Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míawɔ Anye Subɔla Siwo Trɔna Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu

Alesi Míawɔ Anye Subɔla Siwo Trɔna Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu

Alesi Míawɔ Anye Subɔla Siwo Trɔna Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu

“Amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko.”—KORINTOTƆWO I, 9:22.

1, 2. (a) Mɔ kawo nue apostolo Paulo nye subɔla bibi le? (b) Aleke Paulo ɖɔ alesi wòwɔ eƒe dɔdasiae?

EÐE dzi ɖi le agbalẽnyalagãwo dome kple le avɔgbadɔwɔla tsɛwo gbɔ. Eƒe nyawo ʋã ameŋkuta siwo nɔ Roma kple agbledela siwo nɔ Frigia. Eƒe agbalẽwo de dzo Helatɔ nuŋubulawo kpakple Yudatɔ siwo lé blema kɔnuwo me ɖe asi la me. Ðikeke menɔ eƒe numeɖeɖewo ŋu o elabena alesi wòwɔa dɔ ɖe ame dzii la nu sẽ ŋutɔ. Edze agbagba di nyateƒenya si dzi woa kple ame ɖesiaɖe alɔ̃ ɖo la ale be wòate ŋu akplɔ ame aɖewo va Kristo gbɔe.—Dɔwɔwɔwo 20:21.

2 Amea enye apostolo Paulo, eye ɖikeke aɖeke mele eme o be enye subɔla bibi si trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu. (Timoteo I, 1:12) Yesu de dɔ asi nɛ be “wòatsɔ [Kristo ƒe] ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlawo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 9:15) Aleke wòwɔ dɔ siae? Egblɔ be: “Amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko. Ke nyanyui la ta mewɔ wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.” (Korintotɔwo I, 9:19-23) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabi ɖe edzi le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me?

Ame aɖe si Trɔ Dzime Wɔ Dɔdasi Sesẽ aɖe De Goe

3. Seselelãme kae nɔ Paulo si ɖe Kristotɔwo ŋu hafi wòva trɔ?

3 Dzigbɔɖi kple ameŋububu ƒe nɔnɔmee nɔ Paulo si xoxoxo tae wòdze na dɔ sia xɔxɔa? Kura o! Subɔsubɔhawo ƒe zazɛ̃nyahehe na Saul (si nye Paulo ƒe ŋkɔ tsã) zu Kristo yomedzelawo yometila ŋutasẽla aɖe. Esi wònye ɖekakpui la, elɔ̃ ɖe Stefano wuwu dzi. Emegbe Paulo nɔ adeklo dzi na Kristotɔwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. (Dɔwɔwɔwo 7:58; 8:1, 3; Timoteo I, 1:13) Eyi edzi ‘lé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.’ Esi xɔsetɔ siwo nɔ Yerusalem ɖeɖeko yometiti mesu eme nɛ o ta la, ete eƒe fulélea dzidzi ɖe edzi ɖo ta Damasko, si le keke dziehe ke.—Dɔwɔwɔwo 9:1, 2.

4. Tɔtrɔ kae wòhiã be Paulo nawɔ bene wòate ŋu awɔ dɔ si wode esi la ade goe?

4 Anɔ eme be nusi koŋ tae Paulo lé fu Kristotɔnyenye kaɖikaɖi ɖoe nye be esusui be dzixɔse yeye ma ava gblẽ Yuda-subɔsubɔ me to duta nukpɔsusu siwo mesɔ o la tsɔtsɔ atsaka kple Yuda-subɔsubɔa me. Le nyateƒe me la, Paulo nye ‘Farisitɔ,’ si gɔmee nye “amesi woɖe ɖe aga.” (Dɔwɔwɔwo 23:6) Tsɔ susu kpɔ alesi wòawɔ nuku na Paulo, esime wòse be Mawu tia ye be yeaɖaɖe gbeƒã Kristo—menye na ame bubu aɖeke wu Trɔ̃subɔlawo o—la ɖa! (Dɔwɔwɔwo 22:14, 15; 26:16-18) Farisitɔwo melɔ̃na be yewoaɖu nu gɔ̃ hã kple amesiwo woawo buna nuvɔ̃wɔlawoe o! (Luka 7:36-39) Ðikeke mele eme o be dɔ sia abia be wòadze agbagba vevie atrɔ asi le eƒe nukpɔsusu ŋu ahana wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si nye be woaxɔ ameƒomeviwo katã ɖe agbe.—Galatiatɔwo 1:13-17.

5. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo le míaƒe subɔsubɔdɔa mee?

5 Ðewohĩ ahiã be míawo hã míawɔ nenema ke. Esi míeyi edzi le go dom ame vovovowo le míaƒe anyigbamama si me gbevovovodolawo tso dukɔwo me va le me la, ehiã be míadze agbagba vevie alé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme ŋu nyuie eye míaɖe nazãbubu ɖesiaɖe ɖa. (Efesotɔwo 4:22-24) Míenya loo alo míeɖanya o, amesiwo dome míenɔ tsi kple afisi míede suku ɖo la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. Esia ate ŋu aƒã ameŋkumekpɔkpɔ, nazãbubu, kple amesi ƒe nya me sẽna ƒe nɔnɔmewo ɖe mía me. Be míakpɔ dzidzedze le keke ɖe amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ ŋu ahakpe ɖe wo ŋu me la, ele be míaɖu seselelãme mawo dzi. (Romatɔwo 15:7) Nusiae Paulo wɔ. Exɔ dɔ si dze ŋgɔe be wòakeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la. Lɔlɔ̃ ʋãe wòtu nufiafiaɖaŋu siwo sɔ be míasrɔ̃ la ɖo. Le nyateƒe me la, “trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo la” ƒe subɔsubɔdɔa me dzodzro ɖee fia be eƒe susu nɔ nuwo ŋu, eƒe nya me mesẽ o, eye wòzã mɔnu ɖesiaɖe si sɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia me. *Romatɔwo 11:13.

Alesi Subɔla si Trɔna ɖe Nɔnɔmeawo ŋu la Wɔ eƒe Dɔae

6. Aleke Paulo ƒe susu nɔ amesi ƒomevi eƒe nyaselawo nye ŋui, eye nukae do tso eme?

6 Paulo ƒe susu nɔ eƒe nyaselawo ƒe dzixɔsewo kple amesi ƒomevi wonye ŋu. Esime wònɔ nu ƒom na Fia Agripa la, elɔ̃ ɖe edzi be fia la ‘nya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome.’ Emegbe Paulo zã nusi wònya tso Agripa ƒe dzixɔsewo ŋu la aɖaŋutɔe tsɔ dzro nya me kple fia la wòse egɔme nyuie. Paulo ƒe numedzodzroa me kɔ nyuie eye kakaɖedzi nɔ eŋu ale gbegbe be Agripa gblɔ be: “Esusɔ ʋee, nàƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu Kristotɔ.”—Dɔwɔwɔwo 26:2, 3, 27, 28.

7. Aleke Paulo trɔ ɖe nɔnɔme siwo wòdo goe la ŋu esime wònɔ gbeƒã ɖem na ameha aɖe le Listra?

7 Paulo trɔ ɖe nɔnɔme vovovo siwo wòdo goe hã ŋu. Kpɔ alesi wòzã mɔnu bubu esime wònɔ agbagba dzem be yeagbe nya na ameha aɖe le Listra dugã me be woagade ta agu na ye kpakple Barnaba be mawuwoe yewonye o ɖa. Wogblɔ be Likaoniagbedola siawo nye amesiwo mede suku yi ŋgɔ o eye wonye aʋatsodzixɔselawo le duametɔwo dome. Dɔwɔwɔwo 14:14-18 gblɔ be Paulo zã nuwɔwɔ kple dzɔdzɔmenu siwo doa dzidzɔ na wo la tsɔ ɖo kpe edzi be Mawu vavã la ƒo ɖesiaɖe ta. Nya la gɔmesese nɔ bɔbɔe, eye edze ƒã be ‘exe mɔ na amehawo, bena womesa vɔ na’ Paulo kple Barnaba o.

8. Mɔ kawo nue Paulo trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu le togbɔ be edo dziku ɣeaɖewoɣi hã?

8 Le nyateƒe me la, Paulo menye ame deblibo o, eyata ɣeaɖewoɣi la, nanewo na wòdo dziku vie. Le kpɔɖeŋu me, esime wotsɔ nya ɖe eŋu madzemadzee tsɔ ɖi gbɔe ɣeaɖeɣi la, eƒo nu na Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Anania la kple ŋkubiã. Gake esi wogblɔ na Paulo be edzu nunɔlagã la le manyamanya me la, eɖe kuku enumake. (Dɔwɔwɔwo 23:1-5) Le Atene la, ‘ebi dzi’ gbã, “esi wòkpɔ [be] dua me yɔ fũ kple legbawo.” Ke hã, dziku sia medze le nuƒo si wòƒo le Mars Togbɛ dzi la me o. Ðe eteƒe la, ezã nyateƒenya si dzi woa kple eƒe nyaselawo lɔ̃ ɖo, si nye vɔsamlekpui si woɖi na “Mawu, si womenya o la,” eye wòyɔ Atenetɔwo ƒe henɔwo dometɔ ɖeka ƒe nyawo tsɔ ƒo nui na amesiwo va ɖi anyi la.—Dɔwɔwɔwo 17:16-28.

9. Aleke Paulo zã mɔnu vovovowo esime wònɔ nu ƒom na nyasela vovovowoe?

9 Esime Paulo nɔ nu ƒom na nyasela vovovowo la, ezã mɔnu wɔnuku vovovowo. Ebu dekɔnu kple nutoa me nuwɔna siwo kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nyaselawo ƒe nuŋububu dzi ŋu. Esi wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔwo le Roma la, enyae nyuie be xexeme dziɖuɖu si li ɣemaɣi la ƒe fiadu mee wole. Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo le Roma la me nya vevi aɖee nye be Kristo ƒe ŋusẽ si woatsɔ axɔ amewoe la ɖu Adam ƒe nuvɔ̃a ƒe ŋusẽ si gblẽa nu la dzi. Ezã nyagbɔgblɔ siwo aʋã Roma Kristotɔawo kple amesiwo dome wonɔ la ƒe dzi.—Romatɔwo 1:4; 5:14, 15.

10, 11. Aleke Paulo wɔ eƒe kpɔɖeŋuwo wòsɔ ɖe eƒe nyaselawo ŋui? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

10 Nukae Paulo wɔ esime wòdi be yeaɖe Biblia me nyateƒea me na eƒe nyaselawo? Apostolo la bi ɖe kpɔɖeŋu siwo gɔme nya sena bɔbɔe la zazã atsɔ aɖe gbɔgbɔmenya sesẽwo me la me. Le kpɔɖeŋu me, Paulo nyae be Romatɔwo nya nu tso kluvinyenye ŋu nyuie le Roma Fiaɖuƒea me. Le nyateƒe me la, amesiwo wònɔ agbalẽa ŋlɔm na la dometɔ geɖewo anya nye kluviwo. Eyata Paulo zã kluvinyenye abe kpɔɖeŋu ene tsɔ ɖo kpe ŋkubiãnya si gblɔm wònɔ ku ɖe nusi ame ŋutɔ atia be yeaɖo toe, eɖanye nuvɔ̃ loo alo dzɔdzɔenyenye o, la dzi.—Romatɔwo 6:16-20.

11 Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Le Romatɔwo dome la, aƒetɔ ate ŋu aɖe asi le kluvi aɖe ŋu faa alo kluvia ate ŋu aƒle ablɔɖe na eɖokui to fexexe na eƒe aƒetɔ me. Woate ŋu awɔ ablɔɖenana ƒe ɖoɖo hã ne wotsɔ kluvi la ke mawu aɖe.” Kluvi si wona ablɔɖee la ate ŋu ayi edzi asubɔ eƒe aƒetɔ axɔ fetu. Edze ƒã be Paulo zã nuwɔna sia esime wònɔ nu ŋlɔm tso aƒetɔ si ame atia be yeaɖo toe ŋu—eɖanye nuvɔ̃ loo alo dzɔdzɔenyenye o. Woɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma la tso nuvɔ̃ me eye wozu Mawu tɔ. Wovo asubɔ Mawu, gake ne wolɔ̃ hã la, woate ŋu atiae be yewoasubɔ nuvɔ̃—si nye woƒe aƒetɔ gbãtɔ la. Kpɔɖeŋu bɔbɔe sia si wonya nyuie la aʋã Kristotɔ mawo le Roma be woabia wo ɖokui be, ‘Aƒetɔ ka subɔmee mele?’ *

Nusɔsrɔ̃ tso Paulo ƒe Kpɔɖeŋua Me

12, 13. (a) Agbagba kawoe wòle be míadze egbea bene míaƒe nyawo nate ŋu aɖo míaƒe nyasela vovovoawo ƒe dzi gbɔ? (b) Mɔnu kawoe nèkpɔ be eɖea vi ne míele gbeƒã ɖem na ame ƒomevi vovovowo?

12 Abe Paulo ene la, ele be míaƒe susu nanɔ nuwo ŋu, míatrɔ ɖe nɔnɔme vovovo siwo míado goe ŋu, eye míazã mɔnu ɖesiaɖe si sɔ bene míaƒe nyawo nate ŋu aɖo nyasela vovovoawo ƒe dzi gbɔ. Be míakpe ɖe míaƒe nyaselawo ŋu ne woase nyanyuia gɔme la, míedina be míawɔ geɖe wu ameawo gbɔ yiyi aɖagblɔ mawunya si ŋu míedzra ɖo ɖo na wo, alo atsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo na wo ko. Míadze agbagba akpɔ woƒe nuhiahiãwo kple dzimaɖitsitsiwo, nusiwo wolɔ̃na kple esiwo womelɔ̃na o, kple nusiwo wovɔ̃na na kple woƒe nazãbubuwo adze sii. Togbɔ be esia bia tamebubu kple agbagbadzedze geɖe hã la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le esia wɔm vevie le xexeame godoo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Hungary ka nya ta be: “Nɔviawo dea bubu du bubu me tɔwo ƒe dekɔnuwo kple alesi wonɔa agbee ŋu eye womekpɔa mɔ be ameawo natrɔ ɖe yewoƒe dekɔnuwo ŋu o.” Ðasefo siwo le teƒe bubuwo hã wɔna nenema ke.

13 Le Ɣedzeƒe Ʋĩ dukɔ aɖe me la, ame akpa gãtɔ tsia dzi ɖe lãmesẽnyawo, vihehe, kple agbalẽsrɔ̃nyawo ŋu. Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le afima dzea agbagba be yewoazã nya siawo tsɔ wu esi woaƒo nu tso xexeame ƒe nɔnɔme si le gbegblẽm ɖe edzi alo hadomegbenɔnɔ ŋu nya manyatalenuwo ŋu. Nenema kee gbeƒãɖela siwo le dugã aɖe me le United States de dzesii be nuto aɖe koŋ si le woƒe anyigbamama me la me tɔwo tsi dzi ɖe nufitifitiwɔwɔ, ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ akpa, kple nuvlowɔwɔ ƒe nyawo ŋu. Ðasefoawo zã nya siawo tsɔ dze Biblia me numedzodzrowo gɔme dzidzedzetɔe. Biblia fiala bibiwo kpɔa egbɔ be nyati ka ke ŋue yewodi be yewoaƒo nu le o, yewoƒe nuƒoa nyea esi ʋãa ame hedea dzi ƒo na ame, eye wòtea gbe ɖe viɖe ŋutɔŋutɔ si le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ŋu fifia kpakple etsɔme mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si Mawu ɖo mía ŋkume la dzi.—Yesaya 48:17, 18; 52:7.

14. Gblɔ alesi míate ŋu atrɔ asi le mɔnuwo ŋu be wòasɔ ɖe amewo ƒe nuhiahiã kple nɔnɔme siwo le vovovo la nu.

14 Enyona ŋutɔ hã be míatrɔ asi le alesi míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔae ŋu, le esi amewo ƒe dekɔnuwo, agbalẽnyanya, kple subɔsubɔwo to vovo sãa tso wo nɔewo tɔ gbɔ ta. Nya si míado ɖe amesiwo xɔ Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi se gake womexɔ Biblia ya dzi se o gbɔ la ato vovo na esi míagblɔ na amesiwo mexɔe se be Mawu li o. Le amesi bunɛ be subɔsubɔgbalẽwo nye nusiwo dzi wotona ƒãa dzixɔsewo ɖe amewo me gome la, nya siwo míado ɖe egbɔ ato vovo tso esi míazã na amesi xɔ Biblia ƒe nufiafiawo dzi se la gbɔ. Ehiã be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu hã ne míele nu wɔm kple ame vovovo gbogbo siwo míeƒoa nu na, siwo menya agbalẽ sɔsɔe o. Nufiala bibiwo azã numedzodzro kple kpɔɖeŋu siwo sɔ na woƒe nyaselawo.—Yohanes I, 5:20.

Kpekpeɖeŋu si Míana Subɔla Yeyewo

15, 16. Nukatae wòhiã be míana hehe subɔla yeyewo ɖo?

15 Menye Paulo ŋutɔ ƒe nufiafiamɔnu siwo ŋu wòatrɔ asi le be wòanyo ɖe edzi ko ŋue wòtsi dzi ɖo o. Ekpɔe be ehiã be yeana hehe dzidzime siwo gbɔna, abe Timoteo kple Tito ene, ahadzra wo ɖo be woava zu subɔla bibiwo. (Timoteo II, 2:2; 3:10, 14; Tito 1:4) Nenema kee wòhiã vevie egbea be woana hehe amewoe.

16 Le ƒe 1914 me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 5,000 lɔƒoe nɔ xexeame katã; egbea la, ame yeye siwo anɔ 5,000 lɔƒoe xɔa nyɔnyrɔ le kwasiɖa ɖesiaɖe me. (Yesaya 54:2, 3; Dɔwɔwɔwo 11:21) Ne ame yeyewo te hadede kple Kristo-hamea hedi be yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me la, ehiã be woana hehe kple mɔfiafia wo. (Galatiatɔwo 6:6) Ehiã be míazã mɔnu siwo Aƒetɔ Yesu zã la le nufiafia kple hehenana nusrɔ̃lawo me. *

17, 18. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu be dzi naɖo wo ƒo le subɔsubɔdɔa me?

17 Menye ɖeko Yesu di ameha aɖe ko gblɔ na eƒe apostolowo be woate nuƒoƒo na wo o. Gbã la, eɖe nusitae gbeƒãɖeɖedɔa hiã ɖo la me na wo eye wòde dzi ƒo na wo be woanɔ gbe dom ɖa tso eŋu. Emegbe ewɔ ɖoɖo vevi etɔ̃ na wo: ena zɔhɛ, anyigbamama, kple nya si woaɖe gbeƒãe la wo. (Mateo 9:35-38; 10:5-7; Marko 6:7; Luka 9:2, 6) Míate ŋu awɔ nenema ke. Ne míele kpekpem ɖe mía ŋutɔ mía vi loo, nusrɔ̃la yeye aɖe loo, alo ame aɖe si megade gbeƒãɖeƒe kpɔ o ŋu la, asɔ be míadze agbagba ana hehee le mɔ sia nu.

18 Ame yeyewo hiã na kpekpeɖeŋu geɖe bene dzi nate ŋu aɖo wo ƒo le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ me. Ðe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu be woadzra ɖo ahawɔ ɖaseɖinya lédziname aɖe ƒe wɔwɔfiaa? Le gbeadzi la, miƒo nu gbã le aƒe ʋɛ gbãtɔ aɖewo me, bene wòasrɔ̃ miaƒe kpɔɖeŋua. Miate ŋu asrɔ̃ Gideon ƒe kpɔɖeŋua, amesi gblɔ na ehati aʋawɔlawo be: “Mikpɔ nusi wɔge mala, ne miawɔ nenema ke.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:17, NW) Emegbe mina ame yeyea hã nawɔe. Mikafu ame yeyewo vividoɖeameŋutɔe ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta, eye ne esɔ la, miɖo aɖaŋu kpui siwo ana woagawɔ ŋgɔyiyi la na wo.

19. Nukae nye wò tameɖoɖo kplikpaa esi nèle agbagba dzem be ‘yeawu yeƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe’?

19 Be míate ŋu ‘awu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe’ la, míeɖoe kplikpaa be míanɔ alesi míeɖoa nya la amewo ŋkume la trɔm vovovoe, eye míedi be míana hehe subɔla yeyewo be woawɔ nenema ke. Ne míebu míaƒe taɖodzinua ƒe vevienyenye—si nye be míana Mawu ŋuti sidzedze ŋutɔŋutɔ si kplɔa ame yia xɔxɔ gbɔe nasu amewo si—ŋu la, míekana ɖe edzi be agbagba siwo katã míedzena be míazu ‘nusianu na amewo katã, bene míaɖe wo dometɔ aɖewo kokoko’ la menyea dzodzro o.—Timoteo II, 4:5; Korintotɔwo I, 9:22.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Ne èdi be yeakpɔ nɔnɔme siawo ƒe ɖewo le Paulo ƒe subɔsubɔdɔa me la, xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:9, 16-42; 17:2-4; 18:1-4; 19:11-20; 20:34; Romatɔwo 10:11-15; Korintotɔwo II, 6:11-13.

^ mm. 11 Nenema kee esime Paulo nɔ ƒomedodo yeye si le Mawu kple ‘via’ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na dome me ɖem la, ezã senyalawo ƒe nya siwo gɔme nuxlẽlawo sena nyuie le Roma Fiaɖuƒea me la. (Romatɔwo 8:14-17) Agbalẽ si nye St. Paul at Rome gblɔ be: “Vixɔxɔnyi nye nyagbe aɖe si wozãna ŋutɔ le Roma, eye wòdo ƒome kplikplikpli kple nusi Romatɔwo buna be enye ƒome.”

^ mm. 16 Fifi laa la, Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ƒe ɖoɖo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã me. Le ɖoɖoa me la, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo zãa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple hehe siwo woxɔ la tsɔ kpena ɖe gbeƒãɖela siwo mebi tututu o la ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Paulo le le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

• Tɔtrɔ kawoe ɖewohĩ wòahiã be míawɔ le alesi míebua tamee ŋu?

• Aleke míate ŋu ana míaƒe gbedasia naʋã amewo ƒe dzii?

• Nukae subɔla yeyewo hiã bene dzi naɖo wo ƒo?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Apostolo Paulo ƒe susu nɔ nuwo ŋu, etrɔ ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu, eye wòzã mɔnu ɖesiaɖe si sɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]

Yesu wɔ ɖoɖo vevi etɔ̃ na eƒe nusrɔ̃lawo: ena zɔhɛ, anyigbamama, kple nya si woaɖe gbeƒãe la wo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Paulo kpɔ dzidzedze le nuƒoƒo na eƒe nyasela vovovowo me le esi wòtrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu ta

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Subɔla bibiwo bua amesiwo ƒomevi woƒe nyaselawo nye ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Subɔla siwo wɔa asitɔtrɔ siwo hiã la kpena ɖe ame yeyewo ŋu wodzrana ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu