Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Nèɖoa Toe—Mawu Loo Alo Amegbetɔwo?

Amekae Nèɖoa Toe—Mawu Loo Alo Amegbetɔwo?

Amekae Nèɖoa Toe—Mawu Loo Alo Amegbetɔwo?

“Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”​—Dɔwɔwɔwo 5:29, Nw.

1. (a) Tanya ka dzie wotu nusɔsrɔ̃ sia ɖo? (b) Nukatae wolé apostoloawo?

YUDATƆWO ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ me tɔwo anya do dziku vevie. Gamenɔlaawo megali o. Yesu Kristo, amesi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔa tso kufia na wowu kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, ƒe apostolowoe. Fifia ʋɔnudrɔ̃ƒea le klalo be yeatu nu kple eyomedzela kplikplikpli mawo. Gake esi dzɔlawo yi be yewoakplɔ wo va ʋɔnudrɔ̃ƒea la, wokpɔe be womegale gaxɔa me o, evɔ ʋɔtruawo ya le tutu. Eteƒe medidi o, dzɔlawo va nya be apostoloawo le gbedoxɔa me le Yerusalem nɔ nu fiam tso Yesu Kristo ŋu vɔvɔ̃manɔmee—evɔ dɔ ma ke tae wolé wo ɖo hafi! Dzɔlaawo zɔ yi gbedoxɔa me enumake, wogbugbɔ lé apostoloawo, hekplɔ wo va ʋɔnudrɔ̃ƒea.—Dɔwɔwɔwo 5:17-27.

2. Nuka ƒe see mawudɔla aɖe de na apostoloawo?

2 Mawudɔla aɖee ɖe apostoloawo le gaxɔa me. Be woagati wo yome azɔ o taea? Kpao. Kple susu be Yerusalem nɔlawo nase Yesu Kristo ŋuti nyanyuia tae. Se si mawudɔlaa de na apostoloawoe nye be woayi edzi “agblɔ agbenya siawo katã na dukɔ la.” (Dɔwɔwɔwo 5:19, 20) Esia tae esi gbedoxɔ me dzɔlawo ke ɖe apostoloawo ŋu la, wokpɔe be wonɔ sedede sia dzi wɔm.

3, 4. (a) Esi wode se na Petro kple Yohanes be woadzudzɔ gbeƒã ɖeɖe la, aleke woɖo eŋui? (b) Aleke apostolo bubuawo ɖo eŋui?

3 Wokplɔ gbeƒãɖela kalẽtɔ siawo dometɔ eve siwo nye apostolo Petro kple Yohanes va ʋɔnui kpɔ, eye ʋɔnudrɔ̃lagã, si nye Yosef Kayafa tsɔ dɔmedzoe ɖo ŋku ema dzi na wo. Egblɔ be: “Alo ɖe menye se míede na mi bena: Migafia nu ɖe [Yesu ƒe] ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia.” (Dɔwɔwɔwo 5:28) Mele be wòawɔ nuku na Kayafa be wogakplɔ Petro kple Yohanes va ʋɔnui ake hafi o. Esi wode se na wo zi gbãtɔ be woadzudzɔ gbeƒã ɖeɖe la, apostolo eveawo ɖo eŋu be: ‘Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ! Elabena míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.’ Abe blema nyagblɔɖila Yeremya ene la, Petro kple Yohanes mate ŋu adzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wode wo si la wɔwɔ o.—Dɔwɔwɔwo 4:18-20; Yeremya 20:9.

4 Gake fifia ya, meganye Petro kple Yohanes ɖeɖekoe o, ke boŋ mɔnukpɔkpɔ su apostoloawo katã si—Matia si wotia yeyee koe nye ema hã le eme—be woaɖe woƒe nukpɔsusu le ʋɔnua ƒe sededea ŋu agblɔ. (Dɔwɔwɔwo 1:21-26) Esi wode se na wo be woadzudzɔ gbeƒã ɖeɖe la, wotsɔ dzideƒo ɖo eŋu be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.

Mawu Kple Amegbetɔ—Kae Nye Dziɖula?

5, 6. Nukatae apostoloawo mewɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe sededea dzi o?

5 Apostoloawo nye sedziwɔlawo eye womedzea aglã ɖe ʋɔnua ƒe se ŋu o. Gake amegbetɔ aɖeke mekpɔ mɔ ade se na nɔvia be wòagbe Mawu ƒe sededewo dometɔ aɖe dzi wɔwɔ o, ne ŋusẽtɔ gã aɖee wònye kura gɔ̃ hã. Yehowa “ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Menye “xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la” koe wònye o, eyae nye Senala Gãtɔ kple Fia mavɔmavɔtɔ hã. Mawu medana asi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒese ɖesiaɖe si xea mɔ ɖe eƒe sededewo dometɔ aɖe nu la dzi o.—Mose I, 18:25; Yesaya 33:22.

6 Se ŋutinunyala nyuitɔ geɖe lɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi. Le kpɔɖeŋu me, Eŋlisiawo ƒe senyala xɔŋkɔ William Blackstone si nɔ agbe le ƒe 1700-awo me ŋlɔ be mele be amegbetɔ ƒe se aɖeke natsi tre ɖe “se si woɖe fia” si le Biblia me la ŋu o. Eyata Sanhedrin la ƒe gbeɖeɖe be apostoloawo nadzudzɔ gbeƒã ɖeɖe la mele se nu kura o. Apostoloawo ya mele se ma dzi wɔ ge akpɔ o.

7. Nukatae gbeƒãɖeɖedɔa ku dzi na nunɔlagãwo?

7 Alesi apostoloawo ɖoe kplikpaa be yewoayi edzi anɔ gbeƒã ɖem la ku dzi na nunɔlagãwo. Nunɔlaawo dometɔ aɖewo, kple Kayafa ŋutɔ hã, nye Zadukitɔwo, eye womexɔe se be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre o. (Dɔwɔwɔwo 4:1, 2; 5:17) Evɔ apostoloawo yi edzi le gbɔgblɔm na amewo be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Gakpe ɖe eŋu la, nunɔlagãwo dometɔ aɖewo dze agbagba vevie be woa kple Roma dziɖulawo dome va le nyuie. Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu eye mɔnukpɔkpɔ su nunɔlagãwo si be woaxɔ Yesu wòanye woƒe fia la, wogbe, kaka do ɣli gblɔ be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.” (Yohanes 19:15) * Menye ɖeko apostoloawo nɔ gbɔgblɔm be wofɔ Yesu ɖe tsitre ko o, ke wonɔ nu fiam hã be “ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o” negbe Yesu ƒe ŋkɔ me ko. (Dɔwɔwɔwo 2:36; 4:12) Eyata nunɔlaawo nɔ vɔvɔ̃m be, ne ameawo va xɔ Yesu be eyae nye yewoƒe Kplɔla la, ekema Romatɔwo ava, eye Yudatɔwo ƒe kplɔlawo abu ‘woƒe nɔƒe kple woƒe dukɔa’ siaa.—Yohanes 11:48.

8. Aɖaŋu nyui kae Gamaliel ɖo na Sanhedrin la?

8 Edze abe etsɔme nyui aɖeke menɔ Yesu Kristo ƒe apostoloawo ŋgɔ o ene. Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɖoe kplikpaa be yewoana woawu wo. (Dɔwɔwɔwo 5:33) Gake ɖeko nuwo va trɔ kpata. Gamaliel si bi ɖe Sea me la tsi tre hexlɔ̃ nu etɔwo be womegawɔ nu le dzitsitsi me o. Egblɔe nunyatɔe be: “Ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o.” Gamaliel gblɔ nya vevi sia kpee be: “Bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:34, 38, 39.

9. Nukae ɖo kpe edzi be Mawu gbɔe apostoloawo ƒe dɔa tso?

9 Nukutɔe la, ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ ɖe Gamaliel ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Sanhedrin la na “woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mɔ wo.” Ke hã, apostoloawo mevɔ̃ kura o, woɖoe kplikpaa boŋ be yewoawɔ se si mawudɔlaa de na yewo la dzi. Esia tae le asi ɖeɖe le wo ŋu vɔ megbe la, “gbesiagbe [apostoloawo medzudzɔ] nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔwɔwɔwo 5:40, 42) Yehowa yra woƒe agbagbadzedzewo. Alekee? “Mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ŋutɔ le Yerusalem.” Le nyateƒe me la, “nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã na ta xɔse la.” (Dɔwɔwɔwo 6:7) Ema ate ɖe nunɔlagãwo dzi ŋutɔ lo! Ðeko kpeɖodziawo va le agbɔ sɔm ɖe edzi: Mawu gbɔe apostoloawo ƒe dɔa tso!

Amesiwo Wɔa Avu Kple Mawu la Maɖu Dzi O

10. Le amegbetɔwo ƒe susu nu la, nukatae Kayafa te ŋu nɔ eƒe ɖoƒea wòdidi nenema, gake nukatae eƒe ŋuɖoɖeŋua nye dzodzro?

10 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Roma dziɖulawoe ɖo Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo. Valerius Gratus ye ɖo kesinɔtɔ Yosef Kayafa zi dzi, eye ɖoƒe ma nɔ esi wòdidi wu amesiwo do ŋgɔ nɛ dometɔ geɖe. Ðewohĩ Kayafa susui be esi yenye dukɔteƒenɔla si si aɖaŋu le, eye ye kple Pilato yewonye xɔlɔ̃ tae yete ŋu nɔ anyi wòdidi alea ɖo, ke menye Mawu ƒe nuwɔna aɖekee o. Aleke kee wòɖale o, dzodzroe wònɔ ŋu ɖom ɖe amegbetɔwo ŋu. Ƒe etɔ̃ tututu le apostoloawo ƒe dodo ɖe Sanhedrin la ŋku me megbe la, Roma dziɖulawo megava kpɔ ŋudzedze ɖe Kayafa ŋu o, eye woxɔ nunɔlagãdɔa le esi.

11. Aleke nuwo va yii na Pontio Pilato kple Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia, eye alekee nàƒo nya tae tso nudzɔdzɔ siawo ŋu?

11 Syria mɔmefia Lucius Vitellius, si nye amegã si gɔme Pilato nɔ, ye ɖe gbe be woaxɔ dɔ le Kayafa si, gake Kayafa ƒe dzoɖuxɔlɔ̃ Pilato mete ŋu wɔ naneke le eŋu o. Le dɔ xɔxɔ le Kayafa si ƒe ƒe ɖeka megbe tututu la, woxɔ dɔ le Pilato ŋutɔ hã si, eye woyɔe be wòatrɔ va Roma ava ɖe eɖokui nu le nya gã siwo wotsɔ ɖe eŋu ta. Romatɔwo va xɔ Yudatɔwo ƒe kplɔla siwo nɔ ŋu ɖom ɖe Kaisaro ŋu la ƒe ‘nɔƒe kple woƒe dukɔ’ le wo si nyateƒe. Esia dzɔ le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Roma srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem-dua kpakple eƒe gbedoxɔa kple Sanhedrin ƒe akpata la keŋkeŋ. Hakpalaa ƒe nya siawo nye nyateƒe vavã, be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o”!—Yohanes 11:48; Psalmo 146:3.

12. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be nunyanue wònye be woaɖo to Mawu?

12 Gake Mawu ɖo Yesu Kristo si wòfɔ ɖe tsitre ya wòzu Nunɔlagã le gbɔgbɔmegbedoxɔ gã aɖe me. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu axɔ dɔ le esi o. Nya la ŋutɔe nye be le Yesu gome la, “nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi.” (Hebritɔwo 2:9; 7:17, 24; 9:11) Mawu ɖo Yesu wònye Ʋɔnudrɔ̃la na agbagbeawo kple kukuawo hã. (Petro I, 4:5) Esia fia be Yesue atso nya me ne Yosef Kayafa kple Pontio Pilato agava nɔ agbe le etsɔme ake.—Mateo 23:33; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Fiaɖuƒegbeƒãɖela Kalẽtɔ Siwo Li Egbea

13. Le míaƒe ɣeyiɣiawo me la, dɔ kae tso amewo gbɔ, eye dɔ kae tso Mawu gbɔ? Aleke nèwɔ nya?

13 Le míaƒe ŋkekea me hã la, ame geɖe ‘tsia tre ɖe Mawu ŋu’ abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene. (Dɔwɔwɔwo 5:39) Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa Ðasefo siwo nɔ Germany gbe be yewomaxɔ Adolf Hitler be eyae nye yewo Kplɔla o la, Hitler ka atam be yeatsrɔ̃ wo woavɔ keŋkeŋ. (Mateo 23:10) Edze abe amewuwu mɔnu si nɔ esi la sɔ nyuie na dɔa wɔwɔ ene. Nazitɔwo te ŋu lé Ðasefo akpe geɖe heɖo wo ɖe fuwɔamegaxɔwo me. Wote ŋu wu Ðasefoawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Gake Nazitɔwo mete ŋu gblẽ tame si Ðasefoawo ɖo be Mawu ɖeɖekoe yewoasubɔ la me o, eye womete ŋu tsrɔ̃ Mawu subɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa hã o. Mawu gbɔe Kristotɔ siawo ƒe dɔa tso, menye amegbetɔ aɖeke gbɔe o, eye ame aɖeke mate ŋu agblẽ Mawu ƒe dɔ me o. Ƒe 60 enye esia va yi, gake nuteƒewɔla siwo tsi agbe le Hitler ƒe fuwɔamegaxɔawo me la gakpɔtɔ le Yehowa subɔm ‘kple woƒe dzi, luʋɔ, kple tamesusu blibo,’ evɔ le Hitler kple eƒe Nazi dunyahehabɔbɔa ya gome la, woƒe ŋunyɔnuwo dzi koe amewo ɖoa ŋkui.—Mateo 22:37.

14. (a) Agbagba kawoe tsitretsiɖeŋulawo dze be yewoagblẽ Mawu subɔlawo ŋu, eye nukawoe do tso eme? (b) Ðe agbagba siwo dzem wole la agblẽ nu le Mawu ƒe amewo ŋu tegbeea? (Hebritɔwo 13:5, 6)

14 Tso ƒe siwo kplɔ Nazitɔwo ƒe ɣeyiɣia ɖo me la, ame geɖe va le gome kpɔm le avu wɔwɔ dzodzro kpakple Yehowa kple eƒe amewo me. Le Europa dukɔ geɖe me la, subɔsubɔhakplɔla kple dunyahela ayemenuwɔlawo dzea agbagba dana ŋkɔ ɖe Yehowa Ðasefowo dzi be wonye ‘kɔmama vɔ̃ɖi’ aɖe, abe alesi ko woda ŋkɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dzi be wonye kɔmama ene. (Dɔwɔwɔwo 28:22) Nyateƒeae nye be Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi be wonye subɔsubɔha, ke menye kɔmama o. Tsitretsiɖeŋulawo nya ema nyuie. Gake wokpɔtɔ yi edzi le Ðasefowo ŋu gblẽm. Le ameŋugbegblẽ sia ta la, wonya Kristotɔ siawo dometɔ aɖewo le dɔ me. Woɖea fu na Ðasefowo ƒe viwo le suku. Anyigbatɔ alo aƒetɔ siwo le vɔvɔ̃m la gbe be Ðasefowo magawɔ woƒe kpekpewo le teƒe siwo wowɔnɛ le tsã o. Le go ʋɛ aɖewo hã me la, dziɖuɖuwo gbe dumevinyenye ƒe mɔɖegbalẽ nana ame aɖewo, le esi wonye Yehowa Ðasefowo ta ko! Ke hã, dzi meɖe le Ðasefoawo ƒo kura o.

15, 16. Aleke Yehowa Ðasefo siwo le France wɔ nu ɖe tsitre si tsim wole ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe dɔa ŋui nu, eye nukatae míeyia edzi ɖea gbeƒã ɖo?

15 Le kpɔɖeŋu me, Francetɔ geɖe sea nu gɔme, eye womebua nazã ɖe ame ŋu o. Gake tsitretsiɖeŋula aɖewo wɔ se aɖewo be woatsɔ axe mɔ ɖe Fiaɖuƒedɔa nu. Aleke Yehowa Ðasefo siwo le afima wɔ nui? Wodzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe, eye nu nyuiwo do tso eme. (Yakobo 4:7) Mèhenya o ɖe, le ɣleti ade pɛ ko mea, aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wowɔna le dukɔ ma me dzi ɖe edzi 33 le alafa me! Aku dzi na Abosam ŋutɔ be wòakpɔe be dzianukwaretɔ siwo le France le nyanyuia xɔm nyuie. (Nyaɖeɖefia 12:17) Mía nɔvi Kristotɔ siwo le France ka ɖe edzi be nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo ava eme na yewo, be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu.”—Yesaya 54:17.

16 Menye dzidzɔe wònyena na Yehowa Ðasefowo be woati yewo yome o. Gake le se si Mawu de na Kristotɔwo katã dzi wɔwɔ ta la, womate ŋu adzudzɔ gbeƒã ɖeɖe nusiwo wose o, eye womadzudzɔ hã o. Wodzea agbagba be yewoanye dumevi nyuiwo. Gake ne amegbetɔ ƒe se va tsi tre ɖe Mawu tɔ ŋu la, ele be woaɖo to Mawu abe dziɖula ene.

Migavɔ̃ Wo O

17. (a) Nukatae mele be míavɔ̃ míaƒe futɔwo o? (b) Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia ɖe mía yometilawo ŋu?

17 Míaƒe futɔwo le afɔku gã aɖe me. Mawue wole avu wɔm kple. Eyata, abe alesi Yesu de see ene la, mele be míavɔ̃ amesiwo le mía yome tim la o, ele be míado gbe ɖa ɖe wo ta boŋ. (Mateo 5:44) Míedoa gbe ɖa be ne manyamanya mee wo dometɔ aɖewo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋu, abe alesi wònɔ le Saul si tso Tarso gome ene la, ekema Yehowa nave wo nu aʋu woƒe ŋkuwo be woakpɔ nyateƒea adze sii. (Korintotɔwo II, 4:4) Saul va zu Kristotɔ apostolo Paulo, eye wòkpe fu vevie le dziɖula siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekeawo me la si me. Ke hã, eyi dzi ɖo ŋku edzi na haxɔsetɔwo be “woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulawo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ: Woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o [ao, woagagblɔe ɖe amesiwo le wo yome tim kutɔkutɔe gɔ̃ hã ŋu o], woaganye dzrehelawo o; woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.” (Tito 3:1, 2) Yehowa Ðasefo siwo le France kple teƒe bubuwo dzea agbagba be yewoawɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi.

18. (a) Mɔ kawo nue Yehowa ate ŋu aɖe eƒe amewo le? (b) Nukae ava do tso eme mlɔeba?

18 Mawu gblɔ na nyagblɔɖila Yeremya be: “Meli kpli wò, be maɖe wò.” (Yeremya 1:8) Aleke Yehowa ate ŋu aɖe mí tso yometiti me egbeae? Ate ŋu ato ʋɔnudrɔ̃la ameŋkumemakpɔla aɖe si le abe Gamaliel ene dzi. Alo akpɔ egbɔ be ame senugɔme aɖe ava xɔ ɖe dziɖuɖumegã nufitifitiwɔla alo tsitretsiɖeŋula aɖe teƒe esi womanɔ mɔ kpɔm be adzɔ nenema hafi o. Gake ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ɖea mɔ be yometiti aɖe nayi edzi. (Timoteo II, 3:12) Ne Mawu ɖe mɔ woti mía yome la, ana ŋusẽ si míatsɔ ado dzii le yometiti me la mí ɣesiaɣi. (Korintotɔwo I, 10:13) Eye nuka ke ŋue Mawu aɖe mɔ ɖo o, míeka ɖe emetsonua ya dzi: Amesiwo tsia tre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la le tsitre tsim ɖe Mawu ŋutɔ ŋu, eye amesiwo tsia tre ɖe Mawu ŋu la makpɔ dzidzedze o.

19. Ƒe 2006 ƒe mawunyakpukpuiae nye ka, eye nukatae wòsɔ ŋutɔ?

19 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ mɔ kpɔm na xaxawo. (Yohanes 16:33) Le esia ta, nya siwo le Dɔwɔwɔwo 5:29 (NW) la sɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” Le susu sia ta la, wotia nya nyui siawo be woanye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2006 ƒe mawunyakpukpuia. Mina míaɖoe kplikpaa le ƒe sia me vaseɖe mavɔmavɔ me, eɖanye fu ka kee míakpe o, be míaɖo to Mawu abe Dziɖula ene!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 “Kaisaro” si dzi nunɔlagãwo de ɣemaɣi lae nye Romatɔwo ƒe Fiagã ɖigbɔ Tiberio, si nye alakpanuwɔla kple amewula. Wonyae hã be Tiberio nɔ agbegbegblẽ wògbɔ eme.—Daniel 11:15, 21.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Kpɔɖeŋu dedziƒoname kae apostoloawo ɖo ɖi na mí le alesi wonɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu nui me?

• Nukatae wòle be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amegbetɔwo ɣesiaɣi?

• Amekae míaƒe tsitretsiɖeŋulawo le avu wɔm kple ŋutɔŋutɔ?

• Nukae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be ado tso eme na amesiwo doa dzi le yometiti me?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Ƒe 2006 ƒe mawunyakpukpuiae nye: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo”

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Kayafa ɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu wu Mawu