Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Magblẽ Wò Ði Akpɔ Gbeɖe O

Yehowa Magblẽ Wò Ði Akpɔ Gbeɖe O

Yehowa Magblẽ Wò Ði Akpɔ Gbeɖe O

KRISTOTƆ siwo le Yudea nɔ tsitretsiɖeŋu sesẽ aɖe me tom, eye ele na wo be woagana amesiwo dome wole ƒe ŋutilãmenudidi vivivo ƒe nukpɔsusu nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Apostolo Paulo yɔ nya siwo Yehowa gblɔ na Israel-viwo teti hafi woge ɖe Ŋugbedodonyigba dzi, tsɔ de dzi ƒo na wo. Paulo ŋlɔ be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5; Mose V, 31:6) Ðikeke mele eme o be ŋugbedodo sia do ŋusẽ ƒe alafa gbãtɔ me Hebri Kristotɔwo.

Ele be ŋugbedodo ma nado ŋusẽ míawo hã míanɔ te ɖe dzimaɖitsitsi siwo ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ mele bɔbɔe o’ hena vɛ la nu. (Timoteo II, 3:1) Ne míeka ɖe Yehowa dzi heɖo ŋu ɖe eŋu la, alé mí ɖe te le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake kura gɔ̃ hã me. Be míakpɔ alesi Yehowa ate ŋu awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzii la, mina míatsɔe be dɔwɔɖui ge le ame si le vo me.

Ne Nɔnɔmeawo Trɔ Kpata

Amesiwo mekpɔ dɔ le wɔwɔm o ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo. Polandtɔwo ƒe magazine aɖe gblɔ be dɔmakpɔwɔe ye nye nusiwo gbɔ “gakuxi sesẽtɔ siwo amewo doa goe tsona la dometɔ ɖeka.” Mele dukɔ deŋgɔwo hã kpam o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2004 me la, amesiwo mekpɔ dɔ le wɔwɔm o le dukɔ siwo le Ganyawo me Ðekawɔwɔ Kple Ŋgɔyiyi ƒe Habɔbɔ me kura gɔ̃ hã ƒe xexlẽme “dzi ɖe edzi wu miliɔn 32, si sɔ gbɔ wu alesi wònɔ le Ganyawo ƒe Toyiyi Gãtɔ si do mo ɖa le ƒe 1930-awo me.” Poland dukɔa ƒe Akɔntabubu Dɔwɔƒegã gblɔ be vaseɖe December 2003 me la, ame miliɔn etɔ̃ mekpɔ dɔ awɔ o, si fia be “le ame alafa ɖeka dome la, amesiwo tsi awɔ dɔ hafi la dometɔ 18” mekpɔ dɔ awɔ o. Nyatakaka aɖe gblɔ be va ɖo ƒe 2002 me la, ameyibɔ siwo le South Africa (Afrique du Sud) dometɔ siwo mekpɔ dɔ le wɔwɔm o sɔ gbɔ ɖe edzi va ɖo 48 kloe le alafa me!

Dɔmakpɔwɔe kple asiɖeɖe le ame ŋu le dɔ me kpata doa ŋɔdzi na ame geɖe, Yehowa subɔlawo hã le eme. “Azãgbe kple nuɖiɖeame” dzɔna ɖe amesiame dzi. (Nyagblɔla 9:11) Ðewohĩ míawɔ ɖeka kple hakpala Dawid le eƒe nya siawo me be: “Nye dzimexaxawo do gã ɖe dzi.” (Psalmo 25:17) Ðe nàte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme madeamedzi siawo nua? Woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò seselelãme, mawusɔbɔsubɔ, kple ŋutilã me lãmesẽ dzi. Ne dɔ ge le asiwò la, ɖe nane li nàte ŋu awɔ be nàgava nɔ abe tsã enea?

Seselelãme Ðefunamewo Dzi Ðuɖu

Janusz Wietrzyński si nye susuŋutinunyala gblɔ be: “Ŋutsuwoe dɔ ƒe gege le ame si ɖea fu na wu” elabena woawoe wokpɔa mɔ na be woakpɔ ƒomea dzi. Egblɔ be “ate ŋu ana ame ƒe nɔnɔme nanɔ tɔtrɔm kabakaba,” ate ŋu anye dzikudodo kabakaba alo sese le ame ɖokui me be ye hã ye tɔe ma. Ne woɖe asi le vifofo aɖe ŋu le dɔ me la, ate ŋu ase le eɖokui me be bubu megale ye ŋu o, eye ate ŋu adze “dzrewɔwɔ gɔme kple eƒe ƒomea.”

Adam, si nye Kristotɔ si si vi eve le, gblɔ alesi wòse le eɖokui me esi dɔ ge le esi be: “Dɔme veam kabakaba; nusianu doa dziku nam. Le zã me kura gɔ̃ hã la, mekua drɔ̃e tso dɔwɔɖui kple alesi mawɔ akpɔ vinyewo kple srɔ̃nye dzi ŋu, elabena woɖe asi le eya hã ŋu le dɔme kpata.” Ryszard kple srɔ̃a Mariola, siwo si vi ɖeka le, do ga gbogbo aɖe le gadzraɖoƒe hafi dɔ ge le wo si. Nyɔnua gblɔ be: “Eɖe fu nam zi geɖe, nye dzitsinya gblɔna nam be medze be míado ga ma hafi o. Mebu eŋu zi geɖe be gbɔnyee vodada siawo katã tso.” Ne kuxi siawo ƒomevi dze ŋgɔ mí la, míate ŋu ado dziku bɔbɔe, atsi dzimaɖi, alo ase veve, eye míaƒe seselelãmewo ate ŋu ana míawɔ nu manyomanyo. Ekema, aleke míawɔ aɖu seselelãme manyomanyo siwo aɖe fu mí dzi?

Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖe ku ɖe alesi míawɔ alé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi ŋu. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne míete ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me la, “Mawu ƒe ŋutifafa” ana míaƒe tamesusuwo nadze akɔ anyi le esi míexɔa edzi sena ta. Adam srɔ̃ Irena gblɔ be: “Míeƒo nu tso míaƒe nɔnɔmea kple alesi míawɔ anɔ agbe tsɛ wu ŋu na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me. Togbɔ be srɔ̃nye nɔa dzimaɖi tsim kabakaba tsã hã la, eva tsɔe be míegbɔna ta kpɔ ge na kuxia gbeɖeka kokoko.”

Ne dɔ ge le asiwò kpata la, ekema mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàwɔ ɖe Yesu Kristo ƒe nuxlɔ̃menya si le Todzimawunyaa me dzi be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. . . . Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:25, 33) Ryszard kple Mariola wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be woɖu woƒe seselelãmewo dzi. Mariola ɖo ŋku edzi be: “Srɔ̃nye fana akɔ nam ɣesiaɣi, eye wòkana ɖe edzi nam be Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ o.” Ŋutsua gblɔ kpee be: “Míeto gbedodoɖa atraɖii dzi te ɖe Mawu kple mía nɔewo ŋu kplikplikpli wu tsã, eye esia wɔwɔe na míekpɔ akɔfafa si míehiã.”

Mawu ƒe gbɔgbɔ hã akpe ɖe mía ŋu míado dzi. Gbɔgbɔa ate ŋu ana míatu ɖokuidziɖuɖu ɖo, eye ema ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu mía ɖokui kple miaƒe seselelãmewo dzi. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Manɔ bɔbɔe ya o, gake anya wɔ, elabena Yesu do ŋugbe be “Fofo, si le dziƒo la, [ana gbɔgbɔ] kɔkɔe amesiwo bianɛ la.”—Luka 11:13; Yohanes I, 5:14, 15.

Mègaŋe Aɖaba Ƒu Wò Mawusubɔsubɔ me Nuhiahiãwo Dzi O

Asiɖeɖe le ame ŋu le dɔ me kpata ate ŋu aɖe dzi le Kristotɔ bibi kura gɔ̃ hã ƒo le gɔmedzedzea me, gake mele be míaŋe aɖaba aƒu míaƒe mawusɔbɔsubɔ me nuhiahiãwo dzi o. De ŋugble tso Mose, amesi ƒe agbenɔnɔ trɔ esi wòxɔ ƒe 40 ŋu kpɔ. Ðoƒe kɔkɔ si wònɔ ge le esi, eye wòva hiã be wòazu alẽkplɔla, evɔ dɔ ma nyɔa ŋu na Egiptetɔwo. (Mose I, 46:34) Eva hiã be Mose natrɔ ɖe nɔnɔme yeyeawo ŋu. Le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo me la, eɖe mɔ Yehowa na hehee be wòdze na dɔdasi yeye siwo le eŋgɔ xɔxɔ. (Mose II, 2:11-22; Dɔwɔwɔwo 7:29, 30; Hebritɔwo 11:24-26) Togbɔ be Mose to nɔnɔme sesẽwo me hã la, eƒe susu nɔ mawusubɔsubɔ ŋu vevie, eye eɖe mɔ faa Yehowa na hehee. Migana míaɖe mɔ nɔnɔme madeamedziwo nawɔe be míaɖe asi le míaƒe mawusɔbɔsubɔ me dzidzenuwo ŋu gbeɖe o!

Togbɔ be evena ŋutɔ ne dɔ ge le ame si kpata hã la, ɣeyiɣi nyui aɖee nye ema be míana ɖekawɔwɔ si le mía kple Yehowa Mawu kpakple eƒe amewo dome nasẽ ɖe edzi. Nenemae Adam si ŋu nya míegblɔ va yi bui. Egblɔ be: “Togbɔ be dɔ ge le mía kple srɔ̃nye siaa si hã la, meva susu me na mí kpɔ be míadzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede alo míaɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ dzi akpɔtɔ gbeɖe o. Nukpɔsusu mae kpe ɖe mía ŋu be míetsi dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu o.” Ryszard hã gblɔ nya siawo tɔgbe be: “Ne menye kpekpeawo dede kple subɔsubɔdɔa ye oa, anye ne míete ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nu o; anye ne nuxaxa wu mí xoxo. Dzeɖoɖo kple amewo tso mawusubɔsubɔnyawo ŋu de dzi ƒo na mí, elabena ena míebua tame le ame bubuwo ƒe nuhiahiã ŋu tsɔ wu be míanɔ mía ŋutɔwo tɔ ŋu bum.”—Filipitɔwo 2:4.

Ẽ, le esi teƒe be nàtsi dzimaɖi le dɔwɔɖuia ŋu la, dze agbagba nàzã ɣeyiɣi si susɔa ɖe mawusubɔsubɔdɔwo, abe ɖokuisinusɔsrɔ̃, gomekpɔkpɔ le hamea ƒe dɔwɔnawo me, alo subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi ene ŋu. Le esi teƒe be nànɔ anyi naneke mawɔmawɔe la, gba “go ɖaasi le Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔ me” boŋ—esia wɔwɔ ahe dzidzɔ vɛ na mia kple dzianukwaretɔ siwo axɔ Fiaɖuƒegbedasia.—Korintotɔwo I, 15:58.

Wò Ƒomea ƒe Ŋutilã me Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Ke hã, veviedodo le mawusɔbɔsubɔ me mana nàɖi ƒo le ŋutilã me o. Ele be gɔmeɖose sia nanɔ susu me na mí: “Ke ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Adam ʋu eme be: “Togbɔ be nɔvi siwo le hamea me na ŋutilã me kpekpeɖeŋu mí enumake hã la, enye mí Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be míadi dɔ awɔ.” Míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu, gake nu ɖeka si mele be míaŋlɔ be gbeɖe o ye nye be ele be míadze agbagba adi dɔ.

Adze agbagba aleke? Adam ɖe eme be: “Mègade asi ata me anɔ mɔ kpɔm be Mawu neva wɔ nukunu na ye o. Ne èle dɔ dim la, megakpe ŋu na wò be nàɖee agblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye o. Edoa dzidzɔ na dɔtɔwo be woanya.” Ryszard ɖo aɖaŋu sia be: “Gblɔe na amesiame si nènya la be yele dɔ dim, nɔ dɔdiƒewo dem edziedzi, nɔ nyadzɔdzɔgbalẽ siwo me woɖea gbeƒã be wole ame dim na dɔ aɖe la xlẽm; ate ŋu anye: ‘Míele nyɔnu dim wòakpɔ dɔnɔ dzi’; ‘míele aƒeme subɔvi dim,’ kple nya siawo tɔgbe. Wò ya nɔ edim ko! Mèganɔ nu me tiam fũ akpa o, ne ehiã be nàwɔ dɔ tsɛ aɖe alo ne mesɔ kple esi ƒomevi dim nèle o kura gɔ̃ hã.”

Ẽ, “Yehowa ye nye [wò] kpeɖeŋutɔ.” Mele ‘asi ɖe ge le ŋuwò o, eye mele gblẽ wò ge hã ɖi akpɔ o.’ (Hebritɔwo 13:5, 6) Mele be nàtsi dzimaɖi fũ akpa o. Hakpala Dawid ŋlɔ be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.” (Psalmo 37:5) ‘Míaƒe mɔwo gbegblẽ ɖe Yehowa si me’ fia be míaɖo ŋu ɖe eŋu eye míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe mɔwo, ne nɔnɔmeawo made mía dzi o kura gɔ̃ hã.

Adam kple Irena dze agbagba di woƒe nuhiahiãwo to fesre kple atrakpuiwo kɔklɔ na amewo me, eye wosrɔ̃ alesi woazã ga nyuie ne wole nu ƒlem. Woyia dɔwɔƒe siwo dia dɔ na ame hã edziedzi. Irena gblɔ be: “Kpekpeɖeŋu vana na mí le ɣeyiɣi si dzi tututu míehiãe.” Srɔ̃a gblɔ kpee be: “Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be nya siwo míetsɔ ɖo Yehowa ŋku me le gbedodoɖa me mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi o. Esia fia mí be míaɖo ŋu ɖe eƒe nunya ŋu, ke menye ɖe mía ŋutɔwo míaƒe nugɔmesese ŋu o. Enyo wu be woalala kpoo akpɔ Mawu sinu be wòakpɔ nyawo gbɔ.”—Yakobo 1:4.

Ryszard kple Mariola wɔ dɔ sia dɔ si wokpɔ ɣeaɖeɣi, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, woƒo wo ɖokui ɖe ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ me le anyigbamama siwo me hiahiã lolo wu le me. Ryszard gblɔ be: “Míekpɔ dɔ vovovowo le ɣeyiɣi siwo tututu me naneke meganɔ mía si míaɖu o me. Míegbe dɔ siwo ado kplamatse míaƒe teokrasigbanɔamedziwo togbɔ be woahe ga geɖe vɛ gake la wɔwɔ. Míetiae be míalala akpɔ Yehowa sinu boŋ.” Woxɔe se be Yehowae kpe ɖe yewo ŋu yewote ŋu kpɔ xɔ aɖe si mexɔ asi fũ o haya, eye Ryszard va kpɔ dɔ mlɔeba.

Ne dɔ ge le ame si la, evena ŋutɔ, gake nukatae màbui be enye mɔnukpɔkpɔ be nàtsɔ akpɔe ɖa be ɖe Yehowa agblẽ ye ɖi hã oa? Yehowae léa be na wò. (Petro I, 5:6, 7) Edo ŋugbe to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò.” (Yesaya 41:10) Mègaɖe mɔ be nudzɔdzɔ kpata aɖeke, abe dɔ ƒe gege le ame si ene, nana vɔvɔ̃ naɖo wò o. Wɔ nusianu si nàte ŋui, eye nàgblẽ susɔea ɖe Yehowa si me. Nɔ “anyi kpoo” nàkpɔ Yehowa sinu. (Konyifahawo 3:26) Yayra geɖewoe nàkpɔ.—Yeremya 17:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Zã ɣeyiyia ɖe mawusubɔsubɔdɔwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nya ga zazã nyuie, eye ne èle dɔ dim la, mèganɔ nu me tiam fũ akpa o