Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpe Ðe Chinatɔwo Ŋu Le Mexico

Kpekpe Ðe Chinatɔwo Ŋu Le Mexico

Kpekpe Ðe Chinatɔwo Ŋu Le Mexico

“ŊUTSU ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Nyagblɔɖi nyui sia le eme vam egbea le xexeame godoo. Amesiwo “tso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me” va le ɖeka wɔm kple gbɔgbɔ me Israel-viwo, ale be woasubɔ Yehowa Mawu. Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖe le nyagblɔɖi sia ƒe me vava me vevie. Wo dometɔ geɖe le gbe bubuwo srɔ̃m be woakpɔ gome le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.

Yehowa Ðasefo siwo le Mexico hã le nusia wɔm. Wobu akɔnta be Chinagbedola siwo ade 30,000 ye le Mexico. Le ƒe 2003 me la, wo dometɔ 15 de Kristo ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe le dugã si nye Mexico City me. Eyata Ðasefo siwo le Mexico kpɔe be Chinagbedola geɖe li siwo ŋu wòle be woakpe ɖo le gbɔgbɔ me. Be woakpɔ ame geɖe woaɖe gbeƒã na Chinagbe dolawo la, wowɔ ɣleti etɔ̃ ƒe gbesɔsrɔ̃ɖoɖo aɖe na Mexico Ðasefowo be woasrɔ̃ gbeƒã ɖeɖe ɖe Mandarin Chinagbe me ƒe mɔnu bɔbɔe aɖewo. Ðasefo 25 ye kpɔ gome le gbesɔsrɔ̃ɖoɖoa me. Esi wowu sukua nu la, dziɖuɖumegã aɖe tso Mandaringbedola siwo le Mexico City dome va sukunuwuwu ƒe wɔnaa teƒe, si fia be suku sia si ƒe ɖoɖo wowɔ la wɔ dɔ ɖe Chinagbedolawo dzi ŋutɔ. Chinatɔwo ƒe suku aɖe si le afima bia be yeaxe sukufe na sukuvi etɔ̃ ne woayi duta ava srɔ̃ Chinagbea nyuie ɖe edzi.

Gbea zazã kpe ɖe gbesɔsrɔ̃ɖoɖoa ŋu. Eyata esi sukuviawo srɔ̃ alesi wogblɔa nya bɔbɔe aɖewo ɖe Chinagbe me vɔ ko la, wodze gbeƒã ɖeɖe ɖe Chinagbe me le nuto aɖe si me dɔwɔƒewo le enumake le Mexico City. Sukuvi veviedola siawo dze Biblia-nusɔsrɔ̃ 21 gɔme. Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadzaa si le Chinagbe me kple nya aɖewo siwo woŋlɔ ɖe míaƒe alfabetawo alo ŋɔŋlɔdzesiwo me (elabena alfabetawo mele Chinagbe me o), si woyɔna be Pinyin la kpe ɖe wo ŋu ŋutɔ.

Aleke Ðasefo siwo dze Chinagbea sɔsrɔ̃ teti la wɔ dze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme? Gbã la, nya si wote ŋu gblɔna koe nye “Qing Du [Meɖe kuku xlẽe]” hefiana asi memama aɖe kple emegbe memamaa ƒe biabiaa. Ne amea xlẽ nua heɖo biabia ŋu ɖe Chinagbe me vɔ la, ke wogblɔna be, “Shei shei [Akpe na wò]” kple “Hen Hao [Èdze agbagba ŋutɔ].”

Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ siawo dometɔ ɖeka gɔme kple nyɔnu aɖe si be yenye Kristotɔ. Le nua sɔsrɔ̃ zi etɔ̃ megbe la, Ðasefoa menya ne nyɔnua se nusiwo srɔ̃m wòle gɔme nyuie o. Eyata woa kple nɔviŋutsu aɖe si nye Chinatɔ yi nyɔnua gbɔ. Esi wòbia nyɔnua be biabia aɖe le esi hã la, nyɔnua bia be: “Ðe wòle be manya tsiƒuƒu hafi axɔ nyɔnyrɔa?”

Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o, woɖo Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me Chinagbe dola 9 kple Ðasefo Mexicotɔ 23 dena le mama dedie nu. Amesiawo dometɔ ɖeka nye Chinatɔ ɖɔkta aɖe si dɔnɔ aɖe tsɔ Spaingbe me Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! na. Esi ɖɔktaa mese Spaingbe o ta la, ena ame aɖe ɖe fli ʋɛ aɖewo gɔme nɛ. Esi wòkpɔ be Biblia ŋue magazinea ƒo nu tso la, ebia dɔnɔa ne yeakpɔ Chinagbe me tɔwo. Nɔvinyɔnua kpɔ ɖe nɛ, eye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico wɔ ɖoɖo be Ðasefo aɖe si se Chinagbe va srãe kpɔ. Biblia nɔ dadaa si le China, eye exexlẽ doa dzidzɔ na ɖɔktaa esime wònɔ afima. Esime wòdzo yina Mexico la, dada gblɔ nɛ be megadzudzɔ Biblia xexlẽ o. Eyata edoa gbe ɖa be ame aɖe nava kpe ɖe ye ŋu yeasrɔ̃ nu tso Biblia ƒe Mawua ŋu. Egblɔ be: “Mawu ɖo to nye gbedodoɖaa!”

Chinatɔwo ƒe ƒome aɖe haya xɔ le nyɔnu Mexicotɔ aɖe si Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kplii ƒeme, eye woawo hã wodea agbalẽ me nusrɔ̃ƒea. Togbɔ be Spaingbe vi aɖe koe wose hã la, wovana va srɔ̃a Biblia. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wobia Ðasefo si nɔ nua srɔ̃m kpli wo ne Chinagbe me gbalẽ aɖewo le esi. Eteƒe medidi wodze Biblia sɔsrɔ̃ ɖe Chinagbe me kple ƒomea. Ema megbe kpuie la, ƒome sia gblɔ woƒe didi be yewoaɖe gbeƒã na yewo de tɔwo heɖe adzɔgbe na Yehowa.

Nyateƒee, Chinagbe sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe ya o. Ke hã, míekpɔe le nuteƒekpɔkpɔ siwo míegblɔ va yi me be, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu srɔ̃m le Mexico kple le teƒe bubuwo le anyigba dzi le gbegbɔgblɔ geɖe, siwo dome Chinagbe hã le, la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Chinagbe srɔ̃suku aɖe le Mexico City

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðasefo Mexicotɔ aɖe le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm le Chinagbe me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ le Chinagbe me le Mexico City