Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Gbegbɔgblɔwo Katã” Me Tɔwo Se Nyanyui La

“Gbegbɔgblɔwo Katã” Me Tɔwo Se Nyanyui La

“Gbegbɔgblɔwo Katã” Me Tɔwo Se Nyanyui La

“Ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me . . . agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.”​—ZAXARYA 8:23.

1. Aleke Yehowa tia ɣeyiɣi nyuitɔ tsɔ dze Kristotɔnyenye si aɖo gbegbɔgblɔ gbogbowo me le dukɔwo dome la gɔmee eye aleke wòwɔe?

ƔEYIƔI si me wòdzɔ kple alesi wòdzɔe la sɔ ŋutɔ. Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzie. Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ la, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo tso Roma Fiaɖuƒe si keke ta ɖo anyigba geɖewo dzi la ƒe nuto 15 ya teti me kpakple nuto bubuwo me va ƒo zi ɖe Yerusalem be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Gbemagbe la, wo dometɔ akpe geɖe se amesiwo le abe woawo ko ene, eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo la, wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la—menye le zitɔtɔ me abe alesi wòdzɔe le blema Babel ene o, ke boŋ amewo nɔ egɔme sem—ɖe gbe gbogbo siwo wodona le fiaɖuƒea me la me. (Dɔwɔwɔwo 2:1-12) Ɣemaɣie woɖo Kristo-hamea eye wodze dukɔwo dome nufiafiadɔ aɖe si wɔm wole ɖe gbegbɔgblɔwo katã me va ɖo egbea la gɔme.

2. Nukae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi si na nyasela vovovoawo ƒe ‘nu ku’?

2 Anɔ eme be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te ŋu dona Helagbe si ame geɖe dona ɣemaɣie la. Wozãa Hebrigbe, si wodona le gbedoxɔa me, hã. Gake le Pentekoste-ŋkeke ma dzi la, ɖeko woƒe nyasela vovovoawo ƒe ‘nu ku’ esime wose bena nusrɔ̃lawo le yewo degbe dom. Nukae do tso eme? Nyateƒe vevi siwo nyaselawo se le wo degbe me la ʋã woƒe dzi. Kaka ŋkekea nawu enu la, nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo sue la dzi ɖe edzi va zu ameha gã aɖe si wu ame 3,000!—Dɔwɔwɔwo 2:37-42.

3, 4. Aleke gbeƒãɖeɖedɔa keke ɖe enui esime nusrɔ̃lawo ʋu dzo le Yerusalem, Yudea, kple Galilea?

3 Le nudzɔdzɔ wɔnuku ma megbe la, yometiti sesẽ aɖe va Yerusalem, eye “amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia.” (Dɔwɔwɔwo 8:1-4) Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ nu tso Filipo, amesi anya nye nyanyuigblɔla Helagbedola, ŋu le Dɔwɔwɔwo ta 8 lia me. Filipo ɖe gbeƒã na Samariatɔwo. Eɖe gbeƒã na Etiopiatɔ aƒedzikpɔla aɖe si xɔ Kristo ŋuti nyanyuia hã.—Dɔwɔwɔwo 6:1-5; 8:5-13, 26-40; 21:8, 9.

4 Esi Kristotɔawo nɔ ʋuʋum ɖale afisi woagadze agbe gɔme le dim le Yerusalem, Yudea, kple Galilea nutoawo godo la, gbetagbe kple gbegbɔgblɔ yeyewo dodo zu kuxi na wo. Wo dometɔ aɖewo anya nɔ ɖase ɖim na Yudatɔwo ko. Gake nusrɔ̃la Luka ka nya ta be: “Esime ŋutsu aɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ Yesu ŋuti nyanyui la gblɔm fia wo.”—Dɔwɔwɔwo 11:19-21.

Mawu Ameŋkumemakpɔla ƒe Gbedasi na Amewo Katã

5. Aleke Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ dze le nyanyui la gomee?

5 Nudzɔdzɔ siawo tɔgbe wɔa ɖeka kple Mawu ƒe mɔwo; mekpɔa ame ŋkume o. Esi Yehowa kpe ɖe apostolo Petro ŋu wòtrɔ eƒe susu ku ɖe trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ŋu vɔ megbe la, egblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Psalmo 145:9) Esi apostolo Paulo, amesi ti Kristotɔwo yome tsã, gblɔ be Mawu ƒe ‘didie wònye be, woaxɔ amewo katã’ la, eya hã te gbe ɖe edzi be Mawu mekpɔa ame ŋkume o. (Timoteo I, 2:4) Wɔla la ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ dze le esia me bena eʋu Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ɖi na ame ƒomeviwo katã, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, ŋutigbalẽ ƒe amadede ka kee ɖale wo ŋu o, du kawo me tɔwoe woɖanye o, alo gbegbɔgblɔ ka kee woɖadona o.

6, 7. Biblia ƒe nyagblɔɖi kawoe fia be nyanyuia ava kaka aɖo dukɔ kple gbegbɔgblɔ vovovo me?

6 Wogblɔ alesi dɔa akeke ta aɖo dukɔwo dome la ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ. Daniel ƒe nyagblɔɖi fia be “wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu [na Yesu], eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.” (Daniel 7:14) Nyateƒe si wònye be wotaa magazine sia ɖe gbegbɔgblɔ 151 me hemanɛ le xexeame katã, si wɔe be nète ŋu xlẽa nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu, le eɖem fia be Biblia ƒe nyagblɔɖi ma va eme.

7 Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe aɖo si me gbegbɔgblɔ vovovo dolawo ase gbedasi si naa agbe la. Esime Zaxarya nɔ alesi tadedeagu vavãtɔ ahe ame geɖewoe ɖɔm le nyagblɔɖi me la, egblɔ be: ‘Ɣemaɣi la ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka [Kristotɔ amesiaminawo, siwo nye “Mawu ƒe Israel la” ƒe akpa aɖe] ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.’ (Zaxarya 8:23; Galatiatɔwo 6:16) Eye esime apostolo Yohanes nɔ nusi wòkpɔ le ŋutega me gblɔm la, egblɔ be: ‘Kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9) Nyagblɔɖi siawo va eme míekpɔ!

Ame Ƒomeviwo Katã Gbɔ Ðoɖo

8. Egbeŋkekeawo me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ kae bia be míatrɔ asi le míaƒe ɖaseɖiɖidɔa ŋu?

8 Egbea, ʋuʋum koe amewo le. Xexeame ƒe mɔzɔnyawo kple kadodomɔnu siwo va le bɔbɔe la wɔe be amewo te ŋu ʋuna yi ɖanɔa dukɔ bubu me bɔbɔe. Ameha gbogbo aɖewo ʋu tso nuto siwo me aʋawɔwɔ kple gakuxiwo le me yi ɖale teƒe siwo ka ɖe eme wu bene yewoakpɔ agbemenuhiahiãwo. Le dukɔ geɖe me la, amewo kple sitsoƒedilawo ƒe dukɔa me vava wɔe be wotso dutagbedolawo ƒe duwo. Le kpɔɖeŋu me, le Finland la, wodoa gbegbɔgblɔ siwo wu 120; le Australia la, ewu 200. Le United States ƒe dugã ɖeka—si nye San Diego—pɛ ko me la, gbegbɔgblɔ siwo wu 100 ye wodona le eme!

9. Aleke wòle be míabu gbegbɔgblɔ bubu dola siwo va le míaƒe anyigbamama me lae?

9 Abe Kristotɔ subɔlawo ene la, ɖe míebua gbegbɔgblɔ bubu dola siawo ƒe vava abe nusi doa kplamatse míaƒe subɔsubɔdɔa enea? Kura o! Ke boŋ míebunɛ be enye mɔnu nyui aɖe—be enye ‘agble siwo dzi ƒu hena ŋeŋe’—si dzi míato akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. (Yohanes 4:35) Míedzea agbagba be míakpɔ amesiwo tsi dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã ŋu la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, metsɔ le dukɔ si me tɔ wonye loo alo gbe siwo wodona me o. (Mateo 5:3) Esia wɔe be “gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” dolawo, siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, va le Kristo ƒe nusrɔ̃lawo zum ƒe sia ƒe. (Nyaɖeɖefia 14:6) Le kpɔɖeŋu me, le August 2004 me la, wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa le gbegbɔgblɔ siwo ade 40 lɔƒo me le Germany. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woɖe gbeƒã nyanyui la le gbegbɔgblɔ siwo ade 30 me le Australia, evɔ le ƒe ewo siwo va yi me la, gbegbɔgblɔ 18 mee wonɔ gbeƒã ɖem le. Le Greece la, Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem na amewo le gbegbɔgblɔ siwo ade 20 me. Le xexeame katã la, Yehowa Ðasefo 80 lɔƒo le alafa ɖesiaɖe me medoa Eŋlisigbe, si nye dukɔwo dome gbegbɔgblɔ la, o.

10. Akpa kae gbeƒãɖela wɔna le “dukɔwo katã” me tɔwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe me?

10 Le nyateƒe me la, wole wɔwɔm ɖe se si Yesu de be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo’ la dzi. (Mateo 28:19) Yehowa Ðasefowo tsɔ didi vevie xɔ dɔ sia ƒu akɔ le wɔwɔm le dukɔ 235 me, eye wole agbalẽwo mam le gbegbɔgblɔ siwo wu 400 me. Togbɔ be Yehowa ƒe habɔbɔae nana dɔwɔnu siawo be woatsɔ akpe ɖe ameawo ŋui hã la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela la ŋutɔe tsona yi ɖagblɔa Biblia ƒe gbedasia na “amewo katã” le gbegbɔgblɔ si gɔme woate ŋu ase nyuie wu me. (Yohanes 1:7) Agbagbadzedze ɖekae alea wɔnɛ be nyanyui la ɖea vi na gbegbɔgblɔ vovovo dolawo. (Romatɔwo 10:14, 15) Ẽ, mía dometɔ ɖesiaɖe wɔa akpa vevi aɖe!

Tenɔnɔ Ðe Kuxia Nu

11, 12. (a) Kuxi kawo nue wòle be míanɔ te ɖo, eye aleke gbɔgbɔ kɔkɔea naa kpekpeɖeŋui? (b) Nukata gbeƒãɖeɖe na amewo le wo degbe me nyona wu?

11 Egbea, Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe adi be yewoasrɔ̃ gbegbɔgblɔ bubu, gake womate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu be wòana yewoado gbe bubu nukutɔe o. (Korintotɔwo I, 13:8) Gbegbɔgblɔ yeye sɔsrɔ̃ nye dɔ gã aɖe. Ðewohĩ ahiã be amesiwo se gbe bubu aɖe xoxo gɔ̃ hã natrɔ asi le woƒe tamebubu kple mɔnu si wozãna ŋu bene woate ŋu ana Biblia ƒe gbedasia nasɔ tome na amesiwo doa gbegbɔgblɔ mawo gake wohenye ameƒomevi vovovowo eye woƒe dekɔnuwo le vovovo la. Gakpe ɖe eŋu la, zi geɖe la, ŋu kpea amedzroawo eye womedina be yewoatsaka kple amewo o, eyata hafi ne ame nase alesi wobua nuwo ŋui gɔme la bia veviedodonu.

12 Ke hã, gbɔgbɔ kɔkɔea gakpɔtɔ le dɔ wɔm le Yehowa subɔlawo dome hele ŋusẽ dom wo bene woate ŋu akpe ɖe amesiwo doa gbegbɔgblɔ bubuwo la ŋu. (Luka 11:13) Le esi teƒe be gbɔgbɔ kɔkɔea nana míado gbegbɔgblɔwo nukutɔe la, ate ŋu ana didi si le mía me be míaƒo nu na amesiwo medoa mía degbe o la nu nagasẽ ɖe edzi. (Psalmo 143:10) Gbeƒãɖeɖe Biblia ƒe gbedasia alo efiafia amewo le gbe siwo womese tututu o me ate ŋu ana nyaa nage ɖe susume na wo ya. Gake, be míaƒe nyaselawo ƒe dzi naʋa wo la, zi geɖe la, enyona wu be míazã wo degbe—si nye gbe si naa gbedasia ɖoa woƒe tamesusu kple dzi gbɔ henana mɔkpɔkpɔ wo.—Luka 24:32.

13, 14. (a) Nukae ʋãa ame aɖewo be wote subɔsubɔdɔa wɔwɔ le gbegbɔgblɔ bubu me? (b) Aleke ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔa dzena wokpɔnae?

13 Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe ƒo wo ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le dutagbedolawo ƒe nutowo me me esime wokpɔ alesi wole Biblia ƒe nyateƒea xɔmee. Dzo gaɖoa ame aɖewo me ɖe edzi eye wodzea agbagba vevie wu ne wodo go kplamatsedonuwo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le anyiehe Europa gblɔ bena: “Nyateƒea ƒe tsikɔ le amesiwo tso Ɣedzeƒe Europa va la wum.” Dzidzeme kae nye si wònye be woakpe ɖe toɖola siawo ŋu!—Yesaya 55:1, 2.

14 Gake be woawɔ dɔ sia wòalé vi bia tameɖoɖo kplikpaa kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. (Psalmo 110:3) Le kpɔɖeŋu me, Ðasefowo ƒe ƒome aɖewo siwo le Japan la ʋu tso woƒe aƒe nyuiwo me le dugãwo me yi ɖale saɖaga nutowo me bene woakpe ɖe Chinatɔ siwo ʋu va le afima la ŋu ne woase Biblia gɔme. Le United States ƒe ɣetoɖoƒeƒuta gome la, gbeƒãɖelawo kua ʋu, wòxɔa gaƒoƒo eve, ɖasrɔ̃a Biblia edziedzi kple amewo le nuto siwo me Philippinestɔwo va sɔ gbɔ ɖo me. Le Norway la, atsu kple asi aɖe srɔ̃a nu kple ƒome aɖe si tso Afghanistan. Ðasefo Atsu kple asi sia zãa Nukae Mawu Di tso Mía Si? * ƒe agbalẽ gbadza siwo wota ɖe Eŋlisigbe kple Norwaygbe me la. Ƒomea xlẽa memamawo le Persiagbe, si de sɔsɔ ge kple wo degbe si nye Darigbe, me. Wodzroa eme le Eŋlisigbe kple Norwaygbe me. Ðokuitsɔtsɔsavɔ kple tɔtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu ƒe gbɔgbɔ sia mezua dzodzro ne dutatsola siawo va xɔ nyanyui la o. *

15. Aleke mí katã míate ŋu akpɔ gome le gbegbɔgblɔ vovovowo dome gbeƒãɖeɖedɔa mee?

15 Ðe nàte ŋu akpɔ gome le gbegbɔgblɔ vovovowo dome subɔsubɔdɔ sia wɔwɔ mea? Ekema ɖe manyo be nàte dzesidede dutagbe siwo wodona le wò anyigbamama me wu la oa? Ekema àte ŋu atsɔ trakt alo agbalẽ gbadza siwo le gbegbɔgblɔ mawo me ɖe asi. Agbalẽvi si nye Good News for People of All Nations (Nyanyui na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo), si woɖe ɖe go le ƒe 2004 me la, le dɔ geɖe wɔm le Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa kaka me xoxo, to gbedasi bɔbɔe si le tẽ le gbegbɔgblɔ vovovowo me la dzi.—Kpɔ nyati si nye “Good News for People of All Nations,” si le axa 32 lia.

“Amedzrowo Lɔlɔ̃”

16. Aleke hamemegã siwo xɔa ŋgɔ la ate ŋu aɖe ameŋububu afia le kpekpe ɖe dutagbedolawo ŋu mee?

16 Míesrɔ̃ gbegbɔgblɔ bubu loo alo míeɖasrɔ̃e o, mí katã míate ŋu akpe asi ɖe gbɔgbɔmenuwo fiafia amedzrowo ŋu le míaƒe nutoa me. Yehowa gblɔ na eƒe amewo be ‘woalɔ̃ amedzrowo.’ (Mose V, 10:18, 19) Le kpɔɖeŋu me, le Dziehe Amerika dugã aɖe me la, hame atɔ̃ zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka. Abe alesi wowɔnɛ le akpata geɖe me ene la, kpekpewo wɔɣi siwo wotrɔna ƒe sia ƒe la va bia be woatrɔ Chinagbedolawo ƒe kpekpewɔɣi ayi Kwasiɖagbe fiẽ. Gake esia awɔe be Chinatɔ siwo va le dua me hewɔa dɔ le nuɖuɖudzraƒewo la mate ŋu anɔ kpekpeawo dem o. Hamemegã siwo le hame susɔeawo me lɔ̃ faa wɔ tɔtrɔwo dɔmenyotɔe ale be Chinagbedolawo nate ŋu anɔ woƒe kpekpewo wɔm Kwasiɖagbe ŋdi.

17. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ne ame aɖe tso nya me be yeaʋu aɖakpe asi ɖe gbegbɔgblɔ bubu dolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ŋu?

17 Dzikpɔla lɔ̃amewo kafua nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bibi siwo di be yewoaʋu aɖakpe asi ɖe dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒowo ŋu la. Nɔvi siwo gbɔ Biblia fiala bibi siawo adzo le la asusu wo ya, gake dzikpɔlaawo sena le wo ɖokui me abe alesi hamemegã siwo nɔ Listra kple Ikonio se le wo ɖokui me ene. Hamemegã mawo meɖo asi Timoteo dzi be wòagazɔ mɔ kple Paulo o, togbɔ be dɔwɔnu vevi aɖee Timoteo nye na woƒe hameawo hã. (Dɔwɔwɔwo 16:1-4) Gakpe ɖe eŋu la, amedzroawo ƒe tamesusu, dekɔnuwo, alo nuwɔnawo, meɖea fu na amesiwo xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me o. Ke boŋ wolɔ̃na ɖe vovototoa dzi, hedia mɔ siwo dzi woato anɔ ƒomedodo nyui me kpli wo, le nyanyui la ta.—Korintotɔwo I, 9:22, 23.

18. Ʋɔtru gã si naa wowɔa dɔ geɖe kae woʋu ɖi na amesiame?

18 Abe alesi wogblɔ nyaa ɖi ene la, wole gbeƒã ɖem nyanyui la le “dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me.” Mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo gakpɔtɔ li be woakpɔ dzidziɖedzi le dutagbedolawo dome. Gbeƒãɖela dovevienu akpe geɖe to “ʋɔtru gã” sia nu ‘xɔ dɔ geɖe.’ (Korintotɔwo I, 16:9) Ke hã, nu geɖe gahiã hena dɔwɔwɔ le nuto siawo me, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee afia ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 14 Ne èdi kpɔɖeŋu bubuwo la, kpɔ “Vɔsa Suewo He Yayra Gãwo Vɛ Na Mí,” le Gbetakpɔxɔ, April 1, 2004, axa 24-8.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔe?

• Aleke wòle be míabu amesiwo medoa mía degbe le míaƒe anyigbamama me o lae?

• Nukatae wònyona wu be míaɖe gbeƒã na amewo le wo degbe me ɖo?

• Aleke míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia dutatsola siwo le mía dome lae?

[Biabiawo]

[Map/Picture on page 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Roma

ASIA

KRETA

LIBIA

FRIGIA

PAMFILIA

Yerusalem

YUDEA

EGIPTE

PONTO

KAPADOKIA

MESOPOTAMIA

MEDIA

ELAM

ARABIA

PARTIA

[Bodies of water]

Mediterranea-ƒu

Persia-ƒukɔme

Ƒuyibɔa

Ƒudzĩa

[Nɔnɔmetata]

Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, amesiwo tso Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto 15 me kpakple nuto bubuwo me se nyanyui la le wo degbewo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Dutatsola geɖe xɔa Biblia ƒe nyateƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Fiaɖuƒe Akpata aɖe dzi nuŋɔŋlɔ si le gbegbɔgblɔ atɔ̃ me