Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Kple Mawu, Eye Nàŋe Nusi Nyo

Zɔ Kple Mawu, Eye Nàŋe Nusi Nyo

Zɔ Kple Mawu, Eye Nàŋe Nusi Nyo

“Yae woƒã, eye ahom woaxa.”​—HOSEA 8:7.

1. Aleke míate ŋu azɔ kple Yehowae?

NE MƆFIALA bibi aɖee le mɔ fiam amesiwo le mɔ zɔm le afɔkuteƒe aɖe la, ekema woate ŋu aka ɖe edzi be yewoazɔ mɔa dedie. Nunya anɔ eme be woazɔ kple mɔfiala sia tsɔ wu be ame nalé eya ŋutɔ ƒe mɔ atsɔ. Le go aɖewo me la, ema sɔ pɛpɛpɛ kple nɔnɔme si me míele. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Yehowa lɔ̃ be yeafia mɔ mí le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe dzogbe gã sia. Nunya anɔ eme be míazɔ kplii tsɔ wu be míadi be míafia mɔ mía ɖokui. Aleke míate ŋu azɔ kple Mawui? To mɔfiame si wòna le eƒe Nya la me dzi wɔwɔ me.

2. Nuka mee míadzro le nyati sia me?

2 Nyati si do ŋgɔ dzro nyagblɔɖidrama si le Hosea ta 1 vaseɖe 5 me. Abe alesi míekpɔe ene la, nusɔsrɔ̃ geɖe le drama ma me si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Mawu. Azɔ mina míadzro ta 6 vaseɖe 9 me nya vevi aɖewo me. Anyo be míadzro ta ene siawo me kpuie gbã.

Eme Nya Vevi Aɖewo me Dzodzro Kpuie

3. Gblɔ Hosea ta 6 vaseɖe 9 me nyawo kpuie.

3 Yehowa dɔ Hosea be wòagblɔ nya ɖi na Israel-to ewo dziehefiaɖuƒea koŋ. Dukɔ ma, si wogayɔna be Efrayim, le esi to mae xɔ ŋkɔ le afima wu ta la, trɔ ɖa le Mawu yome. Le Hosea ta 6 vaseɖe 9 me la, wona míenya be ameawo ɖe nuteƒemawɔmawɔ fia to Yehowa ƒe nubablaa dzi dada kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. (Hosea 6:7) Woɖo ŋu ɖe dukɔwo ŋu hebla nu kpli wo le esi woatrɔ ɖe Yehowa ŋu teƒe. Esi woyi edzi nɔ nu gbegblẽ ƒãm ta la, nu gbegblẽe woaŋe. Ne míagblɔe bubui la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo. Ke hã, mɔkpɔkpɔ gbedasi dodzidzɔname aɖe hã le Hosea ƒe nyawo me. Woka ɖe edzi na ameawo be woate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu eye wòakpɔ nublanui na wo ne wonya ɖee fia be yewotrɔ dzime vavã ko.

4. Mɔfiame nyui kawo me dzro ge míele le Hosea ƒe nyagblɔɖia me?

4 Míate ŋu akpɔ mɔfiame bubu aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Mawu le Hosea ƒe nyagblɔɖia ƒe ta ene siawo me. Mina míadzro nusɔsrɔ̃ vevi ene me: (1) Nuwɔnawoe ɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana, ke menye egbɔgblɔ kple nu ko o; (2) vɔsawo ɖeɖe medzea Mawu ŋu o; (3) Yehowa sea veve ne esubɔlawo trɔ ɖa le eyome; eye (4) be míaŋe nusi nyo la, ele be míaƒã nusi nyo.

Alesi Woɖea Dzimetɔtrɔ Vavãtɔ Fianae

5. Gblɔ Hosea 6:1-3 me nya veviwo.

5 Hosea ƒe nyagblɔɖia fia nu geɖe mí le dzimetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋu. Míexlẽe le Hosea 6:1-3, be: “Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae na mí. Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me. Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.”

6-8. Nukae gblẽ le Israel ƒe dzimetɔtrɔ ŋu?

6 Amekae gblɔ nya siwo le kpukpui siawo me? Ame aɖewo gblɔ be Israel-vi mawɔnuteƒeawoe gblɔe, eye be tomaɖola siawo nɔ nu wɔm abe ɖe wotrɔ dzime ene ale be Mawu nakpɔ nublanui na wo. Gake ame bubuwo ya gblɔ be nyagblɔɖila Hosea ye nɔ nu ƒom, henɔ kuku ɖem na ameawo be woatrɔ ava Yehowa gbɔ. Aleke kee wòɖale o, nyabiabia vevitɔe nye be, Ðe Israel-to ewoawo me tɔ akpa gãtɔ trɔ va Yehowa gbɔ heɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia? Ŋuɖoɖoae nye ao. Yehowa gblɔ to Hosea dzi be: “Efrayim, nuka mawɔ wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena miaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.” (Hosea 6:4) Nya siawo fia gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me Mawu ƒe amewo nɔ lo! Amenuveve, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ nu yi keŋkeŋ kloe—abe afu si dona le ŋdi me hebuna enumake ne ɣe dze la ene. Togbɔ be ameawo nɔ nu wɔm abe ɖe wotrɔ dzime ene hã la, Yehowa mekpɔ naneke si ta wòakpɔ nublanui na wo ɖo o. Kuxi kae nɔ wo ŋu?

7 Nya lae nye be Israel-viwo metrɔ dzime ŋutɔŋutɔ o. Hosea 7:14 gblɔ Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe eƒe amewo ŋu be: “Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi.” Kpukpui 16 lia gblɔ kpee be: “Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o”—alo, abe alesi Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ gblɔe ene la, “menye ɖe tadedeagu ƒomevi si nyo wu ŋu o.” Ameawo menɔ didim be yewoatrɔ ɖe Yehowa ƒe tadedeagu si wodo ɖe dzi ŋu to tɔtrɔ siwo hiã la wɔwɔ be woana ƒomedodo nagaɖo woa kple Yehowa dome dzi o. Le nyateƒe me la, womedi be yewoazɔ kple Mawu o.

8 Kuxi bubu aɖe hã nɔ Israel ƒe dzimetɔtrɔ ɖeɖefia la ŋu. Ameawo yi edzi nɔ nuvɔ̃ wɔm—ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, woganɔ nuvɔ̃ ƒomevi gbogbo aɖewo wɔm kokoko, si ƒe ɖewoe nye ametafatafa, amewuwu, fififi, trɔ̃subɔsubɔ, kple nubabla siwo me nunya mele o wɔwɔ kple dukɔwo. Le Hosea 7:4 la, wotsɔ ameawo sɔ kple “kpo,” alo abolokpo, eye edze ƒã be nugbegblẽwɔwɔ ƒe dzodzro si nu sẽ le wo me tae. Le mawusubɔsubɔ me nɔnɔme manyomanyo ma ta la, ɖe wòdze be woakpɔ nublanui na woa? Kura o! Hosea gblɔ le aglãdzelawo ŋu be Yehowa “aɖo ŋu woƒe vodadawo” eye “wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.” (Hosea 9:9) Womakpɔ nublanui aɖeke kura na wo o!

9. Nukae Hosea ƒe nyawo fia mí ku ɖe dzimetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋu?

9 Nukae míesrɔ̃ tso dzimetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋu le Hosea ƒe nyawo me? Israel-vi mawɔnuteƒeawo ƒe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋua fia mí be ne míedi be Yehowa nakpɔ nublanui na mí la, ekema ele be míaɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ afia. Aleke woɖea dzimetɔtrɔ sia fianae? Wometsɔa nyagbɔgblɔ alo avifafa ​dzodzro flua Yehowa o. Nuwɔnawoe ɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana. Be woakpɔ nublanui na nuvɔ̃wɔla aɖe la, ele be wòaɖe asi le eƒe nuvɔ̃gbenɔnɔ ŋu keŋkeŋ eye wòana eƒe agbe nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tadedeagu si wodo ɖe dzi la ƒe dzidzenu kɔkɔwo.

Vɔsawo Ðeɖe Medzea Mawu Ŋu O

10, 11. Abe alesi wòdze le Israel gome ene la, nukatae vɔsawo ɖeɖe medzea Mawu ŋu o?

10 Azɔ mina míadzro nusɔsrɔ̃ evelia aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Yehowa me. Nusɔsrɔ̃ mae nye esi: Vɔsawo ɖeɖe medzea Mawu ŋu o. Hosea 6:6 gblɔ be: “Lɔlɔ̃ ƒe nu dze [nye Yehowa ŋu] wu akpedavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.” De dzesii be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amenuveve—alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, si nye dzi ƒe nɔnɔme—kple sidzedze eyama ŋu. Gake ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be: ‘Nukatae kpukpuia gblɔ be Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe “akpedavɔsa” kple “numevɔsa” ŋu o? Ðe Mose ƒe Sea mebia be woasa vɔ siawo oa?’

11 Sea bia be woasa vɔwo ahana nanewo, gake kuxi gã aɖe nɔ Hosea ŋɔlimetɔwo ŋu. Edze ƒã be Israel-vi aɖewo li siwo naa nusiawo le esi wòle be woawɔe ta ko tsɔ ɖea gotagome mawuvɔvɔ̃ fiana. Gake woganɔ nuvɔ̃ wɔm kokoko. Woto woƒe nuvɔ̃wɔwɔa dzi ɖee fia be nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ aɖeke menɔ woƒe dzime o. Woɖee fia hã be yewogbe sidzedze Mawu, elabena womenɔ agbe nɔm ɖe enu kura o. Ne dzi ƒe nɔnɔme nyui menɔ ameawo si o eye womele agbe nyui nɔm o ɖe, ke asixɔxɔ kae anɔ woƒe vɔsawo ya ŋu? Woƒe vɔsaawo nyɔ ŋu na Yehowa Mawu.

12. Nuxlɔ̃ame kae Hosea 6:6 me nyawo nye na amesiwo li egbea?

12 Nuxlɔ̃ame aɖe le Hosea ƒe nyawo me na sɔlemedelawo egbea. Wonaa nuwo Mawu to mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ dzi. Gake ŋusẽ sue aɖe koe woƒe tadedeagu kpɔna ɖe woƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi ŋutɔŋutɔ—ne ekpɔnɛ ɖe wo dzi hãe nye ma. Ðe amesiawo ƒe nu le Mawu ŋu dzem esi woƒe dzi meʋã wo be woaxɔ sidzedze vavãtɔ si ku ɖe eyama ŋu eye woatsɔ sidzedze ma awɔ dɔe aɖe asi le nuvɔ̃gbenɔnɔ ŋu oa? Ame aɖeke megasusui be mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ ɖeɖe dzea Mawu ŋu o. Yehowa mekpɔa dzidzɔ aɖeke ɖe amesiwo tsɔa mawusosroɖa ƒe nɔnɔme dzro ko ɖɔa li agbenɔnɔ ɖe eƒe Nya la nu ŋutɔŋutɔ ŋu o.—Timoteo II, 3:5.

13. Vɔ kawo ƒomevie míesana, gake nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe woƒe asixɔxɔ ŋu?

13 Esi míenye Kristotɔ vavãwo ta la, míeɖoa ŋku edzi be vɔsawo ɖeɖe medzea Mawu ŋu o. Ele eme be míetsɔa lãwo saa vɔe na Mawu o ya. Ke hã, ‘míetsɔa kafukafuvɔsa naa Mawu, si nye nuyi siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.’ (Hebritɔwo 13:15) Ele vevie be míagava nɔ abe Israel-vi nuvɔ̃wɔla siwo nɔ anyi le Hosea ƒe ŋkekea me la ene o, ahanɔ susum be míate ŋu asa vɔ na Mawu atsɔ aɖo míaƒe nugbegblẽwɔwɔ teƒe. Se kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe sɔhɛ nyɔnuvi aɖe si nɔ agbegbegblẽ le adzame ŋu ɖa. Elɔ̃ ɖe edzi emegbe be: “Medzi nye gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi, hebui be esia wɔwɔ atsyɔ nu nye nugbegblẽwɔwɔa dzi le mɔ aɖe nu.” Nuwɔna sia sɔ kple nusi Israel-vi siwo tra mɔ la nɔ wɔwɔm. Ke hã, ne míesa míaƒe nuyivɔ tso dzi dzɔdzɔe kple mawusosroɖagbenɔnɔ me ko hafi wòadze Yehowa ŋu.

Evea Yehowa ne Esubɔlawo Trɔ Ða Le Eyome

14. Nukae Hosea ƒe nyagblɔɖia ɖe fia ku ɖe Mawu ƒe seselelãmewo ŋu?

14 Nu etɔ̃lia si míesrɔ̃ tso Hosea ta 6 vaseɖe 9 mee nye alesi Yehowa sena le eɖokui me ne esubɔlawo trɔ ɖa le eyome. Mawu sea veve vevie eye dzi dzɔnɛ ŋutɔ hã. Ekpɔa dzidzɔ eye eɖea nublanuikpɔkpɔ fiana amesiwo trɔ dzime tso woƒe nuvɔ̃wo ŋu. Gake ne eƒe amewo gbe dzimetɔtrɔ la, ehea to na wo vevie. Esi Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vevie ŋutɔ ta la, ekpɔa dzidzɔ ne míezɔ kplii le nuteƒewɔwɔ me. Psalmo 149:4 gblɔ be: “Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu.” Gake aleke Mawu sena le eɖokui me ne esubɔlawo mewɔ nuteƒe o?

15. Le Hosea 6:7 ƒe nya nu la, alekee Israel-vi aɖewo nɔ nu wɔmee?

15 Yehowa gblɔ le Israel-vi mawɔnuteƒeawo ŋu be: “Woawo tu nye nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.” (Hosea 6:7) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘woatrɔ le ame yome’ agate ŋu afia “nuwɔwɔ amebletɔe, (nuwɔwɔ) nuteƒemawɔmawɔtɔe.” Le Maleaxi 2:10-16 la, wozã nya sia ke tsɔ ƒo nu tso Israel-vi siwo mewɔ nuteƒe na wo srɔ̃wo o ƒe nu tovo wɔwɔ ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ le nya sia si wozã le Hosea 6:7 ŋu be enye “srɔ̃ɖeɖe me kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si ɖea nɔnɔme si le ame si ɖe ƒomedodoa ŋu fiana . . . Nɔnɔme si ŋu wòku ɖo la nye esi me womeɖe lɔlɔ̃ fia le o.”

16, 17. (a) Alekee Israel wɔ nui ɖe Mawu ƒe nu si wòbla kple dukɔ ma ŋu? (b) Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe míaƒe nuwɔnawo ŋu?

16 Yehowa tsɔ Israel abe srɔ̃a ene le nu si wòbla kple dukɔa ta. Eyata esi eƒe ameawo da nubablaa dzi la, ɖeko wònɔ abe ahasie wowɔ ene. Mawu nɔ abe srɔ̃ŋutsu wɔnuteƒe ene, gake eƒe dukɔa dzo le egbɔ!

17 Ke míawo ya ɖe? Mawu tsɔ ɖe le míaƒe zɔzɔ alo mazɔmazɔ kplii me. Anyo be wòanɔ susu me na mí be “[Mawu] nye lɔlɔ̃” eye be míaƒe nuwɔnawo naa wòsea veve alo kpɔa dzidzɔ. (Yohanes I, 4:16) Eyata ne míele nu gbegblẽ wɔm la, ate ŋu ana Yehowa nase veve eye makpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Ne esia le susu me na mí la, ate ŋu anye mɔxenu sẽŋu aɖe si aʋã mí be míagana ta le tetekpɔ me o.

Alesi Míawɔ Aŋe Nusi Nyo

18, 19. Gɔmeɖose kae míede dzesii le Hosea 8:7, eye aleke gɔmeɖose ma va emee le Israel-viwo gome?

18 Mina míadzro nu enelia si míate ŋu asrɔ̃ tso Hosea ƒe nyawo me la me—si nye alesi míate ŋu aŋe nusi nyoe. Hosea ŋlɔ tso alesi Israel-viwo ƒe bometsitsi kple xɔsemanɔamesi ƒe agbe si nɔm wole la nye nu dzodzroe ŋu be: “Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa.” (Hosea 8:7) Gɔmeɖose aɖe le afisia si anyo be wòanɔ susu me na mí: Nusi wɔm míele fifia la me tsonuwo tututue míava kpɔ emegbe. Aleke gɔmeɖose sia va emee le Israel-vi mawɔnuteƒeawo gome?

19 Esi Israel-vi mawo nɔ nuvɔ̃ wɔm ta la, wonɔ nu gbegblẽ ƒãm. Ðe woate ŋu ayi edzi anɔ esia wɔm tohehe aɖeke maxɔmaxɔea? Kura o, womate ŋu asi le toheʋɔnudɔdrɔ̃ nu gbeɖe o. Hosea 8:13 gblɔ be: “[Yehowa] aɖo ŋu woƒe vodadawo, ahe to na wo le nuvɔ̃wo ta.” Eye le Hosea 9:17 la, míexlẽ be: “Nye Mawu agbe wo, elabena womeɖo toe o, eye woanɔ tsa glãla tsam le dukɔwo dome.” Yehowa ahe to na Israel-viwo le woƒe nuvɔ̃wo ta. Esi wònye nu gbegblẽe woƒã ta la, nu gbegblẽe woaŋe. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a va wo dzi le ƒe 740 D.M.Ŋ. me, esime Asiriatɔwo tsrɔ̃ Israel-to ewo fiaɖuƒea hekplɔ emenɔlawo yi aboyo mee.

20. Nukae míesrɔ̃ tso Israel-viwo ƒe ŋutinya me?

20 Nyateƒenya matrɔmatrɔ aɖee míesrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Israel-vi mawo dzi me: Nusi míeƒãe míaŋe. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Migable mía ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Eyata ne míeƒã nu gbegblẽ la, nu gbegblẽe míaŋe. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo nɔa agbegbegblẽ la aŋe emetsonu wɔnublanuiwo. Godoo la, nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo axe fe ɖe nusiwo wɔm wole la ta.

21. Aleke míawɔ aŋe nusi nyo?

21 Ekema aleke míawɔ aŋe nusi nyo? Kpɔɖeŋu bɔbɔe aɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya sia ŋu. Ne agbledela di be yeaɖe bli ɖe, ke nukae wòle be wòaƒã? Mɔlia? Kpao! Ele be wòaƒã nusi wòdi be yeaŋe. Nenema kee ne míedi be míaŋe nusi nyo la, ekema ele be míaƒã nusi nyo. Èdi be yeayi edzi anɔ nusi nyo—si nye agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le fifia kple agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me—ŋemaa? Ekema ele be nàyi edzi anɔ nusi nyo ƒãm to zɔzɔ kple Mawu kpakple agbenɔnɔ ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu me.

22. Nukawoe míesrɔ̃ le Hosea ta 6 vaseɖe 9 me?

22 Míesrɔ̃ nu ene siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Mawu le Hosea, ta 6 vaseɖe 9 me: (1) Nuwɔnawoe ɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana; (2) vɔsawo ɖeɖe medzea Mawu ŋu o; (3) Yehowa sea veve ne esubɔlawo trɔ ɖa le eyome; eye (4) be míaŋe nusi nyo la, ele be míaƒã nusi nyo. Alekee nya siwo le Biblia-gbalẽ sia ƒe ta atɔ̃ mamlɛawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Mawui?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke woɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fianae?

• Nukatae vɔsawo ɖeɖe medzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu o?

• Aleke Mawu sena le eɖokui me ne esubɔlawo trɔ dzo le eyome?

• Ne míedi be míaŋe nusi nyo la, nukae wòle be míaƒã?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Israel ƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo si nu va yina kaba ene

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nugbegblẽwɔwɔ ƒe dzodzro le bibim le Israel abe dzo le abolokpo me ene

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Nukatae Yehowa gbe vɔ siwo eƒe amewo sa?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Be míaŋe nusi nyo la, ele be míaƒã nusi nyo