Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ƒe Nya Dzo Ʋĩ Yi “Hɔ̃ ƒe Anyigba” Dzi

Yehowa ƒe Nya Dzo Ʋĩ Yi “Hɔ̃ ƒe Anyigba” Dzi

Yehowa ƒe Nya Dzo Ʋĩ Yi “Hɔ̃ ƒe Anyigba” Dzi

“HƆ̃ ƑE Anyigba.” Nenemae Albaniatɔwo yɔa woƒe dukɔae le wo degbe me. Dukɔ sia dze ŋgɔ Adria-ƒua, eye wòle Balkan-ƒukpo afã la dzi le Greece kple afisi woyɔna tsã be Yugoslavia domedome. Togbɔ be amewo gblɔ nya vovovowo tso afisi Albaniatɔwo tso ŋu hã la, ŋutinyaŋlɔla geɖe lɔ̃ ɖe edzi be Albaniatɔwo kple woƒe gbea tso blema Iliriko, eye The Encyclopædia Britannica gblɔ be woli tso keke ƒe 2000 D.M.Ŋ. me ke.

Nusiwo na Albania nya kpɔe nye eƒe to glidzaglidza siwo tsiã ɖe enu le dukɔa ƒe dziehe ɖaa kple eƒe ƒuta legbe siwo ƒe ke le ɣie le anyiehekpa dzi le Adria-ƒua ta. Gake ameawo koŋ sie nɔnɔme nyuiwo le. Wowɔa ame, lɔ̃a amedzrowo, doa vivi ɖe ame ŋu, kɔa mo ɖe ame, srɔ̃a nu kabakaba, hegblɔa woƒe nukpɔsusuwo le nuwo ŋu faa dzonɔamemetɔe.

Dutanyanyuigblɔla Nyanyɛ aɖe ƒe Afima Yiyi

Ðikeke mele eme o be ameawo ƒe amewɔwɔ kple alesi dukɔa nya kpɔe la wɔ dɔ ɖe mɔzɔla ɖedzesi aɖe si yi afima ƒe alafa geɖewoe nye esia va yi la dzi. Le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo si zɔ mɔ de teƒe geɖe la ŋlɔ be: “Keke . . . Iliriko ke meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.” (Romatɔwo 15:19) Iliriko ƒe anyiehekpa dzie Albania ƒe titina kple dziehe le fifia. Korinto, si le Hela-nyigba dzi, si nɔ Iliriko ƒe anyiehe, ye Paulo nɔ hafi nɔ agbalẽawo ŋlɔm. Esi wògblɔ be yeɖe gbeƒã le ‘keke Iliriko’ tsitotsito la, efia be ede Iliriko ƒe dea dzi alo nutoa me ŋutɔŋutɔ. Ne Iliriko ƒe dea dzi alo nutoa mee wòde la, ke eɖe gbeƒã le afisi nye Albania ƒe anyiehe fifia. Eyata woate ŋu agblɔ be Pauloe tsɔ Fiaɖuƒegbedasia yi Albania zi gbãtɔ.

Ƒe alafa geɖewo va yi. Fiaɖuƒewo va ɖu dzi hegbã. Dukɔ bubuwo va ɖu Albania sia si le Europa ƒe akpa sue aɖe la dzi vaseɖe ƒe 1912 me, esime wòva zu dukɔ nɔɖokuisi. Abe ƒe ewo ene megbe la, wogase nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu ake le Albania.

Alesi Wogadze Dɔa Gɔme Nyuie le Egbeŋkekeawo Me

Le ƒe 1920-awo me la, Albaniatɔ ʋɛ aɖewo siwo nɔ United States, siwo nɔ ha dem kple Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo (si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi) la trɔ yi Albania va gblɔ nusiwo wosrɔ̃ na ame bubuwo. Nasho Idrizi nɔ amesiawo dome. Ame aɖewo xɔ wo nyuie. Be woate ŋu akpɔ ɖetsɔlemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie la, wode dɔ asi na Romania alɔdzedɔwɔƒea be wòakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Albania le ƒe 1924 me.

Thanas Duli (Athan Doulis) nye amesiwo srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu le Albania le ƒe mawo me la dometɔ ɖeka. Eɖo ŋku edzi be: “Le ƒe 1925 me la, hame etɔ̃ kple Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo siwo sa ɖe aga kpakple ɖetsɔlemetɔ siwo nɔ dukɔa ƒe teƒe vovovowoe nɔ Albania. Alesi wolɔ̃ wo nɔewoe na woto vovo tso . . . amesiwo dome wonɔ la gbɔ sã!” *

Mɔdodowo ƒe anyimanɔmanɔ na mɔzɔzɔ sesẽ ale gbegbe. Ke hã, gbeƒãɖela veviedonulawo wɔ dɔa. Le kpɔɖeŋu me, le Vlorë, si le anyiehe ƒuta la, Areti Pina xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1928 me esime wòxɔ ƒe 18. Elia to glidzaglidzawo va ɖia ɖase na amewo tsoa Biblia me gagbɔna. Vlorë hamea si me tɔwo doa vevie nu mee wònɔ le ƒe 1930 ƒeawo ƒe gɔmedzedze.

Alɔdzedɔwɔƒe si nɔ Athens le Greece ye va kpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Albania le ƒe 1930 me. Le ƒe 1932 me la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe tso Greece va Albania va srã nɔviawo kpɔ, de dzi ƒo na wo hedo ŋusẽ wo. Dziƒo mɔkpɔkpɔe nɔ ame geɖe siwo nɔ Biblia me nyateƒea srɔ̃m ɣemaɣi la si. Ŋkɔ nyui si nɔ wo ŋu be wole dzadzɛ hewɔa nuteƒe la na amewo de bubu wo ŋu ŋutɔ le afisiafi. Nɔvi nuteƒewɔla siawo ƒe dɔa tse ku geɖe ŋutɔ. Le ƒe 1935 me la, woma Biblia-srɔ̃gbalẽ 6,500 le Albania eye agbɔsɔsɔme ma kee woma le ƒe 1936 me hã.

Gbeɖeka le Vlorë dua me la, ​Nasho Idrizi ƒo nɔviŋutsu J. F. Ruth​erford ƒe nuƒoawo dometɔ ɖeka le agbaƒomɔ̃ dzi. Amewo tu woƒe dɔwɔƒewo va nɔ to ɖom nuƒoa, eye Nɔviŋutsu Idrizi ɖe egɔme ɖe Albaniagbe me. Woyra Biblia-fiala veviedola gbãtɔ mawo ƒe agbagbadzedzewo ŋutɔ. Kaka ƒe 1940 naɖo la, Ðasefo 50 ye nɔ Albania.

Dukɔ si me Mawudzimaxɔse Va Xɔ Aƒe Ðo

Le ƒe 1939 me la, Italytɔwo ƒe Fasi dziɖuɖua va ɖu dukɔa dzi. Wote fli ɖe se si ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woawɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me eye woɖo asi wo dzi. Le ema megbe kpuie la, Germany srafowo va xɔ dukɔa. Esime Xexemeʋa II ke la, Enver Hoxha, si nye asrafo si ƒe nya amewo lɔ̃na, va kplɔ dukɔa. Eƒe Kɔmiunist Dunyahehabɔbɔ lae ɖu dzi le akɔ si woda le ƒe 1946 me, si na be wòva zu dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ. Wova yɔ ƒe siwo kplɔ ƒe 1946 ɖo be ablɔɖe ƒe ɣeyiɣiwo, gake menɔ nenema na Yehowa ƒe amewo ya kura o.

Ʋɛʋɛʋɛ la, dziɖuɖua megava nɔ subɔsubɔhawo ƒe nya lɔ̃m o. Le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, Yehowa Ðasefo siwo le Albania gbe be yewomatsɔ tu ɖe amewo ŋu o, eye yewomade nu dunyahehe me hã o. (Yesaya 2:2-4; Yohanes 15:17-19) Wode wo dometɔ geɖe gaxɔ me, eye womena nuɖuɖu loo alo agbemenuhiahiãwo wo o. Zi geɖe la, wo nɔvinyɔnu siwo menɔ gaxɔ me o lae nyana woƒe nuwo heɖana nu na wo.

Yometiti Mena Wovɔ̃ O

Le ƒe 1940 ƒe gɔmedzedzea la, Frosina Xheka, si nye ƒewuivi ɣemaɣi le kɔƒe aɖe si te ɖe Përmet ŋu se nusi Nasho Dori, amesi nye afɔkpadzraɖola aɖe nɔ foawo fiam ŋu nya. * Dziɖuɖumegãwo ƒe asi va nɔ sesẽm ɖe Yehowa Ðasefowo dzi, gake Frosina ya ƒe xɔse nɔ ŋusẽm ɖe edzi eye esia medzɔ dzi na edzilawo o. Egblɔ be: “Woɣlaa nye afɔkpawo eye woƒoam ne mede Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Wodze agbagba wɔ ɖoɖo be maɖe dzimaxɔsetɔ. Esi megbe la, wonyam le aƒe me. Sno nɔ dzadzam gbemagbe hafi medzo. Nasho Dori gblɔ na Nɔviŋutsu Gole Flloko si nɔ Gjirokastër be wòana kpekpeɖeŋum. Wona meva nɔ eƒe ƒomea gbɔ. Fonyeawo nɔ gaxɔ me ƒe eve ɖe woƒe akpaɖekedzimademade ta. Esi woɖe wo le gaxɔa me vɔ megbe la, meʋu va nɔ wo gbɔ le Vlorë.”

“Kpovitɔwo dze agbagba be yewoazi dzinye makpɔ gome le dunyahedɔwo me. Gake megbe. Wolém, kplɔm yi xɔ aɖe me heƒo xlãm. Wo dometɔ ɖeka do ŋɔdzi nam gblɔ be: ‘Ènya nusi míate ŋu awɔ wòa?’ Meɖo eŋu be: ‘Nusi Yehowa lɔ̃ be míawɔm koe míate ŋu awɔ.’ Eblu be: ‘Ànya le tsu kum! Bu le afisia nàyi!’”

Nuteƒewɔwɔ ƒe nɔnɔme ma kee nɔ Albania nɔviawo katã si le ƒe mawo me. Woɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖela 75 le ƒe 1957 me. Le ƒe 1960 ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegãa na John Marks, Albaniatɔ si nɔ United States zɔ mɔ yi Tiranë va kpe ɖe nɔviawo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe dɔa ŋu. * Gake woɖo nɔvi ŋgɔxɔla Luçi Xheka, Mihal Sveci, Leonidha Pope, kple ame bubuwo ɖe dɔwɔsaɖawo me le ema megbe kpuie.

Mɔkpɔkpɔ Vi aɖe Va Su Wo Si

Wonɔ tsitre tsim ɖe subɔsubɔhawo katã ŋu le Albania vaseɖe ƒe 1967 me. Emegbe wova ɖo asi wo dzi keŋkeŋ. Katoliko, Orthodɔks alo Moslem tɔwo ƒe osɔfo aɖeke megate ŋu wɔa woƒe dɔwo gaglã o. Woxe mɔ ɖe sɔlemexɔwo kple Moslemtɔwo ƒe gbedoxɔwo nu alo trɔ wo wozu kamedefefewɔƒewo, blemanudzraɖoƒewo, alo nudzraƒewo. Womeɖe mɔ be Biblia nanɔ ame aɖeke si o. Womeɖe mɔ be ame aɖeke naɖe mawudzixɔse agblɔ o.

Gbeƒãɖeɖe kple kpekpewo dede va sesẽ ŋutɔ. Ðasefo ɖesiaɖe dze agbagba vevie be yeasubɔ Yehowa togbɔ be womegaƒoa ƒu subɔna o hã. Tso ƒe 1960 ƒeawo me vaseɖe ƒe 1980 ƒeawo me la, Ðasefoawo ƒe xexlẽme ɖiɖi ŋutɔ wòsusɔ ʋɛ aɖewo ko. Ke hã, wodze agbagba le mawusubɔsubɔ me vevie.

Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe nuwuwu la, dunyaheɖoɖowo te tɔtrɔ vivivi le Albania. Nuɖuɖu kple nudodowo nɔ vevem. Dzi menɔ amewo dzɔm kura o. Ðɔɖɔɖo siwo wonɔ wɔwɔm le Ɣedzeƒe Europa katã la va ɖo Albania le ƒe 1990 ƒeawo me. Le ŋutasẽdziɖuɖu te nɔnɔ ƒe 45 megbe la, dziɖuɖu yeye aɖe va ɖe mɔ ɖe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu ake.

Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la na mɔfiame Austria kple Greece alɔdzedɔwɔƒewo be woava di nɔvi Albaniatɔwo kaba. Greece nɔvi siwo se Albaniagbe tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ yeye siwo gɔme woɖe ɖe asi yi Tiranë kple Berat. Afima nɔvi siwo ka hlẽ tsã la ƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ esime wogava kpe kple nɔvi siwo tso duta zi gbãtɔ le ƒe geɖe megbe.

Mɔɖela Dovevienuwo Tso Duta Va Xɔ Ŋgɔ le Dɔa Me

Le ƒe 1992 me la Dziɖuhaa wɔ ɖoɖo woɖe Michael kple Linda DiGregorio, srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔla siwo nye Albaniatɔwo la yi Albania. Wodi nɔvi tsitsi wɔnuteƒeawo eye wokpe ɖe wo ŋu wogava wɔ ɖeka kple nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexeame katã la ake. Mɔɖela veviwo alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela 16 tso Italy, eye mɔɖela ene tso Greece va ɖo le November me. Wowɔ gbesɔsrɔ̃ suku ɖoɖo na mɔɖelawo be woasrɔ̃ afimatɔwo ƒe gbea.

Afima nɔnɔ sesẽ na mɔɖela dutatɔawo gbesiagbe. Wotsia akaɖi kabakaba. Vuvɔ wɔna ŋutɔ le vuvɔŋɔliwo. Amewo ɖoa fli gaƒoƒo geɖe hafi kpɔa nuɖuɖu kple agbemenuhiahiã bubuwo. Gake kuxi gãtɔ kekeake si dze ŋgɔ nɔviawoe nye alesi woawɔ akpɔ xɔ siwo lolo be ɖetsɔlemetɔ gbogbo siwo nyateƒea le dzidzɔ dom na la nade kpekpe le wo me!

Mɔɖela siwo nɔ ʋiʋlim be yewoado Albaniagbea va kpɔe dze sii be nanewo gbɔ koe gbegbɔgblɔ te ŋu kpɔna. Nɔviŋutsu Biblia-fiala bibi aɖe gblɔ na wo be: “Mehiã be míase gbe aɖe ahadoe nyuie hafi aɖo nukomo alo awɔ atuu na mía nɔviwo vividoɖeameŋutɔe o. Lɔlɔ̃ akuakua si miaɖe afia Albaniatɔwo ye ana dzi nadzɔ wo vevie, ke menye woƒe gbe si miado nyuie ye o. Migatsi dzi o, woase egɔme na mi.”

Esi mɔɖelawo wu gbesɔsrɔ̃ suku gbãtɔa nu megbe la, wodze dɔwɔwɔ gɔme le Berat, Durres, Gjirokastër, Shkodër, Tiranë, kple Vlorë. Eteƒe medidi o woɖo hame geɖewo ɖe dugã mawo me. Nɔvinyɔnu Areti Pina si xɔ wu ƒe 80 ɣemaɣi eye lãmesẽnya nɔ fu ɖem nɛ la gakpɔtɔ nɔ Vlorë. Woɖo mɔɖela vevi eve ɖe afima be woa kple Areti woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Ewɔa nuku na amewo be amesiwo menye Albaniatɔwo o le Albaniagbe dom eye wogblɔna be: “Ne míedi be míasrɔ̃ nane le mawunyadɔgbedela siwo tso subɔsubɔha bubuwo me gbɔ la, ɖe wonana míesrɔ̃a Eŋlisigbe alo Italygbe hafi. Mielɔ̃ mí vevie vavã, eye gbedasi vevi aɖee miedi be yewoagblɔ na mí, elabena miesrɔ̃ Albaniagbea memie!” Areti wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe le January 1994 me, ewɔ gbeƒãɖeɖedɔ kaka vaseɖe eƒe agbenɔɣi ƒe ɣleti mamlɛtɔ me. Woyra eya kple mɔɖela bubuawo ƒe veviedodo ŋutɔ. Wogbugbɔ ɖo hame ɖe Vlorë le ƒe 1995 me. Hame etɔ̃ siwo le dzidzedze kpɔm ye le gbeƒã ɖem kple ŋkubiã le melidzeƒe sia egbea.

Dɔ nɔ amewo wum le gbɔgbɔ me le dukɔa me godoo eye womebua nazã ɖe subɔsubɔha aɖeke ŋu o. Woxɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ ɖesiaɖe si Ðasefowo atsɔ na wo kple dzidzɔ hexlẽnɛ nyuie. Sɔhɛ geɖe dze nusɔsrɔ̃ gɔme hewɔ ŋgɔyiyi kabakaba.

“Ŋusẽ ɖo” hame kple ƒuƒoƒo siwo wu 90 “ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe” le dukɔa me godoo. (Dɔwɔwɔwo 16:5) Dɔ geɖe gali Ðasefo 3,513 siwo le Albania la nawɔ. Ame 10,144 ye va Kristo ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe le March 2005 me. Numedzodzro siwo gbeƒãɖelawo wɔna kple Albaniatɔ amedzrolɔ̃la siawo na be wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wu 6,000 le dukɔa me. Edze ƒã be ame akpe geɖe akpɔ viɖe tso New World Translation (Traduction du monde nouveau) si woɖe ɖe go nyitsɔ laa le Albaniagbe me la me. Nyateƒee, Yehowa ƒe nya dzo ʋĩ yi “Hɔ̃ ƒe Anyigba” dzi be wòahe kafukafu vɛ na Yehowa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1968 hena Thanas Duli ƒe agbemeŋutinya.

^ mm. 17 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, January 1, 1996 hena Nasho Dori ƒe agbemeŋutinya.

^ mm. 19 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, January 1, 2002 hena John Marks srɔ̃, Helen ƒe agbemeŋutinya.

[Aɖaka si le axa 20]

GBE VOVOVO DOLAWO DOME MASƆMASƆWO NU VA YI LE KOSOVO!

Wova nɔ Kosovo ŋkɔ sem edziedzi le ƒe 1990 ƒeawo me esime gbe vovovo dolawo dome anyigba ŋuti ʋiʋliwo kple fuléle wo nɔewo wɔe be aʋa dzɔ wòva hiã be xexeame dukɔwo nava lé avu wo.

Le Balkan dukɔawo ƒe aʋawɔɣia la, ele na Ðasefo geɖe be woasi ayi dukɔ siwo te ɖe wo ŋua me. Esime aʋaa ke vie megbe la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo trɔ yi Kosovo va dze gbeƒãɖeɖe gɔme. Mɔɖela vevi siwo nye Albania kple Italy tɔwo lɔ̃ faa be yewoaʋu ayi Kosovo tɔ 2,350,000 dome ava na kpekpeɖeŋu. Amesiwo ade 130 ye le Yehowa subɔm le hame ene kple ƒuƒoƒo ade siwo le afima me fifia.

Wowɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ le Priština-dua me le ƒe 2003 ƒe adame, eye ame 252 ye va. Takpekpea valawo dometɔ aɖewo nye Albania, Germany, Gypsy, Italy, kple Serbia tɔwo. Le nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa ƒe nuwuwu la, nuƒola bia nya eve. Ame etɔ̃: Albaniatɔ ɖeka, Gypsytɔ ɖeka, kple Serbiatɔ ɖeka, tsi tre ɖo biabiawo ŋu be: “Ẽ.”

Takpekpea valawo si akpe sesĩe esime wose nyɔnyrɔxɔla etɔ̃awo katã ɖo nya ŋu zi ɖeka be: “Va!,” “Da!,” “Po!” Wokpla asi kɔ na wo nɔewo. Wokpɔ gbe vovovo dolawo dome fuléle si xɔ aƒe ɖe woƒe dukɔa me si he kuxi geɖe vɛ la gbɔkpɔnu.

[Anyigbatata si le axa 17]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Mediterranea-ƒu

ITALY

ALBANIA

GREECE

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðasefo sɔhɛwo le tsitsiawo ƒe veviedodo srɔ̃m

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Areti Pina subɔ nuteƒewɔwɔtɔe tso ƒe 1928 me vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 1994 me

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mɔɖela siwo tso duta ƒe ƒuƒoƒo si de gbesɔsrɔ̃ suku gbãtɔa

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]

Hɔ̃: © Brian K. Wheeler/VIREO