Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Yudatɔ Geɖe Va Zu Kristotɔwo

Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Yudatɔ Geɖe Va Zu Kristotɔwo

Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Yudatɔ Geɖe Va Zu Kristotɔwo

WOWƆ kpekpe vevi aɖe le Yerusalem le ƒe 49 M.Ŋ. me. “Amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo” le ƒe alafa gbãtɔ Kristo-hamea me—Yohanes, Petro, kple Yesu dadavi Yakobo—nɔ kpekpea wɔlawo dome. Ame eve bubu siwo woyɔ be wova kpekpeae nye apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ Barnaba. Nusi ŋu kpekpea ku ɖo dometɔ ɖekae nye alesi woama teƒeawo awɔ gbeƒãɖeɖedɔa le wo me. Paulo ɖe nu me be: “Wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ.”—Galatiatɔwo 2:1, 9. *

Aleke míase ɖoɖo sia gɔmee? Amesiwo dome woaɖe gbeƒã lee womaa, si na be Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo nɔ akpa ɖeka eye Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo hã nɔ akpa ɖekaa? Alo teƒeawo boŋue woma le ɖoɖoa mea? Be míakpɔ ŋuɖoɖo si sɔ la, míehiã Yudatɔ siwo nɔ duta, amesiwo menɔ Palestina-nyigba dzi o la ŋuti nyatakaka aɖewo.

Teƒe Siwo Yudatɔwo Nɔ le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

Yudatɔ nenie nɔ duta le ƒe alafa gbãtɔ me? Agbalẽnyala geɖe ƒe susu wɔ ɖeka kple nya si agbalẽ si nye Atlas of the Jewish World [Teƒe Siwo Yudatɔwo Nɔ Ŋuti Anyigbanɔnɔmetatagbalẽ] gblɔ, be: “Woƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ nyanya sesẽ, gake susu le eme be míabui be do ŋgɔ vie na ƒe 70 M.Ŋ. la, Yudatɔ miliɔn eve kple afãe nɔ Yudea eye wo dometɔ siwo wu miliɔn ene kaka ɖe Roma-fiaɖuƒea me. . . . Ðewohĩ ne woma amesiwo nɔ fiaɖuƒea me ɖe akpa 10 la, Yudatɔwo ade akpa ɖeka, eye le teƒe siwo wosɔ gbɔ le wu, si nye ɣedzeƒenutowo ƒe dugãwo me la, ne woma ameawo ɖe akpa ene me la, ɖewohĩ woade akpa ɖeka alo awu ema.”

Du siwo me wobɔ ɖo ŋutɔe nye Siria, Asia Sue, Babilon, kple Egipte, le Ɣedzeƒekpa dzi, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo hã nɔ Europa. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ Kristotɔ nyanyɛ aɖewo hã nɔ duta, woawoe nye Barnaba si wodzi le Kipro, Priska kple Akwila siwo wodzi le Ponto kple Roma, Apolo si nye Aleksandriatɔ, kple Paulo si wodzi le Tarso.—Dɔwɔwɔwo 4:36; 18:2, 24; 22:3.

Yudatɔ siwo nɔ duta nɔ kadodo me kple wo detɔwo. Mɔ siwo nu wotona wɔa esia dometɔ ɖekae nye nudzɔdzɔ si woɖona ɖe Yerusalem ƒe sia ƒe ku ɖe gbedoxɔa ŋu, wònyea gomekpɔkpɔ le gbedoxɔ me dɔwo kple subɔsubɔ le eme la me. Le esia gome la, agbalẽnyalagã John Barclay gblɔ be: “Kpeɖodzi geɖe li be Yudatɔ siwo nɔ duta la dzɔa ga sia le ɖoɖo nu, eye wo dometɔ siwo nye kesinɔtɔwo tsɔa ɖe kpena ɖe eŋu.”

Woa kple wo detɔwo hã gadoa go ne wo dometɔ akpe geɖe va ŋkekenyuiwo ɖuƒe le Yerusalem ƒe sia ƒe. Nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo 2:9-11 ku ɖe ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea ŋu kɔ esia me. Yudatɔ siwo va ŋkekenyuia ɖuƒe tso Partia, Media, Elam, Mesopotamia, Kapadokia, Ponto, Asia, Frigia, Pamfilia, Egipte, Libia, Roma, Kreta, kple Arabia.

Amesiwo nɔ Yerusalem gbedoxɔa dzi kpɔm nɔa kadodo me kple Yudatɔ siwo nɔ duta to agbalẽ ŋɔŋlɔ na wo me. Enye nusi le nyanya na ame geɖe be Gamaliel, sefiala si ŋkɔ woyɔ le Dɔwɔwɔwo 5:34, ɖona agbalẽwo ɖe Babilon kple teƒe vovovo siwo Yudatɔwo nɔ le xexeame. Esime apostolo Paulo va ɖo Roma le 59 M.Ŋ. be wòanɔ game la, “amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome” gblɔ nɛ be: “Míawo la míexɔ agbalẽwo tso Yudea le ŋutiwò o; eye nɔviwo dometɔ aɖeke hã meva gblɔ nya vɔ̃ alo ƒo nu le ŋutiwò le afisia o.” Esia fia be woɖoa agbalẽwo kple nyatakakawo tso wo de ɖe Roma.—Dɔwɔwɔwo 28:17, 21.

Biblia si Yudatɔ siwo nɔ duta zãnae nye Hebri Ŋɔŋlɔawo, si gɔme woɖe ɖe Helagbe me si woyɔna be Septuagint. Numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Esɔ be woaƒo nya ta be Yudatɔ siwo katã nɔ duta xlẽa [Septuagint] Biblia la heda asi ɖe edzi be enye Yudatɔwo ƒe Biblia alo ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo.’” Biblia gɔmeɖeɖe sia kee Kristotɔ gbãtɔwo zã vevie tsɔ fia nu amewo.

Nusiawo nɔ nyanya na Kristotɔwo ƒe dziɖuha si nɔ Yerusalem la nyuie. Nyanyuia ɖo Yudatɔ siwo nɔ duta le Siria kple teƒe bubuwo gbɔ xoxo, Damasko kple Antioxia hã nɔ eme. (Dɔwɔwɔwo 9:19, 20; 11:19; 15:23, 41; Galatiatɔwo 1:21) Le kpekpe si wowɔ le ƒe 49 M.Ŋ. me la, edze abe amesiwo va la nɔ ɖoɖo wɔm ɖe alesi woava nɔ dɔa wɔm le ɣeyiɣi siwo ava va me ŋu ene. Mina míade ŋugble le alesi dɔa keke ta le Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo dome ŋu nya siwo Biblia gblɔ la ŋu kpɔ.

Paulo ƒe Mɔzɔzɔ Yi Yudatɔ Siwo Nɔ Duta Dome

Apostolo Paulo ƒe dɔdasi gbãtɔ enye be ‘wòatsɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlawo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me.’ * (Dɔwɔwɔwo 9:15) Le kpekpe si wowɔ le Yerusalem megbe la, afisiafi si Paulo zɔ mɔ yi la, edea Yudatɔ siwo nɔ afima gbɔ va gblɔa nyanyuia na wo. (Kpɔ aɖaka si le axa 14.) Esia fia be anyigbamama ŋuti ɖoɖo si wowɔ la ku ɖe teƒewo ŋu. Paulo kple Barnaba keke woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ɖe enu yi Roma-fiaɖuƒea ƒe ɣetoɖoƒe gome, eye ame bubuwo wɔ dɔa le Yudatɔwo denyigba dzi kple le Yudatɔ siwo nɔ Roma-fiaɖuƒea ƒe Ɣedzeƒe gome dome.

Esime Paulo kple eƒe zɔhɛwo dze woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia gɔme tso Antioxia si le Siria la, wona woyi ɣetoɖoƒe gome va to Asia Sue va do ɖe Troa. Wotso ƒu tso afima yi Makedonia elabena wotso nya me be ‘Mawue yɔ yewo be yewoagblɔ nyanyuia afia Makedoniatɔwo.’ Emegbe, woɖo Kristo-hamewo ɖe Europa dugã bubu siwo dome Atene kple Korinto nɔ me.—Dɔwɔwɔwo 15:40, 41; 16:6-10; 17:1–18:18.

Le ƒe 56 M.Ŋ. lɔƒo, le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia ƒe nuwuwu la, eɖo tame be yeakeke yeƒe anyigbamamaa si me dɔ wode asi na ye le kpekpe si wowɔ le Yerusalem me la ɖe enu ayi ɣetoɖoƒe ʋĩ. Paulo ŋlɔ be: “Le gonyeme la melɔ̃ bena, magblɔ nyanyui la afia mi amesiwo le Roma hã,” eye, “matso mia gbɔ ayi Spania.” (Romatɔwo 1:15; 15:24, 28) Ke Yudatɔ gbogbo siwo le Ɣedzeƒenutowo me ya ɖe?

Yudatɔ Siwo Nɔ Ɣedzeƒenutowo Me

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yudatɔ siwo nɔ duta ƒe akpa gãtɔ nɔ Egipte, vevietɔ eƒe fiadu Aleksandria me. Yudatɔ akpe geɖe nɔ asitsaƒe gã sia si dukɔ bubuwo me tɔwo nɔ la eye woƒe ƒuƒoƒe geɖe nɔ dugãa ƒe teƒeteƒewo. Philo, Yudatɔ si nɔ Aleksandria, gblɔ be ne mede ɖeke o la, Yudatɔ siwo ade miliɔn ɖekae nɔ afima ɣemaɣi. Wo dometɔ gbogbo aɖewo hã nɔ Kirene dugã si le Libia si gogo afima kple eƒe golɔgoewo me.

Yudatɔ aɖewo siwo va zu Kristotɔwo la tso teƒe siawo. Míexlẽ nu tso “Apolo, Aleksandriatɔ tso dzɔdzɔ me,” “ŋutsu aɖewo [siwo] tso Kipro kple Kirene,” kple “Lukio, Kirenetɔ,” amesiwo na kpekpeɖeŋu hame si nɔ Siria si le Antioxia la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 2:10; 11:19, 20; 13:1; 18:24) Biblia megaƒo nu tso Kristotɔwo ƒe dɔ siwo wowɔ le Egipte kple afisiwo gogoe la ŋu to vovo na nuŋlɔɖi sia o, negbe Kristotɔ nyanyuigblɔla Filipo ƒe ɖaseɖiɖi na Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ŋu nya koe wògagblɔ.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39.

Babilon koŋue Yudatɔwo ganɔ, gake wo dometɔ aɖewo nɔ Partia, Media, kple Elam hã. Blemaŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be “Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ anyigba siwo katã nɔ Tigris kple Frat tɔsisiawo ŋu tso Armenia vaseɖe Persia-ƒukɔmea, Caspia-ƒua ƒe dzieheɣedzeƒe, kple Media ƒe ɣedzeƒe gome la dzi.” Encyclopaedia Judaica gblɔ be woanɔ ame 800,000 alo esi wu ema. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ na mí be Yudatɔ akpeakpe siwo tso Babilon la vana Yerusalem ƒe sia ƒe va ɖua ŋkekenyuiwo.

Ðe Yudatɔ siwo tso Babilon yi Yerusalem dometɔ aɖewo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzia? Míenya o, gake amesiwo se apostolo Petro ƒe nuƒoa gbemagbe la dometɔ aɖewo tso Mesopotamia. (Dɔwɔwɔwo 2:9) Míenya be apostolo Petro nɔ Babilon le ƒe 62-64 M.Ŋ. me lɔƒo. Esime wònɔ afimae wòŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ kple ɖewohĩ evelia hã. (Petro I, 5:13) Edze ƒã be Babilon, afisi Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ, la nye anyigbamama si wode asi na Petro, Yohanes, kple Yakobo ƒe akpa aɖe le kpekpe si ŋu nya wogblɔ le lɛta si woŋlɔ na Galatiatɔwo la me.

Yerusalem Hamea Ðe Gbeƒã na Yudatɔ Siwo Tso Duta Va

Yakobo, amesiwo hã de kpekpe si me woƒo nu tso anyigbamamawo ŋu le, nye dzikpɔla le Yerusalem-hamea me. (Dɔwɔwɔwo 12:12, 17; 15:13; Galatiatɔwo 1:18, 19) Ekpɔ eteƒe esime Yudatɔ gbogbo siwo tso duta va ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekenyui ɖuƒea xɔ nyanyuiae hexɔ nyɔnyrɔ.—Dɔwɔwɔwo 1:14; 2:1, 41.

Le ŋkeke ma dzi kple emegbe la, Yudatɔ gbogbo aɖewo va Yerusalem hena ƒe sia ƒe ŋkekenyuiwo ɖuɖu. Dugã la me yɔ tititi, ale be wòva hiã be vavalawo nanɔ kɔƒe siwo te ɖe afima me alo awɔ avɔgbadɔwo anɔ wo me. Encyclopaedia Judaica ɖe nu me be le go dodo wo xɔlɔ̃wo vɔ megbe la, amedzroawo yi gbedoxɔa me va subɔ, hesa vɔ, eye wosrɔ̃ Torah [Mose ƒe Se] la le afima.

Ðikeke mele eme o be Yakobo kple ame bubu siwo nɔ Yerusalem-hamea me zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ ɖi ɖase na Yudatɔ siwo tso duta va la. Ðewohĩ apostoloawo wɔ esia kple ŋuɖɔɖo blibo elabena ɣemaɣie “yometiti gã aɖe va hame, si le Yerusalem la dzi,” le Stefano ƒe ku megbe. (Dɔwɔwɔwo 8:1) Hafi Stefano naku kple le eƒe ku megbe la, nuŋlɔɖiawo fia be Kristotɔ mawo ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe si na wokpɔ dzidziɖedzi geɖe.—Dɔwɔwɔwo 5:42; 8:4; 9:31.

Nukae Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Wo Gbɔ?

Ẽ, Kristotɔ gbãtɔwo dze agbagba vevie yi Yudatɔwo gbɔ le afisiafi si wonɔ. Gawu la, Paulo kple ame bubuwo yi Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo gbɔ le Europa-nyigba dzi. Wowɔ ɖe Yesu ƒe se si wòde na eyomedzelawo be woawɔ “dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo” la dzi.—Mateo 28:19, 20.

Míate ŋu asrɔ̃ alesi wòle vevie be míawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu be Yehowa ƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu tso woƒe kpɔɖeŋua me. Míate ŋu akpɔ viɖe siwo le amesiwo dea bubu Mawu ƒe Nya ŋu gbɔ yiyi me, vevietɔ le teƒe siwo Yehowa Ðasefowo mede ha le o hã. Ðe amewo ɖoa to wò le hamea ƒe anyigbamama ƒe akpa aɖewo wu ɖewoa? Aɖe vi ne míeɖea gbeƒã le teƒe siawo edziedzi. Ðe wɔnaa aɖewo yia edzi le míaƒe nutoa me si bia agbagbadzedze etɔxɛe be míate vomeɖaseɖiɖi kple ablɔdziɖaseɖiɖi kpɔa?

Menye ɖeko nu xexlẽ tso Kristotɔ gbãtɔ ŋu le Biblia me ɖea vi na mí ko evɔ o, ke enana míenyana wo ŋuti nya kple afisiwo wonɔ hã. Dɔwɔnu aɖe si míate ŋu azã atsɔ adzi míaƒe nugɔmesese ɖe edzie nye agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ si me anyigbatata kple foto geɖe le.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Woanya wɔ kpekpe sia le ɣeyiɣi si me ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la me tɔwo kpe ta henɔ aʋatsotso ƒe nya la me dzrom, alo le kpekpe aɖe si ku ɖe aʋatsotso ƒe nyaa ŋu wɔɣi.—Dɔwɔwɔwo 15:6-29.

^ mm. 13 Nyati sia ku ɖe Paulo ƒe ɖaseɖiɖi le Yudatɔwo dome ŋu koŋ, ke menye eƒe dɔwɔwɔ abe “trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo” ene o.—Romatɔwo 11:13.

[Nyaɖoɖo si le 14]

APOSTOLO PAULO ÐE GBEƑÃ NA YUDATƆ SIWO NƆ DUTA

DO ŊGƆ NA KPEKPE SI WOWƆ LE YERUSALEM LE ƑE 49 M.Ŋ. ME

Dɔwɔwɔwo 9:19, 20 Damasko — ‘eɖe gbeƒã le ƒuƒoƒeawo me’

Dɔwɔwɔwo 9:29 Yerusalem — ‘eƒo nu kple Helatɔwo’

Dɔwɔwɔwo 13:5 Salami, Kipro — “wogblɔ mawunya la fia le

Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me”

Dɔwɔwɔwo 13:14 Antioxia si le Pisidia — “woyi ɖe ƒuƒoƒe me”

Dɔwɔwɔwo 14:1 Ikonio — “woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me”

LE KPEKPE LE YERUSALEM LE ƑE 49 M.Ŋ. MEGBE

Dɔwɔwɔwo 16:14 Filipi — “Lidia, . . . amesi vɔ̃a Mawu”

Dɔwɔwɔwo 17:1 Tesalonika — “Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe”

Dɔwɔwɔwo 17:10 Beroia — “Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe”

Dɔwɔwɔwo 17:17 Atene — ‘eƒo nu na Yudatɔwo . . . le ƒuƒoƒe la’

Dɔwɔwɔwo 18:4 Korinto — ‘eƒo nu le ƒuƒoƒe la’

Dɔwɔwɔwo 18:19 Efeso — ‘eyi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na

Yudatɔwo’

Dɔwɔwɔwo 19:8 Efeso — ‘esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya

kple dzideƒo, ɣleti etɔ̃ sɔŋ’

Dɔwɔwɔwo 28:17 Roma — ‘eyɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome

la ƒo ƒu’

[Anyigbatata si le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Teƒe geɖewoe amesiwo se nyanyuia le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la tso

ILIRIKO

ITALIA

Roma

MAKEDONIA

HELA

Kirene

LIBIA

KRETA

Atene

ASIA

BITINIA

FRIGIA

PAMFILIA

KIPRO

Yerusalem

EGIPTE

ETIOPIA

GALATIA

PONTO

KAPADOKIA

KILIKIA

SAMARIA

YUDEA

SIRIA

MESOPOTAMIA

Babilon

ARABIA

MEDIA

ELAM

PARTIA

[Bodies of water]

Ƒudzĩa

Mediterranea-ƒu

Persia-ƒukɔme

Ƒuyibɔa