Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒe Yeye-ti​—Russiatɔwo ƒe Nuea? Kristotɔwo ƒe Nuea?

Ƒe Yeye-ti​—Russiatɔwo ƒe Nuea? Kristotɔwo ƒe Nuea?

Ƒe Yeye-ti​—Russiatɔwo ƒe Nuea? Kristotɔwo ƒe Nuea?

“LE ƑE 1830 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, woganɔ Kristmas-ti bum be enye ‘Germanytɔwo ƒe dekɔnu nyui aɖe’ kokoko. Kaka ƒe 1830 ƒeawo nawu enu la, eva ‘zu kɔnu’ le ame ŋkuta ʋɛ aɖewo ƒeme le St. Petersburg. . . . Le ƒe 1800 ƒeawo me la, sɔlemehakplɔlawo kple ame dahewo dzaa ƒe aƒewo me koe Kristmas-tia menɔ o. . . .

“Do ŋgɔ la, amewo mekpɔ dzidzɔ gobi aɖeke ɖe atia . . . ŋu o. Esi Russiatɔwo xɔe se be enye ku ƒe dzesi, be edo ƒome kple ‘vivimexexea,’ kple le kɔnu si nye be wòanɔ ahadzraƒe xɔwo tame ta la, nukpɔsusu si nɔ amewo si ɖe atia ŋu ɣemaɣi to vovo sasasã na esi va nɔ anyi emegbe le ƒe 1800 ƒeawo ƒe domedome lɔƒo. . . . Eme kɔ ƒã be esi amewo va le atia zãm emegbe tsɔ le atsyɔ̃ ɖom na woƒe aƒewo la, anye susu si ta wozãna Kristmas-ti le Ɣetoɖoƒenyigba geɖewo dzi ma ke tae wova tsɔ dutatɔwo ƒe dekɔnu sia de Kristmas ɖuɖu me ɖo. . . . ”

“Esesẽ ŋutɔ hafi Kristotɔ siwo nɔ Russia va te atia zazã. Orthodɔks Sɔlemeha la tsi tre ɖe eŋu. Sɔlemehakplɔlawo kpɔe be azã yeye sia ɖuɖu nye ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔna,’ trɔ̃subɔlawo ƒe dekɔnuwo wɔwɔ, si medo ƒome kple Ðela la ƒe dzidzi le mɔ aɖeke nu kura o, eye gawu la, enye Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe dekɔnu.”—Professor Yelena V. Dushechkina, si nye agbalẽwo ŋutinunya fiala le St. Petersburg Dukɔa ƒe Yunivɛsiti.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Foto: Nikolai Rakhmanov