Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃, Xɔse, Kple Toɖoɖo ƒe Kpeɖodzi Aɖe

Lɔlɔ̃, Xɔse, Kple Toɖoɖo ƒe Kpeɖodzi Aɖe

Lɔlɔ̃, Xɔse, Kple Toɖoɖo ƒe Kpeɖodzi Aɖe

LE May 16, 2005, ƒe ŋdi me la, yame ƒe fafa sɔ nyuie eye xexeame kɔ le Watchtower Farms le Wallkill, New York. Tsi si dza do ŋgɔ na fɔŋli la na sɔgbe siwo dzi woƒo wòsɔ nyuie kple seƒoƒo siwo ŋu woɖe wòsɔ nyuie la nya kpɔ ale gbegbe. Kpakpaxe aɖe kple via sue enyi aɖewo nɔ tsi si nɔ sisim blewu la dzi le ta aɖe to. Alesi teƒea nya kpɔe la wɔ nuku na tsaɖilawo ŋutɔ. Wonɔ nu ƒom na wo nɔewo blewu abe ɖe womedi be yewoagblẽ tomefafa si nɔ teƒea le ŋdi ma la me o ene.

Tsaɖila siawo nye Yehowa Ðasefowo, amesiwo tso dukɔ 48 me le xexeame godoo va. Gake menye teƒe sia ƒe anidzedze kpɔƒee wova o. Nusi nɔ edzi yim le xɔ gã aɖe, si wotsɔ anyikpe dzẽwo tui, si nye United States ƒe Betel-dɔwɔƒe si le Wallkill, si wotu yeyee la me kpɔ gee wova. Le xɔa me la, woƒe nu ku ake, gake toɣliɖeɖe nɔ teƒe sia ya.

Esi tsaɖilaawo ɖo anyime dzisasrã aɖe ƒe yaxɔƒe la, wofɔ ŋku ɖe mɔ̃ gã klitsu nyadriwo dzi le anyime. Agbalẽtamɔ̃ gã atɔ̃ xɔ kɔnkrit-nyigba zɔzrɔ̃e, si ƒe kekeme lolo wu bɔlƒoƒe gã asieke la, dzi keŋ. Afisiae wotana Bibliawo, agbalẽwo, kple magazinewo le. Pɛpa siwo woxatsa wòlolo ale gbegbe, siwo dometɔ ɖesiaɖe ƒe kpekpeme nye kilogram 1,700 la, nɔa totrom abe alesi ʋu gã si le du dzi sesĩe ƒe afɔtiwo trona ƒitsiƒitsii ene. Pɛpa xatsaxatsa gã siawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe didime nye kilometa 23, eye woƒe didime bliboa katã mlona toa etoƒe le agbalẽtamɔ̃a me le miniti 25 pɛ ko me. Le ɣeyiɣi kpui sia me la, mɔ̃a tsɔa nuŋlɔtsi ŋlɔa nui ɖe pɛpa la dzi eye wònana nuŋlɔtsia ƒuna enumake be woate ŋu atrɔ asi le pɛpaawo ŋu woazu magazinewo, eye wotona agbahemɔ̃wo dzi le dzi gome henɔa du dzi sesĩe yina afisi woade wo aɖaka me le ahaɖo ɖe hamewo. Mɔ̃ bubuwo le dɔ dzi vevie le nu ŋlɔm ɖe pɛpa siwo ava zu agbalẽwo mlɔeba la dzi, eye enumake wova dona ɖe xɔ si me wodzrana wo ɖo, woƒe kɔkɔme dea dzisasrãa tɔ ge, eye pɛpa siawo nɔa afima vaseɖe esime woava tsɔ wo ayi agbalẽblaƒee. Kɔmpiuta ƒe mɔfiafia tee nusiawo katã yina edzi le le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ.

Esi tsaɖilaawo do le agbalẽtaƒea ƒe akpa si mɔ̃awo ŋlɔa nu ɖe pɛpawo dzi le la, woyi ɖaɖi tsa le afisi woblana agbalẽwo lena. Le afisia la, mɔ̃wo li siwo trɔna asi le Biblia kple agbalẽ siwo ŋu wodea akpa titriwoe ŋu, siwo katã ƒe xexlẽme nyea 50,000 sɔŋ la le ŋkeke ɖeka ko me. Mɔ̃awo ɖona pɛpa siwo dzi woŋlɔ nuwo ɖo xoxo la ɖe ɖoɖo si dze nu, heblana wo wozua agbalẽwo, eye wòtsoa agbalẽawo ƒe togawo wòsɔna nyuie. Emegbe wòdea akpa titriwo wo ŋu. Mɔ̃a ŋutɔ dea agbalẽ siwo sɔ gbe la agbalẽgowo me. Mɔ̃a ŋutɔ ke trena agbalẽgoawo nu enumake, heŋlɔa nusi le eme kple afisi yim wòle ɖe edzi, hefɔa wo ɖona ɖe nu dzi alesi dze. Gakpe ɖe eŋu la, mɔ̃ bubu siwo trɔa asi le agbalẽ siwo ƒe akpa metri o ŋu hã li, siwo ƒoa te agbalẽ 100,000 sɔŋ heɖona wo ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ le ŋkeke ɖeka ko me. Mɔ̃ sia hã nye mɔ̃ gã si akpa vovovowo li na—nutromɔ̃, nuhemɔ̃, kple eŋutinu vovovo gbogbo aɖewo—wo katã wɔa dɔ le ablaɖeɖe wɔnuku aɖe me tsɔ tana Biblia-srɔ̃gbalẽwoe.

Le alesi wotrɔ asi le mɔ̃ deŋgɔ yeye sia ŋu wòwɔa dɔ ɖe game dzi pɛpɛpɛe kple alesi gbegbe wòwɔa dɔ le ablaɖeɖe si wu gbɔgblɔ mee la nye egbegbe mɔ̃ɖaŋununya si wɔ nuku ale gbegbe. Abe alesi míele ekpɔ gee ene la, enye Mawu ƒe amewo ƒe lɔlɔ̃, xɔse, kple toɖoɖo ƒe kpeɖodzi. Gake nukatae woɖe agbalẽtatadɔwo tso Brooklyn, New York, tsɔ yi Wallkill ɖo?

Susu vevi aɖee nye be woaɖe dɔ gbogbo siwo agbalẽtata kple agbalẽɖoɖoɖa dɔwo wɔwɔ le teƒe vovovowo lɔna ɖe eme la dzi akpɔtɔ to dɔ siawo gbɔ kpɔkpɔ le teƒe ɖeka aɖe ko me. Ƒe geɖewoe nye esia si wotaa agbalẽwo le Brooklyn nɔa ɖoɖom ɖe teƒe vovovowo, eye wotaa magazinewo hã le Wallkill ɖona ɖe teƒe vovovowo. Ne wowɔ dɔ siawo katã le teƒe ɖeka la, aɖe dɔwɔlawo ƒe agbɔsɔsɔme dzi akpɔtɔ eye woate ŋu azã ga siwo woɖe adzɔgbe dzɔ hena Mawu ƒe subɔsubɔdɔa dodo ɖe ŋgɔe la nyuie wu. Gakpe ɖe eŋu la, esi agbalẽtamɔ̃ siwo nɔ Brooklyn nɔ xoxo dom ta la, wodɔ agbalẽtamɔ̃ si nye MAN Roland Lithoman yeye eve tso Germany. Agbalẽtamɔ̃ siawo lolo akpa na agbalẽtaƒe si le Brooklyn.

Yehowa ƒe Asi Le Dɔa Me

Taɖodzinu si tae wotaa agbalẽawo ɖoe nye be woatsɔ ado Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ ɖe ŋgɔ. Edze ƒã tso gɔmedzedzea me ke be Yehowa ƒe yayra le agbalẽtatadɔa dzi. Tso ƒe 1879 va ɖo 1922 me la, agbalẽtadɔwɔƒe siwo menye mía ŋutɔ tɔ o lae ta agbalẽawo na mí. Le ƒe 1922 me la, míehaya dziƒoxɔ tuɖedzi ade le 18 Concord Street le Brooklyn eye míeƒle mɔ̃wo de eme hena agbalẽwo tata. Ɣemaɣi la, ame aɖewo ke ɖi nenye be nɔviawo ŋutɔ ate ŋu awɔ agbalẽtadɔ sia le wo ɖokui si.

Ðikela siawo dometɔ ɖekae nye adzɔha si taa míaƒe agbalẽ akpa gãtɔ na mí tsã la ƒe amegã. Esi wòɖi tsa yi Concord Street dɔwɔƒea la, egblɔ be: “Agbalẽtamɔ̃ adodoeawoe nye sia le mia si, evɔ ame aɖeke mele mia dome si nya alesi woazã woe o. Kaka ɣleti ade nava yi ko la, nusiawo katã akaka ʋayaʋaya; ekema miakpɔe be amesiwo dze ata agbalẽawo na mie nye amesiwo wɔnɛ ɖaa, hebi ɖe dɔ sia wɔwɔ me.”

Robert J. Martin, si kpɔa agbalẽtatadɔa dzi ɣemaɣi, gblɔ be: “Susu le nya mawo me ya, gake eŋlɔ Aƒetɔ la ya be; eye eli kpli mí ɣeawokatãɣi. . . . Eteƒe medidi o míeva nɔ agbalẽwo tam.” Le ƒe 80 siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ biliɔn geɖewo le woa ŋutɔwo ƒe agbalẽtamɔ̃wo dzi.

Emegbe le October 5, 2002, dzi le Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania me tɔwo ƒe ƒe sia ƒe takpekpe me la, woɖe gbeƒãe be Dziɖuha la da asi ɖe edzi be woaɖe agbalẽtatadɔwo tso United States alɔdzedɔwɔƒea atsɔ ayi Wallkill. Wodɔ agbalẽtamɔ̃ yeye eve, eye woaxɔ wo le February 2004 me. Ahiã be nɔviawo nawɔ ɖoɖo ɖe alesi agbalẽtaƒea anɔ kple ekeke ɖe enu ŋu eye woawu dɔ siwo katã wòalɔ ɖe me la nu le ɣleti 15 ko me hena agbalẽtamɔ̃ yeyeawo xɔxɔ. Emegbe ele be woawu asitɔtrɔ le agbalẽblaƒe kple agbalẽɖoɖoɖa dɔwɔƒe yeye hã ŋu nu le ɣleti asieke siwo akplɔe ɖo me. Ðikeke anya ɖo ame aɖewo me ɖe ɣeyiɣi siwo woɖo si me wòle be woawu dɔ siawo gbegbe nu le ŋu—edze abe womate ŋu awu dɔawo nu le ɣeyiɣi si woɖo me o ene. Gake nɔviawo nyae be Yehowa ƒe yayra ate ŋu ana yewoawɔe ade goe.

“Nuwɔwɔ Aduadu le Dzidzɔ Me”

Esi nɔviawo nya be Yehowa ƒe amewo atsɔ wo ɖokui ana faa ta la, wodze dɔa gɔme. (Psalmo 110:3) Dɔa ƒe lolome bia dɔwɔla geɖe kura wu amesiwo nye xɔtulawo le Betel siwo kpɔa xɔtunyawo gbɔ ko. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 1,000 siwo nya nu tso xɔtutu ŋu la tso United States kple Canada va, eye wotsɔ wo ɖokui na le lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ hena ɣeyiɣi aɖe ƒe ɖoɖo si wowɔ me be yewoakpe asi ɖe dɔa ŋu hena ɣeyiɣi ƒe didime vovovowo tso kwasiɖa ɖeka va ɖo ɣleti etɔ̃. Wokpe ame bubu siwo nye dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo be woava kpe asi ɖe dɔa ŋu. Nutome Xɔtukɔmitiwo hã do alɔ dɔa ale gbegbe.

Le ame geɖe gome la, ɖokuitsɔtsɔna faa hena Wallkill xɔtudɔa wɔwɔ bia be woa ŋutɔwo nazã ga geɖe le mɔzɔzɔ kple woƒe dɔwɔɖui gbegblẽ ɖi hena ɣeyiɣi aɖe la ta. Ke hã, wotsɔ nusiawo sa vɔ dzidzɔtɔe. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla gbogbo siawo xɔxɔ kple nuɖuɖu nana wo na mɔnukpɔkpɔ geɖewo Betel-ƒomea me tɔwo be woawɔ wotɔ sinua atsɔ ado alɔ dɔae. Betel-ƒomea me tɔ siwo wu 535, amesiwo tso Brooklyn, Patterson, kple Wallkill, tsɔ wo ɖokui na faa hekpe asi ɖe xɔa tutu ŋu le Memleɖagbewo, tsɔ kpe ɖe woƒe dɔdasi vovovo siwo wowɔna ɖaa le kwasiɖaa me ŋu. Kpekpeɖeŋu manyagblɔ si Mawu ƒe amewo na le dɔ gã nyadri sia wɔwɔ me la te ŋu yi edzi elabena Yehowa ƒe asi nɔ dɔa me.

Ame bubuwo na gakpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔviawo xɔ lɛta aɖe tso Abby si xɔ ƒe asieke gbɔ. Eŋlɔ bena: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ siwo katã miewɔna—hetana agbalẽ nyui siawo katã—la ŋu ale gbegbe. Ðewohĩ mava srã mi kpɔ kpuie. Fofonye gblɔ be míava srã mi akpɔ le ƒe si gbɔna me! Made akɔtagbalẽvi be wòana mianya amesi menye. Mixɔ ga home sia si nye dɔlar 20 hena agbalẽtamɔ̃ yeyeawo! Nye kotokumega si wonanam ye, gake medi be matsɔe ana mi nɔviwo.”

Nɔvinyɔnu aɖe hã ŋlɔ bena: “Taflatse mixɔ nye nunana si nye kuku siwo nye ŋutɔ metsɔ nye asi beli eveawo lɔ̃e. Medi be miatsɔ kuku siawo ana dɔwɔla siwo le asi kpem ɖe Wallkill xɔtudɔa ŋu. Nyatakakanagbalẽ aɖe gblɔ be vuvɔŋɔlia nu le sesẽ ge ŋutɔ. Ne vuvɔŋɔlia ava loo alo mava o, nyemenya o. Gake menyae be gotae Wallkill dɔa ƒe akpa gãtɔ ayi edzi le, eye medi be makpɔ egbɔ be nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo tsyɔ nu ta be vuvɔ nagawɔ wo o. Nyemenya aɖaŋudɔ siwo wohiãna la dometɔ aɖeke wɔwɔ o, gake mete ŋu lɔ̃a nuwo kple ka, eyata meɖoe be mazã aɖaŋu sia atsɔ ana kpekpeɖeŋu si mate ŋui.” Etsɔ kuku 106 siwo wòtsɔ asi lɔ̃e la kpe ɖe lɛtaa ŋu!

Wowu agbalẽtaƒea keke ɖe enu dɔa nu ɖe ɣeyiɣi dzi. John Larson, si nye agbalẽtatadɔa dzikpɔla, gblɔ be: “Nuwɔwɔ aduadu le dzidzɔ me nye nɔnɔme si xɔ aƒe ɖi. Amekae ake ɖi le alesi wòdze ƒã be Yehowae le dɔa yram la ŋu? Nuwo tsɔ afɔ kabakaba nyuie ŋutɔ. Meɖo ŋku edzi be menɔ tsitre ɖe ba me le May 2003 me nɔ nɔviawo kpɔm esime wonɔ xɔa ƒe gɔmeɖokpe ɖom anyi. Le ƒe ɖeka kloe megbe la, meganɔ tsitre ɖe teƒe ma ke henɔ alesi agbalẽtamɔ̃ aɖe nɔ dɔ wɔmee kpɔm.”

Xɔŋukɔkɔ Wɔna

Wowɔ ɖoɖo hekɔ agbalẽtaƒe yeyea kple xɔ gã etɔ̃, siwo nye xɔdɔmewo, ŋu le Wallkill, le Dzoɖa, May 16, 2005, dzi. Woto video-kadodomɔnuwo dzi na be Betel-ƒe siwo le Patterson kple Brooklyn, kpakple Canada Betel me nɔlawo siaa kpɔ gome le xɔŋukɔkɔ wɔnaa me. Le wo katã me la, ame 6,049 sɔŋ ye kpɔ gome le xɔŋukɔkɔ wɔna la me. Theodore Jaracz, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ, ye nɔ zi me eye wòƒo nu tso agbalẽtatadɔa ƒe ŋutinya ŋu kpuie. Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo nye John Larson kple John Kikot tsɔ gbebiamewo kple video-ɖeɖefiawo dzro xɔtudɔa kple alesi agbalẽtatadɔwo yi edzi le United States la ƒe ŋutinya me. John Barr, si nye Dziɖuha me tɔ, ye ƒo nuƒo mamlɛtɔa, eye wòkɔ agbalẽtaƒe yeyea kple xɔ gã etɔ̃a, siwo nye xɔdɔmewo, ŋu na Yehowa Mawu.

Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, wona Betel-ƒomea me tɔ siwo tso Patterson kple Brooklyn va ɖi tsa le dɔwɔƒe yeyea ƒe teƒe vovovoawo. Amesiwo va ɖi tsa le teƒea le kwasiɖa ma me la katã ƒe xexlẽmee nye 5,920.

Aleke Míebua Agbalẽtaƒeae?

Le xɔŋukɔnuƒoa me la, Nɔviŋutsu Barr ɖo ŋku edzi na eƒe nyaselawo be eɖanye aleke kee agbalẽtaƒea wɔ dɔ ɖe ame dzii o, eƒe vevienyenye menɔ te ɖe mɔ̃ gã gãawo dzi o. Amewo dzie eƒe vevienyenye nɔ te ɖo koŋ. Agbalẽ siwo míetana la kpɔa ŋusẽ gã ɖe amewo ƒe agbe dzi.

Agbalẽtamɔ̃ yeyeawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ata trakt miliɔn ɖeka sɔŋ le gaƒoƒo ɖeka kple nu vi aɖe pɛ ko me! Gake trakt ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ɖe ame aɖe ƒe agbe dzi kura wu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1921 me le South Africa la, ketekemɔdzraɖolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe wɔ dɔ le ketekemɔ ƒe akpa aɖewo ŋu de teƒe didi aɖe. Wo dometɔ ɖeka, si nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Christiaan, ƒe ŋku kli pɛpa aɖe si woŋe tsɔ ƒo ɖe ketekegakpo aɖe te. Míaƒe traktwo dometɔ ɖekae. Christiaan xlẽe kple ɖetsɔleme blibo. Eƒu du yi toyɔvia gbɔ hegblɔ nɛ dzidzɔtɔe be: “Egbea meke ɖe nyateƒea ŋu!” Eteƒe medidi o, woŋlɔ agbalẽ tsɔ bia be woaɖo nyatakaka bubuwo ɖe yewo. South Africa alɔdzedɔwɔƒea ɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo ɖe wo. Ŋutsu evea srɔ̃ nu, xɔ nyɔnyrɔ, eye wogblɔ Biblia me nyateƒea na ame bubuwo. Nusi do tso emee nye be, ame geɖewo va xɔ nyateƒea. Le nyateƒe me la, kaka ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze naɖo la, woƒe dzidzimevi siwo wu alafa ɖeka nye Yehowa Ðasefowo—esiawo katã nye ame ɖeka aɖe ƒe trakt ɖeka pɛ si wòfɔ le ketekemɔ dzi la me tsonu!

Nɔviŋutsu Barr gblɔ be, agbalẽ siwo míetana hea amewo vaa nyateƒea me, wonaa wolia ke ɖe nyateƒea me, wodea dzo wo me be woado vevie nu geɖe wu, eye wonaa nɔviwo ƒe habɔbɔa wɔa ɖeka. Ƒo wo katã ta la, agbalẽawo mama, si me mí katã míekpɔa gome lena la, hea ŋutikɔkɔe vɛ na mía Mawu, Yehowa!

Aleke Yehowa Buna Agbalẽtaƒeae?

Nɔviŋutsu Barr bia tso nyaselaawo si hã be woade ŋugble le alesi Yehowa buna agbalẽtaƒeae ŋu. Le nyateƒe me la, meɖo ŋu ɖe eŋu ale o. Ate ŋu ana kpewo naɖe gbeƒã nyanyuia! (Luka 19:40) Gakpe ɖe eŋu la, mɔ̃ nyadri si akpa vovovowo li na, eƒe lolome, eƒe ablaɖeɖe, alo nusiwo gbegbe wòte ŋu wɔna katã mewɔa dɔ ɖe Yehowa dzi ale o. Elabena eyae wɔ xexeme bliboa katã! (Psalmo 147:10, 11) Yehowa nya mɔnu siwo deŋgɔ sasasã wu si dzi woato ata agbalẽwo, si nye mɔnu siwo amegbetɔwo meto vɛ kpɔ loo alo woahayi tame va ge na wo o. Ke nukae Yehowa kpɔna si ŋu wòdea asixɔxɔe vevie? Le nyateƒe me la, ekpɔa eƒe amewo ƒe nɔnɔme xɔasiwo—woƒe lɔlɔ̃, xɔse, kple toɖoɖo—le agbalẽtaƒe sia.

Nɔviŋutsu Barr wɔ kpɔɖeŋu tsɔ ɖe akpa si lɔlɔ̃ wɔ la fia. Nyɔnuvi aɖe ɖa nu na edzilawo. Edzilawo anya kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. Ẽ, ne nuɖuɖua meɖavivi o hã la, nusi ŋu dzilaawo kpɔ ŋudzedze ɖoe nye ɖevia ƒe lɔlɔ̃, si dze le eƒe dɔmenyo nuwɔnaa me. Nenema kee, ne Yehowa lé ŋku ɖe agbalẽtaƒe yeye sia ŋu la, ekpɔa nusiwo yi ŋgɔ wu xɔa kple mɔ̃awo ko. Gbã la, ekpɔnɛ be enye lɔlɔ̃ɖeɖefia le yeƒe ŋkɔ la ta.—Hebritɔwo 6:10.

Gakpe ɖe eŋu la, abe alesi Yehowa bu Noa ƒe aɖakaʋua be enye Noa ƒe xɔse ɖeɖe fiae ene la, nenema kee wòkpɔa agbalẽtaƒea be enye míaƒe xɔse ƒe kpeɖodzi si dze gaglãa. Nuka ƒe xɔse ɖeɖe fiae? Xɔse nɔ Noa si be nusi Yehowa gblɔ ɖi la ava eme. Xɔse le míawo hã si be míele agbe le ŋkeke mamlɛawo me, be nyanyuiae nye gbedasi vevitɔ kekeake si wole gbeƒã ɖemee le anyigba dzi, eye be ele vevie be amewo nasee. Míenya be Biblia me gbedasia ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe.—Romatɔwo 10:13, 14.

Ðikeke mele eme o be, Yehowa kpɔa toɖoɖo ƒe nɔnɔme si míeɖena fiana le agbalẽtaƒe sia hã. Abe alesi míenyae ene la, eƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia le xexeame katã hafi nuwuwua nava. (Mateo 24:14) Agbalẽtaƒe sia kple bubu siwo katã le xexeame ƒe akpa bubuwo, awɔ akpa vevi aɖe le dɔdasi ma wɔwɔ de goe me.

Nyateƒee, lɔlɔ̃, xɔse, kple toɖoɖo si nɔviawo ɖe fia la dzena le gadzɔdzɔ, xɔtudɔwo, kple agbalẽtaƒe siawo zazã me la hã le Yehowa ƒe amewo ƒe nuwɔwɔ dzonɔamemetɔe me le afisiafi le esi woyi edzi le gbeƒã ɖem nyateƒea na amesiwo katã lɔ̃ be yewoasee.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Agbalẽtatadɔ Keke Ðe Enu Le United States

1920: Wozã míaƒe agbalẽtamɔ̃ gbãtɔ tsɔ ta magazinewo, le 35 Myrtle Avenue, Brooklyn.

1922: Woɖe agbalẽtaƒea yi dziƒoxɔ aɖe si nye tuɖedzi ade me le 18 Concord Street. Tso ƒe sia mee Habɔbɔa ŋutɔ te agbalẽwo tata.

1927: Woɖe agbalẽtaƒea yi xɔ yeye si wotu ɖe 117 Adams Street mee.

1949: Dziƒoxɔ tuɖedzi asieke si wova tu kpee na be agbalẽtaƒea lolo ɖe edzi zi gbɔ zi eve.

1956: Wogakeke Adams Street agbalẽtaƒea ɖe enu wòlolo teƒe eve ake esi wotu xɔ yeye kpee le 77 Sands Street.

1967: Wotu dziƒoxɔ tuɖedzi ewo bubu aɖe kpee, si na agbalẽtaƒea, si ƒe xɔwo do ka kple wo nɔewo le nuto ɖeka me, va lolo zi gbɔ zi ewo wu alesi wònɔ le gɔmedzedzea me.

1973: Wotu agbalẽtaƒe bubu aɖe ɖe Wallkill, hena magazinewo tata koŋ.

2004: Woɖe agbalẽtata, agbalẽbabla, kple agbalẽɖoɖoɖa dɔ siwo yia edzi le United States la katã yi teƒe ɖeka le Wallkill.