Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ŋutɔŋutɔ

Yi Edzi Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ŋutɔŋutɔ

Yi Edzi Nàbɔbɔ Ðokuiwò Ŋutɔŋutɔ

‘Àɖe amesiwo bɔbɔa wo ɖokui.’​—SAMUEL II, 22:28.

1, 2. Nukae dze le xexeame dziɖula geɖe ŋu?

EGIPTETƆWO ƒe piramidwo (siwo nye yɔdo siwo me woɖi woƒe fiawo ɖo) nye amesiwo ɖu dukɔ ma dzi kpɔ ƒe ŋkuɖodzinu. Ame bubu siwo wɔ ŋkɔ na wo ɖokui le ŋutinya me dometɔ aɖewoe nye Sanxerib si nɔ Asur alo Asiria, Aleksanda Gãtɔ si nɔ Hela, kple Kaisaro Julius si nɔ Roma. Nu ɖeka aɖe dze le dziɖula siawo katã ŋu. Womewɔ ɖokuibɔbɔ ŋutɔŋutɔ ƒe ŋkɔ nyui aɖeke na wo ɖokui o.—Mateo 20:25, 26.

2 Èxɔe se be dziɖula mawo siwo ŋkɔ míeyɔ dometɔ aɖe tsana le etevi tsɛ siwo dzi nu te ɖo dzi edziedzi be yeanya wo ahafa akɔ na woa? Womevo ɖe ema wɔwɔ ŋu o! Eye mava susu me hã na wo kpɔ be yewoayi aƒe tsɛ siwo me dumevi siwo wote ɖe anyi le, be yewoade dzi ƒo na wo o. Kpɔ alesi gbegbe woƒe nuwɔna to vovo na xexeame katã ƒe Dziɖula Gãtɔ, Yehowa Mawu, le nuwɔwɔ ɖe ame tsɛwo ŋui gome ɖa!

Ðokuibɔbɔ ƒe Kpɔɖeŋu Gãtɔ Kekeake

3. Aleke Dziɖula Gãtɔ Kekeake wɔa nu ɖe esubɔla amegbetɔwo ŋui?

3 Ame aɖeke melolo alo kpɔ ŋusẽ de Yehowa nu o, ke hã eƒe “ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Eye nukae Yehowa wɔna ne ekpɔ esubɔla tsɛ siwo dodokpɔ vovovowo te ɖeɖi gbɔgbɔ ŋu na? Le mɔ aɖe nu la, ‘enɔa’ amesiawo gbɔ to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ‘be yeagbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye yeagbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.’ (Yesaya 57:15) Esia wɔnɛ be esubɔla siwo me wògade agbee la te ŋu subɔnɛ kple dzidzɔ. Mawu bɔbɔa eɖokui lo!

4, 5. (a) Aleke hakpalaa se le eɖokui me le alesi Mawu ɖua dzii ŋu? (b) Nukae wòfia be Mawu “le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm” be yeakpe ɖe wo ŋu?

4 Ame aɖeke mele xexeame si bɔbɔ eɖokui de Aƒetɔ Dziɖulagã la nu be yeakpe ɖe amegbetɔ nuvɔ̃wɔlawo ŋu o. Hakpalaa te ŋu ŋlɔ be: “Yehowa ɖo kpo ɖe dukɔwo katã dzi, eƒe ŋutikɔkɔe ɖo kpo ɖe dziƒo dzi. Amekae de Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me, amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu? Eya, amesi fɔ ame tsɛ la tso ʋuʋudedi me kple ame dahe la tso ba me.”—Psalmo 113:4-7.

5 De dzesi nyagbɔgblɔ “le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa.” Ne wozã nyagbɔgblɔ sia ku ɖe amegbetɔwo ŋu la, ate ŋu afia nɔnɔme gbegblẽ aɖe, si nye ‘woanɔ ameawo kpɔm kple susu be yede ŋgɔ boo wu wo le esi womegogo ye o alo nu medze edzi na wo de ye nu o ta.’ Míate ŋu agblɔ nya sia le Yehowa Mawu ŋu gbeɖe o, elabena ele dzadzɛ hele kɔkɔe, eye le esia ta “dada” ƒe nɔnɔme aɖeke mele eyama me o. (Marko 7:22, 23) Gake ‘be woakpɔ ame bɔbɔɖeanyiwo ɖa’ fia hã be woabɔbɔ ame ɖokui ava nɔ tasɔsɔ me kple amesi woabu ame tsɛ, alo be ame nabɔbɔ eɖokui tso ɖoƒe si wòle alo bubu si le eŋu me ne ele nu wɔm kple amesi ƒe ɖoƒe megogo etɔ o. Eyata le Biblia aɖewo me la, Psalmo 113:6 gblɔ be Mawu bɔbɔ eɖokui. Nya sia ɖɔ mía Mawu ɖokuibɔbɔla, si kpɔa esubɔla madeblibowo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo lɔlɔ̃tɔe, wòsɔ nyuie ŋutɔ!—Samuel II, 22:36.

Nusitae Yesu Bɔbɔ Eɖokui Ðo

6. Nukae nye Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe nuwɔna gãtɔ kekeake?

6 Ðokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ ƒe nu gãtɔ kekeake si Mawu wɔe nye eƒe Ŋgɔgbevi lɔlɔ̃a dɔdɔ ɖa be woava dzii ɖe anyigba dzi ahanyii abe amegbetɔ ene hena ameƒomea ɖeɖe. (Yohanes 3:16) Yesu fia nyateƒe si ku ɖe Fofoa si le dziƒo ŋu mí, eye emegbe etsɔ eƒe agbe deblibo na be wòaɖe “xexeame ƒe nuvɔ̃” la ɖa. (Yohanes 1:29; 18:37) Esi Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔme siwo dome Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ hã le bliboe ta la, elɔ̃ faa be yeawɔ nusi Mawu bia tso ye si. Emae nye ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake si Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖe ɖe fia kpɔ. Menye amesiamee kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ŋu o, eƒe futɔwo bui kura gɔ̃ hã be enye ‘ameƒomea me tɔ tsɛtɔ kekeake.’ (Daniel 4:14) Ke hã, apostolo Paulo nyae be ele be ye hati xɔsetɔwo nasrɔ̃ Yesu eye le esia ta ele be woabɔbɔ wo ɖokui ne wole nu wɔm kple wo nɔewo.—Korintotɔwo I, 11:1; Filipitɔwo 2:3, 4.

7, 8. (a) Aleke Yesu wɔ srɔ̃ ɖokuibɔbɔ? (b) Aleke Yesu ƒo koko na amesiwo ava zu nusrɔ̃lawoe?

7 Paulo he susu yi kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo dzi, heŋlɔ be: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui nuhahae bena, eya kple Mawu sɔ o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.”—Filipitɔwo 2:5-8.

8 Ðewohĩ ame aɖewo abia be, ‘Afikae Yesu srɔ̃ ɖokuibɔbɔ ma le?’ Ha si wòde kple Fofoa le dziƒo ƒe gbogbo siwo mele xexlẽ me o ye ɖe vi nyui ma nɛ. Ɣemaɣi la, enye Mawu ƒe “dɔnunɔla” le nuwo katã wɔwɔ me. (Lododowo 8:30) Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la kpɔ alesi Fofoa wɔ nu kple amegbetɔ nuvɔ̃mewo le aglãdzedze le Eden-bɔa me megbe. Eyata esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe Fofoa ƒe ɖokuibɔbɔ tɔgbe fia eye wòƒo koko na amewo be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.—Mateo 11:29; Yohanes 14:9.

9. (a) Nukae do dzidzɔ na Yesu le ɖeviwo ŋu? (b) Nukae Yesu fia tso ɖevi sue aɖe ŋu?

9 Esi wònye Yesu bɔbɔ eɖokui ŋutɔŋutɔ ta la, ɖevi suewo gɔ̃ hã mevɔ̃e o. Ðe wodi be yewoanɔ egbɔ boŋ. Eya ŋutɔ hã kpɔ dzidzɔ ɖe ɖeviwo ŋu eye wòtsɔ ɖe le eme na wo. (Marko 10:13-16) Nuka koŋue do dzidzɔ na Yesu le ɖeviwo ŋu? Nɔnɔme nyuiwo nɔ wo si siwo eƒe nusrɔ̃la tsitsiwo meɖena fiana ɣesiaɣi o. Amesiame nya be ɖevi suewo bua ame tsitsiwo be wonya nu wu yewo. Àte ŋu akpɔ esia le nya gbogbo siwo wobiana me. Nyateƒee, ɖeviwo lɔ̃na faa wofiaa nu wo wu ame tsitsiwo, eye womedana abe woawo ene hã o. Gbeɖeka Yesu yɔ ɖevi sue aɖe vɛ hegblɔ na Eyomedzelawo be: “Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.” Eyi eƒe nyaa dzi be: “Amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.” (Mateo 18:3, 4) Yesu gblɔ gɔmeɖose sia be: “Amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 14:11; 18:14; Mateo 23:12.

10. Nyabiabia kawo mee míadzro?

10 Nyateƒenya ma fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te. Hafi míakpɔ agbe mavɔ la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ŋutɔŋutɔ, gake nukatae wòsesẽna na Kristotɔwo ɣeaɖewoɣi be woabɔbɔ wo ɖokui? Nukatae wòsesẽna na mí be míaɖe asi le dada ŋu ahawɔ nu ɖe dodokpɔwo nu ɖokuibɔbɔtɔe? Eye nukae akpe ɖe mía ŋu míadze agbagba abɔbɔ mía ɖokui ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣi?—Yakobo 4:6, 10.

Nusitae Wòsesẽna be Míabɔbɔ Mía Ðokui Ðo

11. Nukatae mewɔ nuku o be ele be míaʋli hafi ate ŋu abɔbɔ mía ɖokui?

11 Ne ɖokuibɔbɔ sesẽna na wò la, ke nyae be menye ye ɖekae o. Le keke ƒe 1920 me ke la, magazine sia dzro Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ku ɖe alesi wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokui me, hegblɔ be: “Esi míekpɔ alesi gbegbe Aƒetɔ la bua ɖokuibɔbɔ nu vevii ta la, ele be esia nade dzi ƒo na nusrɔ̃la vavãwo katã be woaɖe nɔnɔme sia afia gbesiagbe.” Azɔ magazinea lɔ̃ ɖe edzi anukwaretɔe be: “Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu alea hã la, ewɔ abe amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ le ale gbegbe ene be, amesiwo va zua Aƒetɔ la ƒe amewo eye wotiae be yewoazɔ mɔ sia dzi la kpɔnɛ be esesẽna, eye wòhiã ʋiʋli vevie le nya sia me wu nya bubu ɖesiaɖe.” Nya mawo ɖe susu vevi aɖe si ta wòle be Kristotɔ vavãwo naʋli be yewoabɔbɔ yewo ɖokui la fia—amegbetɔ nuvɔ̃me siwo míenye wɔnɛ be míedina kafukafu madzemadzee. Esi míenye Adam kple Xawa, srɔ̃tɔ nuvɔ̃me siwo ɖe mɔ ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo ɖu wo dzi ƒe dzidzimeviwo tae.—Romatɔwo 5:12.

12, 13. (a) Aleke xexeame doa kplamatse Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔe? (b) Amekae nana avu si wɔm míele be míabɔbɔ mía ɖokui la gasesẽna ɖe edzi wu na mí?

12 Susu bubu si tae wòate ŋu asesẽ na mí be míabɔbɔ mía ɖokuie nye be xexe si me míele la dea dzi ƒo na amewo be woaʋli be yewoade ŋgɔ wu ame bubuwo. Taɖodzinu si ame geɖe ɖona le xexeamee nye didi be yewoawɔ ‘nuvɔ̃ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple adegbe ƒoƒo le nusiwo le ame si ŋu’ dzi. (Yohanes I, 2:16) Le esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo naɖe mɔ xexeame ƒe nudzodzro siawo nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi teƒe la, mele be woato ŋku gã o, ke boŋ woƒe susu nanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi boŋ.—Mateo 6:22-24, 31-33; Yohanes I, 2:17.

13 Susu etɔ̃lia si tae ɖokuibɔbɔ ɖeɖefia sesẽnae nye be amesi gbɔ ɖokuidodoɖedzi dzɔ tso, si nye Satana Abosam, ye le xexe sia dzi ɖum. (Korintotɔwo II, 4:4; Timoteo I, 3:6) Satana dea dzi ƒo na amewo be yeƒe nɔnɔme gbegblẽawo nanɔ woawo hã si. Le kpɔɖeŋu me, edi be Yesu nade ta agu na ye ne yeatsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” nɛ. Esi wònye Yesu bɔbɔa eɖokui ɣesiaɣi ta la, egbe Abosam ƒe nunana la moveviɖoɖotɔe. (Mateo 4:8, 10) Nenema kee Satana tea Kristotɔwo kpɔ be yeana woadi kafukafu na wo ɖokui. Gake Kristotɔ ɖokuibɔbɔlawo dzea agbagba srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu boŋ, eye wotsɔa kafukafu kple bubu ɖesiaɖe nana Mawu.—Marko 10:17, 18.

Ðokuibɔbɔ Vavãtɔ Ðeɖe Fia Ðaa

14. Nukae nye alakpa ɖokuibɔbɔ si menye “bubunu aɖeke” o?

14 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo me la, exlɔ̃ nu wo le ame ŋku me ɖokuibɔbɔ alo ɖokuibɔbɔ alakpatɔe si ame aɖewo ɖena fiana be yewoadze amewo ŋu la ŋuti. Paulo gblɔ be ɖokuibɔbɔ ma menye “bubunu aɖeke” o. Amesiwo ɖea ame ŋku me ɖokuibɔbɔ fiana la mele Mawu subɔm o. Ðe wole eɖem fia le manyamanya me boŋ be ‘yewodoa yewo ɖokui ɖe dzi glodzoo dzodzro’ le dada ta. (Kolosetɔwo 2:18, 23) Yesu gblɔ alakpa ɖokuibɔbɔ sia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. Ebu fɔ Farisitɔwo ɖe woƒe ame ŋku me gbedodoɖa kple alesi wotsia nu dɔnae hetrɔa mo abe ɖe wole veve gã aɖe sem ene be amewo nakpɔ ta. Evɔ hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe gbe siwo mía ŋutɔwo míedona ɖa nɛ ŋu la, ele be míado wo ɖa le ɖokuibɔbɔ me.—Mateo 6:5, 6, 16.

15. (a) Nukae míate ŋu awɔ be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui le dzi me? (b) Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖewo ɖe?

15 Ne Kristotɔwo srɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔwo kekeake, siwo nye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo tɔ la, ekema akpe ɖe wo ŋu woabɔbɔ wo ɖokui ŋutɔŋutɔ le dzi me. Esia wɔwɔ bia be woanɔ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wonana to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la srɔ̃m edziedzi. (Mateo 24:45) Nusɔsrɔ̃ alea le vevie ŋutɔ na Kristotɔ dzikpɔlawo, ale be ‘woagado wo ɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu o.” (Mose V, 17:19, 20; Petro I, 5:1-3) Wò ya de ŋugble le amesiwo woyra le wo ɖokui bɔbɔ ta ƒe kpɔɖeŋu gbogbo siwo li ŋu kpɔ. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Rut, Xana, Elisabet, kple ame bubu geɖewo. (Rut 1:16, 17; Samuel I, 1:11, 20; Luka 1:41-43) Gabu ame ŋkuta siwo bɔbɔ wo ɖokui le Yehowa subɔsubɔ me, abe Dawid, Yosiya, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, kple apostolo Paulo ene, ƒe kpɔɖeŋu nyuiawo ŋu kpɔ. (Kronika II, 34:1, 2, 19, 26-28; Psalmo 131:1; Yohanes 1:26, 27; 3:26-30; Dɔwɔwɔwo 21:20-26; Korintotɔwo I, 15:9) Ke míaƒe ŋkekea me kpɔɖeŋu nyui siwo míekpɔna le Kristo-hamea me ya ɖe? Ne Kristotɔwo dea ŋugble le kpɔɖeŋu siawo ŋu la, akpe ɖe wo ŋu ‘woabɔbɔ wo ɖokui ɖe wo nɔewo te, eye woatsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi atsyɔ’ abe awu ene.—Petro I, 5:5.

16. Aleke Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kpena ɖe mía ŋu míebɔbɔa mía ɖokui?

16 Gome kpɔkpɔ edziedzi le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui. Mía ɖokui bɔbɔ le dzi me ana míakpɔ dzidzedze le tete ɖe amesiwo míenya o siwo ŋu míekena ɖo le aƒeme yi aƒeme dɔa me kple le teƒe bubuwo me ŋu. Esia le alea vevietɔ ne aƒemenɔlawo metsɔ ɖeke le Fiaɖuƒegbedasia me le gɔmedzedzea me o alo ne womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Zi geɖe la, amewo tsɔa nya ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu, eye ɖokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woaɖo nya ŋu na amewo le “dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃” alo bubu deto me. (Petro I, 3:15) Mawusubɔla ɖokuibɔbɔlawo ʋu yi anyigbamama yeyewo me eye wole kpekpem ɖe amesiwo ƒe dekɔnuwo kple agbenɔnɔ to vovo na wo tɔ la ŋu. Ðewohĩ ahiã be subɔla siawo nabɔbɔ wo ɖokui anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ si nye gbe yeye aɖe sɔsrɔ̃ nu ale be woate ŋu asubɔ amesiwo wogblɔa nyanyuia na la nyuie wu. Woawoe le dɔ dzi kakaka!—Mateo 28:19, 20.

17. Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi kawo tsɔtsɔe hiã ɖokuibɔbɔ?

17 Ðokuibɔbɔ kpe ɖe ame geɖe ŋu wote ŋu kpɔ woƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo gbɔ, hetsɔ amewo ƒe nyonyo ɖo ŋgɔ na woa ŋutɔwo tɔ. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be Kristotɔ vifofo nabɔbɔ eɖokui hafi adi ɣeyiɣi atsɔ adzra Biblia-nusɔsrɔ̃ tseku ɖo ahawɔe kple viawo. Ðokuibɔbɔ kpena ɖe ɖeviwo hã ŋu be wodea bubu wo dzilawo ŋu heɖoa to wo togbɔ be womede blibo o hã. (Efesotɔwo 6:1-4) Zi geɖe la, nyɔnu siwo srɔ̃wo menye haxɔsetɔwo o doa go nɔnɔme aɖewo siwo me wòahiã be woabɔbɔ wo ɖokui le, ale be woate ŋu ato woƒe “agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me” aɖe wo srɔ̃awo. (Petro I, 3:1, 2) Nenema kee ɖokuibɔbɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ hiã hafi míate ŋu akpɔ mía dzila siwo lé dɔ hetsi la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.—Timoteo I, 5:4.

Ðokuibɔbɔ Na Míekpɔa Kuxiwo Gbɔ

18. Aleke ɖokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxiwo gbɔe?

18 Mawu subɔla amegbetɔ aɖeke mede blibo o. (Yakobo 3:2) Ɣeaɖewoɣi la, masɔmasɔ alo nugɔmemasename aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le Kristotɔ eve dome. Ame aɖe tɔ ate ŋu adzɔ be wòatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu. Zi geɖe la, woate ŋu atsɔ aɖaŋuɖoɖo sia akpɔ kuxiawo gbɔ: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!” (Kolosetɔwo 3:13) Mí katã míenya be aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ mele bɔbɔe ya o, gake ɖokuibɔbɔ akpe ɖe ame ŋu wòatsɔe ade dɔwɔwɔ me.

19. Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne míele nu ƒom na ame aɖe si dze agɔ le mía dzi?

19 Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ aɖe ate ŋu ase le eɖokui me be agɔ si wodze le ye dzi la lolo ale gbegbe be yemate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi ko evɔ o. Ekema ɖokuibɔbɔ akpe ɖe eŋu wòate ɖe amesi wòsusu be edze agɔa le ye dzi ŋu be woawɔ ŋutifafa. (Mateo 18:15) Susu siwo tae Kristotɔwo dome kuxiwo nɔa anyi ɣeaɖewoɣi eteƒe didinae nye be dada le wo dometɔ ɖeka alo wo ame evea siaa me ale gbegbe be womedina be yewoalɔ̃ be yewodze agɔ o. Alo ɖewohĩ amesi tsɔ nyaa yi nɔvia gbɔ la di be yeaɖee afiae be ye tɔe dzɔ, be yeahe nya ɖe ye nɔvia ŋu. Gake ɖokuibɔbɔ vavãtɔ akpe ɖe mía ŋu míakpɔ masɔmasɔ geɖe gbɔ.

20, 21. Nu vevitɔ kekeake siwo akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui dometɔ ɖekae nye ka?

20 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míayi edzi abɔbɔ mía ɖokuie nye gbedodoɖa na Mawu abia eƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe gbɔgbɔa. Gake ɖo ŋku edzi be “Mawu . . . [vea] ɖokuibɔbɔlawo nu,” eye mɔ siwo dzi wòtona dometɔ ɖekae nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. (Yakobo 4:6) Eyata ne nya aɖe le mia kple haxɔsetɔ aɖe dome la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yealɔ̃ ɖe vodada sue alo vodada gã ɖesiaɖe si yewɔ dzi. Ne dziwòe wodze agɔa le eye agɔdzelaa ɖe kuku na wò tso dzi me la, ekema bɔbɔ ɖokuiwò natsɔe akee. Ne ema wɔwɔ sesẽ na wò la, ekema do gbe ɖa na Yehowa nàbiae be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe si le yeƒe dzi me la ɖa.

21 Viɖe gbogbo siwo le ɖokuibɔbɔ me nyanya aʋã mí míadi be nɔnɔme nyui sia nanɔ mía si míanɔ ɖeɖem fia ɖaa. Kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔe Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖo ɖi na mí le esia wɔwɔ me! Mègaŋlɔ Mawu ƒe kakaɖedzinamenya sia be gbeɖe o: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.”—Lododowo 22:4.

Nya Siwo Ŋu Míade Ŋugble Le

• Amekawoe ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi?

• Nukatae ame ɖokui bɔbɔ sesẽna?

• Nukawoe akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui?

• Nukatae wòle vevie be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yesu bɔbɔ eɖokui ŋutɔŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Xexeame dea dzi ƒo na amewo be woadi be yewoade ŋgɔ wu ame bubuwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

WHO photo by L. Almasi/K. Hemzǒ

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe amesiwo míenya o ŋu le gbeadzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Zi geɖe la, míate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ ne míetsɔ lɔlɔ̃ tsyɔ nu nyaa dzi ɖokuibɔbɔtɔe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Kristotɔwo ate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia le mɔ vovovowo nu