Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa Ƒe Mɔwo Dzɔ”

“Yehowa Ƒe Mɔwo Dzɔ”

“Yehowa Ƒe Mɔwo Dzɔ”

“Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi.”​—Hosea 14:10.

1, 2. Dukɔ ka ƒomevie Yehowa wɔ Israel-viwo wonye le gɔmedzedzea me, gake nukae va dzɔ ɖe wo dzi?

YEHOWA ɖo Israel-viwo wonye dukɔ dzɔdzɔe le nyagblɔɖila Mose ƒe ŋkekeawo me. Gake kaka ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze naɖo la, woƒe nɔnɔme va gblẽ ale gbegbe be Mawu bu fɔ wo le nu gbegblẽ geɖe wɔwɔ ta. Esia me akɔ na mí nyuie ne míedzro Hosea ta 10 vaseɖe 14 lia me nyawo me.

2 Alakpadzie va nɔ Israel si. Amesiwo nɔ to ewo fiaɖuƒea me ƒã vɔ̃ɖinyenye, eye woŋe madzɔmadzɔnyenye. (Hosea 10:1, 13) Yehowa gblɔ be: “Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔ̃e, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.” (Hosea 11:1) Togbɔ be Mawu ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte hã la, aʋatsokaka kple amebeblee wotsɔ ɖo eteƒe nɛ. (Hosea 12:1) Eyata Yehowa xlɔ̃ nu wo be: “Trɔ ɖe wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la ɖo.”—Hosea 12:7.

3. Nukae adzɔ ɖe Samaria dzeaglã la dzi kpuie ɣemaɣi, gake nukae Israel-viwo awɔ be woakpɔ nublanui na wo?

3 Samaria dzeaglã la kple eƒe fia nu ava yi nublanuitɔe. (Hosea 13:11; 14:1) Gake míekpɔ kukuɖenya siawo le Hosea ƒe nyagblɔɖia ƒe ta mamlɛtɔ ƒe kpukpui 2 lia be: “Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu.” Ne Israel-viwo di tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ la, akpɔ nublanui na wo. Gake ele na wo be woalɔ̃ ɖe edzi be “Yehowa ƒe mɔwo dzɔ,” eye woazɔ edzi hafi.—Hosea 14:2-7, 10.

4. Gɔmeɖose kawo mee míadzro le Hosea ƒe nyagblɔɖia me?

4 Gɔmeɖose geɖe le Hosea ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Mawu. Wo dometɔ siwo me míadzroe nye: (1) Yehowa dina subɔsubɔ si me alakpa mele o, (2) Mawu vea eƒe amewo nu, (3) ele be míakpɔ mɔ na Yehowa ɣesiaɣi, (4) Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe ɣesiaɣi, eye (5) nuvɔ̃wɔlawo ate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu ake.

Yehowa Dina Subɔsubɔ si me Alakpa Mele O

5. Subɔsubɔ ka ƒomevi dim Mawu le tso mía si?

5 Yehowa dina tso mía si be míatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana ye le mɔ dzadzɛ si me alakpa mele o nu. Ke hã, Israel trɔ zu “weinka, si vu dranyi,” si metsea ku o. Israel-nyigbaa dzi nɔlawo dzi alakpasubɔsubɔ ƒe ‘vɔsamlekpuiwo ɖe edzi.’ Xɔsegbela mawo wɔ legbawo kura gɔ̃ hã—ɖewohĩ wonye kpememe kɔkɔ siwo tame le tsũe siwo te wowɔa tadedeagu me nuwɔna makɔmakɔwo le. Yehowa le vɔsamlekpui mawo gbã ge, eye wòagblẽ woƒe legbawo.—Hosea 10:1, 2.

6. Zɔzɔ kple Mawu bia be míatsri nɔnɔme ka?

6 Womeɖe mɔ ɖe alakpanuwɔwɔ aɖeke ŋu le Yehowa ƒe amewo dome o. Gake nukae Israel-viwo wɔ? Mèhenya o ɖe, “woƒe dzi dze eve”! Togbɔ be wonye dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa hã la, ebu fɔ wo ɖe alakpanuwɔwɔ ta. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Ne míeɖe adzɔgbe na Mawu la, ke mele be míanye alakpanuwɔlawo o. Lododowo 3:32 xlɔ̃ nu mí be: “Godzela enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.” Ne míedi be míazɔ kple Mawu la, ele be míaɖe lɔlɔ̃ afia “tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpa aɖeke mele o la me.”—Timoteo I, 1:5.

Mawu Vea Eƒe Amewo Nu

7, 8. (a) Nukawoe ana Mawu nave mía nu? (b) Nukae wòle be míawɔ ne míewɔ nuvɔ̃ gã aɖe?

7 Ne míesubɔ Yehowa le mɔ dzadzɛ si me alakpa mele o nu la, ave mía nu alo alɔ̃ mí. Wogblɔ na Israel-vi godzelawo be: “Miƒã dzɔdzɔenyenye eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã la ɖo be, miadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mia dzi.”—Hosea 10:12.

8 Oo, ne ɖe Israel-viwo trɔ dzime hedi Yehowa yome mɔ ɖe! Anye ne ‘efia nu wo le dzɔdzɔenyenye me’ hafi. Ne míewɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, mina míadi Yehowa, míado gbe ɖa nɛ be wòatsɔe ake mí, eye míadi kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegãwo gbɔ. (Yakobo 5:13-16) Mina míadi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia hã, “elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe [gbɔgbɔ] me la, aŋe agbe mavɔ atso [gbɔgbɔ] me.” (Gal. 6:8) Ne ‘míeƒã nu ɖe gbɔgbɔ me’ la, Mawu ave mía nu ɣesiaɣi.

9, 10. Alekee Hosea 11:1-4 me nyawo va eme na Israel-viwoe?

9 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa wɔa nu ɖe eƒe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi. Míekpɔ esia ƒe kpeɖodzi le Hosea 11:1-4, afisi míexlẽ le be: “Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔ̃e, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ. . . . Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo. Evɔ wònye nyee fia azɔli Efrayim [Israel-viwo], eye melée ɖe alɔ to hafi; ke womedze sii be, nyee da gbe le wo ŋu o. Mede amegbetɔwo ƒe atagbi, si nye lɔlɔ̃ka la wo he, menɔ na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le kɔ la ene, eye mena nuɖuɖu wo.”

10 Wotsɔ Israel sɔ kple ɖevi sue aɖe le afisia. Yehowa lé Israel-viwo ƒe alɔnu hefia azɔli wo. Eye wòtsɔ “lɔlɔ̃ka” he wo va eɖokui gbɔe. Belélename ka gbegbee nye esi! Tsɔe be dzilae yenye eye yele kpekpem ɖe ye vi sue aɖe ŋu be wòasrɔ̃ azɔlizɔzɔ. Èke abɔ me. Ðewohĩ àƒle kekevi aɖe nɛ si ŋu wòanɔ azɔlia srɔ̃m ɖo ale be wòagadze anyi o. Ahã, nenema kee lɔlɔ̃ si le Yehowa si na wò hã le. Edzɔa dzi nɛ be yeatsɔ “lɔlɔ̃ka” akplɔ wò.

11. Gɔmesese ka nue Mawu ‘nɔ abe amesi ɖe kɔkuti le kɔ na ame ene le’?

11 Le nuwɔwɔ kple Israel-viwo me la, Yehowa ‘nɔ na wo abe amesiwo ɖea kɔkuti le woƒe kɔ la ene, eye wòna nuɖuɖu wo dometɔ ɖesiaɖe dzigbɔɖitɔe.’ Mawu wɔ nu abe alesi ko ame aɖe kɔkuti le kɔ na lã aɖe ada ɖe adzɔge ke ale be lãa navo aɖu nu ene. Ne Israel-viwo gbe Mawu ƒe kɔkutia te nɔnɔ ko hafi wogena ɖe woƒe futɔ ameteɖeanyilawo ƒe kɔkuti te. (Mose V, 28:45, 48; Yeremya 28:14) Negadzɔ gbeɖe be míava nɔ míaƒe futɔ gãtɔ Satana ƒe kɔkuti te ahase veve le eƒe ameteteɖeanyi te o. Ke boŋ, mina míayi edzi azɔ kple mía Mawu lɔ̃ame la ɖaa.

Kpɔ Mɔ na Yehowa Ɣesiaɣi

12. Le Hosea 12:7 ƒe nya nu la, nukae zɔzɔ kple Mawu ɖaa bia tso mía si?

12 Be míayi edzi azɔ kple Mawu la, ele be míakpɔ mɔ nɛ ɣesiaɣi. Wogblɔ na Israel-viwo be: “Ke wò la trɔ ɖe wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la ɖo, eye nàɖo dzi ɖe wò Mawu ŋu ɖaa!” (Hosea 12:7) Israel-viwo ate ŋu aɖee afia be yewotrɔ dzime hetrɔ va Yehowa gbɔ to amenuveve ɖeɖefia me, to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, kple to ‘mɔ kpɔkpɔ na Mawu ɣesiaɣi’ me. Ɣeyiɣi didi kae míeɖale zɔzɔm kple Mawu o, ele be míaɖoe kplikpaa aɖe amenuveve afia, awɔ nu dzɔdzɔe, ahakpɔ mɔ na Mawu ɣesiaɣi.— Psalmo 27:14.

13, 14. Aleke Paulo ɖe Hosea 13:14 mee, eye susu si ta míakpɔ mɔ na Yehowa kae dze le eme?

13 Nya siwo Hosea gblɔ ɖi ku ɖe Israel-viwo ŋu na míekpɔ susu tɔxɛ aɖe si ta wòle be míakpɔ mɔ na Mawu. Yehowa gblɔ be: “Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ̃ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe?” (Hosea 13:14) Yehowa maɖe Israel-viwo tso ku si me ɣemaɣi o, gake Yehowa ami ku saɖagatsi tegbee mlɔeba, eye wòatsi eƒe dziɖuɖu nu.

14 Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na ehati Kristotɔ amesiaminawo la, eyɔ nya tso Hosea ƒe nyagblɔɖia me heŋlɔ be: “Ke esime nu gbegblẽ sia lava do magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava do makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ ɖi la, ava ve me bena: ‘Womi ku le dziɖuɖu me.’ Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le? Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la. Ke woada akpe na Mawu, si na dziɖuɖu mí to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la!” (Korintotɔwo I, 15:54-57) Yehowa fɔ Yesu tso ame kukuwo dome, wònye kpeɖodzi fakɔname aɖe be afɔ amesiwo le Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre le Fiaɖuƒedziɖuɖua me. (Yohanes 5:28, 29) Susu dodzidzɔname si ta wòle be míakpɔ mɔ na Yehowa ka gbegbe enye si! Gake nu bubu aɖe hã li kpe ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu si naa susu siwo ta wòle be míazɔ kple Mawu ɖo la mí.

Yehowa ƒe Mɔwo Dzɔna Ɣesiaɣi

15, 16. Nya kae wogblɔ ɖi ku ɖe Samaria ŋu, eye aleke nyagblɔɖia va emee?

15 Míeyia edzi zɔna kple Mawu elabena míexɔe se bliboe be “Yehowa ƒe mɔwo dzɔ.” Amesiwo nɔ Samaria mezɔ Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi o. Eyata woakpe fu ɖe woƒe nuvɔ̃ kple Yehowa dzimaxɔsea ta. Wogblɔe ɖi be: “Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.” (Hosea 14:1) Nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Asiriatɔ siwo ɖu Samaria dzi la wɔa ŋutasẽnu vɔ̃ɖi mawo pɛpɛpɛ.

16 Samaria ye nye Israel-to ewo fiaɖuƒea ƒe fiadu. Gake le afisia la, ŋkɔ Samaria ate ŋu afia fiaɖuƒe ma ƒe nuto bliboa. (Fiawo I, 21:1) Asiria-fia Salmanaser V ɖe to ɖe Samaria-dua le ƒe 742 D.M.Ŋ. me. Esime wotsrɔ̃ Samaria le ƒe 740 D.M.Ŋ. keŋkeŋ la, wokplɔ ame ŋkuta geɖe siwo nɔ dua me la yi aboyo me le Mesopotamia kple Media. Míeka ɖe edzi ne Salmanaser V lia loo alo Sargon II lia, si va xɔ ɖe eteƒe, ye ɖu Samaria dzi o. (Fiawo II, 17:1-6, 22, 23; 18:9-12) Ke hã, Sargon ƒe nuŋlɔɖiwo gblɔ be wokplɔ Israel-vi 27,290 yi Frat-tɔsisia ƒe dzigbe kple Media ƒe teƒe aɖewo.

17. Nukae wòle be míawɔ tsɔ wu be míaɖoe koŋ agbe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ?

17 Samariatɔwo xɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi mazɔmazɔ ŋuti tohehe gã aɖe. Esi míenye Kristotɔ siwo ɖe adzɔgbe ta la, ne míawo hã míeva zu nuvɔ̃wɔlawo, amesiwo gbea Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi wɔwɔ la, míakpɔ emetsonu wɔnublanuiwo. Negadzɔ gbeɖe be míawɔ nu gbegblẽ ma o! Ðe ema teƒe la, mina mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Mia dome ame aɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola alo fiafitɔ alo vɔ̃wɔla alo abe amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o; ke ne ame aɖe kpe fu abe Kristotɔ ene la, megakpe ŋu nɛ o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.”—Petro I, 4:15, 16.

18. Aleke míawɔ ‘ayi edzi anɔ Mawu kafumee’?

18 Míeyia edzi ‘kafua Mawu’ to zɔzɔ le eƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi me, tsɔ wu be míawɔ nuwo alesi mía ŋutɔwo míedii. Kain wu ame elabena elé ye ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ eye meɖo to nuxlɔ̃ame si Yehowa nae be nuvɔ̃ de xa ɖe eŋu la o. (Mose I, 4:1-8) Bileam xɔ ga le Moab-fia si, gake edze agbagba be yeaƒo fi de Israel do kpoe. (Mose IV, 24:10) Eye Mawu wu Lewitɔ Korax kple ame bubuwo le esi wodze aglã ɖe Mose kple Aron ƒe ŋusẽ ŋu ta. (Mose IV, 16:1-3, 31-33) Ẽ, míadi gbeɖe be ‘míadze amewula Kain ƒe mɔ dzi, adze Bileam ƒe ŋukeklẽ ƒe mɔ la yome, alo atsrɔ̃ le Korax ƒe aglãdzedze la tɔgbe ta’ o. (Yuda 11) Ke hã, ne mía dometɔ aɖe tra mɔ la, Hosea ƒe nyagblɔɖia na akɔfafa mí.

Nuvɔ̃wɔlawo Ate Ŋu Agbugbɔ Ava Yehowa Gbɔ

19, 20. Vɔsa ka ƒomeviwoe Israel-vi dzimetrɔlawo te ŋu wɔ?

19 Amesiwo dze anyi le nuvɔ̃ gã aɖe wɔwɔ ta kura gɔ̃ hã agate ŋu agbugbɔ ava Yehowa gbɔ. Le Hosea 14:2, 3 la míekpɔ kokoƒoƒonamenya sia be: “Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi. Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ be: ‘Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!’”

20 Israel-vi dzimetrɔlawo te ŋu tsɔ ‘nyitsu siwo ŋugbe wodo kple woƒe nuyiwo la’ na Mawu. Kafukafu vavã ƒe dzesie vɔsa siawo nye. Paulo yɔ nyagblɔɖi sia me nyawo esime wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woatsɔ] kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” (Hebritɔwo 13:15) Ẽ, mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su mía si be míazɔ kple Mawu ahasa vɔ mawo tɔgbe egbea!

21, 22. Gbugbɔɖoanyi ka teƒee Israel-vi dzimetrɔlawo akpɔ?

21 Israel-vi siwo trɔ ɖa le woƒe aglãdzemɔawo dzi hetrɔ va Mawu gbɔ la na ‘nyitsu siwo ŋugbe wodo kple woƒe nuyiwo la.’ Nusi do tso emee nye be wokpɔ mawusubɔsubɔ me gbugbɔɖoanyi teƒe, abe alesi Yehowa do ŋugbee ene. Hosea 14:5-8 gblɔ be: “[Nye Yehowa] mayɔ dɔ woƒe godzedze, eye malɔ̃ wo tso dzi me, elabena nye dɔmedzoe nu fa ɖe wo ŋu. Manɔ na Israel abe zãmu ene, aƒo se abe dzogbenya ene, eye wòato ke abe Libanon ene. Eƒe alɔwo avu dranyi, adze ani abe amiti ene, eye wòaʋẽ lilili abe Libanon ene. Amewo aganɔ eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.”

22 Woayɔ dɔ Israel-vi dzimetrɔlawo le gbɔgbɔ me, eye Mawu agalɔ̃ wo ake. Yehowa ava zu abe zãmu fadziname ene na wo le gɔmesesea nu be ayra wo geɖe. Eƒe dukɔ si wògaɖo te la “adze ani abe amiti ene,” eye woazɔ le Mawu ƒe mɔwo dzi. Esi míawo hã míeɖoe kplikpaa be míazɔ kple Yehowa Mawu ta la, nukae wòdi tso mía si?

Yi Edzi Nàzɔ le Yehowa ƒe Mɔ Dzɔdzɔewo Dzi

23, 24. Nyagblɔɖinya dedziƒoname kae le Hosea ƒe agbalẽ ƒe nuwuwu, eye alekee wòka mí?

23 Be míazɔ kple Mawu la, ele be míawɔ “nunya, si tso dziƒo” ŋudɔ eye míawɔ nusi le dzɔdzɔe. (Yakobo 3:17, 18) Hosea ƒe nyagblɔɖia ƒe kpukpui mamlɛtɔ xlẽ be: “Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo adze anyi ɖe edzi.”—Hosea 14:10.

24 Le esi teƒe be míana xexe sia ƒe nunya kple dzidzenuwo nafia mɔ mí la, mina míaɖoe kplikpaa be míazɔ le Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔe siwo me nunya le la dzi. (Mose V, 32:4) Hosea zɔ nenema ƒe 59 sɔŋ alo esi wu ema gɔ̃ hã. Egblɔ Mawu ƒe gbedasiwo nuteƒewɔwɔtɔe, elabena enyae be amesiwo si nunya le eye wosea nu gɔme la ase nya siawo gɔme. Ke míawo ya ɖe? Zi alesi Yehowa ɖe mɔ na mí be míaɖi ɖase la, míayi edzi adi amesiwo alɔ̃ axɔ eƒe amenuveve la nunyatɔe. Eye enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míele esia wɔm aduadu kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la.—Mateo 24:45-47.

25. Nukae wòle be Hosea ƒe nyagblɔɖia me dzodzro nakpe ɖe mía ŋu míawɔ?

25 Ele be Hosea ƒe nyagblɔɖi sia si me míedzro nakpe ɖe mía ŋu godoo be míayi edzi anɔ zɔzɔm kple Mawu atsɔ anɔ mɔ kpɔmee na agbe mavɔ nɔnɔ le eƒe xexe yeyea me. (Petro II, 3:13; Yuda 20, 21) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi wotsɔ ɖo mía ŋkume! Eye mɔkpɔkpɔ ma ava eme na mía dometɔ ɖesiaɖe ne míeyi edzi to míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ dzi ɖee fia be míese nya si míegblɔna be, “Yehowa ƒe mɔwo dzɔ” la gɔme.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ne míetsɔa subɔsubɔ dzadzɛ na Mawu la, alekee wòawɔ nu ɖe mía ŋui?

• Nukata wòle be míakpɔ mɔ na Yehowa ɣesiaɣi?

• Nukata nèxɔe se be Yehowa ƒe mɔwo dzɔ?

• Aleke míawɔ ayi edzi azɔ le Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Lɔ̃ nàxɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si Kristotɔ hamemegãwo ana wò

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Hosea ƒe nyagblɔɖia na míele mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbedodowo tso tsitretsitsia ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Yi edzi nànɔ zɔzɔm kple Mawu atsɔ anɔ mɔ kpɔmee na agbe mavɔ