Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzinyelawo Ƒe Kpɔɖeŋu Do Ŋusẽm Ŋutɔ

Dzinyelawo Ƒe Kpɔɖeŋu Do Ŋusẽm Ŋutɔ

Agbemeŋutinya

Dzinyelawo Ƒe Kpɔɖeŋu Do Ŋusẽm Ŋutɔ

ABE ALESI JANEZ REKELJ GBLƆE ENE

Ƒe 1958 mee. Mía kple srɔ̃nye, Stanka, míelia Karawanken ƒe Alps-to si le Yugoslavia kple Austria ƒe liƒo dzi, eye míenɔ agbagba dzem be míasi ayi Austria. Afɔku le to sia lialia ayi eƒe go kemɛ dzi me, elabena Yugoslavia srafo siwo nɔ tsatsam le dea dzi la ɖoe kplikpaa be yewomaɖe mɔ ame aɖeke natso dea o. Míezɔ vie yi ŋgɔ ɖado ɖe toa ƒe akpa si dzɔ kã la ƒe tsutsuẽƒe. Mía kple Stanka míekpɔ toa ƒe akpa si le Austria gome la kpɔ o. Míeɖo ta ɣedzeƒe vaseɖe esime míeva ɖo teƒe glidzaglidza aɖe si ɖi abu, si dzi kpewo le. Míelé tapolin siwo míetsɔ ɖe asi la ɖe asi sesĩe eye míeɖiɖi ɖe toa ƒe go kemɛ dzi evɔ míenya nusi ava dzɔ ɖe mía dzi le afima o.

MINA magblɔ alesi míewɔ hafi va ɖo nɔnɔme ma me kple alesi nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si dzinyelawo ɖo la ʋãmee be mekpɔtɔ nye nuteƒewɔla na Yehowa le ɣeyiɣi sesẽwo me la na mi.

Slovenia, si nye dukɔ sue aɖe si le Titina Europa egbea, ye menɔ tsi. Ele Europa ƒe Alps-towo ŋu, eye Austria le dziehe gome nɛ, Italy le eƒe ɣetoɖoƒe, Croatia le eƒe anyiehe gome, eye Hungary le eƒe ɣedzeƒe. Gake esime wodzi dzinyelawo, siwo ŋkɔwoe nye Franc kple Rozalija Rekelj la, Slovenia nye Austria kple Hungary Fiaɖuƒe Ƒokpli la ƒe akpa aɖe. Esi Xexemeʋa I ke la, Slovenia va zu dukɔ yeye aɖe si woyɔna be Serbiatɔwo, Croatiatɔwo, kple Sloveniatɔwo ƒe Fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe. Le ƒe 1929 me la, wotrɔ dukɔa ƒe ŋkɔ wòzu Yugoslavia, si gɔme ŋutɔŋutɔe nye “Anyiehe Slavia.” Ƒe ma ke ƒe January 9 lia dzie wodzim, le kɔƒedu si nye Podhom, si te ɖe Bled-ta dzeani ŋu, me.

Katoliko subɔsubɔha ƒe nufiafiawo koŋue wotsɔ nyi danyee. Danye tɔɖiawo dometɔ ɖeka nye nunɔla eye teawo dometɔ etɔ̃ nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo. Dada di vevie be Biblia nasu ye si, ale be yeaxlẽe ase egɔme. Gake subɔsubɔ me nuwɔnawo metsɔa fu le lãme na Papa ya o. Alesi subɔsubɔhawo ƒo wo ɖokui ɖe Xexemeʋa I me le ƒe 1914-18 la nyɔ ŋu nɛ ale gbegbe.

Nyateƒea Sɔsrɔ̃

Ɣeyiɣi aɖe le aʋa la ƒe keke vɔ megbe la, Janez Brajec, si woa kple danye nye tɔgãtɔɖiviwo la, kpakple srɔ̃a Ančka, va zu Biblia-nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Wonɔ Austria ɣemaɣi. Tso ƒe 1936 me lɔƒo tsɔ yi la, Ančka, va nɔ Dada srãm kpɔ hena ɣeyiɣi aɖe. Etsɔ Biblia, Gbetakpɔxɔ aɖewo kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubu siwo le Sloveniagbe me na Dada, eye mehe ɖe megbe kura le wo xexlẽ me o. Mlɔeba la, le esi Hitler va dze Austria dzi hexɔe le ƒe 1938 me ta la, Janez kple Ančka, gbugbɔ trɔ yi Slovenia. Meɖo ŋku edzi be wonye srɔ̃tɔ siwo nya agbalẽ, siwo lɔ̃ Yehowa vevie tso dzi me. Wodzroa Biblia me nyateƒeawo me kple Dada zi geɖe, eye numedzodzro siawo ʋa Dada be wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1938 me.

Esi Dada dzudzɔ gomekpɔkpɔ le kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, abe Kristmas ɖuɖu ene; agbodzomle ɖuɖu, eye vevietɔ esi wòlɔ nɔnɔmewɔwɔ siwo katã le esi hetɔ dzo wo la, nutoa me tɔwo te liʋiliʋi lili vevie. Tsitretsiɖeŋu kplɔe ɖo enumake. Dada teawo, siwo nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔlaawo, tsɔe ɖo wo ɖokui dzi ŋlɔ lɛtawo nɛ wodze agbagba be yewoable enu be wòatrɔ gbɔ va Maria gbɔ kple sɔlemehaa me. Gake esi Dada hã ŋlɔ lɛta na wo hebia Biblia me nya vevi aɖewo ƒe ŋuɖoɖo wo la, mexɔ ŋuɖoɖo kui ɖeka hã tso wo gbɔ o. Tɔgbuinye, si nye danye fofo, hã tsi tre ɖe danye ŋu vevie. Menye ame tovoe wònye ya o, gake ƒometɔwo kple nutoa me tɔwo nɔ nya ƒom ɖe enu ale gbegbe. Nyaƒoɖeamenu siawo wɔe be wògblẽa Dada ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo dome zi geɖe, gake meka asi Biblia ya ŋu o. Edze klo ɖe kuku na danye be wòagbugbɔ atrɔ va sɔlemeha la me. Tɔgbui ƒe tsitretsiɖeŋua nu va sẽ ale gbegbe be wògblɔ na danye be ne metrɔ va sɔlemehaa me o la, yeatɔ hɛe. Gake Papa ɖe eme na tɔgbuinye kaŋ be yemanɔ anyi ade asi atame anɔ ekpɔm wòayi edzi anɔ nenem nu mawo wɔm o.

Papa yi edzi de Dada dzi le gome si le esi be wòasrɔ̃ Biblia ahawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le eƒe dzixɔsewo ŋu me. Le ƒe 1946 me la, eya hã xɔ nyɔnyrɔ. Alesi Yehowa do ŋusẽ danye be wòatsi tre sesĩe vɔvɔ̃manɔmee togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã kple alesi Yehowa yrae ɖe eƒe xɔse ta la teƒe kpɔkpɔ ʋãm be matu ƒomedodo ɖo ɖe mía kple Mawu dome. Alesi wòzu numame na Dada be wòxlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nam mesena la hã ɖe vi nam ŋutɔ.

Dada wɔna numedzodzro didiwo kple nɔvia Marija Repe, eye mlɔeba la, mía kple daɖia Marija míexɔ nyɔnyrɔ le ŋkeke ɖeka dzi le July 1942 ƒe domedome. Nɔviŋutsu aɖe va ƒo nuƒo kpui aɖe na mí, wonyrɔ mí le nuƒoa ƒoƒo vɔ megbe le míaƒe aƒeme, le nugo gã aɖe si me woku tsi ɖo la me.

Dɔ Sesẽ Wɔwɔ le Xexemeʋa II Wɔɣi

Le ƒe 1942 me, esime wonɔ Xexemeʋa II wɔm la, Germany kple Italy va dze Slovenia dzi hexɔe, eye dukɔ eve siawo, hekpe ɖe Hungary ŋu ma Slovenia me ɖe wo nɔewo dome. Dzinyelawo gbe be yewomage ɖe Volksbund, si nye Nazitɔwo ƒe habɔbɔ, me o. Megbe be nyemagblɔ “Heil Hitler” le suku o. Anɔ eme be míaƒe nufiala kɔ to dzi na míaƒe sukutatɔ le nye gbegbe be nyemagblɔ nya ma o ŋu.

Wode mí keteke aɖe yi dɔsesẽwɔsaɖa aɖe si ŋu woɖo gli kɔkɔ aɖe ɖo me, si te ɖe kɔƒe aɖe si le Hüttenbach ŋu, le Bavaria. Papa wɔ ɖoɖo nam be manɔ abolomela aɖe si le nuto ma me gbɔ ahawɔ dɔ kplii. Le ɣeyiɣi siawo me la, mesrɔ̃ abolo meme, si nye dɔ si va ɖe vi nam ŋutɔ emegbe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖe míaƒe ƒomea me tɔwo katã (Danyeɖia Marija kple eƒe ƒomea hã le eme) yi gakpɔ si le Gunzenhausen me.

Esi aʋaa ke la, meɖoe be mazɔ mɔ kple ƒuƒoƒo aɖe ayi dzinyelawo gbɔ. Le fiẽ si do ŋgɔ na ŋkeke si míadze mɔ me la, Papa va do. Ne ɖe meyi kple ƒuƒoƒo ma la, nyemenya afisi mava do ɖo o elabena ameawo menye amesiwo dzi woaka ɖo o. Megakpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ake le alesi wòzã dzinyelawo tsɔ kpɔ tanye kple le hehe nanam me ta. Mía kple Papa míezɔ azɔli ŋkeke etɔ̃ hafi ɖo míaƒe ƒomea gbɔ. Kaka June 1945 naɖo la, mí katã míetrɔ gbɔ va aƒe.

Le aʋaa megbe la, Kɔmiunisttɔ siwo nɔ Dukplɔla Josip Broz Tito ƒe kpɔkplɔ te la va zia dzi le Yugoslavia. Esia wɔe be nɔnɔmeawo gakpɔtɔ sesẽ na Yehowa Ðasefowo kokoko.

Le 1948 me la, nɔviŋutsu aɖe si tso Austria va srã mí kpɔ eye wòɖu nu kpli mí ɖekae. Afisiafi si wòayi ko la, kpovitɔwo tia eyome eye woléa amesiwo katã nɔviŋutsua yi ɖasrã kpɔ la. Wolé Papa hã le esi wòlɔ̃ wòva dze egbɔ eye metrɔ eta na kpovitɔwo o ta, eye Papa yi mɔ̃ ƒe eve ɖe esia ta. Nusia nye taɖui na Dada ŋutɔ menye ɖe Papa ƒe anyimanɔmanɔ ɖeɖeko ta o, ke hã ɖe alesi wònya be woawɔ fu mía kple nɔvinyeŋutsu ɖe míaƒe akpaɖekedzimademade ta.

Gakpɔ Me Nɔnɔ le Macedonia

Le November 1949 me la, wobia tso asinye be mava zu asrafo. Meyi ɖe ameawo gbɔ eye meɖe alesi nye dzitsinya meɖe mɔ nam be mazu asrafo o la me na wo. Dziɖuɖumegãwo mexɔ nye numeɖeɖea kura o eye wode mía kple ame yeye siwo woxɔ ɖe asrafodɔa me la keteke aɖe me ɖo ta Macedonia, si le Yugoslavia ƒe go kemɛ dzi.

Afima yiyi wɔe be nyemegakpɔ nye ƒomea alo se wo ŋkɔ kpɔ o hena ƒe etɔ̃, Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke alo Biblia gɔ̃ hã menɔ asinye o. Menɔ bɔbɔe nam kura o. Ŋugbledede le Yehowa kple Via, Yesu Kristo, ƒe kpɔɖeŋu ŋue lém ɖe te. Dzinyelawo ƒe kpɔɖeŋuwo hã do ŋusẽm ŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, gbedodoɖa atraɖii kpe ɖe ŋunye be mɔkpɔkpɔ mebu ɖem o.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖom ɖe gakpɔ aɖe si le Idrizovo, si te ɖe Skopje ŋu, me. Le gakpɔ sia me la, gamenɔlawo wɔa dɔ vovovowo. Le gɔmedzedzea me la, menye dzadzɛnyenyedɔwɔla eye emegbe meva zu dɔtsɔla tso ɔfis yi ɔfis. Togbɔ be gamenɔla aɖe si nye adzamekpovitɔ tsã wɔa fum eye mekɔa mo ɖem o hã la, mía kple amesiame—dzɔlawo, gamenɔlawo, dɔwɔƒe si le gakpɔa me dzikpɔla gɔ̃ hã—míewɔa dɔ ɖekae le ŋutifafa me.

Emegbe mese be wonɔ abolomela dim be wòawɔ dɔ le gakpɔa ƒe abolomeƒe. Ŋkeke ʋɛ aɖewo le ema megbe la, dɔwɔƒea dzikpɔla va teƒe si mí gamenɔlawo katã míeɖo fli ɖo. Ezɔ to flia me va tɔ ɖe ŋgɔnye eye wòbiam be, “Abolomelae nènyea?” Meɖo eŋu be: “Ẽ, amegã.” Egblɔ nam be: “Va abolomeƒea etsɔ ŋdi.” Gamenɔla si wɔa fum la va toa abolomeƒea yina zi geɖe gake naneke meli wòawɔ le eŋu o. Mewɔ dɔ le afima tso February vaseɖe July le ƒe 1950 me.

Emegbe woɖem yi asrafowo ƒe nɔƒe si woyɔna be Volkoderi, si le Macedonia ƒe anyiehe, si nye teƒe si te ɖe Prespa-ta la ŋu. Le Otešovo si nye du si te ɖe mía ŋu me la, mete ŋu ŋlɔa lɛtawo le afima ɖona ɖe ƒonyemeawo le aƒe. Mewɔa dɔ kple gamenɔla mɔdolawo ɣeaɖewoɣi, gake zi geɖe la mewɔa dɔ le abolomeƒea, si wɔe be nɔnɔmeawo nɔ bɔbɔe nam vie. Woɖem le game le November 1952 me.

Le ɣeyiɣi si me nyemeganɔ Podhom o la, woɖo hame aɖe ɖe afima. Gbã la, hamea kpena le amedzrodzeƒe sue aɖe si le Spodnje Gorje la me. Emegbe la, Papa tsɔ xɔ aɖe le míaƒe aƒea me na be hamea nanɔ kpekpem le eme. Esi megbɔ tso Macedonia la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva nɔ hame sia me. Megbugbɔ dzo de kadodo si nɔ mía kple Stanka, si medo go hafi wokplɔm yi ɖade game, dome nyuie. Le April 24, 1954 me la, míeɖe mía nɔewo. Gake esusɔ vie ko ne ablɔɖe si me mele la nawu enu.

Gakpɔ Me Nɔnɔ le Maribor

Le September 1954 me, esi wogayɔm hena asrafodɔ wɔwɔ la, megagbe. Fifia ya la, woɖoe nam be manɔ mɔ̃ wòadidi wu ƒe etɔ̃ kple afã le gakpɔ aɖe si le Maribor, si le Slovenia ƒe ɣedzeƒe gome, me. Esi menya kpɔ mɔnu aɖe ko la, meƒle pɛpa aɖewo kple nuŋlɔtiwo. Mete nusianu si dzi mete ŋu ɖo ŋkui ŋɔŋlɔ—siwo nye mawunyakpukpuiwo, nya siwo dze le Gbetakpɔxɔ me, kple nya tuameɖo siwo le Kristotɔwo ƒe agbalẽ bubuwo me. Mexlẽa nye nuŋlɔɖiawo eye meŋlɔa nya bubu siwo dzi nye ŋku dze la hã ɖe agbalẽ si metsɔ pɛpawo wɔe la me. Va ɖo afi aɖe la, agbalẽa yɔ eye esia kpe ɖe ŋunye be nye susu nɔ nyateƒea ŋu si wɔe be ŋusẽ kpɔtɔ nɔ ŋunye le gbɔgbɔ me. Gbedodoɖa kple ŋugbledede hã nye nusiwo do ŋusẽm ŋutɔ le gbɔgbɔ me, si wɔe be dzi nɔa ƒonye geɖe le nyateƒea gbɔgblɔ na ame bubuwo me.

Le ɣeyiɣi siawo me la, lɛta ɖeka ko ŋue woɖe mɔ nam le be maxɔ le ɣleti ɖeka me eye ame aɖe ate ŋu ava srãm kpɔ miniti 15 ko zi ɖeka le ɣleti ɖeka me. Stanka ɖoa keteke hezɔa mɔ zã bliboa katã ale be wòate ŋu ava srãm kpɔ ŋdi kanya le gaxɔa me, eye wòtrɔna dzona gbemagbe ke. Sasrãkpɔ siawo de dzi ƒo nam ale gbegbe. Emegbe meɖe afɔ aɖe si awɔe be Biblia nasu asinye. Mía kple Stanka míenɔ anyi ɖe kplɔ̃ aɖe ŋu hedze ŋgɔ mía nɔewo, eye woɖe dzɔla aɖe be wòadzɔ mía ŋu. Esi dzɔla la ƒe ŋku nya ge le mía ŋu vie ko la, mewɔ kaba tsɔ lɛta aɖe de Stanka ƒe bag-vi si wòtsɔ vɛ la me, meŋlɔ ɖe lɛta la me be wòatsɔ Biblia ade bag me atsɔ vɛ nam ne wògagbɔna nye srã ge akpɔ.

Stanka kple dzinyelawo susui be afɔku gã aɖe le nusia wɔwɔ me, eyata woɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe axa aɖewo boŋ de yevubolowo me tsɔ vɛ nam. Mɔnu sia zazã wɔe be Biblia si mehiã na vevie la su asinye. Woto mɔ ma ke nu tsɔ Gbetakpɔxɔ siwo me nyawo Stanka gbugbɔ ŋlɔ kple asi la vɛ nam. Ne wònya tsɔ wo vɛ ko la, nye ŋutɔ megbugbɔna ŋlɔa nyaawo ɖe nye agbalẽ me eye mevuvuna pɛpa siwo dzi wòŋlɔ nuawo ɖo tsɔ vɛ nam ale be ame aɖeke magakpɔ nyatiawo adi be yenya afisi mekpɔ wo tsoe o.

Le alesi nyemewɔa kuvia le ɖaseɖiɖi na amewo me o ta la, hati gamenɔlawo gblɔ nam be wole nye lé ge atu nu kplim kokoko. Gbeɖeka la, menɔ Biblia me dzrom vevie kple hati gamenɔla aɖe. Kasia koa, ame aɖee nye ma ƒo safui ɖe ʋɔa me le egodo heʋui, dzɔla aɖee nye ma ge ɖe xɔa me. Enumake mesusui be wole nye ɖe ge aɖade ameɖekɛgaxɔ me. Gake menye susu ma tae dzɔla la ge ɖe xɔa me ɖo o. Ese nusi me dzrom míenɔ eye eya hã di be yeakpɔ gome le eme kpli mí. Esi meɖo nya siwo katã wòbia la ŋu wòdze eŋu nyuie vɔ la, edo go eye wòtu gaxɔa ɖe mía nu.

Le nye gamenɔɣi ƒe ɣleti mamlɛa me la, gaxɔdzikpɔlagã si kpɔa gamenɔlawo ƒe nyawo dzi kafum ɖe alesi meku ɖe nyateƒea ŋu goŋgoŋ la ta. Mekpɔe dze sii be esia nye teƒeɖoɖo dodzidzɔname aɖe ɖe agbagba siwo medze be mana woanya Yehowa ƒe ŋkɔ ta. Le May 1958 me la, wogaɖe asi le ŋunye ake le game.

Sisi Yi Austria, Emegbe Yi Australia

Le August 1958 me la, danye ku. Eƒe lãme gblẽ hena ɣeyiɣi aɖe. Emegbe le ƒe 1958 ƒe September me la, woagabia tso asinye, zi etɔ̃lia, be mava wɔ asrafodɔ. Le fiẽ ma me la, mía kple Stanka míewɔ nyametsotso vevi aɖe si na míeva do ɖe de ma si tsotso mele bɔbɔe o la dzi abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea me ene. Le ame aɖeke ƒe manyamanya me la, míetsɔ tapolin eye míeƒo te nu ʋɛ aɖewo de akplo me kpla ɖe dzime eye míeto fesre nu heɖo ta Austriatɔwo ƒe de, si le Stol-toa ƒe ɣetoɖoƒe gome, dzi. Edze abe ɖe Yehowa kplɔ mí dedie eye wònya be míehiã na gbɔdzɔe aɖe tɔgbe ene.

Austriatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo ɖo mí ɖe sitsoƒesaɖa aɖe si te ɖe Salzburg ŋu me. Le ɣleti ade siwo míetsɔ nɔ afima me la, míebɔa ha kple Ðasefo siwo nɔ nutoa me ɣesiaɣi, si wɔe be ƒãa hafi míenɔa asaɖa la me. Ewɔ nuku na asaɖaa me tɔwo le alesi míete ŋu dze xɔ̃wo le ɣeyiɣi kpui ma me ta. Ɣeyiɣi sia mee nye zi gbãtɔ si míede takpekpe. Ɣemaɣi hãe nye zi gbãtɔ si míeɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme kplamatsedonu aɖeke manɔmee. Nu sesẽe wònye na mí be míagblẽ xɔlɔ̃ vevi siawo ɖi esime ɣeyiɣi de na mí be míadzo.

Austriatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo lɔ̃ ɖe edzi na mí be míaʋu ayi Australia. Meva susu me na mí kpɔ be míayi didiƒe nenema gbegbe o. Míeɖo keteke yi Genoa, le Italy, eye emegbe míeɖo meli yi ɖe Australia. Mlɔeba la, míeyi ɖanɔ dugã si nye Wollongong me, le New South Wales. Afisiae míedzi mía viŋutsu, Philip, le le March 30, 1965, dzi.

Australia nɔnɔ ʋu subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gbogbo aɖewo na mí, siwo dometɔ ɖekae nye gbeƒãɖeɖe na amesiwo ʋu tso teƒe siwo woyɔna tsã be Yugoslavia va la. Míedaa akpe na Yehowa ɖe eƒe yayra, siwo dometɔ ɖekae nye alesi míete ŋu subɔe abe ƒome wɔɖeka ene, la ta. Mɔnukpɔkpɔ su Philip kple srɔ̃a, Susie, si be wole subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia, eye mɔnukpɔkpɔ su wo si be wosubɔ ƒe eve le alɔdzedɔwɔƒe si le Slovenia gɔ̃ hã.

Togbɔ be tsitsi wɔe be dɔléle ɖea fu na mí hã la, mía kple srɔ̃nye míegasea vivi le míaƒe Yehowa subɔsubɔ me kokoko. Medaa akpe vevie ɖe dzinyelawo ƒe kpɔɖeŋu nyuia ta! Kpɔɖeŋua yi edzi le ŋusẽ domem, eye wòkpena ɖe ŋunye mewɔna ɖe nya siwo apostolo Paulo gblɔ la dzi be: “Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!”—Romatɔwo 12:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dzinyelawo, le ƒe 1920-awo ƒe nuwuɣiwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Danye, le ɖusi me, kple Ančka, amesi fia nyateƒeae

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mía kple srɔ̃nye, Stanka, le míaƒe srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe teti

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Hame si kpena le míaƒe aƒeme le ƒe 1955 me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple srɔ̃nye, kple mía viŋutsu, Philip kple srɔ̃a, Susie