Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abosam Li Vavãa?

Abosam Li Vavãa?

Abosam Li Vavãa?

ALEKE nèbua Abosam? Ðe nèbunɛ ame si li ŋutɔŋutɔ, si blea amewo wowɔa nu vɔ̃ɖi loo, alo be enye nuvɔ̃ dzro aɖe ko le amegbetɔ mea? Ðe wòle be míavɔ̃ Abosam loo alo ɖe wòle be míatsɔe ko be enye glimeme aɖe si meli ŋutɔŋutɔ oa? Ðe nya “abosam” fia nutsrɔ̃ŋusẽ aɖe si si amenyenye mele o le xexeamea? Ðe abosam fia vɔ̃ɖinyenye si le amegbetɔwo me ko, abe alesi mawunyaŋununyala geɖe gblɔna egbea enea?

Mewɔ nuku o be ameƒomea me ma le amesi tututu Abosam nye ŋu. Kpɔ alesi wòate ŋu asesẽe be woadze si ame aɖe si bi ŋutɔ ɖe amesi ƒomevi wònye ɣaɣla mee ɖa! Vevietɔ ne amea ɖoe kplikpaa be yeaɣla amesi tututu yenye la, esesẽna ŋutɔ. Biblia gblɔ be ame ma ƒomevie Abosam nye. Biblia gblɔ tso eŋu be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14) Togbɔ be vɔ̃ɖitɔe Abosam nye hã la, ewɔa eɖokui ame nyui tsɔ blea amewo. Eye ne ena amewo xɔe se be yemenye ame ŋutɔŋutɔ li o la, enana eƒe tameɖoɖowo dzea edzi nɛ nyuie gɔ̃ hã wu.

Eyata ameka tututue Abosam nye? Ɣekaɣie wòva dzɔ, eye alekee? Alekee wòkpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi egbeae? Ðe nane li míate ŋu awɔ atsɔ atsi tre ɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋua? Míakpɔ biabia siawo ŋuɖoɖo vavãwo le Biblia me elabena egblɔ afisi Abosam dzɔ tso ƒe ŋutinya ŋutɔŋutɔ na mí.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Aleke gbegbe wòsesẽnae nye esi be woanya ame aɖe si ɖoe kplikpaa be yeaɣla amesi tututu yenye!