Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Evelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Evelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Kronika ƒe Agbalẽ Evelia Me

WODZE Biblia-gbalẽ si nye Kronika Evelia ŋɔŋlɔ gɔme kple nuƒoƒo tso Salomo ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ŋu. Wotsɔ nya siwo Persia-Fia Kores gblɔ na Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilonia la wu agbalẽa ŋɔŋlɔ nui be: “[Yehowa] de se nam be, matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi [Yerusalem] eye Yehowa, eƒe Mawu la, anɔ kplii!” (Kronika II, 36:23) Agbalẽ sia si ŋɔŋlɔ nu nunɔla Ezra wu le ƒe 460 D.M.Ŋ. la ƒo nu tso ƒe 500—si tso ƒe 1037 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 537 D.M.Ŋ—me nudzɔdzɔwo ŋu.

Se si Kores de la wɔe be Yudatɔwo te ŋu trɔ yi Yerusalem hegbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu ɖo anyi le afima. Gake ƒe gbogbo siwo wotsɔ nɔ aboyo me le Babilon la gblẽ nu geɖe ŋutɔ. Aboyome siwo trɔ gbɔ la menya nu boo tso woawo ŋutɔ dedua ƒe blemaŋutinyawo ŋu o. Kronika ƒe agbalẽ evelia na wonya nusiwo dzɔ le fia siwo nye Dawid ƒe fiaƒomea me tɔwo dometɔ ɖesiaɖe ƒe fiaɖuɣi me la tsitotsito. Viɖe le numeɖeɖe siawo ŋu na míawo hã elabena ekɔ nu me ku ɖe yayra siwo dona tsoa toɖoɖo Mawu vavã la me kple tomaɖomaɖoe me tsonuwo ŋu.

FIA AÐE TU XƆ NA YEHOWA

(Kronika II, 1:1–9:31)

Yehowa na nusi Fia Salomo ƒe dzi di—si nye nunya kple sidzedze—lae hetsɔ kesinɔnuwo kple bubu kpe ɖe eŋu nɛ. Fia la tu aƒe gã nyadri aɖe na Yehowa le Yerusalem, eye ameawo kpɔ “dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme.” (Kronika II, 7:10) Salomo va “ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome.”—Kronika II, 9:22.

Esi Salomo ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe 40 megbe la, ‘emlɔ fofoawo gbɔ, eye via Rexabeam zu fia ɖe eteƒe.’ (Kronika II, 9:31) Ezra meƒo nu tso Salomo ƒe tatra ɖa tso nyateƒe tadedeagu gbɔ ŋu o. Nu madeamedzi si ko wògblɔ le fia la ŋue nye sɔ gbogbo siwo wòxɔ tso Egipte kple Farao ƒe vinyɔnu si wòɖe, siwo nye afɔɖeɖe siwo mesɔ o. Eyata Ezra wɔ mɔnu siawo ŋudɔ heƒo nu tso nudzɔdzɔ siawo ŋu le mɔ aɖe si sɔ nyuie la nu.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:13—Nukata alesi woɖɔ ƒome si me aɖaŋudɔwɔla la tso le afisia la to vovo na alesi woɖɔe le Fiawo I, 7:14? Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ tso aɖaŋudɔwɔla la dada ŋu be “enye ahosi aɖe, si tso Naftali-toa me” elabena eɖe ŋutsu aɖe si tso to ma me kpɔ. Gake eya ŋutɔ nye Dan-toa me tɔ. Le srɔ̃a gbãtɔ ƒe ku megbe la, eɖe Tiro ŋutsu aɖe, eye aɖaŋudɔwɔla lae nye woa kple ŋutsu sia ƒe vi.

2:17; 8:10—Kpukpui siawo gblɔ be ame 3,600 nye dɔdzikpɔlawo eye be ame 250 nye dɔdzikpɔlawo ƒe amegãwo, gake Fiawo I, 5:30; 9:23 ya gblɔ be ame 3,300 nye dɔdzikpɔlawo eye be ame 550 nye dɔdzikpɔlawo ƒe amegãwo. Nukatae xexlẽmeawo to vovo ɖo? Anye be hatsotso siwo me woma dɔdzikpɔlawo ɖoe na vovototo le xexlẽmeawo me. Anye be vovototo demee Kronika ƒe Agbalẽ Evelia le ameawo me be wo dometɔ 3,600 nye dɔdzikpɔla siwo menye Israel-viwo o eye be dɔdzikpɔla siwo nye Israel-viwo ƒe xexlẽme nye 250, evɔ Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ya anya nɔ vovototo dem dɔdzikpɔlawo ƒe xexlẽme si nye 3,300 kple dɔdzikpɔlawo ƒe amegã 550, siwo ƒe ɖoƒe kɔ wu, dome. Aleke kee nyaa ɖale o, ne míetsɔ dɔdzikpɔlawo kple dɔdzikpɔlawo ƒe amegãwo, siwo ŋu Biblia gbalẽ eve siawo ƒo nu tsoe, ƒe xexlẽme vovovoawo ƒo ƒui la, xexlẽme ɖekae míakpɔ, si nye 3,850.

4:2-4—Nukatae wotsɔ gazɔ la da ɖe nɔnɔmewɔwɔ siwo nye nyitsuwo dzi ɖo? Le Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa nyitsuwo wònyea ŋusẽ ƒe dzesi. (Xezekiel 1:10; Nyaɖeɖefia 4:6, 7) Nyitsuwo ƒe nɔnɔmewɔwɔ si wozã la sɔ ŋutɔ elabena nyitsu 12 siwo wowɔ kple akɔbli la dzie wodro ‘zɔ’ gã nyadri, si ƒe kpekpeme nye ton 30 la ɖo. Nyitsuwo ƒe nɔnɔme siwo wowɔ ɖe susu sia ta menye dada le se ewoawo ƒe se evelia, si gblɔ be woagazã nɔnɔmewɔwɔwo le subɔsubɔ me o, dzi le mɔ aɖeke nu o.—Mose II, 20:4, 5.

4:5—Tsi agbɔsɔsɔ kae ate ŋu anɔ gazɔ la me? Tsi bat akpe etɔ̃, si anye tsi galɔn 17,400, ye ayi ɖe gazɔ la me hafi wòayɔ. Gake, ne woma tsi si ate ŋu ayi eme wòayɔ ɖe teƒe etɔ̃ la, eƒe teƒe eve koe wokuna ɖe eme zi geɖe. Fiawo I, 7:26 gblɔ be: “Bat akpe eve [galɔn 11,600] anɔ [gazɔ la me].”

5:4, 5, 10—Avɔgbadɔa me nu kae woda ɖe gbedoxɔ si Salomo tu la me? Nu ɖeka si ko wotsɔ tso avɔgbadɔa me va da ɖe Salomo ƒe gbedoxɔa mee nye Aɖaka la. Le gbedoxɔa tutu vɔ megbe la, wotsɔ avɔgbadɔa tso Gibeon va Yerusalem eye anɔ eme be du sia me ye wotsɔe da ɖo.—Kronika II, 1:3, 4.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:11, 12. Nusi Salomo bia la ɖee fia Yehowa be fia la nɔ nunya kple sidzedze dim vevie. Nyateƒee wònye be gbe siwo míedona ɖa na Mawu la ɖea nusi tututu le míaƒe dzime fiana. Nunya le eme be míabu nya siwo míagblɔ le míaƒe gbedodoɖawo me ŋu nyuie.

6:4. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuveve kple dɔmenyonyo ŋu ʋana mí be míayra Yehowa—si fia be, míatsɔ lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ akafui.

6:18-21. Togbɔ be Mawu mate ŋu anɔ xɔ aɖeke me o hã la, ɖe wotu gbedoxɔa be wòanye teƒe si woanɔ Yehowa subɔm le. Egbea, Fiaɖuƒe Akpatawo nye teƒe siwo Yehowa Ðasefowo subɔna le nyateƒe me le le nutoa me.

6:19, 22, 32. Amesiame ate ŋu ana kadodo naɖo woa kple Yehowa dome—tso fia la dzi vaseɖe dua me tɔ tsɛwo dzi—amedzro si te ɖe eŋu tso dzi blibo me gɔ̃ hã. *Psalmo 65:3.

FIA SIWO NYE DAWID ƑE DZIDZIMEVIWO

(Kronika II, 10:1–36:23)

Israel fiaɖuƒe wɔɖeka la me ma ɖe akpa eve—dziehe to ewo fiaɖuƒea kpakple anyiehe to eve, Yuda kple Benyamin, fiaɖuƒea. Nunɔlawo kple Lewi-vi siwo katã nɔ Israel la bu Fiaɖuƒea ƒe nubabla la nu vevii wu dulɔlɔ̃ eye wonɔ Salomo vi Rexabeam ƒe akpa dzi. Le gbedoxɔa nuwuwu ƒe ƒe 30 kple edzivɔ megbe ko la, wova ha gbedoxɔa me nu xɔasiawo.

Le fia 19 siwo ɖu dzi ɖe Rexabeam yome dome la, wo dometɔ 5 wɔ nuteƒe, 3 wɔ nuteƒe le woƒe dziɖuɖu ƒe gɔmedzeɣi gake womeyi edzi wɔ nuteƒe se ɖe nuwuwu o, eye ɖeka trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Fia mamlɛawo katã wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. * Woƒo nu tso fia atɔ̃ mawo, siwo ka ɖe Yehowa dzi la ƒe dɔwɔwɔwo ŋu wòde to nyuie. Alesi Xizkiya gbugbɔ dzo de gbedoxɔa me subɔsubɔwɔnawo me kple alesi Yosiya wɔ ɖoɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyui kpeɖi aɖe ɖuɖu ŋu la anya nye nusiwo de dzi ƒo na Yudatɔ siwo di vevie be woagbugbɔ Yehowa subɔsubɔ ƒe wɔnawo aɖo anyi le Yerusalem la ŋutɔ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

13:5—Nukae nyagbɔgblɔ si nye “dzenubabla” la fia? Esi wònye dze kpɔa nu ta be megblẽna o ta la, dze va zu nu ƒe anyinɔnɔ ɖaa kple nusi mate ŋu atrɔ o la ƒe dzesi. Eyata “dzenubabla” fia ɖoɖo aɖe si dzi woɖo kpee si nɔa anyi ɖaa.

14:1-4; 15:17—Ðe Fia Asa ɖe “nuxeƒewo” katã ɖaa? Anye be meɖe wo katã ɖa o. Ðewohĩ nuxeƒe siwo me wosubɔa alakpamawuwo le koe Asa ɖe ɖa, ke meɖe esiwo me amewo subɔa Yehowa le la ɖa o. Alo ate ŋu anye hã be wogagbugbɔ nuxeƒewo tu ake le Asa ƒe dziɖuɣi ƒe ƒe mamlɛawo me. Esiawoe via Yosafat va ɖe ɖa. Ne míagblɔe tututu la, nuxeƒeawo mevɔ̃ keŋkeŋ le Yosafat ƒe dziɖuɣi gɔ̃ hã o.—Kronika II, 17:5, 6; 20:31-33.

15:9; 34:6—Akpa ka dzie Simeon toa nɔ le Israel fiaɖuƒe si me mã la me? Esi wònye Simeon toa ƒe duwo nɔ Yuda-nyigba ƒe teƒe vovovowo ta la, toa nɔ Yuda kple Benyamin fiaɖuƒea me. (Yosua 19:1) Gake ne woatsɔ subɔsubɔ kple dunyahehe me nukpɔsusu abu eŋui la, Simeon toa nɔ dziehe fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. (Fiawo I, 11:30-33; 12:20-24) Le esia ta la, wobu Simeon de to ewo fiaɖuƒea me.

16:13, 14—Ðe wotɔ dzo Asa ƒe kukua? Ao, ‘dzo gã si wodo le eƒe kuteƒe’ mefia be ɖe wotɔ dzo Asa ƒe kukua o, ke boŋ atike ʋeʋĩ vovovo siwo wonɔ dzo tɔmee la ŋu nya gblɔmee wonɔ.

35:3—Afikae Yosiya na woɖatsɔ Aɖaka kɔkɔe la tsoe va da ɖe gbedoxɔa me? Eɖanye fia vɔ̃ɖiawo dometɔ ɖekae ɖe Aɖaka do goe do ŋgɔ loo alo be Yosiya ye na wotsɔ Aɖaka la yi ɖada ɖe teƒe bubu le gbedoxɔa gbugbɔgatuɣi be wòanɔ dedie o, Biblia megblɔe na mí o. Ɣeyiɣi si koe woƒo nu tso Aɖaka la ŋu le Salomo ƒe ŋkekeawo megbee nye esime Yosiya na wotsɔe gbɔe va gbedoxɔa me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

13:13-18; 14:10, 11; 32:9-23. Vevienyenye si le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me ƒe kpɔɖeŋu kawo gbegbee nye esi míate ŋu asrɔ̃!

16:1-5, 7; 18:1-3, 28-32; 21:4-6; 22:10-12; 28:16-22. Afɔku wɔnublanuiwo dona tsoa kadodo kple dutatɔwo alo dzimaxɔsetɔwo me. Nunya le eme be míaƒo asa na mía ɖokuiwo ƒoƒo ɖe xexeame madzemadzee.—Yohanes 17:14, 16; Yakobo 4:4.

16:7-12; 26:16-21; 32:25, 26. Dada na be Fia Asa mewɔ nuteƒe le eƒe agbenɔƒe ƒe ƒe mamlɛawo me o. Dadagbɔgbɔ na woɖiɖi Uziya ɖe anyi. Xizkiya mewɔ nu le nunya me o alo be ɖewohĩ dadagbɔgbɔe na be wòɖe eƒe nu xɔasiawo fia Babilontɔwo ƒe amedɔdɔwo. (Yesaya 39:1-7) Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.”—Lododowo 16:18.

16:9. Yehowa kpena ɖe amesiwo lɔ̃e tso dzi blibo me ŋu, eye edina vevie be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ ado alɔ woe.

18:12, 13, 23, 24, 27. Abe Mixa ene la, ele be dzi nanɔ mía ƒo eye míatsɔ kakaɖedzi aƒo nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

19:1-3. Yehowa léa ŋku ɖe míaƒe nyuiwɔwɔwo ŋu ne wòdzɔ be míaƒe nuwɔna aɖewo ku dzi nɛ gɔ̃ hã.

20:1-28. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana be míanya ye ne míewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ɖokuibɔbɔtɔe.—Lododowo 15:29.

20:17. Be míakpɔ alesi ‘Yehowa le xɔxɔ gee na mí’ la, ahiã be ‘míatsi tre’ ado alɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea vevie. Le esi míawɔ nu le mía ɖokui si ko teƒe la, ele boŋ be míakpɔ Yehowa sinu ahaka ɖe eyama dzi bliboe.

24:17-19; 25:14. Trɔ̃subɔsubɔ zu mɔ̃ ɖe Yoas kple via Amazya. Egbea, nenema ke trɔ̃subɔsubɔ me nuwɔna aɖewo medzena gaglã wokpɔna o, vevietɔ ne eto ŋukeklẽ alo dulɔlɔ̃ me wɔna siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o ƒe mɔ nu.—Kolosetɔwo 3:5; Nyaɖeɖefia 13:4.

32:6, 7. Ele na míawo hã be míalé dzi ɖe ƒo ahasẽ ŋu esime “[míedo] Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã” ahayi edzi awɔ gbɔgbɔmeʋa la.—Efesotɔwo 6:11-18.

33:2-9, 12, 13, 15, 16. Ame ɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana ne eɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu hele agbagba ɖesiaɖe si wòate ŋui la dzem be yeawɔ nu nyui. Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe dzimetɔtrɔ vavã si amea aɖe fia dzi atsɔ eƒe nuvɔ̃wo akee ne wòdzɔ be eƒe nuvɔ̃ siwo wòwɔ la do fievo abe Fia Manase tɔ ene gɔ̃ hã.

34:1-3. Mahiã be nɔnɔme madeamedzi siwo me míeto le míaƒe ɖevime naxe mɔ na mí be míanya Mawu ahasubɔe o. Anɔ eme be Yosiya tɔgbui, Manase, si trɔ dzime la ye anya na hehe nyui Yosiya le eƒe ɖevime. Eɖanye hehe nyui ka kee Yosiya xɔ le eƒe ɖevime o, nu nyuiwo va do tso eme mlɔeba. Nenema kee wòate ŋu anɔe na míawo hã.

36:15-17. Yehowa kpɔa nublanui hegbɔa dzi ɖi. Gake seɖoƒe li na eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzigbɔɖia siaa. Ne amewo di be yewoatsi agbe ne Yehowa le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia hem va nuwuwui la, ke ele be woalɔ̃ aɖo to Fiaɖuƒegbedasia si ƒe gbeƒã ɖem wole la.

36:17, 22, 23. Yehowa ƒe nyawo vaa eme godoo.—Fiawo I, 9:7, 8; Yeremya 25:9-11.

Agbalẽ aɖe Ʋãe Wòwɔ Nu

Kronika II, 34:33 gblɔ be: “Yosiya ɖe ŋunyɔnuwo katã le Israel-nyigbawo katã dzi, eye wòzi amesiwo katã le Israel la dzi be, woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.” Nukae ʋã Yosiya be wòɖe afɔ sia? Esi Safan, si nye agbalẽŋlɔla la, tsɔ Yehowa ƒe segbalẽ si wofɔ la vɛ na Fia Yosiya la, fia la na wòxlẽe nɛ wòse. Nya siwo Yosiya se la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòdo tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ dzonɔamemetɔe le eƒe agbemeŋkekeawo katã me.

Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le nusi míexlẽ ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi vevie ŋutɔ. Ðe ŋugbledede tso fia siwo nye Dawid ƒe dzidzimeviwo ŋu mede dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ wo dometɔ siwo ka ɖe Yehowa dzi bliboe ƒe kpɔɖeŋuwo eye míaƒo asa na wo dometɔ siwo meka ɖe eyama edzi o ƒe nuwɔnawo oa? Kronika ƒe Agbalẽ Evelia ʋã mí be míasubɔ Mawu vavã ɖeka kolia la ahayi edzi anɔ nuteƒe wɔm nɛ. Le nyateƒe me la, gbedasi siwo le eme la le agbe eye wosẽa ŋu.—Hebritɔwo 4:12.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Ne nyabiase aɖewo le asiwò ku ɖe gbedoxɔa ŋu kɔkɔ kple nu bubu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso gbe si Salomo do ɖa le wɔna ma me ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 1, 2005, axa 28-31.

^ mm. 1 Àkpɔ ɖoɖo siwo nu Yuda fiawo ɖu dzi ɖo la ƒe ɣeyiɣi ƒe akɔntabubu le, Gbetakpɔxɔ, August 1, 2005, axa 12 lia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ènya nusita wòsɔ be wodro gazɔ la ɖe nyitsuwo ƒe nɔnɔmewɔwɔ dzia?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Togbɔ be hehe vi aɖe koe Yosiya xɔ le eƒe ɖevime hã la, etsi va zu nuteƒewɔla na Yehowa