Ðe wòle be dzila Kristotɔwo natia taɖodzinu ma na wo viwoa?—Filipitɔwo 3:7, 8; Yakobo 4:4.

10. Aleke suku kɔkɔ dede do ka kplikplikpli kple nuɖoanyi sia dodo ɖe ŋgɔe?

10 Le teƒe siwo wodea suku kɔkɔ femaxee le gɔ̃ hã la, gbetɔame bubu aɖewo nɔa eme. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Wall Street Journal ka nya ta be le Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe dukɔ aɖe me la, dziɖuɖua “ɖoe koŋ wɔ sukudede ƒe ɖoɖo aɖe si doa sukuvi tagbɔɖaɖɛtɔwo ɖeɖeko ɖe ŋgɔ.” Mlɔeba ɖoɖo sia nana mɔnukpɔkpɔ va sua sukuvi siawo si be woade xexeame ƒe yunivɛsiti nyuitɔwo kekeake siwo ŋu bubu le—abe Oxford kple Cambridge yunivɛsiti siwo le England, Ivy League ƒe suku kɔkɔ siwo le United States, kple bubuawo ene. Nukatae dziɖuɖua wɔ ɖoɖo deŋgɔ ma? Nyatakakaa gblɔ be: “Be wòado dukɔa ƒe ganyawo ɖe ŋgɔ.” Woate ŋu ade sukua femaxee ya, gake nusi koŋ wòaƒã ɖe sukuviawo mee nye agbenɔnɔ si doa nuɖoanyi sia ɖe ŋgɔ. Togbɔ be ame ŋkutawo zuzu ƒe agbenɔnɔ sia nye nusi yome mɔ amewo dina vevie le xexea me hã la, nu mae dzila Kristotɔwo adi na wo viwoa?—Yohanes 15:19; Yohanes I, 2:15-17.

11. Nukae nyatakakawo ɖe fia ku ɖe ahatsunono kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu le yunivɛsiti sukuviwo dome?

11 Nu bubu si ŋu wòle be woabu enye nutoa me. Agbenɔnɔ dzeakaɖawo—atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono, agbegbegblẽnɔnɔ, amebaba, gbɔɖiamenuwo wɔwɔ ɖe sukuvi yeyewo ŋu, kple esia tɔgbewo—bɔ ɖe yunivɛsiti kple suku kɔkɔ bubuwo me. De ŋugble tso ahatsunono ŋu kpɔ. Esi New Scientist magazine nɔ nya ta kam tso eɖoɖo koŋ ano aha amu ŋu la, egblɔ be: “[Yunivɛsiti sukuvi siwo le United States] dometɔ 44 le alafa me ɖonɛ koŋ noa aha muna vlevlevle zi ɖeka le kwasiɖa eve ɖesiaɖe me ya teti.” Kuxi sia ke bɔ ɖe sɔhɛwo dome le Australia, Britain, Russia, kple teƒe bubuwo. Ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu la, nusi le tsia dzi le yunivɛsiti sukuviwo domee nye fiẽ aɖe ko ƒe ahiãdzedze, si ŋu nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Newsweek ka nya ta le be, “enyea zi ɖeka aɖe ko ƒe gbɔdɔdɔnuwɔnawo—eye ete ŋu nyea nuwɔna ɖesiaɖe siwo tsoa nugbugbɔgbugbɔ dzi va ɖo gbɔdɔdɔ ŋutɔ dzi—siwo yia edzi le amenyanyɛwo dome dzro ko evɔ.” Numekuku ɖee fia be sukuvi alafa memama 60 va ɖo 80 kpɔa gome le nuwɔna sia me. Numekula aɖe gblɔ be: “Ne ènye yunivɛsiti sukuvi adodoea tututu ko la, àkpɔ gome le eme.”—Korintotɔwo I, 5:11; 6:9, 10.

12. Nyaƒoɖeamenu kawoe dze ŋgɔ yunivɛsiti sukuviwo?

12 Tsɔ kpe ɖe nuto madeamedzi ŋu la, sukudɔwo kple dodokpɔwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã li. Edze ƒã be ehiã be sukuviwo nasrɔ̃ nu ahawɔ woƒe sukudɔdasiwo be woate ŋu akpɔ dzidzedze le woƒe dodokpɔwo me. Ðewohĩ ahiã be wo dometɔ aɖewo nanɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui aɖe ya teti wɔm tsɔ kpe ɖe sukudedea ŋu. Esiawo katã biana ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. Ekema ɣeyiɣi kple ŋusẽ kae akpɔtɔ woazã ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu? Ne nyaƒoɖeamenuawo va dzi ɖe edzi la, kae woagblẽ ɖi? Ðe woakpɔtɔ aɖo Fiaɖuƒea ƒe nuwo nɔƒe gbãtɔa, alo ɖe woada wo ɖe agaa? (Mateo 6:33) Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Aleke gbegbe wòwɔ nublanui enye si be ame aɖewo de megbe tso xɔse la me le nyaƒoɖeamenu siwo bia ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe ta alo le wo ɖokui ƒoƒo ɖe agbenɔnɔ siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me le yunivɛsiti ta!

13. Biabia kawo ŋue wòle be dzilawo nade ŋugble le?

13 Enye nyateƒe be, menye yunivɛsiti sukuwo me koe agbegbegblẽnɔnɔ, agbemaɖɔʋunɔnɔ, kple nyaƒoɖeamenuwo xɔ aƒe ɖo o. Gake sɔhɛ siwo le xexeame dometɔ geɖe bu nuwɔna mawo katã dzro ko be wonye nusiwo yia edzi le sukudede me ƒe akpa aɖe, eye be wonye nuwɔna siwo sɔ. Ðe wòle be dzila Kristotɔwo naɖoe koŋ ana wo viwo nava nɔ teƒe mawo hena ƒe ene alo ɖewohĩ wu nenema? (Lododowo 22:3; Timoteo II, 2:22) Ðe viɖe siwo ɖeviawo ate ŋu akpɔ tso eme le vevie nenema gbegbe be wòsɔ be woade wo afɔku mawo mea? Vevietɔ wu la, nukawo srɔ̃m ɖeviawo le ku ɖe nusiwo wòle be wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me ŋu le yunivɛsitia? * (Filipitɔwo 1:10; Tesalonikatɔwo I, 5:21) Ele be dzilawo nade ŋugble nyuie ahado gbe ɖa le biabia mawo kple afɔku siwo le wo viwo ɖoɖo ɖe suku le du bubu alo dukɔ bubu me ŋu vevie.

Nukawo Boŋ mee Ame Aƒo Eɖokui Ðo?

14, 15. (a) Togbɔ be nukpɔsusu si dzi ame geɖe da asi ɖo li hã la, Biblia me nuxlɔ̃ame kae ɖea vi egbea? (b) Nya kawoe sɔhɛwo ate ŋu abia wo ɖokui?

14 Egbea, nukpɔsusu si bɔ enye be hafi sɔhɛ aɖe nakpɔ dzidzedze la, nusi ko wòate ŋu awɔe nye be wòade yunivɛsiti. Gake le esi teƒe be Kristotɔwo naxɔ nukpɔsusu si bɔ ade eme la, wowɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃me sia dzi be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na eƒe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, le nuwuɣia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me? Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.” Ðikeke mele eme o be nya siawo ka mí katã egbea.—Timoteo II, 4:5.

15 Le esi teƒe be ŋutilãmenudidi ƒe gbɔgbɔ si le xexeame nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, ehiã be mí katã ‘míanɔ mo xexi’—alé fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Ne sɔhɛ nènye la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mele agbagba dzem alesi mate ŋui be “mawɔ nye subɔsubɔdɔa ade goea,” eye be madze anye Mawu ƒe Nya la ƒe subɔla? Taɖodzinu kawoe le asinye si akpe ɖe ŋunye hena nye subɔsubɔdɔa wɔwɔ ‘bliboe’? Ðe mebu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa tsɔtsɔ wɔ nye agbemedɔe ŋua?’ Esiawo nye biabia sesẽwo, vevietɔ ne èkpɔ be sɔhɛ bubuwo le vuvum ɖe woa ŋutɔwo ƒe nudidiwo ŋu, hele ‘nu gã’ siwo wobu be ana nu nadze edzi na yewo le etsɔme la dim. (Yeremya 45:5) Le esia ta anyo be dzila Kristotɔwo nana hehe nyuitɔ wo viwo nunyatɔe le aƒe alo ƒome si me gbɔgbɔmenuwo xɔa nɔƒe gbãtɔ le tso keke woƒe vidzĩwo me ke.—Lododowo 22:6; Nyagblɔla 12:1; Timoteo II, 3:14, 15.

16. Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu ana wo viwo nanɔ aƒe si me gbɔgbɔmenuwo xɔa nɔƒe gbãtɔ le mee?

16 Ŋutsuvi tsitsitɔ si le ƒome aɖe, si me viŋutsu etɔ̃ le eye wo dada nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla hena ƒe geɖe, me gblɔ be: “Danye léna ŋku ɖe míaƒe hadedewo ŋu vevie. Míedea ha kple míaƒe sukuhatiwo o, ke boŋ míedea ha kple amesiwo le hamea me siwo me mawuvɔvɔ̃ le ko. Azɔ hã, ekpena amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm—dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, Betel-ƒomea me tɔwo, kple mɔɖelawo—vaa míaƒe aƒeme be míade ha ɖekae. Woƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo wogblɔna la sese kple alesi dzi dzɔa woe kpɔkpɔ wɔ akpa vevi aɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒaƒã ɖe mía me me.” Dzidzɔ kae nye si wònye egbea be ŋutsuvi etɔ̃awo katã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm—ɖeka le dɔ wɔm le Betel, ɖeka hã de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku, eye ɖeka hã le mɔɖeɖedɔa wɔm!

17. Mɔfiame kae dzilawo ate ŋu ana wo viwo le sukunusɔsrɔ̃wo kple asinudɔsɔsrɔ̃ ƒe taɖodzinuwo ƒe tiatiawɔwɔ me? (Kpɔ aɖaka si le axa 29.)

17 Tsɔ kpe ɖe aƒe si me gbɔgbɔmenuwo xɔa nɔƒe gbãtɔ le ŋu la, ele vevie hã be dzilawo nate mɔfiame nyui nana wo viwo ku ɖe woƒe taɖodzinuwo le sukunusɔsrɔ̃wo kple asinudɔ si koŋ woadi be yewoatia me ŋu kaba alesi wòanya wɔe. Ðekakpui bubu aɖe, si le dɔ wɔm le Betel fifia, gblɔ be: “Fofonye kple danye siaa wɔ mɔɖeɖedɔa do ŋgɔ na wo nɔewo ɖeɖe kple le wo nɔewo ɖeɖe vɔ megbe, eye wowɔ nusianu si woate ŋui tsɔ ƒã mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe ƒomea me tɔwo katã me. Ɣesiaɣi si míele tiatia wɔm le sukunusɔsrɔ̃wo ŋu alo le nyametsotso siwo aku ɖe míaƒe etsɔme ŋu wɔm la, wodea dzi ƒo na mí ɣesiaɣi be míawɔ tiatia si ana mɔnukpɔkpɔ geɖe wu mí be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui be míate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa.” Le esi teƒe be dzilawo kple ɖeviwo natia sukunusɔsrɔ̃ si dzrana ame ɖo ɖe yunivɛsiti dede ŋu la, ehiã be woabu hehexɔxɔ siwo ade wo dzi le teokrasidɔwo minyaminya me boŋ ŋu. *

18. Dɔwɔna kawoe li siwo ŋu sɔhɛwo ate ŋu ade ŋugble le?

18 Numekuku ɖee fia be le dukɔ geɖe me la, wova le asinudɔwɔlawo kple aɖaŋudɔwɔlawo hiãm vevie ŋutɔ, ke menye amesiwo do le yunivɛsiti o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today ka nya ta be “le ƒe siwo le ŋgɔ gbɔna me la, dɔwɔlawo ƒe alafa memama 70 magahiã yunivɛsiti dede ƒe ene ƒe ɖaseɖigbalẽ kokoko o, ke boŋ dziɖuɖu ƒe dɔfiasuku alo aɖaŋudɔsrɔ̃suku aɖe dede ƒe ɖaseɖigbalẽ si meyi ŋgɔ boo o koe woahiã.” Suku mawo dometɔ geɖe nana hehe ame le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me ku ɖe aɖaŋudɔ siwo hiã le ɔfis, ʋudzadzraɖo, kɔmpiutadzadzraɖo, pɔmpiŋutidɔwo, ɖawɔwɔ, kple asinudɔ bubu geɖewo ŋu. Ðe nusiawo nye dɔ nyuiwoa? Wonyo ŋutɔ! Ðewohĩ womanye dɔ nyuitɔwo kekeake na ame aɖewo ya o, ke hã, wonana mɔnukpɔkpɔ kple ɣeyiɣi geɖe amesiwo Yehowa subɔsubɔ nye dɔ vevitɔ wu na la.—Tesalonikatɔwo II, 3:8.

19. Nukae nye mɔ nyuitɔ kekeake si ahe agbenɔnɔ si me dzidzɔ kple dzidzeme le vɛ na ame?

19 Biblia xlɔ̃ nu be: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa . . . Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.” (Psalmo 148:12, 13) Ðikeke aɖeke mele eme o be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ na Yehowa si woatsɔ awɔ agbemedɔe ye nye mɔ nyuitɔ kekeake si ahe agbenɔnɔ si me dzidzɔ kple dzidzeme le vɛ na ame, ne míetsɔe sɔ kple ɖoƒewo kple teƒeɖoɖo siwo xexeame nana. Biblia ƒe kakaɖedzinamenya sia nenɔ susu me na wò be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.”—Lododowo 10:22, NW.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, May 1, 1982, axa 3-6; April 15, 1979, axa 5-10; Nyɔ! June 8, 1978, axa 15; kple August 8, 1974, axa 3-7, hena amesiwo bu teokrasi henana nu vevii wu yunivɛsiti nusɔsrɔ̃ la ŋuti nyatakakawo.

^ mm. 17 Kpɔ nyati si nye “Wole Agbe Dedie Nɔnɔ Dim,” le Nyɔ! October 8, 1998, ƒe axa 4-6, kple nyati si nye “Agbemedɔ Kae Wòle Be Matia?” le Eŋlisigbe me Nyɔ! May 8, 1989, ƒe axa 12-14.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nuka ŋue Kristotɔwo ɖoa ŋu ɖo be ana etsɔme like yewo?

• Kuxi kawoe dze ŋgɔ dzila Kristotɔwo ku ɖe wo viwo ƒe etsɔme ŋu?

• Nuka ŋue wòle be woabu ne wole ŋugble dem le nusi suku kɔkɔ dede lɔ ɖe eme ŋu?

• Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatsɔ Yehowa subɔsubɔdɔ ƒe akpa aɖe koŋ awɔ woƒe agbemedɔe?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 29]

Ðe Viɖe aɖe Le Suku Kɔkɔ Dede Ŋua?

Amesiwo dea yunivɛsiti dometɔ akpa gãtɔ kpɔa mɔ be yewoava xɔ ɖaseɖigbalẽ si ana be yewoakpɔ dɔ si yewoawɔ ɣeyiɣi didi, si ŋu fetu nyui le. Gake dziɖuɖu ƒe nyatakakawo ɖee fia be, sukuvi siwo dea yunivɛsiti ƒe ade la dometɔ ɖeka le ene ɖesiaɖe me koe te ŋu xɔa ɖaseɖigbalẽ nyui—eye enye nublanuinya be ame ʋɛ mawo koe kpɔa dzidzedze. Ðaseɖigbalẽ nyui si ame ʋɛ mawo xɔ ɖe, ɖe kakaɖedzi li be woakpɔ dɔ nyui awɔ kokokoa? De dzesi nusi nyitsɔ laa ƒe numekuku kple nusɔsrɔ̃wo ɖe ɖe go.

“Harvard yunivɛsiti alo Duke yunivɛsiti dede menye kakaɖedzi be dɔwɔɖui si nyo wu kple fetu si lolo wu asu ame si o. . . . Adzɔhawo menyana nu boo aɖeke tso sɔhɛ si va le dɔ dim le wo gbɔ la ŋu o. Ðaseɖigbalẽ si ŋu bubu le (abe Ivy League yunivɛsiti ƒe ɖaseɖigbalẽ xɔxɔ ene) ate ŋu ana woade bubu ame ŋu ya. Gake le ema megbe la, nusi amewo ate ŋu awɔ loo alo womate ŋu awɔ o koŋue nɔna vevie na dɔtɔwo.”—Newsweek, November 1, 1999.

“Togbɔ be dɔ siwo wowɔna egbea biana aɖaŋu deŋgɔwo wu alesi wònɔ tsã hã la . . . , aɖaŋu adodoe siwo ƒe hehe woxɔna le sekɛndrisuku alo kɔledzi—siwo ƒe ɖewoe nye akɔnta, nuxexlẽ, kple nuŋɔŋlɔ siwo wofiana le klass mamlɛa me—nyanya nyuie koe hiã hena dɔ siawo wɔwɔ . . . ke menye yunivɛsiti nusɔsrɔ̃ ƒe aɖaŋuwo o. . . . Mehiã kokoko be sukuviwo nade yunivɛsiti hafi akpɔ dɔ nyui awɔ o, ke hã, ehiã be woaɖu tu na sekɛndrisuku nusɔsrɔ̃wo ƒe aɖaŋuwo nyuie.”—American Educator, Spring 2004.

“Yunivɛsiti akpa gãtɔ tra ɖa kura tso sukuviwo dzadzra ɖo be woate ŋu ava nye dɔwɔla siwo ate ŋu akpe akɔ kple alesi tututu nuwo le edzi yim le xexeame ne wova do le suku la gbɔ. Asinudɔsrɔ̃sukuwo . . . va le dzidzim ɖe edzi kabakaba ŋutɔ. Tso ƒe 1996 va ɖo ƒe 2000 me la, amesiwo ŋlɔ ŋkɔ hena suku siawo dede la dzi ɖe edzi alafa memama 48. . . . Le ɣeyiɣi siawo katã me la, yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ ƒe amesisusu, si bia ga gbogbo eye wògblẽa ɣeyiɣi geɖe na ame, ya megava le ɖeke me nɔm tututu o.”—Time, January 24, 2005.

United States Dɔwɔlawo ƒe Nyagbɔkpɔƒe ƒe akɔnta siwo wòbu tso ƒe 2005 bliboa ŋu ɖee fia nublanuitɔe be yunivɛsitinuwula siwo de sukua ƒe ene la katã dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me ya teti makpɔ dɔ si sɔ ɖe woƒe ɖaseɖigbalẽ ƒe kpekpeme nu la awɔ o.—The Futurist, July/August 2000.

Le esiawo katã ta la, nufiala geɖewo va le ɖi kem ne viɖe aɖe le suku kɔkɔ dede me egbea. Magazine si nye Futurist ka nya ta be: “Míele hehe nam amewo ɖe etsɔme ŋu le mɔ si mesɔ o nu.” To vovo na esia la, de dzesi nusi Biblia gblɔ tso Mawu ŋu: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:17, 18.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wogbe nu le woa ŋutɔwo ƒe nuwo didi gbɔ eye wodze Yesu yome

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nunyatɔe la, dzila Kristotɔwo nana hehe wo viwo le aƒe si me gbɔgbɔmenuwo xɔa nɔƒe gbãtɔ le me tso keke woƒe vidzĩwo me ke