Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowae Nye Mía Kplɔla

Yehowae Nye Mía Kplɔla

Yehowae Nye Mía Kplɔla

“Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.”​—Psalmo 23:1.

1-3. Nukata mewɔ nuku o be Dawid tsɔ Yehowa sɔ kple alẽkplɔla?

NE WOBIA tso asiwò be nàɖɔ alesi Yehowa léa be na eƒe amewoe la, nya kae nàgblɔ? Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ƒe kpɔɖeŋu kae nàwɔ si aɖe alesi wòléa be na esubɔla wɔnuteƒewo etɔxɛe afia? Ƒe 3,000 kple edzivɔe nye esi va yi la, fia hakpala Dawid nɔ te ɖe dɔ si wòwɔ le eƒe sɔhɛmenɔɣi dzi ŋlɔ nu tsɔ ɖɔ alesi Yehowa léa be na amee la nyuie wònya se ale gbegbe.

2 Alẽkplɔlae Dawid nye le eƒe ɖekakpui me, eyata enya nu tso alẽkpɔkplɔ ŋu. Enyae nyuie be, ne woɖe asi le alẽwo ŋu wole wo ɖokui si la, woate ŋu abu eye woadze fiafitɔwo alo lã wɔadawo si me bɔbɔe. (Samuel I, 17:34-36) Ne alẽkplɔla si léa be na alẽwo mele alẽawo ŋu o la, ɖewohĩ womakpɔ gbeɖuƒe nyui si woaɖu nu le wòasu wo o. Le Dawid ƒe tsitsime la, ɖikeke mele eme o be etsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ ɖoa ŋku ɣeyiɣi gbogbo siwo wòtsɔna kplɔa alẽawo, hekpɔa wo ta eye wònaa nuɖuɖu wo la dzi.

3 Mewɔ nuku o be Dawid ɖo ŋku alẽkplɔla ƒe dɔ dzi esime gbɔgbɔ ʋãe be wòaɖɔ alesi Yehowa léa be na eƒe amewoe. Psalmo 23 lia, si Dawid ŋutɔ ŋlɔ la, dze egɔme kple nya siawo be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” Mina míadzro susu si tae nya siawo sɔ nyuie ɖo la me. Le esia megbe la, Psalmo 23 lia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mɔ siwo nu Yehowa léa be na esubɔlawo le abe alesi alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwoe ene.—Petro I, 2:25.

Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo si Sɔ Nyuie

4, 5. Aleke Biblia ɖɔ alẽwo ƒe nɔnɔmee?

4 Le Ŋɔŋlɔawo me la, dzesideŋkɔ geɖewo le Yehowa si, gake dzesideŋkɔ si nye ‘Alẽkplɔla’ nye esi ɖe belélename etɔxɛe fia wu. (Psalmo 80:2) Be míase nusitae wòsɔ nyuie be woyɔ Yehowa be Alẽkplɔla me la, anyo be míanya: alẽ ƒe nɔnɔmewo gbã, eye emegbe míanya dɔ siwo alẽkplɔla nyui wɔna kple eƒe nɔnɔmewo.

5 Biblia ƒoa nu tso alẽwo ƒe nɔnɔmewo ŋu zi geɖe, eɖɔa wo be wo kplɔla ƒe beléle na wo vivina wo nu ŋutɔ (Samuel II, 12:3), womewɔa adã o (Yesaya 53:7), womete ŋu ʋlia wo ɖokui ta o. (Mixa 5:7) Agbalẽŋlɔla aɖe si nyi alẽwo ƒe geɖe la gblɔ bena: “Ame aɖewo abui be alẽwo te ŋu kpɔa wo ɖokui ta, gake mele nenema kura o. Wohiãna beléle wu lãha bubuwo, ehiã be ŋku nanɔ wo ŋu ɖaa eye woalé be na wo nyuie.” Be lã wɔnamanɔŋutɔ siawo nayi edzi anɔ agbe la, wohiã na alẽkplɔla aɖe si alé be na wo nyuie.—Xezekiel 34:5.

6. Aleke Biblia-gɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe dɔ siwo alẽkplɔla siwo nɔ anyi le blema la wɔna le ŋkeke ɖeka me mee?

6 Zi geɖe la, dɔ kawoe alẽkplɔla siwo nɔ anyi le blema la wɔna le ŋkeke ɖeka me? Biblia-gɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe eme ale: “Le ŋdi kanyaa la, alẽkplɔla kplɔa alẽawo doa go tso alẽkpoa me yina gbeɖuƒee. Eƒe ŋku nɔa wo ŋu ŋkeke bliboa, eye wòkpɔa egbɔ be alẽawo dometɔ aɖeke metra o, eye ne edzɔ be alẽ aɖe bu mɔ tso etɔwo gbɔ la, eyina ɖadinɛ vevie vaseɖe esime wòkpɔe kplɔ gbɔe. . . . Le zã me la, ekplɔa alẽawo gbɔna va dea kpo, eye ne alẽawo le gegem ɖe kpoa me la, exlẽa wo ɖekaɖeka tsɔ kpɔna egbɔ be wo dometɔ aɖeke mebu o. . . . Zi geɖe la, ele nɛ be wòadzɔ kpoa ŋu le zã bliboa katã me atsɔ akpɔ wo ta be lã wɔadã, alo fiafitɔ, aɖeke nagawɔ dzaa ava lé ɖeke adzoe o.” *

7. Nukatae wòhiãna ɣeaɖewoɣi be alẽkplɔla nagagbɔ dzi ɖi ahafa tu wu?

7 Ɣeyiɣi aɖewo li si alẽawo, vevietɔ alẽ siwo ƒo fu le kpakple alẽviwo, hiãna na dzigbɔɖi kple beléle tɔxɛ wu. (Mose I, 33:13) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, togbɛ si gbɔ didi gbɔe alẽawo dzia vi ɖo. Alẽkplɔlaa gbɔa dzi ɖi heɖɔa ŋu ɖo kplɔa alẽ vinɔ si hiã belélename la ɖɔɖɔ hekɔa alẽvi la va kpoa me. Tso esime wonya dzi alẽvia ko la, alẽkplɔlaa nɔa alẽvia kɔm, ekɔnɛ ɖe akɔ loo alo ɖe eƒe awu ʋlaya la me, vaseɖe esime wòate ŋu azɔ.” (Yesaya 40:10, 11) Edze ƒã be, ehiã be nɔnɔme lédziname kple belélename ƒe nɔnɔme detowo nanɔ alẽkplɔla nyui si.

8. Susu siwo tae Dawid ka ɖe Yehowa dzi ɖo kawoe wòɖe gblɔ?

8 “Yehowa enye Kplɔlanye”—ɖe nya siawo mesɔ nyuie woatsɔ aɖɔ mía Fofo si le dziƒo oa? Ne míele Psalmo 23 lia me dzrom la, míakpɔ alesi Mawu léa be na míi abe alesi alẽkplɔla tsɔa ŋusẽ kple tufafa léa be na eƒe alẽwoe ene. Le kpukpui 1 me la, Dawid ɖe alesi wòka ɖe Mawu dzi be awɔ nusianu si Eƒe alẽwo ahiã la na wo ale be ‘naneke nagahiã wo o’ la gblɔ. Le kpukpui siwo kplɔe ɖo me la, Dawid gblɔ susu etɔ̃ siwo tae kakaɖedzi nɔ esi ɖo be: Yehowa kplɔa Eƒe alẽwo, Ekpɔa wo ta, eye Wònyina wo. Mina míadzro nya siawo me ɖekaɖekae.

Ekplɔam’

9. Ŋutifafa me nɔnɔ ƒe nɔnɔme kae Dawid ɖɔ, eye aleke alẽawo ate ŋu awɔ ava nɔ nɔnɔme ma tɔgbe me?

9 Gbã, Yehowa kplɔa eƒe amewo. Dawid ŋlɔ bena: “Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.” (Psalmo 23:2, 3) Dawid zã alẽ siwo tsyɔ akɔ anyi siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ tsɔ ɖɔ gbɔdzɔe, dzidzeme, kple dedienɔnɔ ƒe nɔnɔmewoe. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “lãnyiƒe” ate ŋu afia “teƒe nyoameŋu” aɖe hã. Anɔ eme be alẽawo ŋutɔ mate ŋu adi teƒe nyoameŋu si woatsyɔ akɔ ɖo le ŋutifafa me o. Ele be wo kplɔla nakplɔ wo ayi “teƒe nyoameŋu” ma tɔgbe.

10. Aleke Mawu ɖenɛ fiana be yeka ɖe mía dzii?

10 Aleke Yehowa kplɔa mí egbeae? Mɔ siwo nu wòwɔna ema le dometɔ ɖekae nye to kpɔɖeŋu ɖoɖo dzi. Eƒe Nya de dzi ƒo na mí be ‘míazu mawusrɔ̃lawo.’ (Efesotɔwo 5:1) Mawunyakpukpui siwo ƒo xlã kpukpui sia ƒo nu tso dɔmetɔtrɔ, tsɔtsɔke, kple lɔlɔ̃ ŋu. (Efesotɔwo 4:32; 5:2) Le nyateƒe me la, Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le nɔnɔme lédziname mawo ɖeɖe fia me. Nusi míate ŋu awɔ o la biamee wòle tso mía si esi wòbe míasrɔ̃ yea? Ao. Aɖaŋuɖoɖo ma si tso gbɔgbɔ me le eɖem fia ŋutɔŋutɔ be eka ɖe mía dzi. Le mɔ ka nu? Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo, si fia be wona agbenyuinɔnɔ ƒe nɔnɔmewo kple alesi míate ŋu aɖe mawumenɔnɔmewo afia ƒe ŋutete mí. (Mose I, 1:26) Le esia ta, Yehowa nyae be togbɔ be míede blibo o hã la, ŋutetea le mía ŋu be míaɖe nɔnɔme siwo ye hã yeɖena fiana la afia. Bu eŋu kpɔ ko—mía Mawu lɔ̃ame la ka ɖe edzi be míate ŋu aɖe yeƒe nɔnɔmewo afia. Ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua la, akplɔ mí ayi ɖe “gbɔɖemeƒe” nyoameŋu, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Le xexe vɔ̃ɖi sia me la, míanɔ “dedie,” ahanɔ ŋutifafa me le esi míenyae be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ta.—Psalmo 4:9; 29:11.

11. Ne Yehowa le eƒe alẽawo kplɔm la, nuka ŋue wòléa ŋku ɖo, eye aleke esia dzena le nusi wòbiana tsoa mía si mee?

11 Ne Yehowa le mía kplɔm la, efaa tu hegbɔa dzi ɖi na mí. Alẽkplɔla bua eƒe alẽwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, si wɔnɛ be wòkplɔa alẽawo ‘abe alesi woate ŋu azɔe ene.’ (Mose I, 33:14) Nenema kee Yehowa kplɔa eƒe alẽwo ‘abe alesi woate ŋu azɔe ene.’ Ebua míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo ŋu. Ne míagblɔe tututu la, etrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu, mebiaa nusi míate ŋu awɔ o tsoa mía si gbeɖe o. Nusi wòbia tso mía si koe nye be míasubɔ ye tso dzi blibo me. (Kolosetɔwo 3:23) Ke ne ame tsitsie nènye eye mègate ŋu wɔa nusi nèwɔna tsã o ya ɖe? Alo ne edzɔ be dɔléle aɖe si nu sẽ ŋutɔ le ŋuwò si wɔe be mète ŋu gawɔna geɖe o hã ɖe? Nɔnɔme siawo tututu mee subɔsubɔ tso dzi blibo me si wòbia tso mía si la ɖea vi na mí ŋutɔ le. Ame eve aɖeke mesɔna le goawo katã me o. Nusi dzi blibo me subɔsubɔ fia enye be nàzã wò ŋusẽ kple wò ŋutetewo katã alesi nàte ŋui ɖe Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo ate ŋu aɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi akpɔtɔ hã la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe alesi míesubɔnɛ tso dzi blibo me la ŋu.—Marko 12:29, 30.

12. Kpɔɖeŋu kae le Mose ƒe Sea me si ɖee fia be Yehowa kplɔa eƒe alẽwo le ‘ŋutete si le wo si la nu’?

12 Be míaɖee afia be Yehowa kplɔa eƒe alẽwo ‘le ŋutete si le wo si nu’ la, bu nya siwo wogblɔ tso fɔɖivɔsawo ŋu le Mose ƒe Sea me ŋu kpɔ. Yehowa di vɔsa nyui siwo woasa tso dzi blibo me. Le ɣemaɣi ke me la, ŋutete si le vɔsala ŋu nue wòsaa vɔ ɖo. Sea gblɔ be: “Ke ne mate ŋu ana alẽ o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe.” Ke ne mate ŋu ana ahɔnevi eve hã o ya ɖe? Ekema ate ŋu atsɔ “wɔ memee” asa vɔae. (Mose III, 5:7, 11) Esia ɖee fia be Mawu mebia nusi vɔsala la mate ŋu ana o tso esi o. Esi Mawu metrɔ o ta la, enyanya be Mawu mebiana nusi gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o la faa akɔ na mí, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe nusi míaƒe ŋutete ɖe mɔ na mí míete ŋu wɔ ŋu. (Maleaxi 3:6) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be Alẽkplɔla senugɔmename sia tɔgbe nakplɔ mí!

“Nyemavɔ̃ Dzɔgbevɔ̃e Aɖeke O, Elabena Wòe Le Gbɔnye”

13. Le Psalmo 23:4 me la, aleke Dawid ƒo nu tso eƒe seselelãme ememetɔ ŋui, eye nukatae esia mewɔ nuku kura o?

13 Dawid gblɔ susu evelia si tae kakaɖedzi nɔ esi ɖo be: Yehowa kpɔa eƒe alẽwo ta. Míexlẽ be: “Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.” (Psalmo 23:4) Fifia, Dawid le nu ƒom tso eya ŋutɔ ƒe seselelãme ememetɔ ŋu, etsɔ ŋkɔnyateƒenɔnya si nye “wò” yɔ Yehowae. Esia mewɔ nuku kura o, elabena ele nu ƒom tso alesi Mawu kpe ɖe eŋui be wòdo dzi le fukpekpe me ŋu. Dawid to bali doblukɔ tsiɖitsiɖi geɖe—siwo nye ɣeyiɣi siwo me eya ŋutɔ ƒe agbe ɖo afɔku me la—me. Gake meɖe mɔ be vɔvɔ̃ ɖu eyama dzi keŋkeŋ o, elabena ede dzesii be Mawu—si ƒe “atikplɔ” kple “atizɔti” le klalo na ametakpɔkpɔ la—li kpli ye. Esia nyanya fa akɔ na Dawid, si wɔe be wòte ɖe Yehowa ŋu wu. *

14. Kakaɖedzi kae Biblia na mí ku ɖe Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ ŋu, gake nukae esia mefia o?

14 Aleke Yehowa kpɔa eƒe alẽwo tae egbea? Biblia ka ɖe edzi na mí be tsitretsiɖeŋulawo—eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo loo alo amegbetɔwo o—makpɔ dzidzedze gbeɖe le eƒe alẽwo ɖeɖe ɖa le anyigba dzi me o. Yehowa maɖe mɔ ɖe ema ŋu gbeɖe o. (Yesaya 54:17; Petro II, 2:9) Gake esia mele fiafiam be mía Kplɔla la akpɔ mía ta le dzɔgbevɔ̃e ɖesiaɖe me o. Míawo hã míetoa nuteɖeamedzi siwo me ame bubuwo hã tona me, eye mí Kristotɔ vavãwo míetoa tsitretsiɖeŋu hã me. (Timoteo II, 3:12; Yakobo 1:2) Le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu la, ate ŋu adzɔ be míawo hã “[míazɔ] bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me” ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be yometiti alo dɔlélewo nawɔe be míaɖo ku kple agbe dome. Alo ate ŋu adzɔ be míaƒe ame vevi aɖe nade kuku ge kloe alo ku gɔ̃ hã. Le nudzɔdzɔ aɖe si adze abe ɣeyiɣi doblukɔ tsiɖitsiɖi ene me la, mía Kplɔla la li kpli mí, eye akpɔ mía ta. Le mɔ ka nu?

15, 16. (a) Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe mía ŋu míekpea akɔ kple kplamatsedonu siwo dzea ŋgɔ mí la le? (b) Gblɔ nusi me tom ame aɖe le, si ɖee fia be Yehowa kpena ɖe mía ŋu le míaƒe tetekpɔwo me.

15 Yehowa medo ŋugbe be yeanɔ mía ɖem nukutɔe o. * Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu eɖanye nuka kee ado kplamatse mí o. Ate ŋu ana nunya si hiã be míatsɔ anɔ te ɖe ‘tetekpɔ ƒomeviwo vovovowo’ nui la mí. (Yakobo 1:2-5) Menye ɖeko alẽkplɔla zãa eƒe atikplɔ alo atizɔti tsɔ nyaa adzodala si nye lãlénu alo ame aɖe ɖa ko o, ke ezãnɛ tsɔ lilina ɖe eƒe alẽawo ŋu blewuu tsɔ fiaa mɔ nyuitɔ si woato la woe. Yehowa ate ŋu ‘afia mɔ nyuitɔ’ mí, ɖewohĩ ato haxɔsetɔ aɖe dzi aɖo aɖaŋu aɖe si wɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo na mí, si ate ŋu na míaƒe nɔnɔmea nanyo ɖe edzi. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ate ŋu ana ŋusẽ si sɔ la mí míatsɔ ado dzi le nɔnɔmea me. (Filipitɔwo 4:13) Ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ana ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu mí’ míatsɔ ado dzii. (Korintotɔwo II, 4:7) Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔ ɖesiaɖe si Satana ahe va mía dzi me. (Korintotɔwo I, 10:13) Ðe enyanya be Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu la mefaa akɔ na wò ŋutɔ oa?

16 Ẽ, eɖanye bali doblukɔ ka mee míakpɔ mía ɖokui le o, míawo ɖeɖe míazɔ eme o. Mía Kplɔla la li kpli mí, ekpena ɖe mía ŋu le mɔ siwo gɔme mía ŋutɔwo míesena gbã o nu. De ŋugble le nya siwo hamemegã Kristotɔ aɖe, si wodo kpɔ hekpɔe be ƒoƒui vɔ̃ɖi, si ate ŋu awui, ƒo ahɔhɔ̃ me na la, gblɔ ŋu kpɔ. “Le nyateƒe me la, menɔ esusum le dɔlélea ƒe gɔmedzeɣi be ɖewohĩ Yehowa do dziku ɖe ŋunye alo be melɔ̃m kura o gɔ̃ hã. Gake meɖoe kplikpaa be nyemahe ɖokuinye ɖa tso Yehowa gbɔ o. Ðe ema teƒe la, megblɔ nusi ŋu metsi dzi ɖo vevie la nɛ. Yehowa kpe ɖe ŋunye, zi geɖe la, etoa nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo dzi faa akɔ nam. Ame geɖewo gblɔ alesi wowɔ hafi nɔ te ɖe dɔléle sesẽ aɖe si dze wo dzi va yi la nu tsɔ de dzi ƒo nam. Alesi woda sɔ le nya siwo wogblɔ nam me la wɔe be nye susu nɔa edzi be menye nyee nye ame gbãtɔ si dɔ sia lé kpɔ o. Kpekpeɖeŋuwo, siwo dometɔ aɖewo nye nunana lédzinamewo, na megbugbɔ ka ɖe edzi be menye ɖe Yehowa gbe nu le gbɔnye o. Ele eme baa be ele be mayi edzi akpe akɔ kple nye dɔlélea ya, eye nyemenya nusi ava do tso eme o. Gake meka ɖe edzi be Yehowa li kplim eye be ayi edzi akpe ɖe ŋunye le tetekpɔ sia me.”

“Èɖo Kplɔ̃ Ðe Akɔnye Me”

17. Aleke Dawid ɖɔ Yehowae le Psalmo 23:5, eye nukatae esia metsi tre ɖe nya siwo wogblɔ tso alẽkplɔla ŋu o?

17 Fifia Dawid gblɔ susu etɔ̃lia si tae wòka ɖe eƒe Kplɔla dzi ɖo be: Yehowa naa nuɖuɖu eƒe alẽwo eye enanae wògbɔa eme. Dawid ŋlɔ bena: “Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnye me le nye ketɔwo ŋku me; èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gba go.” (Psalmo 23:5) Le kpukpui sia me la, Dawid ɖɔ eƒe Kplɔla la be enye amedzrowɔla nyodɔme aɖe si naa nuɖuɖu kple nunono wògbɔa eme. Kpɔɖeŋu eveawo—alẽkplɔla lébename kple amedzrowɔla dɔmenyotɔ—metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Nyateƒee be ele be alẽkplɔla nyui nanya afisi wòakpɔ gbe damawo kple tsinono si ade na eƒe alẽha le ale be alẽawo ‘nagahiã naneke o.’—Psalmo 23:1, 2.

18. Nukae ɖee fia be Yehowa nye amedzrowɔla si nyoa dɔme?

18 Ðe mía Kplɔla la hã nye amedzrowɔla aɖe si nyoa dɔmea? Ðikeke aɖeke mele eme o be enyee! Wò ya bu gbɔgbɔmenuɖuɖu vovovo siwo míeɖuna ƒe nyonyome kple agbɔsɔsɔme ŋu kpɔ ko. Yehowa to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela dzi naa mí agbalẽ siwo ɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí, kpekpewo, takpekpe suewo, kple takpekpe gãwo ƒe ɖoɖowɔɖi tuameɖowo—esiawo katã nye nusiwo kpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 24:45-47) Le nyateƒe me la, gbɔgbɔmenuɖuɖua li sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn geɖe, eye wota agbalẽ mawo ɖe gbegbɔgblɔ 413 me. Yehowa na gbɔgbɔmenuɖuɖu vovovowo eye wosɔ gbɔ ŋutɔ—tso “notsi” si nye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo dzi vaseɖe “nuɖuɖu sesẽ” si nye Biblia me nufiafia siwo de to wu dzi. (Hebritɔwo 5:11-14) Le esia ta la, ne kuxiwo alo nyametsotsowo dze ŋgɔ mí la, míete ŋu kpɔa nusi tututu míehiãna la zi geɖe. Ðe mèkpɔe be nuɖuɖu siawo manɔmee la, míakpe fu ŋutɔ oa? Nyateƒee wònye be mía Kplɔla nye nunala dɔmenyotɔ si ƒo ɖesiaɖe ta!—Yesaya 25:6; 65:13.

“Manɔ Yehowa Ƒe Me Ðaa”

19, 20. (a) Kakaɖedzinya kae Dawid gblɔ le Psalmo 23:6, eye aleke míawo hã míate ŋu aka ɖe nya mawo dzii? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Esi Dawid nɔ ŋugble dem le eƒe Kplɔla kple Nunala ƒe mɔwo ŋu la, eƒo nya ta be: “Ẽ, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe me ɖaa.” (Psalmo 23:6) Dawid gblɔ nya siawo tso eƒe dzi, si me yɔ fũ kple ŋudzedzekpɔkpɔ kpakple kakaɖedzi, me—etsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ŋku nusiwo dzɔ va yi la dzi eye wòtsɔ kakaɖedzi nɔ mɔ kpɔm na etsɔmee. Dawid, si nye alẽkplɔla tsã la le dedie, elabena enyae be zi alesi yena be ye kpakple yeƒe Kplɔla si le dziƒo la dome le kplikplikpli abe Eƒe aƒemee yele ene ko la, Yehowa alé be na ye lɔlɔ̃tɔe ɣeawokatãɣi.

20 Ele be dzi nadzɔ mí godoo ɖe nya vavã lédziname siwo woŋlɔ ɖe Psalm 23 lia me la ta! Mɔ aɖeke megali si dzi Dawid ate ŋu ato aɖɔ alesi Yehowa kplɔa eƒe alẽwo, kpɔa wo ta, eye wònyia wo la, wòasɔ nyuie wu esia o. Woŋlɔ Dawid ƒe nya ʋãdziname siawo ɖi na mí be woana kakaɖedzi mí be míawo hã míate ŋu awɔ Yehowa mía Kplɔlae. Ẽ, zi alesi míenya le Yehowa ŋu kplikplikpli ko la, alé be na mí abe Alẽkplɔla lɔ̃ame ene le míaƒe “agbe me ŋkekewo katã me,” yi ɖe mavɔmavɔ me gɔ̃ hã. Gake esi wònye míenye eƒe alẽwo ta la, agba le mía dzi be míazɔ kple mía Kplɔla gãtɔ Yehowa. Míadzro nusi esia wɔwɔ lɔ ɖe eme la me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Dawid kpa psalmo aɖewo siwo me wòkafu Yehowa le le esi wòɖee tso afɔku me ta.—Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nya siwo wotsɔ dze Psalmo 18, 34, 56, 57, 59, 63 gɔmee ɖa.

^ mm. 15 Kpɔ nyati si nye “Mawu ƒe Xɔname Kae Míate Ŋu Akpɔ Mɔ Na?” si dze le October 1, 2003, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòsɔ be Dawid tsɔ Yehowa sɔ kple alẽkplɔla ɖo?

• Aleke Yehowa sea nu gɔme na mí le mía kpɔkplɔ mee?

• Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le tetekpɔwo me le?

• Nukae ɖee fia be Amedzrowɔla si nyoa dɔmee Yehowa nye?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yehowa kplɔa Eƒe alẽwo abe alesi blema Israel alẽkplɔla wɔe ene