Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Meɖoe Kplikpaa Be Mayi Edzi Asubɔ Wɔnyela

Meɖoe Kplikpaa Be Mayi Edzi Asubɔ Wɔnyela

Agbemeŋutinya

Meɖoe Kplikpaa Be Mayi Edzi Asubɔ Wɔnyela

ABE ALESI CONSTANCE BENANTI GBLƆE ENE

Ðeko wòdzɔ zi ɖeka kpoyi! Le ŋkeke ade ko me la, ŋudza si nu sẽ ŋutɔ la dze mía vinyɔnu Camille, si xɔ ɣleti 22, dzi eye wòku. Nye nuxaxa menɔ gbɔgblɔ me o. Medi be nye hã maku. Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe nusia dzɔ ɖo? Metɔtɔ.

DZINYELAWO nye amesiwo ʋu tso Castellammare del Golfo, si nye du aɖe si le Sicily, Italy, va. Wova nɔ New York City, afisi wodzim ɖo le December 8, 1908, dzi. Míaƒe ƒomea me tɔwoe nye fofonye, danye, kple vi enyi, ŋutsuvi atɔ̃ kple nyɔnuvi etɔ̃. *

Le ƒe 1927 me la, fofonye, Santo Catanzaro, te Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi, ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe ƒe kpekpewo dede. Giovanni De Cecca, si nye nɔviŋutsu Italytɔ aɖe, si nɔ dɔ wɔm le dɔwɔƒegã (si woyɔna be Betel) le Brooklyn, New York, kpɔa kpekpewo dzi le nuto si me míenɔ, si te ɖe New Jersey ŋu, la me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa te gbeƒãɖeɖe eye emegbe wòƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, dɔ siae wòwɔ ʋuu vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 1953 me.

Esi Dada nye ɖetugbi la, edi be yeava nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔla, gake edzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ o. Le gɔmedzedzea me la, Dada ble nunye be nyemagasrɔ̃ Biblia kple Papa o. Gake eteƒe medidi o mede dzesi tɔtrɔ aɖewo le Papa ŋu. Eva nɔ dzi gbɔm ɖi wu, eye wòva fa tu hã wu, eye ŋutifafa va xɔ aƒe ɖe ƒomea me wu. Ema lé dzi nam.

Le ɣeyiɣi mawo me la, xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ mía kple Charles, si wodzi ɖe Brooklyn eye mía kplii míele ƒe me la dome. Woƒe ƒomea hã ʋu, abe mía tɔ ke ene, tso Sicily va. Eteƒe medidi o, míeva nɔ srɔ̃ɖeŋugbedodo me, eye esi Papa gbɔ tso ƒe 1931 takpekpe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Columbus, Ohio, la, míeɖe srɔ̃. Le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe gbãtɔ me la, míedzi mía vinyɔnuvi Camille. Esi wòku la, helehelé tsi akɔ nam. Gbeɖeka la, Charles nɔ avi fam hegblɔ nam be: “Vinye koe Camille nye abe alesi wònye wò hã viwòe ene. Nukatae míayi míaƒe gbesiagbe dɔwɔnawo dzi ahanɔ akɔ fam na mía nɔewo o?”

Míexɔ Biblia me Nyateƒea

Charles ɖo ŋku edzi nam be Papa ƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu esi wònɔ Camille ƒe ku nuƒoa ƒom. Mebiae be: “Èxɔ tsitretsitsia dzi se nyateƒea?”

Eɖo eŋu be: “Ẽ mexɔe se! Nukatae míasrɔ̃ nu geɖe tso nusi Biblia gblɔ tso esia ŋu la ŋuti o?”

Nyemete ŋu dɔ alɔ̃ le zã ma me o. Le ŋdi ga ade me, hafi Papa nadzo ayi dɔme la, meyi ɖe egbɔ ɖagblɔ nɛ be mía kple Charles míedi be míasrɔ̃ Biblia. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòdzo kplam. Dada, si mefɔ le aba dzi haɖe o la, se be míenɔ nu ƒom. Ebiam be nukae dzɔ hã? Meɖo eŋu nɛ be: “Naneke medzɔ o. Ðeko mía kple Charles míeɖoe be míasrɔ̃ Biblia.”

Dada gblɔ nam be: “Ehiã be mí katã míasrɔ̃ Biblia.” Eyata mí katã, tsɔ kpe ɖe nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo ŋu—mí le ame 11—míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ɖekae abe ƒome ene.

Bibliaa sɔsrɔ̃ fa akɔ nam, eye alesi nye susu tɔtɔ eye menɔ nu xamee la dzi va nɔ ɖeɖem kpɔtɔ vivivi eye mɔkpɔkpɔ va su asinye. Le ƒe ɖeka megbe, si nye ƒe 1935 me la, mía kple Charles míete Biblia me nyateƒeawo gbɔgblɔ na amewo. Le nuƒo aɖe si woƒo le dɔwɔƒegã si le Brooklyn le February 1937 me, si me woɖe alesi Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso vevienyenye si le nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ŋu, sese vɔ megbe la, wonyrɔ mía kple ame bubu geɖewo ɖe ta aɖe me, le amedzrodzeƒe aɖe si te ɖe teƒea ŋu. Menye alesi magava kpɔ vinyenyɔnuvia ake ta koe mexɔ nyɔnyrɔ ɖo o, ke ɖe alesi medi vevie be masubɔ mía Wɔla, si meva nya helɔ̃e hã tae.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze

Nuƒoƒo na amewo tso nusiwo mesrɔ̃ ŋu doa dzidzɔ nam hevivia nunye, vevietɔ le esi ame geɖewo xɔa Fiaɖuƒegbedasia ɣemaɣi hekpɔa gome le gbeƒãɖeɖe tso eŋu me la ta. (Mateo 9:37) Le ƒe 1941 me la, mía kple Charles míeva zu mɔɖelawo, si nye alesi Yehowa Ðasefowo yɔa woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe. Le ema megbe kpuie la, míeƒle kekexɔ aɖe, eye Charles tsɔ míaƒe ƒomea ƒe atawuitɔtɔ dɔwɔƒe de asi na nɔvinyeŋutsu Frank. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dzi dzɔ mí ale gbegbe esi míexɔ lɛta si me wogblɔ na mí le be woɖo mí mɔɖela veviwoe. Le gɔmedzedzea me la, míesubɔ le New Jersey, eye emegbe woɖo mí ɖe New York State.

Esi míeyi takpekpe aɖe le Baltimore, Maryland, le ƒe 1946 me la, wobia tso mía si be míakpe kple Yehowa Ðasefowo ƒe amedɔdɔ tɔxɛ aɖewo. Le afima la, Nathan H. Knorr kple Milton G. Henschel kpe kpli mí. Woƒo nu tso dutanyanyuigblɔdɔa wɔwɔ ŋu na mí, eye vevietɔ, wote gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Italy dzi. Woɖo aɖaŋu na mí be míabu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua dede ŋu.

Wogblɔ na mí be: “Mibu eŋu eye emegbe miava na ŋuɖoɖoa mí.” Esi míedo le woƒe ɔfisia la, mía kple Charles míekpɔ mía nɔewo ŋkume, hetrɔ ge ɖe ɔfis la. Míegblɔ na wo be: “Míebu eŋu vɔ. Míele klalo na Gilead Sukua dede.” Ŋkeke ewo megbe la, míedze Gilead Sukua ƒe klass adrelia dede gɔme.

Míaŋlɔ ɣleti siwo wotsɔ na hehe míi be akpɔ gbeɖe o. Nusi koŋ wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔe nye dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ si nufialawo ɖe fia mí tsɔ nɔ mía dzram ɖo bene míate ŋu akpe akɔ kple kuxi siwo anɔ subɔsubɔdɔa wɔwɔ le duta me la. Esi míewu sukua nu le July 1946 me la, woɖo mí ɖe New York City ƒe teƒe si Italygbedolawo sɔ gbɔ ɖo bene míaɖaɖe gbeƒã le afima hena ɣeyiɣi aɖe. Emegbe dzidzɔŋkeke gã la ɖo! Le June 25, 1947, dzi la, míedze mɔ yina ɖe míaƒe dutanyanyuigblɔdɔa wɔƒe le Italy.

Míaƒe Dɔdasia Wɔwɔ

Míeɖo meli aɖe si asrafowo zãna tsã la tsɔ zɔ mɔae. Le ƒua dzi nɔnɔ ŋkeke 14 megbe la, míeva ɖi go ɖe Italytɔwo ƒe melidzeƒe si le Genoa. Xexemeʋa II, si ke ƒe eve pɛ koe nye ma la, gblẽ nu le dugã sia ŋu ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, bɔmb siwo woda la kaka fesrewo katã ɖa le ketekedzeƒea ƒe xɔwo ŋu. Míeɖo keteke tso Genoa yi ɖe Milan, afisi alɔdzedɔwɔƒea kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe nɔ.

Agbenɔnɔ le Italy, le aʋaa megbe, menɔ bɔbɔe kura o. Wogbugbɔ nɔ dua tsom, gake hiãkame nɔ nu tum kple ame gbogbo aɖewo. Eteƒe medidi o, medze dɔ sesẽ aɖe. Ðɔkta aɖe gblɔ nam be nu gblẽ le nye dzi ŋu ale gbegbe be ebui be anyo be matrɔ ayi United States. Edzɔ dzi nam be mekpɔe nyuie o. Ƒe 58 sɔŋ enye esia megakpɔtɔ le dɔ si wode asi nam la wɔm le Italy.

Esi míete míaƒe dɔdasia wɔwɔ le ƒe ʋɛ aɖewo megbe ko la, nɔvinyeŋutsu siwo le United States di be yewoaƒle ʋu na mí. Gake Charles ɖo asi wo dzi eye mekpɔ ŋudzedze ɖe nyametsotso ma ŋu. Míede dzesii be ʋu menɔ Ðasefo aɖeke si ɣemaɣi le Italy o, eye Charles bui be anyo be míanɔ agbe wòasɔ ɖe alesi mía nɔvi Kristotɔwo nɔnɛ le afisiae nu. Ƒe 1961 me ke hafi ʋu sue aɖe va su mía si.

Xɔtexɔ aɖe si me wode anyii ye nye míaƒe Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ si nɔ Milan. Ameɖokuidzraɖoƒe aɖeke menɔ afima o, eye ne tsi dza la, teƒea ɖɔna. Afiviwo hã nɔa du dzi le akpata la me. Kaɖi evee míesina ɖe akpataa me ne míele kpekpeawo wɔm. Togbɔ be nɔnɔme madeamedzi siawo nɔ anyi hã la, edea dzi ƒo be míakpɔ be dzianukwaretɔwo vaa míaƒe kpekpewo eye wova wɔa ɖeka kpli mí mlɔeba le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

Dutanyanyuigblɔdɔa me Nuteƒekpɔkpɔwo

Gbeɖeka la, míetsɔ agbalẽvi si nye Peace—Can It Last? na ŋutsu aɖe. Esi míenɔ dzodzom le egbɔ la, srɔ̃a, Santina, gbɔ tso asime. Eƒe dzi ho vie, eye wògblɔ be vinyɔnuvi enyi sɔŋue le yesi wòle be yeakpɔ wo gbɔ, eyata ɣeyiɣi aɖeke kura mele ye ŋu yeatsɔ aɖo dzee o. Esi megayi Santina gbɔ ake la, srɔ̃a menɔ aƒea me o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ ka nɔ awu lɔ̃mee. Egblɔ be: “Vovo mele ŋunye kura ne mayi to ɖo ge wò o. Tsɔ kpe ɖe eŋu hã la, nyemenya nuxexlẽ o.”

Medo gbe ɖa na Yehowa le tame eye emegbe mebiae be ate ŋu alɔ̃ vuvɔmewu na srɔ̃nye ne maxe fe nɛ hã. Santina wu awua lɔ̃lɔ nu hetsɔe nam le kwasiɖa eve megbe, eye mete Biblia sɔsrɔ̃ kplii edziedzi le Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye“The Truth Shall Make You Free” me. Santina srɔ̃ nuxexlẽ, eye togbɔ be srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu hã la, ewɔ ŋgɔyiyi eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Vianyɔnuawo dometɔ atɔ̃ va zu Ðasefowo, eye Santina kpe ɖe ame bubu geɖewo hã ŋu be woxɔ Biblia me nyateƒea.

Le March 1951 me la, woɖo mía kple dutanyanyuigblɔla eve bubuwo—Ruth Cannon * kple Loyce Callahan, amesi Bill Wengert va ɖe emegbe—ɖe Brescia, afisi Ðasefo aɖeke menɔ o. Míekpɔ xɔ nyui aɖe haya, gake le ɣleti eve megbe la, aƒea tɔ gblɔ na mí be míaʋu le aƒea me le gaƒoƒo 24 me. Esi Ðasefo aɖeke menɔ nutoa me o ta la, naneke meli míawɔ wu be míayi aɖadze amedzrodzeƒe o, míenɔ afima wòde ɣleti eve kloe.

Esi ganyawo menɔ mía kpam o ta la, kɔfi kple yevuboloe míeɖuna ŋdi, heɖua abolo kple nyinotsibabla kpakple atikutsetse le ŋdɔ me, eye míegaɖua abolo kple nyinotsibabla kpakple atikutsetse le fiẽ me. Togbɔ be míenɔ nɔnɔme madeamedzi siawo me hã la, dzi dzɔa mí eye míaƒe dzi hã dzea eme. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míekpɔ xɔ sue aɖe wɔa kpekpewo le eme, eye Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si míewɔ le ƒe 1952 me la, ame 35 ye nɔ xɔ sue ma si míezãna wònyea Fiaɖuƒe Akpata la me.

Tenɔnɔ Ðe Kuxiwo Nu

Le ɣemaɣi me la, sɔlemehakplɔlawo gakpɔtɔ kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi míenɔ gbeƒã ɖem le Brescia la, nunɔla aɖe de dzi ƒo na ŋutsuvi aɖewo be woaƒu kpe mí. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míete Biblia sɔsrɔ̃ kple ame 16, eye eteƒe medidi hafi wova zu Ðasefowo o. Eye ameka hãe nɔ wo dome? Ŋutsuvi siwo do ŋɔdzi na mí be yewoaƒu kpea mí la dometɔ ɖekae! Enye hamemegã fifia le hame siwo le Brescia la dometɔ ɖeka me. Esi míedzo le Brescia le ƒe 1955 me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 40 ye nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm.

Le ema megbe la, míesubɔ ƒe etɔ̃ le Leghorn (Livorno), afisi Ðasefowo dometɔ akpa gãtɔ nye nyɔnuwo le. Esia wɔe be mí nɔvinyɔnuwo va nɔ hamea me dɔ siwo nɔviŋutsuwo wɔna la wɔm. Eyome míeʋu yi Genoa, afisi míedze míaƒe dɔdasia gɔme tsoe, ƒe 11 do ŋgɔ. Fifia ya la, hame nɔ afima. Dziƒoxɔ si dzi míenɔ la tee nye Fiaɖuƒe Akpata la.

Esi míeva ɖo Genoa la, mete Biblia sɔsrɔ̃ kple nyɔnu aɖe si srɔ̃ nye kɔdala tsã, eye wòɖo kɔdadasrɔ̃ƒe. Nyɔnua wɔ ŋgɔyiyiwo le gbɔgbɔ me eye eteƒe medidi o wòva zu mía nɔvinyɔnu Kristotɔ. Gake srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu hena ɣeyiɣi didi aɖe. Emegbe eva te srɔ̃nyɔnua kpɔkplɔ ɖo nɔa kpekpeawo vam. Le esi teƒe be wòage ɖe akpata la me la, enɔa gota boŋ nɔa to ɖom. Emegbe esi míedzo le Genoa la, míese be ebia be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, exɔ nyɔnyrɔ eye wòva zu Kristotɔ dzikpɔla lɔ̃ame aɖe. Eyi edzi wɔ nuteƒe vaseɖe eƒe kugbe.

Mesrɔ̃ Biblia kple nyɔnu aɖe hã si nɔ ŋugbedodo me kple kpovitɔ aɖe. Le gɔmedzedzea me la, kpovitɔa ɖe ɖetsɔleme aɖe tɔgbe fia, gake esi wonya ɖe srɔ̃ ko la, eƒe nɔnɔme trɔ. Etsi tre ɖe nyɔnua ŋu, si wɔe be wòdzudzɔ nua sɔsrɔ̃. Emegbe esi wògate Biblia sɔsrɔ̃ la, srɔ̃aŋutsua do ŋɔdzi nɛ be ne yegakpɔ mí ake be míele nu srɔ̃m la, yeada tu mía kple evea siaa. Ke ha, nyɔnua wɔ ŋgɔyiyi heva zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ. Made esia ya eme ko be, srɔ̃ŋutsua megaxa tua da mí o. Le nyateƒe me, le ƒe aɖewo megbe la, esi meyi takpekpe aɖe le Genoa la, ame aɖe koe to megbenye va tsyɔ asi mo nam hebiam be mate ŋu ayɔ amesi mebu be yeanye hã. Esi wòɖe asi eye metrɔ kpɔ be nyɔnu ma srɔ̃ae la, dzi dzɔm ale gbegbe be aɖatsi koe te gege le mo nam. Esi wòwɔ atuu nam vɔ megbe la, egblɔ nam be yexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe yeƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi gbemagbe!

Tso ƒe 1964 vaseɖe 1972 me la, mɔnukpɔkpɔa su asinye be mekplɔ Charles ɖo esi wònɔ hamewo srãm kpɔ henɔ ŋusẽ dom wo le gbɔgbɔ me. Míewɔ subɔsubɔdɔa le dziehe Italy ƒe nutoawo katã kloe me—le Piedmont, Lombardy, kple Liguria. Emegbe míegava yi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi le du si nye Florence me eye emegbe míeyi ɖawɔe le Vercelli. Le ƒe 1977 me la, hame ɖeka koe nɔ Vercelli, gake esime míenɔ dzodzom le ƒe 1999 me la, hame etɔ̃ ye nɔ afima. Le ƒe ma me la, mexɔ ƒe 91, eye wode dzi ƒo na mí be míaɖanɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme le Rome, si nye xɔ sue dzeani aɖe eye wòle tomefafa teƒe aɖe.

Blanuiléɣi Bubu

Le March 2002 la, Charles, si nɔ lãmesẽ me ɣeawokatãɣi la, dze dɔ kpata. Eƒe lãmegbegblẽa me va sẽ ɖe edzi kakaka wòtsɔ kui le May 11, 2002 dzi. Ƒe 71 enye ema si míefa avi ɖekae le blanuiléɣiwo hekpɔ dzidzɔ ɖekae ne míexɔ yayrawo. Eƒe kua na nu xɔasi ŋutɔ aɖe bu nam.

Zi geɖe la, metsɔa susu kpɔa Charles ɖaa wònɔa eƒe kpekpedewu kple eƒe kuku, si nɔ tsia dzi le ƒe 1930-awo me, la me ɖaa. Ðeko wòwɔna nam abe ɖe wòle alɔgbɔnu kom mele kpɔkpɔm ene, alo ewɔna nam abe ɖe mele alesi wòkoa nui menya la sem ene. Meda akpe na Yehowa ɖe kpekpeɖeŋu si wònam kple ɖe lɔlɔ̃ si nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo ɖe fiam la ta, ewɔe be mete ŋu le dzi dom le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me magakpɔ Charles ake.

Nye Subɔsubɔdɔa Dziyiyi

Wɔnyela subɔsubɔe nye agbemenu dodzidzɔname si ƒo ɖesiaɖe ta nam. Esi ƒewo va le yiyim la, ‘meɖɔe kpɔ, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.’ (Psalmo 34:9) Mekpɔe be elɔ̃m eye wòkpɔ tanye hã. Togbɔ be vi ku nam hã la, Yehowa nam gbɔgbɔmeviŋutsu kple gbɔgbɔmevinyɔnu geɖe—siwo le Italy ƒe akpa vovovowo—siwo doa dzidzɔ na mía kpli siaa ƒe dzi.

Nuƒoƒo tso Wɔnyela ŋu na amewo nye nu dodzidzɔname si melɔ̃na be mawɔ ɣeawokatãɣi. Eyatae meyia edzi ɖea gbeƒã hesrɔ̃a Biblia kple amewo ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, etena ɖe dzinye be nye lãmesẽ menaa mɔm be mawɔ geɖe o. Gake menyae be Yehowa nya nye ŋutetewo eye be elɔ̃m hekpɔa ŋudzedze ɖe esi mete ŋu wɔna la ŋu. (Marko 12:42) Medzea agbagba be matsɔ Psalmo 146:2 me nyawo awɔ tɔnyee be: “Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.” *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Wota tsɛnye, Angelo Catanzaro, ƒe agbemeŋutinya ɖe April 1, 1975, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 205-7, me.

^ mm. 28 Eƒe agbemeŋutinya dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, May 1, 1971, axa 277-80 me.

^ mm. 41 Nɔvinyɔnu Benanti trɔ megbe le July 16, 2005, dzi esime wonɔ nyati sia ŋlɔm. Exɔ ƒe 96.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Camille

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Le míaƒe srɔ̃kpegbe, ƒe 1931 me

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Togbɔ be Dada melɔ̃ gbã o hã la, eva lɔ̃ be mí katã míasrɔ̃ Biblia

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple Nɔviŋutsu Knorr, esime míewu Gilead suku nu le ƒe 1946 me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mía kple Charles do ŋgɔ teti na eƒe ku