Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Good News for People of All Nations

Good News for People of All Nations

Good News for People of All Nations

WOÐE agbalẽvi sia si kpɔm nèle la ɖe go le Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 2004/2005 “Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpewo me. Eƒe tanya gɔmee nye “Nyanyui na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo.” Agbalẽ sia ƒe tataawo dometɔ ɖeka nye axa 96-gbalẽvi si me gbedasi kpui aɖe le si woŋlɔ ɖe gbegbɔgblɔ vovovo 92 sɔŋ me, eye wodze egɔme tso Acholigbe dzi va wu enu ɖe Zulugbe dzi. Wota agbalẽvi sia be woatsɔ akaka Fiaɖuƒenyanyuia na ame geɖe alesinu woate ŋui. (Mateo 24:14) Viɖe siwo dona tsoa agbalẽvia zazã me ƒe ɖewoe nye esi.

• Esi Ðasefowo ƒe ƒome aɖe xɔ agbalẽvia le takpekpea me megbe la, woɖi tsa yi dukɔa ƒe modzakaɖebɔ etɔ̃ me. Le afima la, wodo go amesiwo tso India, Netherlands, Pakistan, kple Philippines. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Togbɔ be amesiawo katã doa Eŋlisigbe aɖe sinu hã la, esi míetsɔ nyanyuigbedasia fia wo le woa ŋutɔwo degbe me la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ elabena afisi wole la nɔ adzɔge ʋĩ tso wo de gbɔ. Wova de dzesi alesi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le edzi yim le xexeame katãe kple alesi míewɔ ɖekae la kɔte.”

• Ðasefo aɖe tsɔ agbalẽvia fia eƒe dɔwɔhati aɖe si tso India. Dzi dzɔe ŋutɔ esi wòkpɔ gbegbɔgblɔ vovovo siwo katã le eme, eye wòxlẽ gbedasia le eya ŋutɔ degbe me. Esia na wodzro nu bubu geɖewo me ku ɖe Biblia ŋu. Dɔwɔhati aɖe si tso Philippines ƒe nu ku esi wòkpɔ eya ŋutɔ degbe le agbalẽvia me eye esia na wòva te nu geɖe sɔsrɔ̃ tso Yehowa Ðasefowo ŋu.

• Le Canada la, ɖetugbi aɖe si tso Nepal lɔ̃ be Ðasefo aɖe nanɔ Biblia srɔ̃m kpli ye le telefon dzi gake medi be yeakpe Ðasefoa va aƒemee o. Gake esi Ðasefoa ƒo nu tso agbalẽvia kple gbedasi aɖe si le eme le Nepalgbe me ŋu na ɖetugbia la, etsɔ dzidzɔ kpe Ðasefoa be wòava ye gbɔ le aƒeme. Edi vevie be ye ŋutɔ yeakpɔ gbedasia le ye degbe me! Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme le ɖetugbia ƒe aƒeme tso ɣemaɣi.