Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Doa Yehowa Ðe Dzi

Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Doa Yehowa Ðe Dzi

Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Doa Yehowa Ðe Dzi

YEHOWA MAWU ƒe bubu de ŋgɔ boo wu alesi amegbetɔ madeblibowo ate ŋu asusui. Eƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi kple dziƒo hea kafukafu vana nɛ, eye wonyɔna bubu deto ɖe mía me ɖe eyama ŋu.—Psalmo 19:2-5.

Esi Yehowae nye Wɔla kple Xexeame Katã Dziɖulagã ta la, edze be míaɖo toe ne ele nu ƒom. Gake kpɔ alesi gbegbee dzidzi aƒo míi ɖa ne ɖe wòanɔ nu ƒom na mí amegbetɔ tsɛwo le anyigba dzi afisia! Enyo, tsɔe be eƒo nu na wò, ɖewohĩ to mawudɔla aɖe dzi. Kakaɖedzitɔea, àɖo toe godoo. Nuteƒewɔla Hiob anya ɖo to vevie esi Mawu ƒo nu nɛ ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Mawu gblɔ na Hiob ku ɖe anyigba kple dziƒo si míekpɔna ŋu me?

Amekae Wɔ Anyigba, eye Ameka ƒe Ŋusẽ Tee Atsiaƒu Le?

Mawu ƒo nu to ahomya aɖe me bia nya Hiob tso anyigba kple atsiaƒu ŋu. (Hiob 38:1-11) Menye amegbetɔ xɔtuɖaŋunyala aɖekee wɔ ɖoɖo tso anyigbaa ƒe lolome ŋu hewɔe o. Mawu tsɔ anyigbaa sɔ kple xɔ, hebia Hiob be: “Ameka ɖo eƒe dzogoedzikpe?” Ame aɖeke meli o! Mawu ƒe vi mawudɔlawo kpɔe esime Yehowa wɔ anyigba sia, eye dzi dzɔ wo.

Ne wotsɔ atsiaƒu sɔ kple Mawu la, ke vidzĩ koe wònye, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Mawu tsyɔ avɔ nɛ. Ele abe ɖe “wòdo tso vidzidɔ me” ene. Ðeko wòle abe ɖe Mawu tu sɔtiwo ɖe atsiaƒu ŋu hedo ʋɔ ɖe enu ene, eye ɣleti kple ɣe ƒe ŋusẽ wɔnɛ be ƒutsotsoewo vana gadzona.

The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Ya gbɔe atsiaƒu dzi ƒutsotsoe siwo tso tsigbaka suewo dzi va ɖo ahom sesẽ siwo dea dzi afɔ 100 (meta 30), dzi la tsona. . . . Ne yaa dzudzɔ ƒoƒo la, ekema ƒutsotsoeawo yia edzi nɔa sisim le atsiaƒua dzi, eye woate ŋu ade teƒe siwo didi ŋutɔ tso afisi wotso. Wova nɔa sisim blewu heva sɔa gbɔ wu. Mlɔeba la, ƒutsotsoeawo va kakana hekɔna ɖe ƒuta.” Atsiaƒu wɔa Mawu ƒe sedede dzi, be: “Afii nava se ɖo, eye màyi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo [ɖo].”

Amekae Nana Ŋu Kena?

Azɔ Mawu bia nya Hiob tso kekeli kple nu bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu. (Hiob 38:12-18) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe alesi ŋkeke kple zã aɖɔ li wo nɔewo ŋu o. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, kekeli si dzena le ŋdi me la léa anyigba ƒe mlɔenuwo heʋuʋua ame vɔ̃ɖiwo ɖa le eŋu. Nuvɔ̃wɔlawo te ŋu wɔa woƒe nu madzɔmadzɔawo le ‘zã me.’ (Hiob 24:15, 16) Gake ne ŋu nya ke ko la, nuvɔ̃ɖiwɔla geɖe megadzena o.

Le Mawu ƒe asi me la, ŋdi me kekeli le abe nutrenu aɖe si me woɖe anyigba ƒe nɔnɔmetata ɖo ene. Ɣe ƒe keklẽ nana míekpɔa amadede ƒomevi vovovowo, ale gbegbe be ɖeko wònɔna abe avɔ dzeani aɖewoe anyigbaa ta ene. Hiob ƒe asi menɔ nusiawo ƒe ɖeke me o, eye mezɔ tɔ goglowo dzi be yeanya kesinɔnu siwo le wo me o. Nya lae nye be vaseɖe egbea kura gɔ̃ hã la, numekulawo menya nu boo aɖeke tso nusiwo le atsiaƒuwo me ŋu o!

Amekae Sno Kple Tsikpewo Le Nudzraɖoƒe Na?

Ame aɖeke mekplɔ kekeli alo viviti yi enɔƒe, alo yi sno kple tsikpe siwo Mawu dzra ɖo ɖi hena “avuwɔgbe kple aʋakpegbe” la ƒe nudzraɖoƒe kpɔ o. (Hiob 38:19-23) Esi Yehowa zã tsikpewo ɖe eƒe futɔwo ŋu le Gibeon la, “amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.” (Yosua 10:11) Ate ŋu azã tsikpe siwo ƒe lolome womeyɔ o la atsɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo Gog, alo Satana anɔ ŋgɔ na.—Xezekiel 38:18, 22.

Tsikpe siwo ƒe lolome le abe koklozi ene la wu ame 25 hede abi ame 200 bubuwo ŋu le Henan nuto si le China me, le July 2002 me. Italytɔ nukpala Benvenuto Cellini ŋlɔ tso tsikpe aɖe si dza le ƒe 1545 me ŋu be: “Ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ koe nɔ mía kple Lyons dome . . . esime dziŋgɔ nɔ gbe ɖem sesĩe. Esi dziɖegbea tɔ te la, dziŋgɔ ɖe gbe sesĩe wòɖi vɔvɔ̃ ale gbegbe be mesusu be ŋkeke mamlɛa va ɖo vɔ; eyata mena nye sɔa tɔ te vie, eye tsikpewo te dzadza evɔ tsi toŋ ɖeka pɛ hã menɔ eme o. . . . Azɔ tsikpeawo va nɔ lolom abe voŋuti ene. . . . Ya sesẽ sia nɔ anyi ɣeyiɣi aɖe, eye eva tɔ te mlɔeba . . . Míetsɔ abi siwo míexɔ la fia mía nɔewo; gake le zɔzɔ abe kilometa ɖeka kple afã ene megbe la, míekpɔ nu gbogbo siwo tsrɔ̃, si de ŋgɔ boo wu nuvevi si wɔ mí, eye ewu gbɔgblɔ. Atiwo katã ƒe aŋgbawo hlẽ eye wofe kakɛkakɛ; lã siwo nɔ gbedzi la ku ɖe anyigba; lãkplɔla geɖe hã ku; míekpɔ tsikpe siwo lolo ale gbegbe be asi eve kura gɔ̃ hã mate ŋu akɔ wo o.”—Autobiography (Book II, 50), Harvard Classics, Babla 31, axa 352-3.

Nukae adzɔ ne Yehowa ʋu sno kple tsikpewo nu ɖe eƒe futɔwo ŋu? Womatsi agbe ne ezã sno kple tsikpe be yeatsɔ ana yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme o.

Amekae Wɔ Tsi, Zãmu, Fafa kple Tsikpe?

Emegbe Yehowa bia nya Hiob tso tsi, zãmu, tsi babla, kple tsikpe ŋu. (Hiob 38:24-30) Mawue nye Amesi nana tsi dzana, eye “anyigba, si dzi amegbetɔ mele o” kura gɔ̃ hã xɔa eƒe yayra. Menye amegbetɔ aɖe gbɔe tsi, tsikpe, alo tsi babla dzɔ tso o.

Agbalẽ si nye Nature Bulletin gblɔ be: “Nusi wɔ nuku wu ɖesiaɖe eye ɖewohĩ eyae nye nusi ɖe dzesi wu le [tsikpe] ŋue nye be ne tsi le tsikpe zum la, elolona ɖe edzi . . . Tsikpe si ɖona henɔa tsi ŋgɔ le tawo me le vuvɔŋɔli la wɔnɛ be tɔ me numiemie kple lãwo (tɔmelã, kple bubuawo) te ŋu yia edzi nɔa agbe le tsi si le tsikpeawo gɔme la me. Ne . . . ɖe tsi ƒe lolome ɖiɖina ne ele tsikpe zum la, anye ne tsikpea kpena wu tsia, si awɔe be tsia boŋ nava nɔ tsikpea ta. Tsikpe geɖe wu ava ɖo ɖe taa dzi vaseɖe esime taa me tsiwo katã nava zu tsikpe. . . . Ema awɔe be le xexeame ƒe teƒe siwo fa wu la, tɔsisiwo, tawo, kple atsiaƒu gãwo gɔ̃ hã me tsiwo ava zu tsikpe keŋkeŋ tegbee.”

Ðe mele be míada akpe ŋutɔ be tsiwo katã mezu tsikpe oa? Eye míeda akpe be Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo nye tsi kple zãmu naa numiemiewo le anyigbaa dzi.

Amekae Ðo Dziƒo ƒe Sewo?

Azɔ Mawu bia nya Hiob tso dziƒo ŋu. (Hiob 38:31-33) Wogblɔna zi geɖe be ɣletivi lolo adre kple sue bubu aɖewoe le ɣletiviwo ƒe hatsotso si woyɔna be Kimah la me. Kekeli ƒua du kilometa 300,000 le sekɛnd ɖeka me. Bu teƒe si gbegbe wòade le ƒe ɖeka me ŋu kpɔ! Evɔ ƒe ɖeka ƒe didime sia ƒe teƒe 380 ye le ɣe kple ɣletivihatsotso si ŋu nya gblɔm míele la dome. Ame aɖeke mate ŋu ‘asa ɣletiviwo ƒe hatsotso sia si le abe atifieŋuwo ene la ƒe ka,’ be wo katã woanɔ teƒe ɖeka o. Ame aɖeke mate ŋu ‘aɖe ka’ Kesil ɣletiviwo ƒe hatsotso si le abe ‘avũ kple avũtɔ ene,’ si woyɔna be Orion la o. Nuka kee Mazzaroth kple Ash ɣletivihatsotso siwo woyɔ le Hiob ƒe agbalẽa me be “ŋukeɣletivi” kple “koklovinɔ kple viawo” la nye o, ame aɖeke mate ŋu anɔ wo nu ahafia mɔ wo o. Amegbetɔwo mate ŋu atrɔ “dziƒo ƒe [se]” siwo kplɔa xexeame o.

Mawue ɖo se siwo kplɔa dziƒoŋunuwo, eye wokpɔa ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔme, ƒutsotsoewo, yamenutoa, kple nusiwo katã le agbe kura gɔ̃ hã dzi le anyigba sia dzi. Bu ɣe ŋu kpɔ. The Encyclopedia Americana (1996 ƒe Tata) gblɔ tso eŋu be: “Ɣe ƒe keklẽ nana dzoxɔxɔ kple kekeli anyigbaa, enana numiemiewo tsina, enoa tsi le atsiaƒu kple tsiteƒe bubuwo, ewɔa akpa aɖe le ya ƒe ƒoƒo me, eye wògawɔa dɔ vevi bubu geɖe siwo hiã hafi agbe nanya nɔ le anyigba dzi.” Numekugbalẽ ma ke gblɔ be: “Be nànya ŋusẽ si gbegbe tsoa ɣe ƒe keklẽ me la, wò ya bu eŋu kpɔ ko be ɣe ƒe keklẽ gbɔe ŋusẽ siwo katã le yawo, tsiʋewo (dam alo barrage) kple atsiaƒuwo me, kpakple ŋusẽ siwo katã le dzɔdzɔmenu siwo léa dzo, abe nake, aka, kple ami ene me la tsona, eye míaƒe [anyigba] sue sia si didi tso ɣea gbɔ kilometa miliɔn 150 lae lé ŋusẽ ma ɖi.”

Amekae De Nunya Alilikpowo Me?

Yehowa gblɔ na Hiob be wòade ŋugble le alilikpowo ŋu. (Hiob 38:34-38) Amegbetɔ mate ŋu aɖe gbe na alilikpo ɖeka pɛ hã be wòado ahaɖe tsi si le eme la do goe o. Evɔ kpɔe ɖa ko, amegbetɔwo nɔa agbe ɖe tsi ƒe dzadza si ŋu Wɔla la wɔ ɖoɖo ɖo nu!

Aleke tsi wɔna va dzana? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nu vevi enee dzɔna hafi tsi dzana: tsiwo ƒe ƒuƒoƒo, tsiawo ƒe nono, woƒe dzadza, kple woƒe sisi. Tsiwo ate ŋu aƒo ƒu ɖe anyigba te ɣeyiɣi kpui aɖe; enɔa atsiaƒuwo, tawo, kple tɔsisiwo me; kpakple le tsikpe suewo kple gãwo me. Ɣe nonɛ tsoa anyigba dzi, eva blana zua alilikpowo, hetrɔna vaa anyigba dzi (abe tsidzadza alo sno ene), eye mlɔeba la, egasina yia atsiaƒuwo me alo ɣe ganonɛ ake yia yame. Tsi siwo katã le anyigba dzi la to nɔnɔme vovovo siawo me zi gbɔ zi geɖe.”—Microsoft Encarta Reference Library 2005.

Alilikpo siwo me tsi le la le abe tsizewo ene le dziƒo. Ne Yehowa ʋu wo nu la, woate ŋu akɔ ɖi bababa ale gbegbe be kewo natrɔ azu ba, eye anyikɔwo nalé ɖe wo nɔewo ŋu. Mawu ate ŋu ana tsi nadza alo madza o.—Yakobo 5:17, 18.

Zi geɖe la, dzi kea dzo ne tsi le dzadzam, gake amegbetɔ mate ŋu ana wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o. Woƒo nu tso dzikedzowo ŋu abe ɖe wole gbɔgblɔm na Mawu ene be, “Míawoe nye esia!” Compton’s Encyclopedia gblɔ be: “Dzikedzo nana nu geɖe trɔna le yamenutoa me. Ne dzi le dzo kem le yame la, enana dzoxɔxɔ gã aɖe si wɔnɛ be nitrogen kple oxygen ƒoa ƒu wɔa nitrates kpakple nu bubuwo. Nusiawo nɔa tsi me dzana ɖe Anyigba dzi. Le mɔ sia nu la, yamenutoa te ŋu nana nunyiame siwo hiã hena numiemiewo le anyigba dzi la nɔa anyi ɣesiaɣi.” Amegbetɔ mekpɔ nya nu tso dzikedzo ŋu keŋkeŋ haɖe o, gake menye nu ɣaɣla na Mawu ya o.

Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Hea Kafukafu Vana na Mawu

Nyateƒee, nuwɔwɔ wɔnukuwo doa nuwo katã Wɔla la ɖe dzi. (Nyaɖeɖefia 4:11) Kpɔ alesi gbegbe nya siwo Yehowa gblɔ tso anyigba kple dziƒonu siwo le yame ŋu anya wɔ dɔ ɖe Hiob dzii ɖa!

Menye nuwɔwɔ wɔnuku siwo me míedzro fifia laa koe nye esiwo katã ŋu wobia nya Hiob le heƒo nu le wo ŋu o. Ke hã, esiwo me míedzro ʋã mí be míagblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu tri akɔ, mele nyanya me na mí o.”—Hiob 36:26.

[Picture Credit Line on page 14]

Sno kakɛ: snowcrystals.net

[Picture Credit Line on page 15]

Ɣletiviwo ƒe ƒuƒoƒo: NASA, ESA and AURA/Caltech; tɔmelã: U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./William W. Hartley