Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àzɔ Kple Mawua?

Àzɔ Kple Mawua?

Àzɔ Kple Mawua?

“Nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”​—Mixa 6:8.

1, 2. Aleke woate ŋu atsɔ alesi Yehowa sena le eɖokui me ɖe mía ŋu asɔ kple alesi dzila sena le eɖokui me ne ele azɔlizɔzɔ fiam via?

ÐEVI aɖe si ƒe klo me mesẽ o ye nye ma ɖo agbagba, hele afɔ ɖem ɖekaɖeka, le agbagba dzem be yeaɖo dzila si do eƒe abɔwo ɖee la gbɔ. Ðewohĩ esia adze numaɖinu aɖe na ame geɖewo, gake le ɖevia dada kple fofoa ya gome la, enye agbemenu ɖedzesi aɖe na wo, si na wotsɔa dzidzɔ nɔa mɔ kpɔm na wo via ƒe etsɔme nyui aɖe. Dzilawo nɔa mɔ kpɔm vevie be le ɣleti kple ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, yewoalé yewo via ƒe alɔnu ahazɔ kplii aduadu. Wokpɔa mɔ be yewoava na mɔfiame kple kpekpeɖeŋu vovovowo yewo via, si akpe ɖe eŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

2 Nenema kee Yehowa Mawu hã sena le eɖokui me ɖe via siwo le anyigba dzi ŋu. Egblɔ ku ɖe eƒe ame siwo nye Israel-viwo, alo Efrayim-toa, ŋu be: “Nyee fia azɔli Efrayim, eye melée ɖe alɔ to. . . . Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nye lɔlɔ̃ka la wo he.” (Hosea 11:3, 4) Le afisia la, Yehowa ƒo nu tso eɖokui ŋu abe dzila lɔ̃ame si tsɔ dzigbɔɖi le azɔlizɔzɔ fiam via ene, ɖewohĩ ekɔnɛ ɖe akɔ ne edze anyi. Yehowa, si nye Dzila si ɖeke mesɔ kplii o, le didim vevie be yeafia alesi míazɔe mí. Edoa dzidzɔ hã nɛ be yeanɔ mía ŋu esi míeyi edzi le ŋgɔyiyi wɔm. Abe alesi mawunyakpukpui si dzi wotu míaƒe nyatia ɖo gblɔe ene la, míate ŋu azɔ kple Mawu! (Mixa 6:8) Gake nukae wòfia be woazɔ kple Mawu? Nukatae wòhiã be míazɔ kplii ɖo? Aleke wòanya wɔe? Eye yayra kawoe dona tsoa zɔzɔ kple Mawu me? Mina míade ŋugble le nyabiabia ene siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu ɖekaɖekae.

Nukae Wòfia Be Woazɔ Kple Mawu?

3, 4. (a) Nukae ɖe dzesi le zɔzɔ kple Mawu si wogblɔ le kpɔɖeŋumɔ nu la ŋu? (b) Nukae wòfia be woazɔ kple Mawu?

3 Ele eme baa be amegbetɔwo mate ŋu azɔ kple Yehowa, si nye gbɔgbɔmeme, ŋutɔŋutɔ ya o. (Mose II, 33:20; Yohanes 4:24) Eyata kpɔɖeŋumɔnue Biblia ƒoa nu tso amegbetɔwo ƒe zɔzɔ kple Mawu ŋu le. Eɖɔ zɔzɔ sia tsitotsito eme kɔ nyuie ale gbegbe be wòsɔ ɖe dukɔwo kple dekɔnu ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmewo nu eye wòwɔa dɔ le dzidzime ɖesiaɖe me hã. Ne èbu eŋu kpɔ la, teƒe ka alo dzidzime ka me tɔwoe mase ame aɖe ƒe zɔzɔ kple ame bubu zazã abe kpɔɖeŋu ene gɔme o? Ðe alesi wotsɔ zɔzɔ kple ame nɔewo wɔ kpɔɖeŋui meɖe vividodoɖeameŋu kple kadodo kplikplikpli me nɔnɔ kple ame fia oa? Kpɔɖeŋu sia si wozã na míese nusi zɔzɔ kple Mawu fia gɔme vaseɖe afi aɖe. Gake mina míabu nyaa ŋu tẽ ayi ŋgɔe wu.

4 Mina míahe susu ayi nuteƒewɔla Henox kple Noa dzi. Nukatae wogblɔ tso wo ŋu be wozɔ kple Mawu ɖo? (Mose I, 5:24; 6:9) Le Biblia me la, wozãa nyagbe “zɔ” zi geɖe wòfiana se aɖe dzi wɔwɔ alo nane wɔwɔ ɖe mɔ aɖe nu pɛpɛpɛ. Henox kple Noa nɔ agbe wòsɔ ɖe Yehowa Mawu ƒe sewo nu. To vovo na ame mavɔ̃mawu siwo dome wonɔ la, woawo ya trɔ ɖe Yehowa ŋu hena mɔfiafia eye wowɔ ɖe eƒe mɔfiameawo dzi hã. Woɖo ŋu ɖe eŋu. Ðe esia fia be Yehowa tia agbe si tɔgbe woɖo nɔ la na woa? Ao. Yehowa na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔwo eye wòdi be míatsɔ mía ŋutɔwo míaƒe “tamebubu ƒe ŋutete” akpe ɖe nunana sia ŋu azã. (Romatɔwo 12:1, NW) Gake ne míele nyametsotsowo wɔm la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ana be Yehowa ƒe tamesusu si de ŋgɔ heƒo ɖesiaɖe ta nafia nu nyuitɔ si míawɔ la mí. (Lododowo 3:5, 6; Yesaya 55:8, 9) Ne woagblɔe tututu la, ne míenɔa agbe hewɔa nusi sɔ la, ekema míele zɔzɔm kplikplikpli kple Yehowa enye ma.

5. Nukatae Yesu ƒo nu tso abɔkuglui ɖeka tsɔtsɔ akpe ɖe míaƒe agbenɔƒewo ŋu ŋuti ɖo?

5 Zi geɖe la, Biblia tsɔa agbenɔnɔ sɔna kple mɔzɔzɔ alo azɔlizɔzɔ. Le go aɖewo me la, wogblɔ nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo sia le mɔ si le tẽ nu, eye ɣeaɖewoɣi hã, wogblɔnɛ wònyea nyamenya si wòle na nua xlẽla be wòade ŋugble le eŋu hafi akpɔe adze sii. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ [abɔkuglui] ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?” (Mateo 6:27) Ðewohĩ nya aɖe le nya siawo me si awɔ nuku na wò. Nukatae Yesu gblɔ be woatsɔ “abɔklugui,” si nye dzidzeme, akpe ɖe ame ƒe ‘agbenɔƒewo,’ si wodzidzena le ɣeyiɣi ƒe didime nu, ŋuti? * Edze ƒã be Yesu nɔ agbenɔƒewo ŋu susum abe mɔzɔzɔ ene. Ne míagblɔe tẽ la, enɔ nu fiam be dzitsitsi ɖe agbemenuwo ŋu makpe ɖe ŋuwò nàɖe afɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã atsɔ akpe ɖe wò agbemɔa zɔzɔ ŋu o. Gake ɖe wòle be míaƒo nya ta be naneke meli si míate ŋu awɔ atsɔ ado míaƒe agbenɔƒewo ɖe ŋgɔe oa? Mefia nenema gbeɖegbeɖe o! Ema kplɔ mí va ɖo míaƒe nyabiase evelia gbɔ, si nye be, Nukatae wòhiã be míazɔ kple Mawu ɖo?

Nukata Wòhiã be Míazɔ Kple Mawu?

6, 7. Nukae amegbetɔ madeblibowo hiãna vevie, eye nukatae wòle be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nuhiahiã ma gbɔ na mí?

6 Woɖe susu ɖeka aɖe si tae wòle be míazɔ kple Yehowa Mawu ɖo me le Yeremya 10:23 me be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” Eyata ŋutete alo gome mele mí amegbetɔwo si be míafia alesi míazɔe le agbe me mía ŋutɔ mía ɖokuiwo o. Míehiã na mɔfiame vevie ŋutɔ. Amesiwo tea tɔ ɖe mɔfiafia woa ŋutɔwo ɖokui dzi Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la wɔa vodada si tɔgbe Adam kple Xawa wɔ. Ame eve gbãtɔ tiae be yewoafia nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ la yewo ɖokui. (Mose I, 3:1-6) Kpuie ko la, gomenɔamesi ma ‘mele mía ŋutɔwo si me o.’

7 Ðe mèkpɔe be yehiã na mɔfiame le agbemɔa zɔzɔ me oa? Nyametsotso suewo kple gãwo dzea ŋgɔ mí gbesiagbe. Wo dometɔ aɖewo sesẽ eye woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme—kple míaƒe ame veviwo tɔ hã—dzi. Gake wò ya bu eŋu kpɔ ko, enye dzidzɔ kple didi vevie na ame aɖe si tsi henya nu wu mí sasasã be yeana mɔfiame mí lɔlɔ̃tɔe le nyametsotso mawo wɔwɔ me! Nublanuitɔe la, ame geɖewo kana ɖe woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso dzi eye wofiaa mɔ wo ɖokui. Wogbe nu le nyateƒenya si wogblɔ le Lododowo 28:26 gbɔ be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.” Yehowa di be míaƒo asa na afɔku siwo dona tsoa kaka ɖe míaƒe dzi si nye alakpatɔ dzi me. (Yeremya 17:9) Edi be míazɔ le nunya me, míaka ɖe ye dzi be yenye míaƒe Mɔfiala kple Nufiala nyanu. Ne míeka ɖe eyama dzi la, dedienɔnɔ, dzidzeme, kple dzidzɔkpɔkpɔ sɔŋ ayɔ míaƒe agbe me mɔzɔzɔa me.

8. Teƒe kae nuvɔ̃ kple blibomademade kplɔa amegbetɔwo yinae, gake nuka dimee Yehowa le na mí?

8 Susu bubu si tae wòhiã be míazɔ kple Mawu ɖo la lɔ azɔli si míedi be míazɔ ƒe didime ɖe eme. Biblia gblɔ nublanuinya aɖe. Le mɔ aɖe nu la, amegbetɔ madeblibowo katã le zɔzɔm ɖo ta teƒe ɖeka. Esi Nyagblɔla 12:5 nɔ nu me ɖem ku ɖe kuxi siwo le tsitsi me ŋu la, egblɔ bena: “Amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔdome.” Nukae nye “aƒe mavɔ” sia? Eyae nye yɔdo si me nuvɔ̃ kple blibomademade kplɔa ame yinae. (Romatɔwo 6:23) Gake Yehowa di be míanɔ agbe wòadidi, ke menye be míanɔ agbe kpui aɖe, si me yɔ fũ kple fukpekpewo tso ɖevime ava wu nu ɖe yɔdo me o. (Hiob 14:1) Zɔzɔ kple Mawu koe ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ mí míazɔ wòadidi nyuie abe alesi wòdi ene—si nye agbe tegbee nɔnɔ. Ðe menye nu ma dimee nèle oa? Ke eme kɔ ƒã be, ahiã be nàzɔ kple Fofowò la.

Aleke Míate Ŋu Azɔ Kple Mawui?

9. Nukatae Yehowa ɣla eɖokui ɖe eƒe amewo ɣeaɖewoɣi, gake kakaɖedzinya kae wògblɔ na wo abe alesi wòdze le Yesaya 30:20 ene?

9 Ehiã be míade ŋugble tso nyabiase etɔ̃lia sia ŋu vevie ŋutɔ. Eyae nye, Aleke míate ŋu azɔ kple Mawui? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Yesaya 30:20, 21 be: “Miaƒe [Nufiala Gãtɔ la] magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ miaƒe [Nufiala Gãtɔ] kple ŋku, eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe kpukpui 20 lia me le nya dedziƒoname siawo me anya ɖo ŋku edzi na eƒe amewo be ne womewɔ ɖe yeƒe sedede dzi o la, ekema ye hã yeaɣla ye ɖokui ɖe wo. (Yesaya 1:15; 59:2) Gake le afisia la, woƒo nu tso Yehowa ŋu be maɣla eɖokui ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ya o, ke boŋ anɔ tsitre gaglã woakpɔ. Ðewohĩ míaƒe susu ayi nufiala aɖe si le tsitre ɖe sukuviwo ŋkume hele nusi wòdi be woasrɔ̃ la me ɖem na wo dzi.

10. Mɔ ka nue nàte ŋu ‘ase nya aɖe le megbewò’ le tso wò Nufiala Gãtɔ gbɔ?

10 Le kpukpui 21 lia me la, woƒo nu tso nya bubu kura ŋu. Woƒo nu tso Yehowa ŋu be ele eƒe amewo yome, hele mɔ nyuitɔ si woato la fiam wo. Biblia-ŋutinunyalawo gblɔ be anye be alesi alẽkplɔla nɔa eƒe alẽwo yome ɣeaɖewoɣi, henɔa mɔ nyuitɔ si woato la fiam wo eye wòkpɔa egbɔ be woagadze afɔku o, dzie wotu nyagbɔgblɔ sia ɖo ene. Aleke gɔmesese si le nya sia ŋu ka míe? Ne míele Mawu ƒe Nya la xlẽm hena mɔfiame la, ke nya si woŋlɔ ɖi ƒe akpe geɖewoe nye ema xlẽm míele. Togbɔ be woŋlɔ wo ɖi xoxoxo ŋutɔ hã la, le kpɔɖeŋumɔ nu la, ɖeko wòle abe mía megbe koe wòle ɖiɖim le ene. Togbɔ be woŋlɔ wo ɖi egbɔ metsɔ kura o hã la, wogakpɔtɔ le vevie ŋutɔ egbea abe alesi wonɔ vevie esime woŋlɔ wo teti ko ene. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akplɔ mí le míaƒe gbesiagbe nyametsotsowo wɔwɔ me, eye wòakpe ɖe mía ŋu be míanɔ agbe si ade mía dzi le etsɔme. (Psalmo 119:105) Ne míedi aɖaŋuɖoɖo mawo vevie hetsɔ wo de dɔwɔna me la, ekema Yehowae nye mía Kplɔla. Zɔzɔmee nye ma míele kple Mawu.

11. Le nya si Yeremya 6:16 gblɔ nu la, nya lédziname kawoe Yehowa gblɔ na eƒe amewo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me?

11 Ðe míele nanam be Mawu ƒe Nya nafia mɔ mí le nusianu me ŋutɔŋutɔa? Viɖe le eme ŋutɔ be míatɔ ade ŋugble ɣeaɖewoɣi ahadzro mía ɖokuiwo me le nyateƒe me. De ŋugble le kpukpui aɖe si akpe ɖe mía ŋu míawɔ ema ŋu kpɔ: “Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mɔwo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo.” (Yeremya 6:16) Ðewohĩ nya siawo ana míaƒe susu nayi mɔzɔla aɖe si tɔ ɖe mɔdzevee aɖe to be yeabia mɔfiame la dzi. Le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, ɖe wòle be Yehowa ƒe ame siwo dze aglã le Israel la nawɔ nu nenema tɔgbe hafi. Ehiã na wo be woabia mɔ ta se ahatrɔ gbɔ va “blema mɔwo” dzi. ‘Mɔ nyui’ mae nye esi dzi wo tɔgbuitɔgbui wɔnuteƒewo to, mɔ si dzi amesiwo mesubɔa Mawu o la tsɔ bometsitsi tra tsoe. Nublanuitɔe la, Israel-viwo dze aglã ɖe ŋkuɖodzinya sia si Yehowa gblɔ na wo lɔlɔ̃tɔe la ŋu. Kpukpui ma ke yi edzi be: “Ke woawo ɖo ŋu be: Míele edzi to ge o.” Gake le egbeŋkekeawo me ya la, Mawu ƒe amewo wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi.

12, 13. (a) Aleke Kristo yomedzela amesiaminawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Yeremya 6:16 dzii? (b) Aleke míate ŋu adzro mía ɖokuiwo me le alesi míele zɔzɔm egbea me?

12 Tso ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuɣiwo ke la, Kristo yomedzela amesiaminawo tsɔ Yeremya 6:16 me nyawo de dɔwɔna me. Abe ƒuƒoƒo ene la, woxɔ ŋgɔ le tɔtrɔ gbɔ va “blema mɔwo” dzi me kple dzi blibo. To vovo na Kristodukɔa si gbe xɔse la, wole wɔwɔm ɖe “nya, siwo le blibo” si Yesu Kristo ɖo anyi, si dzi eyomedzela wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me hã wɔ ɖo, dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (Timoteo II, 1:13) Vaseɖe egbea la, amesiaminawo kpena ɖe wo nɔewo kpakple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ ŋu be woayi edzi anɔ dzidzɔmɔ si dzi dzidzeme le, si gbɔ Kristodukɔa gbe nu le, la dzi zɔm.—Yohanes 10:16.

13 Dɔla wɔnuteƒe ƒe ha la to gbɔgbɔmenuɖuɖu si wònana le ɣeyiɣi nyui dzi la dzi kpe ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu be wokpɔ “blema mɔwo” dze sii hele zɔzɔm kple Mawu. (Mateo 24:45-47) Ðe nèle ame miliɔn mawo domea? Ne nenemae la, nukae nàte ŋu awɔ be màgatra mɔ ahadze wò ŋutɔ wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ gɔme o? Nunya le eme be tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, nànɔ alesi nèzɔna le agbemee la me dzrom akpɔ. Ne èxlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo eye nèdea kpekpe siwo me wozɔna ɖe ɖoɖo siwo amesiaminawo wɔna egbea dzi la, ke wole hehe nam wò be nàzɔ kple Mawu. Eye ne ètsɔ aɖaŋu siwo woɖona le kpekpe mawo me de dɔwɔna me la, ke èle zɔzɔm kple Mawu nyateƒe, hele zɔzɔm le “blema mɔwo” dzi.

Zɔ Abe Ðe Nèle “Amesi Womekpɔna O la Kpɔm Ene”

14. Ne míebua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe la, aleke ema adze le nyametsotso siwo míewɔna mee?

14 Be míazɔ kple Yehowa la, ele be wòanye amesi míebuna ame ŋutɔŋutɔe. Nenɔ susu me na wò be Yehowa ka ɖe edzi na blema Israel-viwo be yemeɣla ye ɖokui ɖe wo o. Egbea, eɖea eɖokui fiana eƒe amewo be yenye Nufiala Gãtɔ. Ðe Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na wò, abe ɖe wòtsi tre ɖe ŋkuwò me be yeafia nu wò enea? Xɔse ma tɔgbee míehiã ne míedi be míazɔ kple Mawu. Xɔse ma ƒomevie nɔ Mose si, “elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:27) Ne míebua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe la, ke míabu alesi wòase le eɖokui me ŋu ne míele nyametsotsowo wɔm. Le kpɔɖeŋu me, míabu nugbegblẽwɔwɔ ŋu alo ate kpɔ be míabu nuvɔ̃wɔwɔ atsɔ aɣla ɖe Kristotɔ hamemegãwo alo míaƒe ƒometɔwo ŋu gɔ̃ hã o. Ke boŋ míadze agbagba be míazɔ kple Mawu ne ame aɖeke mate ŋu akpɔ mí o gɔ̃ hã. Abe blema Fia Dawid ene la, mía dometɔ ɖesiaɖe ɖoe kplikpaa be: “Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.”—Psalmo 101:2.

15. Aleke hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo kpena ɖe mía ŋu be míebua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe?

15 Yehowa nya be míenye ame madeblibowo, ŋutilãmemewo, eye wònyae be esesẽna na mí ɣeaɖewoɣi be míaxɔ nane si míate ŋu akpɔ o la dzi ase. (Psalmo 103:14) Ewɔa nu geɖe tsɔ kpena ɖe mía ŋu be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ ma tɔgbe dzi. Le kpɔɖeŋu me, eƒo amewo nu ƒu ɖekae tso anyigba dzi dukɔwo katã me “hena eƒe ŋkɔ la.” (Dɔwɔwɔwo 15:14) Esi mí katã míele subɔsubɔm le ɖekawɔwɔ me la, mía nɔviwo nyea ŋusẽtsoƒe na mí. Ne míese alesi Yehowa kpe ɖe gbɔgbɔmenɔviŋutsu alo gbɔgbɔmenɔvinyɔnu aɖe ŋu be wòɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi alo to dodokpɔ aɖe me do dedie la, ewɔnɛ be míebua míaƒe Mawua ame ŋutɔŋutɔe wu.—Petro I, 5:9.

16. Aleke nu sɔsrɔ̃ tso Yesu ŋu akpe ɖe mía ŋu be míazɔ kple Mawui?

16 Ƒo wo katã ta la, Yehowa na Via ƒe kpɔɖeŋu mí. Yesu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Nusɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ŋu nye mɔ nyuitɔwo dometɔ ɖeka si awɔe be míabu Yehowa ame ŋutɔŋutɔe wu. Nusianu si Yesu gblɔ alo wɔ la nye Fofoa si le dziƒo ƒe nɔnɔme kple Eƒe mɔwo ɖeɖe fia le mɔ deblibo nu. (Yohanes 14:9) Ne míele nyametsotsowo wɔm la, ele be míabu alesi Yesu akpɔ nya mawo gbɔe ŋu vevie. Ne míedo gbe ɖa hewɔ nyametsotso nyuiwo la, ke míele Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome dzem. (Petro I, 2:21) Nusi ema afiae nye be míele zɔzɔm kple Mawu.

Yayra Kawoe Ado Tso Eme?

17. Ne míezɔ abe alesi Yehowa dii ene la, “gbɔdzɔe” kae míakpɔ?

17 Zɔzɔ kple Yehowa Mawu fia be woanɔ agbe si me dzidzeme le. Ðo ŋku ŋugbe si Yehowa do na eƒe amewo ku ɖe ‘mɔ nyui la’ didi ŋu dzi. Egblɔ be: “Mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo.” (Yeremya 6:16) Nukae “gbɔdzɔe” ma fia? Ðe wòfia agbe bɔbɔe, si me dzidzɔkpɔkpɔ kple agbeɖuɖu yɔ fũ, nɔnɔa? Ao. Yehowa nana nane si nyo sasasã wu, nane si ƒãa hafi kesinɔtɔ gãtɔ kekeake ate ŋu akpɔ. Be ame nakpɔ gbɔdzɔe fia be woakpɔ tomefafa kple dzidzɔ kpakple dzidzeme ememetɔ hekpe ɖe dzidzɔ si dona tsoa gbɔgbɔmenudzedziname me ŋu. Gbɔdzɔe ma fia kakaɖedzi si anɔ ame si be yetia agbemɔ nyuitɔ kekeake. Susumekɔdzeanyi ma nye yayra aɖe si tɔgbe mebɔ kura le xexe sia si me kuxiwo do agbogbo ɖo me o!

18. Yayra kae Yehowa di be yeana wò, eye nuka ƒe tamee nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Nyateƒee wònye be yayra gã aɖee agbe si míele la nye le eɖokui si. Agbe kpui nɔnɔ ɖeɖe kura gɔ̃ hã nyo wu agbemanɔmanɔ kura. Gake menye ɖe Yehowa ɖoe be nànɔ agbe kpui si me nàɖo sɔhɛ me eye ŋusẽ nanɔ ŋuwò sẽ emegbe nàva zu amegãɖeɖi alo nyagãɖeɖi si ava nɔ veve sem o. Ao, Yehowa di be yayra gãtɔ kekeake nasu asiwò. Edi be nàzɔ kpli ye tegbee! Wogblɔ esia ɖe Mixa 4:5 eme kɔ nyuie ale: “Ne dukɔwo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.” Ðe yayra ma lé dzi na wòa? Ðe nàdi be yeanɔ agbe si Yehowa ŋutɔ yɔ wòsɔ nyuie be “agbe vavã” la? (Timoteo I, 6:19) Ne nenemae la, ke ɖoe kplikpaa be nàzɔ kple Yehowa egbea, etsɔ, kple ɣeawokatãɣi, eye àzɔ kplii tsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo trɔ “abɔkuglui” si le kpukpui sia me wònye ɣeyiɣi ƒe dzidzeme aɖe, abe “ɣeyiɣi kpui aɖe” (The Emphatic Diaglott) alo “miniti ɖeka” (A Translation in the Language of the People, si Charles B. Williams ŋlɔ) ene. Gake nya si wozã le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔe ɖo me la fia abɔkuglui ɖeka, si ƒe didime anɔ abe sentimita 45 ene.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae wòfia be woazɔ kple Mawu?

• Nukatae nèse le ɖokuiwò me be ehiã be yeazɔ kple Mawu?

• Nukae akpe ɖe ŋuwò be nàzɔ kple Mawu?

• Yayra kawoe amesiwo zɔna kple Mawu la xɔna?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Biblia nana míesea Yehowa ƒe gbe le mía megbe bena, “Mɔ la enye si”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu le kpekpewo me ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi