Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe dzitsinya nyui ate ŋu anɔ Kristotɔ si ne elɔ̃ be yeawɔ dɔ si bia be wòalé tu ɖe asia?

Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã bua dɔ si Mawu de wo si be woakpɔ woƒe ƒomea me tɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ la agbanɔamedzi vevii. (Timoteo I, 5:8) Gake dɔ aɖewo ƒomevi wɔwɔ nye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi tẽ eye ele be woaƒo asa na wo. Esiawo ƒe ɖewoe nye dɔwɔɖui siwo do ka kple tsatsadada, ʋuzazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, kple dɔ siwo doa atamazazã ɖe ŋgɔ. (Yesaya 65:11; Dɔwɔwɔwo 15:29; Korintotɔwo II, 7:1; Kolosetɔwo 3:5) Dɔ bubu aɖewo li, siwo togbɔ be Biblia meƒo nu tsi tre ɖe wo wɔwɔ ŋu tẽ o hã la, woate ŋu agblẽ nu le ame ŋutɔ loo alo ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu.

Be ame nawɔ dɔ aɖe si abia be wòatsɔ tu alo lãnu aɖe ɖe asi loo alo be mawɔe o nye amea ŋutɔ ƒe nyametsotso. Gake dɔ siwo abia be woatsɔ tu alo lãnu ɖe asi wɔwɔ te ŋu kplɔa ame dea ʋufɔɖiɖi me bɔbɔe ne eva bia be amea nazã eƒe lãnua. Le esia ta, ehiã be Kristotɔ nado gbe ɖa le nyaa ŋu ahade ŋugble le eŋu kpɔ be, ne eɖo ku kple agbe dome la, nyametsotso kpata kae yeawɔ le tu alo lãnua zazã me hã. Azɔ hã, tu alo lãnu tsɔtsɔ ɖe asi ate ŋu ana amedzidzelawo alo wɔɖenuiwɔlawo nado afɔku ame.

Nyametsotso si ame aɖe awɔ ate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ ƒe agbanɔamedzi vevitɔe nye be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. (Mateo 24:14) Ðe susu le eme be ame nanɔ nu fiam amewo be ‘woanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me,’ evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la amesia si le nu fiam amewo la ŋutɔ ƒe dɔwɔɖui nanye esi bia be tu nanɔ eŋua? (Romatɔwo 12:18) Ke ɖeviwo kple ƒomea me tɔ bubuwo ya ɖe? Ðe tu si anɔ aƒeme ade woƒe agbe afɔku mea? Gawu la, ɖe alesi ame awɔ nui le nya sia me ate ŋu aɖia ame bubuwo nua?—Filipitɔwo 1:10.

Le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, ame geɖewo ɖea ‘adãwɔwɔ kple nu nyui malɔ̃malɔ̃’ ƒe nɔnɔmewo fiana. (Timoteo II, 3:1, 3) Esi míenyae alea ta la, ɖe ame aɖe ate ŋu eyi edzi anye ‘mokakamanɔŋutɔ’ ne eƒo eɖokui ɖe dɔ si bia be wòatsɔ tu ɖe asi, si ate ŋu ana wòava wɔ avu kple amesiwo si nɔnɔme mawo le, la wɔwɔ mea? (Timoteo I, 3:10) Gbeɖe! Le susu sia ta la, ne wotsɔ Biblia xlɔ̃ nu ame ma tɔgbe tufafatɔe gake wòkpɔtɔ yi tu tsɔtsɔ ɖe asi ƒe dɔ ma wɔwɔ dzi la, hamea mabu ame ma tɔgbe ‘mokakamanɔŋutɔe’ o. (Timoteo I, 3:2; Tito 1:5, 6) Eyata ame ma tɔgbe madze axɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖeke le hamea me o.

Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be ne wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me la, mehiã be woatsi dzi ɖe agbemenuhiahiãwo ŋu fũ o. (Mateo 6:25, 33) Le nyateƒe me la, ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, ‘eya ŋutɔ akpɔ mía ta; eye mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.’—Psalmo 55:23.