Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hosea Ƒe Nyagblɔɖia Kpena Ðe Mía Ŋu Míezɔna Kple Mawu

Hosea Ƒe Nyagblɔɖia Kpena Ðe Mía Ŋu Míezɔna Kple Mawu

Hosea Ƒe Nyagblɔɖia Kpena Ðe Mía Ŋu Míezɔna Kple Mawu

“Woakplɔ Yehowa ɖo.”​—HOSEA 11:10.

1. Kpɔɖeŋu drama ka ŋu nyae dze le Hosea ƒe agbalẽa me?

DRAMA siwo wɔlawo wɔa wo wɔƒewo nyuie la kpɔkpɔ dzɔa dzi na wòa? Kpɔɖeŋu drama aɖe le Biblia-gbalẽ si nye Hosea me. * Mawu ƒe nyagblɔɖila Hosea ƒe ƒomea dzie wotui ɖo, eye eku ɖe kpɔɖeŋu srɔ̃ɖeɖe si Yehowa to Mose ƒe Se ƒe nubablaa dzi wɔ kple blema Israel-dukɔa ŋu.

2. Nukae míenya tso Hosea ŋu?

2 Nusi ŋu drama sia me nyawo ku ɖo la dze le Hosea ta 1 me. Anye Israel ƒe dzieheto ewo fiaɖuƒea (si wolɔ̃a yɔyɔ be Efrayim le esi eyae nye to si xɔ ŋkɔ wu ta) ƒe nutoa ƒe akpa aɖee Hosea nɔ. Egblɔ nya ɖi le Israel-fia adre mamlɛawo kple Yuda-fia siwo nye Uziya, Yotam, Axaz kpakple Xizkiya, ƒe fiaɖuɣi. (Hosea 1:1) Eyata Hosea wɔ eƒe nyagblɔɖidɔa ade ƒe 59 ya teti. Togbɔ be wowu agbalẽ sia si wotsɔ eƒe ŋkɔ na ŋɔŋlɔ nu le keke ƒe 745 D.M.Ŋ. megbe teti hã la, viɖe gale eŋu egbea, elabena ame miliɔn geɖe le agbe nɔm abe alesi wogblɔe ɖi le nya siawo me ene be: “Woakplɔ Yehowa ɖo.”—Hosea 11:10.

Nusi Eme Nya Veviwo Ðe Fia

3, 4. Gblɔ Hosea ta 1 vaseɖe 5 me nyawo kpuie.

3 Hosea ƒe agbalẽa ƒe ta 1 vaseɖe 5 me nya veviwo me dzodzro ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míazɔ kple Mawu, axɔ edzi ase, eye míalé nuwɔna siwo sɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me ɖe asi. Togbɔ be Israel-viwo ɖi gbɔgbɔ me ahasiwɔwɔ ƒe fɔ hã la, Mawu akpɔ nublanui na wo ne wotrɔ dzime. Esia dze le alesi Hosea wɔ nui ɖe srɔ̃a Gomer ŋu me. Esi wòdzi vi ɖeka na Hosea megbe la, edze ƒã be egadzi ahasivi eve bubu. Ke hã, Hosea yi ɖakplɔe va eɖokui gbɔe abe alesi Yehowa lɔ̃ faa ɖe nublanuikpɔkpɔ fia Israel-vi dzimetrɔlawoe ene.—Hosea 1:1–3:5.

4 Yehowa tsɔ nya ɖe Israel ŋu elabena anukwareɖiɖi, amenuveve, alo sidzedze Mawu bu le anyigbaa dzi. Ele to he ge na Israel-vi ahasiwɔlawo kple Yuda fiaɖuƒe dzego la siaa. Gake ne Mawu ƒe amewo ɖo “xaxa me la,” woadi Yehowa yome mɔ.—Hosea 4:1–5:15.

Dramaa me Nyawo Dze Azɔ

5, 6. (a) Aleke gbegbee ahasiwɔwɔ bɔ ɖe Israel-to ewo fiaɖuƒea mee? (b) Nukatae nuxlɔ̃ame si wona blema Israel la le vevie na mí ɖo?

5 Mawu de se na Hosea be: “Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo eye wòtrɔ le Yehowa yome.” (Hosea 1:2) Ðe ahasiwɔwɔ bɔ le Israel nenema gbegbea? Wogblɔ na mí be: “Ahasiwɔwɔgbɔgbɔ kplɔ wo [to ewo fiaɖuƒea me nɔlawo] trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome. . . . Miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe toyɔvinyɔnuwo awɔ ahasi. . . . Woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo ɖe kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo.”—Hosea 4:12-14.

6 Gbɔgbɔ kple ŋutilã me ahasiwɔwɔ siaa bɔ ɖe blema Israel ale gbegbe. Eyata Yehowa le ‘to he ge’ na Isreal-viwo. (Hosea 1:4; 4:9) Nuxlɔ̃ame sia le vevie na mí elabena Yehowa ahe to na amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple subɔsubɔ makɔmakɔ me egbea hã. Gake amesiwo zɔna kple Mawu ya ɖo subɔsubɔ dzadzɛtɔ ƒe dzidzenuwo gbɔ, eye wonyae be “domenyinyi aɖeke meli na [ahasiwɔlawo] dometɔ aɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.”—Efesotɔwo 5:5; Yakobo 1:27.

7. Nukae Hosea kple Gomer ƒe srɔ̃ɖeɖea nye kpɔɖeŋu na?

7 Edze ƒã be ɖetugbi nɔaƒee Gomer nye esime Hosea ɖee, eye srɔ̃nyɔnu nuteƒewɔlae wònye esime “wòfɔ fu dzi ŋutsuvi nɛ.” (Hosea 1:3) Abe alesi wòdze le nyagblɔɖidrama mee ene la, esi Mawu ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me teti la, ewɔ nubabla aɖe si le abe srɔ̃ɖeɖe kɔkɔe ene kpli wo. Israel to lɔlɔ̃ ɖe nubabla ma dzi do ŋugbe be yeawɔ nuteƒe na ye srɔ̃ Yehowa, ‘si tɔ yenye.’ (Yesaya 54:5) Ẽ, Mawu kple Israel dome kpɔɖeŋu srɔ̃ɖeɖe siae Hosea kple Gomer ƒe srɔ̃ɖeɖe dzadzɛa nye kpɔɖeŋu na. Gake nuwo va trɔ ŋutɔ lo!

8. Alekee Israel-to ewo fiaɖuƒea wɔ va dzɔ, eye nukae nàte ŋu agblɔ tso eƒe mawusubɔsubɔ ŋu?

8 Hosea srɔ̃ gafɔ “fu dzi nyɔnuvi.” Edze abe Gomer fɔ nyɔnuvi ma kple vi bubu si wògava dzi kplɔe ɖo la ƒe fu le ahasiwɔwɔ me ene. (Hosea 1:6, 8) Esi wònye Gomer tsi tre ɖi na Israel ta la, ɖewohĩ àbia be ‘Aleke wòdzɔe be Israel va wɔ eɖokui gboloe?’ Le ƒe 997 D.M.Ŋ. me la, Israel to ewo klã ɖa le anyiehe to siwo nye Yuda kple Benyamin ŋu. Woɖo nyivisubɔsubɔ anyi le Israel ƒe to ewo fiaɖuƒe si nɔ dziehe la me ale be dukɔa nagayi Yuda ava de ta agu na Yehowa le eƒe gbedoxɔa me le Yerusalem o. Baal subɔsubɔ, si me wowɔa gbɔdɔdɔ nuwɔna gbegblẽwo le, va xɔ aƒe ɖe Israel.

9. Abe alesi wogblɔe ɖi le Hosea 1:6 ene la, nukae va dzɔ ɖe Israel dzi?

9 Esi Gomer dzi vi evelia, si dze ƒã be ahavisi bubue eya hã nye la, Mawu gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be “Amemalɔ̃e,” elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o.” (Hosea 1:6) Yehowa ɖe wo ɖa esime Asiria kplɔ Israel yi aboyo me le ƒe 740 D.M.Ŋ. me. Ke hã, Yehowa kpɔ nublanui na Yuda-to eve fiaɖuƒea, eye wòxɔ na wo, gake menye to dati, yi, aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo dzi o. (Hosea 1:7) Le ƒe 732 D.M.Ŋ. ƒe zã ɖeka pɛ ko me la, Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva wu Asiria-srafo 185,000 siwo ɖe to ɖe Yuda ƒe fiadu Yerusalem ŋu.—Fiawo II, 19:35.

Yehowa Tsɔ Nya Ðe Israel Ŋu

10. Nukae Gomer ƒe ahasiwɔwɔa nye kpɔɖeŋu na?

10 Gomer dzo le Hosea gbɔ va zu “gbolo,” hele ahasi wɔm kple ŋutsu bubu. Esia nye kpɔɖeŋu na alesi Israel fiaɖuƒea yi ɖawɔ dunyahehe me nubabla kple trɔ̃subɔdukɔwo eye wòdze egɔme va nɔ ŋu ɖom ɖe wo ŋu. Le esi teƒe be Israel nakafu Yehowa ɖe ŋutilã me nunɔamesi siwo su esi ta la, egblɔ boŋ be dukɔ mawo ƒe mawuwoe kpe ɖe ye ŋu, eye wòda le srɔ̃ɖenubabla si wòwɔ kple Mawu la dzi to gome kpɔkpɔ le alakpa subɔsubɔ me dzi. Mewɔ nuku o be Yehowa tsɔ nya ɖe dukɔ gbɔgbɔmehasiwɔla sia ŋu!—Hosea 1:2; 2:4, 14, 15.

11. Nukae dzɔ ɖe Se ƒe nubablaa dzi esi Yehowa ɖe mɔ Israel kple Yuda yi aboyo me?

11 Tohehe kae Israel xɔ le dzodzo le Srɔ̃a si tɔ wònye gbɔ ta? Mawu na ‘wokplɔe yi gbegbee’ le Babilonia. Dukɔ siae ɖu Asiriatɔ siwo kplɔ Israel-viwo yi aboyo mee le ƒe 740 D.M.Ŋ. me la dzi. (Hosea 2:16) Eyata esi Yehowa na wotsrɔ̃ to 10 fiaɖuƒea la, mete fli ɖe srɔ̃ɖenubabla si wòwɔ gbã kple Israel-dukɔa ƒe to 12 la me o. Le nyateƒe me la, esi Mawu na Babiloniatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye wòɖe mɔ Yudatɔwo trɔ zu kluviwo la, mete fli ɖe Mose ƒe Se ƒe nubabla si dzi Israel-to 12-awo to ge ɖe kpɔɖeŋu srɔ̃ɖeɖe me kplii la me o. Esi Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo gbe Yesu Kristo eye wowui le ƒe 33 M.Ŋ. me ko hafie wova te fli ɖe ƒomedodo ma me keŋkeŋ.—Kolosetɔwo 2:14.

Yehowa Xlɔ̃ Nu Israel

12, 13. Nya vevi kawoe le Hosea 2:8-10, eye aleke nya mawo va emee ɖe Israel dzi?

12 Mawu xlɔ̃ nu Israel be ‘neɖe eƒe gbolowɔwɔ ɖa,’ gake edi be yeadze yeƒe ahiãviawo yome. (Hosea 2:4, 7) Yehowa gblɔ be: “Eyata matsɔ ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o. Ati eƒe ahiãviwo yome, ke eƒe asi matu wo o; adi wo, ke makpɔ wo o; eye wòagblɔ be: Matso agbugbɔ yi srɔ̃nye tsãtɔ gbɔ, elabena eme nyo nam tsã wu fifia. Medze sii be, nyee na bli, wein kple ami, klosalo kple sika geɖe, siwo ŋu dɔ wòwɔ na Baal [alo siwo “wotsɔ wɔ Baal ƒe nɔnɔmetata, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ”] lae o.”—Hosea 2:8-10.

13 Togbɔ be Israel di kpekpeɖeŋu tso dukɔ siwo nye eƒe ‘ahiãviwo’ gbɔ hã la, wo dometɔ aɖeke mete ŋu xɔ nɛ o. Wotɔ kpɔ ɖe eŋu godoo va kpe wòle abe avedodo si me womate ŋu ato o ene, eyata womete ŋu xɔ kpekpeɖeŋu tso afi aɖeke nɛ o. Le Asiriatɔwo ƒe toɖeɖe ɖe eŋu ƒe etɔ̃ megbe la, wotsrɔ̃ eƒe fiadu Samaria le ƒe 740 D.M.Ŋ. me, eye womegbugbɔ ɖo to ewo fiaɖuƒea anyi kpɔ gbeɖe o. Israel-vi aboyomeawo dometɔ aɖewo koe aɖo ŋku alesi nɔnɔmeawo nyoe esi wo tɔgbuiwo subɔ Yehowa dzi. Ame ʋɛ mawo aɖe asi le Baal subɔsubɔ ŋu, eye woadi alesi woawɔ ƒomedodo yeye nagava nɔ woa kple Yehowa dome.

Ŋkuléle Ðe Dramaa Ŋu Ake

14. Alekee wòdzɔe be Hosea gbugbɔ ɖe Gomer?

14 Be nàse alesi Hosea ƒe ƒomea ƒe nɔnɔme nye kpɔɖeŋu na ƒomedodo si nɔ Israel kple Yehowa dome ɖe edzi nyuie wu la, de ŋugble le nya siawo ŋu: “Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la.” (Hosea 3:1) Hosea wɔ ɖe sedede ma dzi eye wòxe fe na amesi gbɔ Gomer nɔ la, ale be wòatrɔ agbɔ. Esi Gomer trɔ gbɔ la, Hosea xlɔ̃ nui vevie be: “Nɔ gbɔnye kpoo eteƒe nadidi, megawɔ gbolo o, eye megaɖe ŋutsu bubu aɖeke o.” (Hosea 3:2, 3) Gomer ɖo to nuxlɔ̃mea, eye wògazu Hosea srɔ̃ ake. Aleke nya sia sɔ kple alesi Mawu wɔ nui ɖe Israel kple Yuda viwo ŋu?

15, 16. (a) Nukae wòle be Mawu ƒe dukɔ, si le abe srɔ̃a si wòhe to na ene, nawɔ hafi wòakpɔ nublanui na wo? (b) Alekee Hosea 2:20 va emee?

15 Esi Israel kple Yudatɔwo nye kluviwo le Babilon la, Mawu to nyagblɔɖilawo dzi ‘ƒo nu wòde dzi gbɔ na wo.’ Hafi Mawu nakpɔ nublanui na eƒe ameawo la, ele be woatrɔ dzime, eye woatrɔ ayi wo Srɔ̃ si tɔ wonye gbɔ, abe alesi Gomer trɔ yi srɔ̃a gbɔe ene. Ema ko hafi Yehowa akplɔ eƒe dukɔ si le abe srɔ̃a ene, si wòhe to na, tso Babilon “gbegbe” agbɔ va Yuda kple Yerusalem. (Hosea 2:16, 17) Ewɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me.

16 Mawu wɔ ɖe ŋugbedodo sia hã dzi: “Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, maŋe dati kple yi, manyã aʋa ɖa le anyigba dzi, eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.” (Hosea 2:20) Yudatɔ siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi la nɔ anyi bɔkɔɔ, lã aɖeke medo vɔvɔ̃ na wo o. Nyagblɔɖi sia gava eme ake le ƒe 1919 M.Ŋ. me, esi gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo do tso “Babilon gã la,” si nye xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔ nuɖoanyia me. Woli bɔkɔɔ hele dzidzɔ kpɔm fifia le gbɔgbɔmeparadiso me kple woƒe zɔhɛ, siwo si anyigba dzi nɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ le. Nɔnɔme gbegblẽ siwo ɖi lã tɔ aɖeke mele Kristotɔ vavãwo dome o.—Nyaɖeɖefia 14:8; Yesaya 11:6-9; Galatiatɔwo 6:16.

Na Nusɔsrɔ̃awo Nade Wò Dzi Gbɔ

17-19. (a) Mawu ƒe nɔnɔme kawoe wode dzi ƒo na mí le afisia be míasrɔ̃? (b) Dɔ kae wòle be Yehowa ƒe dɔmenyo kple nublanuikpɔkpɔ nawɔ ɖe mía dzi?

17 Mawu nye nublanuikpɔla, eye nenema wòle be míawo hã míanɔ. Emae nye nufiame siwo le Hosea ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔwo me dometɔ ɖeka. (Hosea 1:6, 7; 2:25) Mawu ƒe lɔlɔ̃ faa be yeakpɔ nublanui na Israel-vi dzimetrɔlawo wɔ ɖeka kple lododo si tso gbɔgbɔ me be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” (Lododowo 28:13) Hakpalaa ƒe nya siawo hã nye akɔfafa na nugbegblẽwɔla trɔdzimewo: “Vɔsawo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote ɖe anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.”—Psalmo 51:19.

18 Hosea ƒe nyagblɔɖia ɖe alesi gbegbe Mawu si subɔm míele la ƒe dɔme nyoe eye wònye nublanuikpɔlae fia. Ne ame aɖewo tra le eƒe mɔ dzɔdzɔeawo dzi hã la, woate ŋu atrɔ dzime ahagbugbɔ va egbɔ. Ne wowɔe alea la, Yehowa agbugbɔ axɔ wo. Ewɔe alea na Israel-vi siwo wòɖe wozu srɔ̃a le kpɔɖeŋumɔ nu. Togbɔ be womeɖo to Yehowa o eye ‘wodo dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔa hã la, ekpɔ nublanui na wo, eye eɖo ŋku edzi be, ŋutilã wonye.’ (Psalmo 78:38-41) Ele be nublanuikpɔkpɔ sia naʋã mí míayi edzi azɔ kple Yehowa, míaƒe Mawu nublanuikpɔla la.

19 Togbɔ be amewuwu, fififi, kple ahasiwɔwɔ bɔ ɖe Israel hã la, Yehowa ‘ƒo nu wòde dzi gbɔ na Israel.’ (Hosea 2:16; 4:2) Ne míele ŋugble dem tso Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ gã la ŋu la, ele be wòaʋã míaƒe dzi ahado ŋusẽ mí be míaku ɖe eyama ŋu. Eyata mina míabia mía ɖokui azɔ be: ‘Aleke mate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe wu le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu mee? Ne haxɔsetɔ Kristotɔ aɖe si dze agɔ le dzinye bia tsɔtsɔke la, ɖe melɔ̃na tsɔnɛ kenɛ abe alesi Mawu wɔnɛ enea?’—Psalmo 86:5.

20. Gblɔ kpɔɖeŋu ɖeka nàtsɔ afia be ele be míaka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi.

20 Mawu nana mɔkpɔkpɔ vavãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, edo ŋugbe be: “Matsɔ . . . nuxaxabali [nɛ wòatrɔ] zu mɔkpɔkpɔ ƒe agbo!” (Hosea 2:17) Mɔkpɔkpɔ nɔ Yehowa ƒe blema habɔbɔ, si nɔ abe srɔ̃a ene, la si be woagagbugbɔ ye aɖo anyi le yeƒe anyigba dzi, afisi “Nuxaxabali” si nye Axor nɔ. Ŋugbedodo sia ƒe emevava le ƒe 537 D.M.Ŋ. nye kpeɖodzi sẽŋu si ta wòle be míatsɔ dzidzɔ alala mɔkpɔkpɔ, si ŋu kakaɖedzi le, si Yehowa tsɔ ɖo mía ŋkume.

21. Akpa kae sidzedze wɔna le zɔzɔ kple Mawu me?

21 Be míayi edzi anɔ zɔzɔm kple Mawu la, ehiã be míanɔ eŋuti sidzedze dzim ɖe edzi ahanɔ agbe nɔm ɖe enu. Yehowa ŋuti sidzedze aɖeke kura megava nɔ Israel o. (Hosea 4:1, 6) Ke hã, wo dometɔ aɖewo de asixɔxɔ nufiame si tso Mawu gbɔ ŋu, wowɔ nu wòsɔ ɖe enu, eye wòhe yayra geɖe vɛ na wo. Hosea nye wo dometɔ ɖeka. Nenema kee ame 7,000 siwo mede ta agu na Baal le Eliya ƒe ŋkekea me o hã wɔ nui. (Fiawo I, 19:18; Romatɔwo 11:1-4) Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nufiame ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ kple Mawu.—Psalmo 119:66; Yesaya 30:20, 21.

22. Aleke wòle be míabu xɔsegbegbee?

22 Yehowa di be amesiwo xɔ ŋgɔ le yeƒe amewo dome natsri xɔsegbegbe nuwɔnawo. Ke hã, Hosea 5:1 gblɔ be: “Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwo, miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi.” Ŋgɔnɔla xɔsegbelawo nye mɔ̃ kple ɖɔ ɖe Israel-viwo, eye wonɔ wo nu blem be woaƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me. Edze abe Tabor-to kple teƒe aɖe si ŋkɔe nye Mizpae nye afisiwo alakpasubɔsubɔ ma ƒomevi yia edzi le wu ene.

23. Alekee Hosea ƒe agbalẽa ƒe ta 1 vaseɖe 5 me dzodzro sia ɖe vi na wòe?

23 Vaseɖe afisia la, Hosea ƒe nyagblɔɖia ɖee fia mí be Yehowa nye nublanuikpɔkpɔ ƒe Mawu si nana mɔkpɔkpɔ kple yayra amesiwo wɔna ɖe eƒe mɔfiame dzi eye wotsria xɔsegbegbe nuwɔnawo. Eyata mina míadi Yehowa ahadze agbagba ɣesiaɣi be míawɔ nusi dzea eŋu abe blema Israel-vi dzimetrɔlawo ene. (Hosea 5:15) Ne míewɔe alea la, eme anyo na mí, eye dzidzɔ kple ŋutifafa si sua amesiwo katã zɔna kple Mawu nuteƒewɔwɔtɔe si la asu míawo hã mía si.—Psalmo 100:2; Filipitɔwo 4:6, 7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 1 Wogblɔ kpɔɖeŋu drama aɖe ŋu nya le Galatiatɔwo 4:21-26 hã. Ne èdi numeɖeɖe tso eŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, Babla 2, axa 693-4 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 676-8).

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae Hosea kple Gomer ƒe srɔ̃ɖeɖea nye kpɔɖeŋu na?

• Nukatae Yehowa tsɔ nya ɖe Israel ŋu ɖo?

• Nusɔsrɔ̃ kae le Hosea ta 1 vaseɖe 5 me si wɔ dɔ ɖe dziwò?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ènya amesi Hosea srɔ̃ nye kpɔɖeŋu na?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Asiriatɔwo ɖu Samaria dzi le ƒe 740 D.M.Ŋ. me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Amewo trɔ yi wo de dzidzɔtɔe