Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tafea Doa Mawu ƒe Dzɔdzɔenyenye Ðe Dzi

Tafea Doa Mawu ƒe Dzɔdzɔenyenye Ðe Dzi

Tafea Doa Mawu ƒe Dzɔdzɔenyenye Ðe Dzi

LE Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze megbe la, Yehowa gblɔ eƒe tameɖoɖo si nye be yeana Dzidzimevi aɖe nado, amesi woaɖu afɔkpodzi na, ŋu nya ɖi. (Mose I, 3:15) Esia va eme esime Mawu ƒe futɔwo wu Yesu Kristo ɖe fuwɔameti ŋu. (Galatiatɔwo 3:13, 16) Nuvɔ̃ aɖeke menɔ Yesu ŋu o, elabena gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽe na ɖetugbi nɔaƒe aɖe fɔ eƒe fu to mɔ wɔnuku aɖe nu. Eyata woate ŋu azã eƒe ʋu si wòkɔ ɖi la atsɔ axe tafee ɖe amegbetɔ, siwo nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome tso Adam gbɔ la, ta.—Romatɔwo 5:12, 19.

Naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, le tame siwo wòɖo dzi wɔwɔ me o. Eyata le amegbetɔ ƒe nuvɔ̃ me dzedze vɔ megbe, esime womekpɔ xe tafea ŋutɔŋutɔ haɖe o hã la, ɖeko wòle abe ɖe woxee xoxo ene le Yehowa ya ƒe nukpɔkpɔ nu, si wɔe be wòte ŋu na be kadodo aɖe tɔgbe nɔ amesiwo xɔe se be eƒe ŋugbedodowo ava eme la dome. Esia wɔe be Adam ƒe dzidzimevi nuvɔ̃mewo, abe Henox, Noa, kple Abraham ene te ŋu zɔ kple Mawu eye xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ woa kple Mawu dome gɔ̃ hã, gake esia mehe ɖiƒoƒo aɖeke va eƒe kɔkɔenyenye dzi gbeɖe o.—Mose I, 5:24; 6:9; Yakobo 2:23.

Amesiwo xɔ Yehowa dzi se dometɔ aɖewo wɔ nuvɔ̃ gãwo. Fia Dawid nye amesiawo dometɔ ɖeka. Ðewohĩ àbia be: ‘Nukatae Yehowa yi edzi yra Fia Dawid le eƒe ahasiwɔwɔ kple Bat-Seba, kpakple nana be wowu srɔ̃aŋutsu, Uriya, vɔ megbe?’ Nusiwo tae la dometɔ vevi ɖekae nye dzimetɔtrɔ vavã si Dawid ɖe fia kple xɔse si nɔ esi. (Samuel II, 11:1-17; 12:1-14) Mawu te ŋu nɔ te ɖe vɔ si Yesu Kristo ava sa dzi, tsɔ Dawid si trɔ dzi me la ƒe nuvɔ̃ kee eye megblẽ naneke le Eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye kple nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu o. (Psalmo 32:1, 2) Le kpeɖoɖo esia dzi me la, Biblia ɖe nu wɔnuku si ƒo ɖesiaɖe ta si Yesu ƒe vɔsa wɔ la me be, ‘bene wòaɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã kple le ɣeyiɣi sia me la dzi.’—Romatɔwo 3:25, 26.

Ẽ, asixɔxɔ si le Yesu ƒe ʋu la ŋu ɖea vi gbogbo aɖewo na ameƒomea. Tafea wɔnɛ be amegbetɔ nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime te ŋu va sea vivi le kadodo kplikplikpli si va ɖoa woa kple Mawu dome me. Gakpe ɖe eŋu la, tafea ʋu mɔ ɖi be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre va Mawu ƒe xexe yeyea me. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo ku do ŋgɔ na Yesu ƒe tafea xexe hã anɔ amesiawo dome, eye ame geɖe siwo ku evɔ Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ mesu wo si o eye womesubɔe o gɔ̃ hã anɔ wo dome. Biblia gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Le ɣemaɣi la, Yehowa ato tafea dzi ana be amegbetɔ toɖolawo katã nanɔ agbe tegbee. (Yohanes 3:36) Yesu ŋutɔ ɖe eme be: ‘Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’ (Yohanes 3:16) Yayra siawo katã ava na ameƒomea le Mawu ƒe nunana si nye tafevɔsa la ta.

Gake menye viɖe siwo míekpɔna tsoa tafea mee nye nusi ɖe dzesi wu o. Nusi le vevie wu enye nusi Kristo ƒe tafea wɔna na Yehowa ƒe ŋkɔ. Eɖoa kpe edzi be Yehowa nye Mawu si ƒe dzɔdzɔenyenye de blibo eye wòte ŋu wɔa nu kple amegbetɔ nuvɔ̃mewo evɔ wògakpɔtɔ nɔa dzadzɛ henɔa kɔkɔe. Ne menye ɖee Mawu wɔ ɖoɖo be yeaxe tafea o la, anye ne Adam ƒe dzidzimevi aɖeke, Henox, Noa, kple Abraham kura gɔ̃ hã, mate ŋu azɔ kple Yehowa alo anye exɔlɔ̃ o. Hakpala la de dzesi esia eye wòŋlɔ bena: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Aleke gbegbe wòle be míada akpee na Yehowa kple Via siaa enye si be Yehowa dɔ Via lɔlɔ̃a ɖo ɖe anyigba dzi, eye be Yesu hã lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na tafee ɖe mía ta!—Marko 10:45.