Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míaƒe Ɣeyiɣia Hiã Nu Wɔwɔ Kpata

Míaƒe Ɣeyiɣia Hiã Nu Wɔwɔ Kpata

Míaƒe Ɣeyiɣia Hiã Nu Wɔwɔ Kpata

“Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo?”—FIAWO I, 18:21.

1. Nukae na míaƒe ɣeyiɣia to vovo ŋutɔ na tsã?

ÈXƆE se be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka koliaa? Èxɔe se hã be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo fia asi míaƒe ɣeyiɣia be eyae nye Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” vavãa? (Timoteo II, 3:1) Ne èxɔe se la, ekema àlɔ̃ ɖe edzi be nu wɔwɔ kpata hiã fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Ame geɖe ƒe agbe meɖo afɔku me le ŋutinya me kpɔ abe alesi wòle fifia ene o.

2. Nukae dzɔ le Israel-to ewo fiaɖuƒea me le Fia Axab ƒe dziɖuɣi?

2 Ƒe 900 kple edzivɔ hafi Yesu nava anyigba dzi la, eva hiã be Israel-dukɔa nawɔ nyametsotso vevi aɖe. Amekae woasubɔ? Fia Axab srɔ̃ Izebel na wòdo Baal subɔsubɔ ɖe ŋgɔ le Israel-to ewo fiaɖuƒea me. Vidzidzi ƒe mawue Baal nye, eye wobe eyae nana tsi dzana eye nukuwo wɔna. Ðewohĩ Baal subɔla geɖe wɔa dzesi aɖe le woƒe mawua ƒe legba gbɔ alo bɔbɔna ɖe ekɔme. Be Baal subɔlawo nana Baal nayra nukuwo kple lãhawo la, wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ ƒe agbe blibaa nɔnɔ me kple gbedoxɔ me gbolowo. Enye kɔnu hã na wo be woasi wo ɖokui ʋu nado.—Fiawo I, 18:28.

3. Nukae Baal subɔsubɔ gblẽ le Mawu ƒe amewo ŋu?

3 Israel-viwo dometɔ 7,000 aɖewo gbe be yewomakpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ ƒe tadedeagu sia si me agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasesẽ yia edzi le la me o. (Fiawo I, 19:18) Wolé ɖe nubabla si le woa kple Yehowa Mawu dome la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye woti wo yome le esia ta. Le kpɔɖeŋu me, Fianyɔnu Izebel na wowu Yehowa ƒe nyagblɔɖila geɖe. (Fiawo I, 18:4, 13) Le tetekpɔ ƒe nɔnɔme siawo ta la, Israel-vi akpa gãtɔ nɔ gome kpɔm le xɔsetsakatsaka me, wonɔ agbagba dzem be yewoadze Yehowa kple Baal siaa ŋu. Gake xɔsegbegbee wònye ne Israel-vi aɖe trɔ ɖa le Yehowa yome va le alakpamawu aɖe subɔm. Yehowa do ŋugbe be yeayra Israel-viwo ne wolɔ̃ ye eye wowɔ yeƒe sededewo dzi. Gake exlɔ̃ nu wo hã be ne wometsɔ ‘wo ɖokui na ye blibo’ o la, ekema yeatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.—Mose V, 5:6-10; 28:15, 63.

4. Nukae Yesu kple eƒe apostolowo gblɔ ɖi be adzɔ le Kristotɔwo dome, eye aleke esia va emee?

4 Nɔnɔme ma tɔgbe aɖe le Kristodukɔa me egbea. Sɔlemedelawo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, gake woƒe azãɖuɖuwo, agbenɔnɔ, kple dzixɔsewo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu. Abe Izebel ene la, Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo xɔ ŋgɔ le Yehowa Ðasefowo yome titi me. Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo de aʋawɔwɔ geɖe hã dzi le ŋutinya me, si na woɖi fɔ le sɔlemedela miliɔn geɖe ƒe ku me. Biblia yɔ asi kpekpe ɖe xexeame dziɖuɖuwo ŋu alea be gbɔgbɔmehasiwɔwɔ. (Nyaɖeɖefia 18:2, 3) Hekpe ɖe eŋu la, Kristodukɔa va ɖe mɔ ɖe matrewɔwɔ ŋutɔŋutɔ ŋu geɖe, le eƒe hakplɔlawo gɔ̃ hã dome. Yesu Kristo kple eƒe apostolowo gblɔ xɔsegbegbe gã sia ŋu nya ɖi. (Mateo 13:36-43; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Petro II, 2:1, 2) Nukae ava do tso eme mlɔeba na Kristodukɔa me tɔ siwo wu miliɔn teƒe akpe ɖeka la? Eye agba kae le Yehowa subɔla vavãtɔwo dzi le amesiawo kple ame bubu siwo alakpasubɔsubɔ ble la gome? Ne míedzro nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siwo na ‘wotsrɔ̃ Baal ɖa le Israel’ me la, ekema míakpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo me kɔ.—Fiawo II, 10:28.

Lɔlɔ̃ si Le Mawu Si na Eƒe Ame Siwo Tra Mɔ

5. Aleke Yehowa tsɔ ɖe le eme lɔlɔ̃tɔe na eƒe ame siwo tra mɔ lae?

5 Menye dzidzɔe wònyena na Yehowa Mawu be yeahe to na ame siwo gbe nuteƒewɔwɔ na ye o. Esi wònye Fofo lɔ̃ame ta la, edi be ame vɔ̃ɖiwo natrɔ dzime ahatrɔ ava ye gbɔ. (Xezekiel 18:32; Petro II, 3:9) Esia ƒe kpeɖodzie nye be le Axab kple Izebel ƒe ŋkekeawo me la, Yehowa zã nyagblɔɖila geɖe tsɔ xlɔ̃ nu Eƒe amewo tso Baal subɔsubɔ me tsonuwo ŋu. Nyagblɔɖila siawo dometɔ ɖekae nye Eliya. Le kuɖiɖi aɖe si ŋu nya wogblɔ ɖi, si gblẽ nu ŋutɔ megbe la, Eliya gblɔ na Fia Axab be wòaƒo Israel-viwo kple Baal subɔlawo nu ƒu ɖe Karmel-toa gbɔ.—Fiawo I, 18:1, 19.

6, 7. (a) Aleke Eliya ɖe nusi gbɔ Israel ƒe xɔsegbegbea tso la ɖe goe? (b) Nukae Baal ƒe nyagblɔɖilawo wɔ? (d) Nukae Eliya wɔ?

6 Woƒo ƒu ɖe teƒe aɖe si Yehowa ƒe vɔsamlekpui aɖe nɔ, “si wogbã,” ɖewohĩ be woatsɔ adze Izebel ŋu. (Fiawo I, 18:30) Nublanuitɔea, Israel-vi siwo nɔ afima la meka ɖe amesi ate ŋu ana tsi si wohiã vevie la nadza dzi o—womenya ne Yehowae alo Baal ye o. Nyagblɔɖila 450 nɔ Baal teƒe, evɔ Eliya ya ɖeka koe nɔ Yehowa teƒe. Eliya gblɔ nusi gbɔ woƒe kuxia tso hebia wo be: “Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo?” Azɔ etsɔ nyaa ɖo wo ŋku me tẽ: “Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!” Be Eliya naʋã Israel-vi siwo si kakaɖedzi mele o be woatsɔ wo ɖokui ana Yehowa bliboe la, edoe ɖa be yewoawɔ dodokpɔ aɖe akpɔe ɖa be amekae nye Mawu vavãa hã. Woawu nyitsu eve asa vɔ, ɖeka na Yehowa, eye evelia na Baal. Mawu vavã la ana dzo nafiã eƒe vɔsaa. Baal subɔlawo dzra woƒe vɔsaa ɖo, eye wotsɔ gaƒoƒo geɖe nɔ woƒe mawua yɔm be: “Baal, tɔ na mí!” Esi Eliya te fewu ɖuɖu le wo ŋu la, wote wo ɖokui sisi vaseɖe esime ʋu do, eye wodo ɣli kple woƒe ŋusẽ katã. Gake gbeɖea koe, ŋuɖoɖo aɖeke menɔ vavam o.—Fiawo I, 18:21, 26-29.

7 Eɖo Eliya dzi azɔ. Gbãa, edzra vɔsamlekpuia ɖo eye wòfli nyitsua kɔ ɖe edzi. Azɔ eɖe gbe be woatrɔ ze gã ene me tsiwo akɔ ɖe vɔsaa dzi. Wowɔ esia zi gbɔ zi etɔ̃ vaseɖe esime tsi yɔ ʋe si ƒo xlã vɔsamlekpuia banaa. Azɔ Eliya do gbe ɖa gblɔ be: “Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewɔ nusiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo!”—Fiawo I, 18:30-37.

8. Aleke Mawu ɖo Eliya ƒe gbedodoɖaa ŋui, eye nukae nyagblɔɖilaa wɔ?

8 Mawu vavã la ɖo gbedodoɖa ma ŋu esi wòna dzo tso dziƒo va fiã vɔsalã la kple vɔsamlekpuia siaa. Dzo ma no tsi si le ʋe si woɖe ɖe vɔsamlekpuia ŋu godoo me la gɔ̃ hã! Wò ya bu dɔ si wòawɔ ɖe Israel-viwo dzi ŋu kpɔ. “Wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu [vavã la], Yehowae nye Mawu [vavã la]!” Azɔ Eliya wɔ nu bubu aɖe kpata; eɖe gbe na Israel-viwo be: “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo, wo dometɔ aɖeke megasi o!” Emegbe ena wowu Baal ƒe nyagblɔɖila 450-awo katã le Karmel-toa gbɔ.—Fiawo I, 18:38-40.

9. Aleke woganɔ tadeagula vavãwo dom kpɔe kokoko?

9 Le ŋkeke ma ke si womaŋlɔ be gbeɖe o dzi la, Yehowa na tsi gadza ɖe anyigbaa dzi ake zi gbãtɔ le ƒe etɔ̃ kple afã ƒe kuɖiɖi megbe! (Yakobo 5:17, 18) Wò ya bu dze si ɖom Israel-viwo anya nɔ esi wotrɔ yina aƒeme ŋu kpɔ; Yehowa na eƒe Mawu nyenye dze ƒã. Gake Baal subɔlawo mena ta o. Izebel yi edzi ti Yehowa subɔlawo yome. (Fiawo I, 19:1, 2; 21:11-16) Eyata wogado Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ ake. Ðe wòakpɔ wo be wotsɔ wo ɖokui na Yehowa bliboe ne ɣeyiɣia de nɛ be wòadrɔ̃ ʋɔnu Baal subɔlawoa?

Wɔ Nu Kpata Fifia

10. (a) Nuka wɔmee Kristotɔ amesiaminawo le egbea? (b) Aleke ame awɔ aɖee fia be yele sedede si le Nyaɖeɖefia 18:4 dzi wɔm?

10 Kristotɔ amesiaminawo le dɔ aɖe si ɖi Eliya tɔ wɔm egbea. Woto nuƒoƒo kple agbalẽwo dzi xlɔ̃a nu dukɔwo katã me tɔ siwo le Kristodukɔa me kple egodo siaa tso alesi wònye afɔkui be woanɔ alakpasubɔsubɔ me ŋu. Esia wɔe be ame miliɔn geɖe wɔ nu kpata do le alakpasubɔsubɔhawo me. Wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wova zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo. Ẽ, wowɔ ɖe nuxlɔ̃ame kpata si Mawu na tso alakpasubɔsubɔ ŋu la dzi, be: “Mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.”—Nyaɖeɖefia 18:4.

11. Nukae hiã hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu?

11 Gake ame miliɔn geɖe bubuwo li, eye togbɔ be Biblia me gbedasi si kakam Yehowa Ðasefowo le dzɔa dzi na wo hã la, wole hehem ɖe megbe le nusi wòle be woawɔ ŋu. Amesiawo dometɔ aɖewo vana míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɣeaɖewoɣi, abe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua alo nutome gã takpekpe ƒe akpa aɖewo ene. Míele nu xlɔ̃m amesiawo katã be woade ŋugble vevie tso Eliya ƒe nya siawo ŋu, be: “Vaseɖe ɣekaɣi [mianɔ evedomesi] ase ɖo?” (Fiawo I, 18:21) Le esi teƒe be woanɔ hehem ɖe megbe la, ehiã be woawɔ nu kpata fifia eye woadze agbagba vevie be yewoazu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo. Agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe nyae!—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.

12. Afɔku ƒe nɔnɔme ka mee Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ aɖewo va ge ɖo, eye nukae wòle be woawɔ?

12 Nublanuitɔea, Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ aɖewo megakpɔa gome le woƒe tadedeagu me edziedzi o alo wova gbɔdzɔ. (Hebritɔwo 10:23-25; 13:15, 16) Ame aɖewo ƒe dzonɔameme nu tsi le vɔvɔ̃ na yometiti, dzimaɖitsitsi ɖe dɔwɔɖui ŋu, agbagba dzedze be yewoazu kesinɔtɔ, alo ɖokuitɔdidi ƒe vivisesewo ta. Yesu xlɔ̃ nu be nu mawo tututue avu atsyɔ ye yomedzela aɖewo dzi, eye woanye mɔ̃ aɖe wo, alo ana woakli nu. (Mateo 10:28-33; 13:20-22; Luka 12:22-31; 21:34-36) Le esi teƒe be amesiawo ‘nanɔ adzɔ eve ɖum’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nua, ele be ‘woado vevie nu, eye woatrɔ dzime’ ahawɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi kpata.—Nyaɖeɖefia 3:15-19.

Alakpasubɔsubɔ ƒe Nuwuwu Ava Kpoyi

13. Ƒo nu tso alesi nɔnɔmea nɔ le Israel esime wosi ami na Yehu wòzu fia ŋu.

13 Míekpɔ nusita wòle be amewo nawɔ nu kpata fifia la le nu bubu aɖe si dzɔ le Israel me. Ɣemaɣi anye ƒe 18 aɖewo le Mawu nyenye ƒe nya la gbɔ kpɔkpɔ le Karmel-toa gbɔ vɔ megbe. Ŋkeke si dzi Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Baal subɔlawo la va zi ɖeka kpoyi eye womenɔ mɔ kpɔm nɛ o le Eliya teƒenɔla Elisa ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. Fia Axab ƒe vi Yoram nɔ dzi ɖum le Israel, eye Izebel gakpɔtɔ nɔ agbe henye fianyɔnu. Elisa dɔ eƒe dɔla le adzame wòva si ami na Israel ƒe aʋafia Yehu be wòazu fia. Ɣemaɣi la, Yehu nɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome le Ramot-Gilead, nɔ aʋa wɔm kple Israel ƒe futɔwo. Fia Yoram nɔ Yezreel le bali si gogo Megido me; enɔ hayahayam tso abi aɖe si wòxɔ le aʋaa aɖe me la me.—Fiawo II, 8:29–9:4.

14, 15. Dɔ kae wode asi na Yehu, eye aleke wòwɔ nu ɖe eŋui?

14 Nusi Yehowa gblɔ na Yehu be wòawɔ enye si: “Tsrɔ̃ wò aƒetɔ Axab ƒe aƒe la, ne mabia hlɔ̃ Izebel ɖe nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kple Yehowa ƒe dɔlawo katã ƒe ʋu nu. Axab ƒe aƒe blibo la atsrɔ̃ gbidigbidi . . . Avũwo aɖu Izebel le Yezreel-gble me, eye ame aɖeke maɖii o.”—Fiawo II, 9:7-10.

15 Yehu nye amesi tsona ɖe dɔ ŋu wɔna kpata. Mehe ɖe megbe kura o, eɖo eƒe tasiaɖam me hekui sesĩe ɖo ta Yezreel. Gbetakpɔla aɖe si nɔ Yezreel de dzesii be Yehu ye eye wògblɔe na Fia Yoram; esia na Yoram ge ɖe eƒe tasiaɖam me yina go do ge eƒe aʋafiaa. Esi wodo go la, Yoram bia be: “Yehu, ŋutifafaea?” Yehu ɖo eŋu be: “Ŋutifafa ka? Esi dawò Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa ta le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?” Azɔ Fia Yoram di be yeasi, gake mete ŋui o; Yehu vu eƒe aŋutrɔ hete Yoram wòŋɔ eƒe dzi wòku.—Fiawo II, 9:20-24.

16. (a) Nɔnɔme kae va dze ŋgɔ Izebel ƒe fiaƒeme dɔwɔlawo le vo me? (b) Aleke Yehowa ƒe nya si ku ɖe Izebel ŋu la va emee?

16 Yehu megblẽ ɣeyiɣi kura o, ege ɖe eƒe tasiaɖam la me afɔtsɔtsɔe ɖo ta dugãa me. Izebel ɖo atsyɔ̃ na eɖokui kpeɖii hekpɔ Yehu to fesre nu hedo gbe nɛ ŋɔdzidonametɔe. Yehu mede nu eme nɛ o; edi kpekpeɖeŋu hebia be: “Ameka le dzinye, amekae?” Eva hiã be Izebel ƒe dɔlawo nawɔ nu kpata ŋutɔ. Fia ƒe aƒemenuwo dzikpɔla eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre nu. Enumake wodo woƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ. Yehu ɖe gbe na wo be: “Mitu asii ƒu anyi!” Amegãawo tu asi Izebel ƒu anyi ɖe mɔ si to fiasãa gɔme dzi, eye Yehu ƒe sɔwo kple tasiaɖam va zɔ edzi le afima. Aleae amesi he Baal subɔsubɔ va Israel la kpɔ tsɔtsrɔ̃ si wòdze nae nye esi. Kaka woava bu tame be woaɖii la, avuwo ya wɔ dɔ nɛ xoxo, woɖu eƒe ŋutilã abe alesi tututu wogblɔe ɖi ene.—Fiawo II, 9:30-37.

17. Ele be Mawu ƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ Izebel nado ŋusẽ míaƒe xɔse ɖe etsɔme nudzɔdzɔ ka ŋu?

17 Nenema kee kpɔɖeŋugbolo si ƒe ŋkɔe nye “Babilon gã” la hã ava tsrɔ̃e wòawɔ nuku na amewo. Gbolo la tsi tre ɖi na Satana ƒe xexea ƒe alakpasubɔsubɔhawo, siwo dzɔ tso blema dugã Babilon me. Ne Yehowa Mawu tsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ vɔ la, ekema atrɔ susu ɖe Satana ƒe xexea ƒe akpa si me tɔwo mele subɔsubɔha aɖeke me o ŋu. Woatsrɔ̃ amesiawo hã, ale be woadzra mɔ dzi ɖo na xexeme yeye dzɔdzɔe aɖe.—Nyaɖeɖefia 17:3-6; 19:19-21; 21:1-4.

18. Nukae dzɔ ɖe Baal subɔsubɔ dzi le Israel le Izebel ƒe ku megbe?

18 Le Izebel ƒe ku megbe la, Fia Yehu megblẽ ɣeyiɣi kura o; etsrɔ̃ Axab ƒe dzidzimeviwo kple amesiwo koŋ dea wo dzi la katã. (Fiawo II, 10:11) Gake Israel-vi Baal subɔla geɖe gakpɔtɔ nɔ anyigbaa dzi. Yehu wɔ nu kpata ɖe amesiawo ŋu tsɔ ɖe “alesi [wòle] ŋu ʋãm ɖe Yehowa nui” fia. (Fiawo II, 10:16) Yehu wɔ eɖokui Baal subɔla ayetɔe hewɔ ɖoɖo be yeaɖu azã gã aɖe le Baal ƒe gbedoxɔ si Axab tu le Samaria me. Baal subɔlawo siwo katã nɔ Israel la va azãa ɖuƒe. Fifia si womagate ŋu asi o la, Yehu na eƒe amewo wu wo katã. Biblia tsɔ nya siawo wu nuŋlɔɖia nui be: “Ale Yehu tsrɔ̃ Baal ɖa le Israel enye si.”—Fiawo II, 10:18-28.

19. Mɔkpɔkpɔ nyui kae le Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe “ameha gã” la lalam?

19 Woɖe Baal subɔsubɔ ɖa le Israel keŋkeŋ. Nenema kee kakaɖedzi le eŋu be xexe sia ƒe alakpasubɔsubɔhawo katã nu ava yi zi ɖeka kpoyi wòawɔ nuku. Ameka ƒe akpa dzie nànɔ le ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã ma gbe? Wɔ nu kpata fifia, ekema mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu asiwò be nànɔ “ameha gã” si atsi agbe le “xaxa gã la” me dome. Ekema àtsɔ dzidzɔ atrɔ kpɔ megbe ahakafu Mawu ɖe alesi wòdrɔ̃ ʋɔnu “gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi” la ta. Àwɔ ɖeka kple tadeagula vavã bubuwo ɣemaɣi alɔ̃ ɖe dzidzɔnya siawo siwo wogblɔ tsɔ dzi hae le dziƒo dzi, be: “Mikafu Yehowa! Elabena [Yehowa], mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!”—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14; 19:1, 2, 6.

Biabiawo Hena Ŋugbledede

• Aleke Israel-viwo wɔ ɖi Baal subɔsubɔ ŋuti fɔ?

• Xɔsegbegbe gã ka ŋu nyae Biblia gblɔ ɖi, eye aleke nyagblɔɖi ma le eme vamee?

• Aleke Yehu ɖe Baal subɔsubɔ ɖae keŋkeŋ?

• Nukae wòle be míawɔ be míatsi agbe le Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbea?

[Biabiawo]

[Anyigbatata si le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Afek

Xelkat

Bet-Semes

Yokneam

En-Dor

Ofra

Sunem

Megido

Bet-Arbel

Ramot-Gilead

Yezreel

Tanax

Bet-Sean (Bet-San)

Yabes-Gilead?

Yibleam (Gat-Rimon)

Dotan

Abel-Mexola

Tirza

Soxo

SAMARIA

Mountain Peaks

Karmel-to

Tabor-to

More

Gilboa-to

[Bodies of water]

Mediterranea-ƒu

Galilea-ƒu

[River]

Yordan-tɔsisi

[Spring and well]

Xarod- vudo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Based on maps copyrighted by Pictorial Archive (Near Eastern History) Est. and Survey of Israel

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi nye tadedeagu vavãtɔa ƒe akpa vevi aɖewo

[Nɔnɔmetata si le axa 28, 29]

Ele be amesiwo katã di be yewoatsi agbe le Yehowa ƒe ŋkeke dzi la nawɔ nu kpata abe Yehu ene