Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Ŋudzɔ”—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo La Ðo!

“Minɔ Ŋudzɔ”—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo La Ðo!

“Minɔ Ŋudzɔ”​—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo La Ðo!

Wotu nya siwo le nusɔsrɔ̃nyati sia me la ɖe agbalẽ gbadza si nye Minɔ Ŋudzɔ! si woɖe ɖe go le nutome gã takpekpe siwo wowɔ le xexeame godoo le ƒe 2004/05 me la dzi.

“Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.”​—Mateo 24:42.

1, 2. Nukae Yesu tsɔ eƒe vava sɔ kplii wòsɔ nyuie?

NUKAE nàwɔ ne ènya be fiafitɔ aɖe le gegem ɖe aƒewo me le adzame hele nuwo fim le miaƒe nutoa me? Be nàkpɔ wò ame veviwo kple wò nunɔamesiwo ta la, ànɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ. Abe alesi míenyae ene la, fiafitɔ meɖoa nyanyanagbalẽ ɖe ame le ɣeyiɣi si me wòava ŋuti o. Ke boŋ ɖe wòvana le vome.

2 Yesu zã alesi fiafitɔ va lilia amee tsɔ wɔ kpɔɖeŋui zi geɖe. (Luka 10:30; Yohanes 10:10) Yesu na nuxlɔ̃ame sia ku ɖe nudzɔdzɔ siwo anɔ edzi yim le nuwuɣia me va de asi na esime wòava adrɔ̃ fɔbuʋɔnu amewo ŋu bena: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o. Ke minya esia bena, ɖe wònye aƒeatɔ anya zã ƒe ŋudzɔɣi, si me fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe bena, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.” (Mateo 24:42, 43) Eyata Yesu tsɔ eƒe vava sɔ kple fiafitɔ ƒe vava​—le vome.

3, 4. (a) Nukae Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si ku ɖe eƒe vava ŋu dzi wɔwɔ lɔ ɖe eme? (b) Biabia kawoe fɔ ɖe te?

3 Kpɔɖeŋua sɔ nyuie, elabena míanya ɣeyiɣi si dzi tututu Yesu le vava ge o. Do ŋgɔ na ema la, Yesu gblɔ le nyagblɔɖi ma ke me be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.” (Mateo 24:36) Eyata Yesu xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo bena: ‘Minɔ dzadzraɖoɖi.’ (Mateo 24:44) Amesiwo wɔna ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi la anɔ dzadzraɖoɖi, anɔ nu wɔm le mɔ si sɔ nu, eɖanye ɣekaɣie wòava abe Yehowa ƒe Ametsrɔ̃la ene o.

4 Biabia vevi aɖewo fɔ ɖe te: Dzimaxɔsetɔwo ŋu koe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea ku ɖoa, alo ɖe wòle be wòana Kristotɔ vavãwo hã ‘nanɔ ŋudzɔa’? Nukatae wòhiã kpata be ‘míanɔ ŋudzɔ ɖo,’ eye nukae esia lɔ ɖe eme?

Amekawoe Nuxlɔ̃amea Le Yiyim Na?

5. Aleke míewɔ nya be Kristotɔ vavãwoe nuxlɔ̃ame si nye “minɔ ŋudzɔ” la yi na?

5 Enye nyateƒe be Aƒetɔ la ƒe vava anɔ abe alesi fiafitɔ vanae ene na dzimaxɔsetɔwo, amesiwo gbea toɖoɖo nuxlɔ̃ame si nam wole tso afɔku si tu aƒe ŋu. (Petro II, 3:3-7) Ke Kristotɔ vavãwo ya ɖe? Apostolo Paulo ŋlɔ na haxɔsetɔwo bena: “Mia ŋutɔwo mienyae kɔte bena, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.” (Tesalonikatɔwo I, 5:2) Míeka ɖe edzi nyuie be “[Yehowa] ƒe ŋkeke la gbɔna.” Gake ɖe ema na alesi wòhiã be míanɔ ŋudzɔe la dzi ɖe kpɔtɔa? De dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe wògblɔ na be: ‘Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.’ (Mateo 24:44) Do ŋgɔ na ema, esi Yesu nɔ nu xlɔ̃m eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ fiaɖuƒea didi dzi la, egblɔ na wo be: ‘Minɔ dzadzraɖoɖi; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si miele mɔ kpɔm nɛ o la dzi.’ (Luka 12:31, 40) Ðe eme mekɔ ƒã be Yesu yomedzelawoe nɔ susu me nɛ hafi wòxlɔ̃ nu be, “Minɔ ŋudzɔ” oa?

6. Nukatae wòhiã be ‘míanɔ ŋudzɔ’ ɖo?

6 Nukatae wòhiã be ‘míanɔ ŋudzɔ’ eye ‘míanɔ dzadzraɖoɖi’? Yesu ɖe eme be: “Ame eve woanɔ abɔ me; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi; nyɔnu eve woanɔ teƒo; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi.” (Mateo 24:40, 41) Amesiwo “woaxɔ” alo amesiwo atsi agbe ne wotsrɔ̃ xexe mavɔ̃mawu sia anye amesiwo ɖee fia be yewole dzadzraɖoɖi. “Woagblẽ” ame bubuwo ya ɖi woatsrɔ̃ elabena woyi edzi dze woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ƒe mɔ yome. Amesiawo dometɔ aɖewo anye amesiwo nya nyateƒea tsã gake womeyi edzi nɔ ŋudzɔ o.

7. Nukae nuɖoanyi xoxo sia ƒe tsɔtsrɔ̃ɣi si míenya o la na mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ?

7 Nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuɣi si míenya o la na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be susu nyui ye le mía si míetsɔ le Yehowa subɔmee. Alekee? Ðewohĩ adze na mí abe ɖe nuwuwua ƒe vava teƒe le didim ene. Nublanuitɔe la, Kristotɔ aɖewo siwo se le wo ɖokui me alea ɖe mɔ dzo si nɔ wo me ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la nu tsi. Ke hã, esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míetsɔ mía ɖokui nɛ bliboe be míasubɔe. Amesiwo dze si Yehowa nyae be makpɔ ŋudzedze aɖeke ɖe dzonɔameme si woalala ʋuu ava ɖe afia le ɣeyiɣi si ado ŋgɔ teti na nuwuwua ƒe vava me la ŋu o. Enya nusi le ame ƒe dzi me.—Samuel I, 16:7.

8. Aleke lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí be míenɔa ŋudzɔe?

8 Esi míelɔ̃ Yehowa vavã ta la, eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. (Psalmo 40:9; Mateo 26:39) Eye míedi be míasubɔ Yehowa yi ɖe mavɔmavɔ me. Asixɔxɔ si le mɔkpɔkpɔ ma ŋu dzi meɖe kpɔtɔ o le esi wòle be míalala wòadidi vie wu alesi míesusui la ta o. Ƒo wo katã ta la, míenɔa ŋudzɔ elabena míele mɔ kpɔm vevie na nusi Yehowa ƒe ŋkekea awɔ atsɔ ana eƒe tameɖoɖo nava eme. Didi vevi si le mía me be míadze Mawu ŋu ʋãa mí míewɔa eƒe Nya la ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi eye míetsɔa eƒe Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe vevitɔ le míaƒe agbe me. (Mateo 6:33; Yohanes I, 5:3) Mina míade ŋugble le alesi wòle be ŋudzɔnɔnɔ ƒe nɔnɔme nakpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo míewɔna kple alesi míenɔa agbee gbesiagbe dzi la ŋu.

Afikae Wò Agbe Ðo Tae?

9. Nukata wòhiã kpata le amesiwo nye xexeame ƒe akpa aɖe la gome be woanyɔ ahade dzesi nusi míaƒe ɣeyiɣiawo fia?

9 Egbea ame geɖe de dzesii be kuxi sesẽwo kple nudzɔdzɔ dovoɖinamewo va zu nusiwo dzɔna gbesiagbe, eye ɖewohĩ womakpɔ dzidzɔ ɖe afisi woƒe agbe ɖo tae ŋu o. Gake ɖe wonya nusi nusiwo le edzi yim le xexeame la fia ŋutɔŋutɔa? Ðe wonya be míele ‘nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣiwo mea’? (Mateo 24:3) Ðe wonya be ɖokuitɔdidi, ŋutasesẽ, kple mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo ƒe bɔbɔ kura gɔ̃ hã de dzesi míaƒe ɣeyiɣiawo be wonye ŋkeke mamlɛwoa? (Timoteo II, 3:1-5) Ehiã kpata be woanyɔ ahade dzesi nusi nusiawo katã fia eye woade ŋugble tso afisi woƒe agbe ɖo tae la ŋu.

10. Nukae wòle be míawɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míele ŋudzɔ?

10 Ke míawo ya ɖe? Ehiã be míawɔ nyametsotsowo gbesiagbe le míaƒe dɔwɔɖui, lãmesẽ, ƒome, kple tadedeagu ŋu. Míenya nusi Biblia gblɔ, eye míedzea agbagba vevie be míawɔ ɖe edzi. Eyata anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe meɖe mɔ agbemedzimaɖitsitsiwo le nye kplɔm traea? Ðe meɖe mɔ xexeame ƒe nunya kple alesi emenɔlawo bua tamee kpɔa ŋusẽ ɖe tiatia siwo mewɔna dzia?’ (Luka 21:34-36; Kolosetɔwo 2:8) Ehiã be míayi edzi aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu tso míaƒe dzi blibo me, ke menye ɖe mía ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu o. (Lododowo 3:5) Ema wɔwɔ ana míaƒe “asi nasu agbe vavã”—si anye agbe mavɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me—dzi.—Timoteo I, 6:12, 19.

11-13. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ siwo nye kpɔɖeŋuwo me (a) le Noa ƒe ŋkekeawo me? (b) le Lot ƒe ŋkekeawo me?

11 Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu geɖe siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ la le Biblia me. Bu nusi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me ŋu kpɔ. Mawu kpɔ egbɔ be wona nuxlɔ̃ame ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Gake ameawo metsɔ ɖeke le nuxlɔ̃amea me o negbe Noa kple eƒe aƒemetɔwo ko. (Petro II, 2:5) Yesu gblɔ le esia ŋu be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:37-39) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ema me? Ne mía dometɔ aɖewo le mɔ ɖem gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo—agbemedɔ siwo míewɔna ɖaa kura gɔ̃ hã—le xɔxɔm ɖe gbɔgbɔmedɔ siwo Mawu xlɔ̃a nu mí be míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ teƒe la, ekema ehiã be míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu moveviɖoɖotɔe.—Romatɔwo 14:17.

12 Bu nusi dzɔ le Lot ƒe ŋkekeawo me hã ŋu kpɔ. Kesinɔnuwo bɔ ɖe Sodom, si nye du si me Lot kple eƒe ƒomea nɔ la me, gake agbegbegblẽnɔnɔ hã xɔ aƒe ɖe dua me ale gbegbe. Yehowa dɔ eƒe dɔlawo be woatsrɔ̃ dua. Mawudɔlaawo xlɔ̃ nu Lot kple eƒe ƒomea be woasi adzo le Sodom eye be woagatrɔ akpɔ megbe o. Mawudɔlaawo de dzi ƒo na wo eye wodzo le dua me ya. Gake edze ƒã be Lot srɔ̃ ƒe dzi gaku ɖe eƒe aƒe si le Sodom ŋu kokoko. Egbe toɖoɖo hetrɔ kpɔ megbe, eye wòbu eƒe agbe le esia ta. (Mose I, 19:15-26) Yesu gblɔe ɖi tsɔ xlɔ̃ nu mí be: “Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.” Ðe míele nuxlɔ̃ame sia dzi wɔma?—Luka 17:32.

13 Amesiwo ɖo to Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo la tsi agbe. Nenemae wònɔ le Noa kple eƒe ƒomea kpakple Lot kple vianyɔnuawo gome. (Petro II, 2:9) Esi míele wɔwɔm ɖe nuxlɔ̃ame siwo le kpɔɖeŋu mawo me dzi la, xɔxɔgbedasi siwo le wo me na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo hã dea dzi ƒo na mí ŋutɔ. Ema nana kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ nɔa mía si ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ku ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ,” la ŋu.—Petro II, 3:13.

‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la Ðo’!

14, 15. (a) Nusiwo ayi dzi le ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la’ me ƒe ɖewo ɖe? (b) Nukae ‘Mawu vɔvɔ̃ kple ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ nɛ’ lɔ ɖe eme?

14 Nukae míakpɔ mɔ na, esi míele ŋudzɔ? Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso nusiwo adzɔ akplɔ wo nɔewo ɖo siwo ana Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme la ŋu kpuie. Wɔwɔ ɖe nusiwo wògblɔ dzi le vevie ne míedi be míanɔ dzadzraɖoɖi. Nyagblɔɖia ɖɔ nudzɔdzɔ siwo ava eme le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” dzi, si dze egɔme tso esime woɖo Kristo fiae le dziƒo le ƒe 1914 me, wònya se ale gbegbe. (Nyaɖeɖefia 1:10) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa na míenya be wotsɔ ‘nyanyui mavɔ de asi na mawudɔla aɖe be wòagblɔ.’ Egblɔ kple gbe sesẽ be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) ‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ ma nye ɣeyiɣi kpui aɖe; si me ʋɔnudrɔ̃gbedasi gbɔgblɔ kple fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ siwo ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽa me la siaa ayi edzi le. Míele ɣeyiɣi ma me fifia.

15 Hafi ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo ma nawu enu la, wole nu xlɔ̃m mí fifia be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.” Nukae esia lɔ ɖe eme? Ele be mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ naʋã mí be míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. (Lododowo 8:13) Ne míesroa Mawu ɖa la, ekema míatsɔ bubu deto aɖo toe. Míana naneke wɔwɔ naxaxa mí ɖo ale gbegbe be míado kpo eƒe Nya, Biblia, la xexlẽ gbesiagbe o. Míabu eƒe nuxlɔ̃ame, si nye be míade kpekpewo, la nu tsɛe o. (Hebritɔwo 10:25) Míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea me dzonɔamemetɔe la ŋu. Míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣeawokatãɣi kple míaƒe dzi blibo. (Psalmo 62:9) Esi míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Xexeame Katã Dziɖulagã ta la, míedea bubu eŋu to alesi míelɔ̃na faa bɔbɔna ɖe ete be eyae nye Amesi kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi me. Ðe nèvɔ̃a Mawu le nyateƒe me hetsɔa ŋutikɔkɔe nanɛ le mɔ mawo katã nua?

16. Nukata míate ŋu agblɔ be ʋɔnudɔdrɔ̃ Babilon Gã, si ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 14:8, la va eme xoxo?

16 Nyaɖeɖefia ta 14 lia yi edzi ƒo nu tso nu bubu siwo adzɔ le ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒoa me ŋu. Gbã la, woƒo nu tso Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, ŋu be: “Mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu!” (Nyaɖeɖefia 14:8) Ẽ, le Mawu ƒe nukpɔkpɔ nu la, Babilon Gã la mu xoxo. Le ƒe 1919 me la, Yehowa subɔla amesiaminawo vo tso Babilon subɔsubɔ me nufiafia kple nuwɔnawo ƒe kluvinyenye, si kpɔ ŋusẽ ɖe amewo kple dukɔwo dzi hena ƒe akpe geɖe, la me. (Nyaɖeɖefia 17:1, 15) Eyata azɔ woate ŋu atsɔ wo ɖokui aɖo anyi na tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ. Wole gbeƒã ɖem nyanyui si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu le xexeame katã tso ɣemaɣi ke.—Mateo 24:14.

17. Nukae gododo tso Babilon Gã la me lɔ ɖe eme?

17 Gake menye ema koe nye toheʋɔnu si Mawu adrɔ̃ Babilon Gã la o. Woatsrɔ̃e ɖikaa kpuie. (Nyaɖeɖefia 18:21) Eyata susu nyui aɖe tae Biblia le nu xlɔ̃m amewo le afisiafi be: “Mido go tso [Babilon Gã la me], bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o.” (Nyaɖeɖefia 18:4 5) Aleke míado go tso Babilon Gã la mee? Esia bia nu geɖe wu kadodo ɖesiaɖe si nɔ mía kple alakpasubɔsubɔhawo dome tsã la me tsotso ko. Babilon nuwɔnawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia le azãɖuɖu kple kɔnu nyanyɛwo me, ele xexeame ƒe mɔɖeɖe ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu me, ele modzakaɖeɖe siwo me gbɔgbɔyɔyɔ dzena le me, eye ele nu bubu geɖewo me. Be míayi edzi anɔ ŋudzɔ la, ele vevie be míaɖee afia le míaƒe nuwɔnawo kple dzimedidiwo me be míeɖe mía ɖokui ɖa ŋutɔŋutɔ tso Babilon Gã la ŋu le go ɖesiaɖe me.

18. Le nya siwo wogblɔ ɖe Nyaɖeɖefia 14:9, 10 me ta la, nuka ŋue Kristotɔ siwo le ŋudzɔ la nɔa klalo ɖo be yewoaƒo asa na?

18 Le Nyaɖeɖefia 14:9, 10 me la, wogagblɔ nya bubu aɖe na mí le ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la’ ŋu. Mawudɔla bubu aɖe gblɔ bena: “Ne ame aɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha.” Nukatae? Elabena “lã wɔadã la kple eƒe legba la” nye kpɔɖeŋu na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu si melɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi o. Kristotɔ siwo le ŋudzɔ kpɔna wo ɖokui dzi nyuie be amesiwo melɔ̃ ɖe edzi be Mawu vavã lae nye xexeame katã ƒe dziɖula o ƒe agbenɔnɔ alo nuwɔnawo nagava dze le yewo ŋu abe woƒe kluviwo ene o. Kristotɔwo nyae be Mawu ɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo xoxo, be wòatsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã, eye be Fiaɖuƒe ma anɔ anyi tegbee.—Daniel 2:44.

Mègagbɔdzɔ le Nuwɔwɔ Kpata Me Léle Ðe Asi me O!

19, 20. (a) Esi míele ŋkeke mamlɛawo ƒe yɔyrɔe nu ɖom la, nuka dzie míate ŋu aka ɖo be Satana ayi edzi adze agbagba be yeawɔ? (b) Nukae wòle be míaɖo tame kplikpaa awɔ?

19 Esi míele ŋkeke mamlɛawo ƒe yɔyrɔe nu ɖom la, nyaƒoɖeamenuwo kple tetekpɔwo ado gã ɖe edzi godoo. Esi míele nuɖoanyi xoxo sia me eye mía ŋutɔwo míaƒe blibomademade gblẽa nu le mía ŋu ta la, nu geɖe kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi, abe lãmegbegblẽ, tsitsi, míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku, dzivenyawo, dzi si aɖe le mía ƒo ne ame akpa gãtɔ mexɔa Mawu ƒe Nya si míedzea agbagba be míaɖe gbeƒãe na wo o, kple nu bubu geɖewo ene. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be naneke mado dzidzɔ na Satana wu be yeawɔ nyaƒoɖeamenu mawo siwo dzea ŋgɔ mí ŋudɔ atsɔ ana míana ta o—edi be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nyanyuia alo be míadzudzɔ agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu. (Efesotɔwo 6:11-13) Mele be míagbɔdzɔ le nuwɔwɔ kpata me léle ɖe asi me le ɣeyiɣi sia si me míele fifia me o!

20 Yesu nya be míato nyaƒoɖeamenu siwo nu sẽ, be míana ta, la me, eyata exlɔ̃ nu mí be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.” (Mateo 24:42) Ekema mina míayi edzi anɔ ŋudzɔ geɖe wu le afisi míeɖo na ɣeyiɣia ta. Mina míanɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe ayemɔ siwo ate ŋu ana míawɔ alɔgblɔdɔ alo ana ta la ŋu. Mina míaɖoe kplikpaa atsɔ dzonɔameme geɖe wu aɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia moveviɖoɖotɔe. Ẽ, mina nɔnɔme si bia be woawɔ nu kpata nanɔ mía si esime míeyi edzi le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Minɔ ŋudzɔ.” Ne míewɔe nenema la, míahe bubu vɛ na Yehowa eye míanɔ amesiwo axɔ eƒe yayra mavɔwo la dome.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míewɔ nya be Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be “minɔ ŋudzɔ” la ku ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu?

• Biblia me nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míanɔ ŋudzɔ’?

• Nukae nye ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la, eye nukae woxlɔ̃ nu mí be míawɔ hafi wòawu enu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yesu tsɔ eƒe vava sɔ kple fiafitɔ ƒe vava

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ tu aƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mina míaɖoe kplikpaa atsɔ dzonɔameme geɖe wu aɖe gbeƒã moveviɖoɖotɔe