Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Maɖe Gbeƒã Ablɔɖe na Aboyomewo’

‘Maɖe Gbeƒã Ablɔɖe na Aboyomewo’

‘Maɖe Gbeƒã Ablɔɖe na Aboyomewo’

LE Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi la, egblɔ be yeƒe dɔdasia ƒe akpa aɖee nye ‘be yeaɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo.’ (Luka 4:19) Esi Kristotɔ vavãwo srɔ̃a woƒe Aƒetɔ ƒe kpɔɖeŋua ta la, woɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na “amewo katã,” hele ablɔɖe nam wo tso subɔsubɔ ƒe kluvinyenye me, eye wole kpekpem ɖe wo ŋu be woƒe agbenɔnɔ naɖɔ ʋu.—Timoteo I, 2:4.

Egbea, dɔ sia wɔwɔ bia be woaɖe gbeƒã na gamenɔla ŋutɔŋutɔwo—amesiwo wode gaxɔ me ɖe nuvlowɔwɔ ƒomevi vovovowo ta, eye wonye amesiwo kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔ me ablɔɖe kpɔkpɔ ŋu. Míeka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Ukraine gaxɔwo me kple le Europa ƒe teƒe bubuwo ŋuti nyatakaka dedziƒoname sia xexlẽ ado dzidzɔ na wò.

Atikevɔ̃ɖi Zãlawo Trɔ Zu Kristotɔwo

Serhii * xɔ ƒe 38, gake ezã wo dometɔ 20 tsɔ nɔ game. Gaxɔ mee wònɔ hafi wu sukudede nu kura gɔ̃ hã. Egblɔ be: “Ƒe aɖewoe nye esia wodem gaxɔ me le amewuwu ta, eye ƒe si woka nam mewu enu haɖe o. Mesẽa ŋuta le ame ŋu le gaxɔ me, eye gamenɔla bubuwo vɔ̃na nam.” Ðe nɔnɔme sia na wòse le eɖokui me be yevoa? Ao. Kluvi boŋ ye Serhii zu na atikevɔ̃ɖi, ahamuame, kple atama zazã hena ƒe geɖe.

Emegbe ehati gamenɔla aɖe gblɔ Biblia me nyateƒea ŋu nya nɛ. Ðeko wòwɔ nɛ abe kekeli aɖee klẽ le viviti me ene. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, edzudzɔ numãme mawo zazã, va zu nyanyuia gbeƒãɖela, eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Fifia, vovo mele Serhii ŋu le gaxɔ me kura o, elabena eva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla na Yehowa. Ekpe ɖe nuvlowɔla adre ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ va zu nɔvia haxɔsetɔwo. Woɖe asi le wo dometɔ ade ŋu, gake Serhii ya gakpɔtɔ le gaxɔa me. Esia mete ɖe edzi o elabena enye dzidzɔ nɛ be yekpe ɖe amewo ŋu wokpɔ ablɔɖe tso subɔsubɔ ƒe kluvinyenye me.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Amesiwo Serhii srɔ̃ nu kpli le gaxɔ me dometɔ ɖekae nye Victor, si nye atikemuame dzrala kple ezãla tsã. Esi woɖe asi le Victor ŋu le gaxɔ me la, eyi edzi wɔ ŋgɔyiyi geɖe, eye mlɔeba la, ede Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku le Ukraine. Fifia ezu mɔɖela vevi le Moldova. Victor gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 8 ye medze atama nono gɔme, eye esi mexɔ 12 la menɔ ahamuame zãm, eye medze atikemuame zazã gɔme esi mexɔ 14. Medze agbagba be matrɔ nye agbenɔnɔ, gake medze edzi o. Le ƒe 1995 me, esime mía kple srɔ̃nye míenɔ ɖoɖo wɔm be míaʋu adzo le xɔ̃nye siwo nye ame maɖɔʋuwo gbɔ teti koe ma tagbɔdɔléla aɖe tɔ hɛ srɔ̃nyea wòku. Melé blanui ale gbegbe. ‘Afikae srɔ̃nye le fifia? Nukae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?’ Meyi edzi nɔ nya geɖe biam, gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo na wo o. Meva nɔ atikemuamewo zãm wu tsã, kple susu be maŋlɔ nɔnɔmea be. Wolém ɖe atikemuame zazã ta eye wobu fɔm be woadem mɔ̃ ƒe atɔ̃. Afimae Serhii kpe ɖe ŋunye mekpɔ nye biabiawo ŋuti ŋuɖoɖowo le. Medze agbagba be maɖe asi le atikemuamewo zazã ŋu zi geɖe, gake fifia hafi kpekpeɖeŋu si tso Biblia me na mekpɔ dzidzedze. Ŋusẽ le Mawu ƒe nya ŋu vavã!”—Hebritɔwo 4:12.

Nuvlowɔla Dzimesẽlawo Va Trɔ Nɔnɔme

Vasyl ya mezã atikemuamewo kpɔ o, gake kluvie eya hã nye va yi. Egblɔ be: “Kɔdada ye nye nusi mam. Mesrɔ̃ alesi maƒo amewoe vevie gake womaxɔ abi o.” Vasyl to ŋutasesẽnuwɔna sia dzi da adzo amewo. “Meyi mɔ̃ zi etɔ̃, si wɔe be srɔ̃nye gbem. Le nye ƒe atɔ̃ ƒe gamenɔnɔ mamlɛa me nɔɣi la, mexɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo. Esia ʋãm be mexlẽ Biblia, gake megaƒoa ɖokuinye ɖe nusi doa dzidzɔ nam ŋutɔŋutɔ, si nye kɔdada me koe.

“Gake le Biblia xexlẽ ɣleti ade megbe la, tɔtrɔ aɖe va menye. Ne meɖu dzi le kɔdada me la, megahea dzidzɔkpɔkpɔ vanɛ nam abe tsã ene o. Eyata Yesaya 2:4 me nyawo na medze tame bubu tso nye agbe ŋu, eye meva de dzesii be ne nyemetrɔ nye agbenɔnɔ o la, gaxɔ me koe mava zã nye agbemeŋkeke mamlɛawo le. Eyata meɖe asi le nusiwo mezãna tsɔna daa kɔe la ŋu, eye medze asi tɔtrɔ le nye amenyenye ŋu. Menɔ bɔbɔe ya o, gake ŋugbledede tso nusiwo mesrɔ̃ ŋu kple gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye meɖe asi le nye nɔnɔme gbegblẽawo ŋu vivivi. Ɣeaɖewoɣi la, metsɔna aɖatsi ƒoa koko na Yehowa be wòado ŋusẽm maɖe asi le numame sia ŋu. Mlɔeba la, mekpɔ dzidzedze.

“Esi woɖe asi le ŋunye le gaxɔ me la, megava wɔ ɖeka kple nye ƒomea. Fifia mele dɔ wɔm le tomenukuƒe. Esia wɔe be mekpɔa ɣeyiɣi sɔgbɔ tsɔ kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kple srɔ̃nye, eye mekpɔa nye agbanɔamedziwo gbɔ le hamea me hã.”

Mykola kple exɔlɔ̃wo da adzo gadzraɖoƒe geɖe le Ukraine. Esia na wodee mɔ̃ ƒe ewo. Hafi woadee mɔ̃ la, zi ɖeka koe wòde sɔleme kpɔ—ɖe wòyi be yeava kpɔ teƒea da ɖi nyuie, ale be yeava fi nu le afima emegbe. Nuwo meva yi abe alesi wòsusui ene o, gake afima yiyi na Mykola susu be ŋutinya tiame gbogbo aɖewo, siwo ku ɖe Orthodɔks nunɔlawo, bosomikaɖiwo, kple subɔsubɔzãwo ŋu nyawo koe anya nɔ Biblia me. Egblɔ be: “Nyemenya nusi tututue ʋãm ya o, gake ɖeko meva dze Biblia xexlẽ gɔme. Ewɔ moya nam ŋutɔ be mele abe alesi mesusu la ene kura o!” Ebia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1999 me. Ne èkpɔe fifia, eye wogblɔ na wò be gadzraɖoƒe gbãla vɔ̃ɖi aɖee nye esia va zu subɔsubɔdɔwɔla ɖokuibɔbɔla alea, màxɔe ase o!

Wotso kufia na Vladimir kpɔ. Esi wònɔ eƒe wuwua lalam la, edo gbe ɖa na Mawu, hedo ŋugbe be ne ena woɖe asi le ye ŋu la, yeasubɔe. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, dukɔa ƒe se aɖewo va trɔ, eye kufia si wotso nɛ va zu gaxɔmenɔnɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Be Vladimir nawɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi la, edze egɔme nɔ subɔsubɔha vavãtɔ dim. Adventist sɔlemehaa nɔ nusɔsrɔ̃ aɖewo ɖom ɖee, eye mlɔeba eva xɔ ɖaseɖigbalẽ tso wo gbɔ, gake mete eme nɛ o.

Gake esi Vladimir xlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo le agbalẽdzraɖoƒe si le gaxɔa me megbe la, eŋlɔ lɛta ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine be woava srã ye akpɔ. Hafi nɔvi siwo le nuto ma me nayi egbɔ la, enɔ eɖokui bum Ðasefoe xoxo, eye wònɔ gbeƒã ɖem le gaxɔa me. Wokpe ɖe eŋu wòdze va zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela. Esi wonɔ ŋutinya sia ŋlɔm la, Vladimir kple gbeƒãɖela adre bubuwo nɔ lalam be yewoaxɔ nyɔnyrɔ le gaxɔa me. Gake kuxi aɖe dze ŋgɔ wo. Le gaxɔmenɔla siwo wobu fɔ be woanɔ game vaseɖe woƒe kugbe gome la, ha ɖeka me tɔwo koe nɔa du, si wɔe be xɔse si le Vladimir si la kee le ehati gamenɔlawo hã si. Eyata amekae wole gbeƒã ɖe ge na fifia? Woɖea gbeƒã nyanyuia na gaxɔdzikpɔlawo kple to lɛta ŋɔŋlɔ na amewo dzi.

Nazar ʋu le Ukraine yi Czech Republic, eye afimae wòva wɔ ɖeka kple adzoha aɖe le. Esia na wodee mɔ̃ ƒe etɔ̃ kple afã. Le eƒe gaxɔmenɔɣi la, elɔ̃ srɔ̃ nu kple Yehowa Ðasefo siwo tsona Karlovy Vary dugãa me va ɖea gbeƒã le afima, esrɔ̃ nyateƒea, eye wòwɔ tɔtrɔ blibo le eƒe agbenɔnɔ ŋu. Esi dedienɔnɔ dɔwɔla ɖeka kpɔ tɔtrɔ siwo va eƒe agbenɔnɔ me la, egblɔ na gaxɔmenɔla siwo le afima kple Nazar be: “Ne ɖe mi katã mianɔ abe Ukrainetɔ sia enea, anye ne meɖe asi le dɔ sia ŋu xoxo adi dɔ bubu awɔ.” Bubu gblɔ be: “Yehowa Ðasefo siawo dze agbagba ŋutɔ. Nuvlowɔlawoe amewo nyena hafi vana gaxɔ me, gake wotrɔna zua ame ɖɔʋu hafi dzona.” Fifia Nazar trɔ yi aƒe. Esrɔ̃ atikpakpadɔ heɖe srɔ̃, eye eya kple srɔ̃a wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm. Aleke gbegbe wòheda akpe ɖe Ðasefoawo ƒe sasrãkpɔwo ta enye si!

Dziɖuɖumegãwo Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia

Menye gamenɔlawo ɖeɖekoe kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa Ðasefowo nanaa ŋu o. Polandtɔwo ƒe gaxɔdzikpɔlawo ƒe nyanuɖela Miroslaw Kowalski gblɔ be: “Míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe sasrãkpɔa ŋu ŋutɔ. Gaxɔmenɔla aɖewo ƒe nɔnɔme wɔ nublanui. Ðewohĩ womewɔ nu ɖe wo ŋu abe amewo ene kpɔ o. . . . Kpekpeɖeŋu [si Ðasefoawo] nana la ɖea vi na mí ŋutɔ elabena dɔwɔlawo kple amesiwo akpe ɖe gamenɔlawo ŋu megasɔ gbɔ ɖe mía si o.”

Poland gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã aɖe ŋlɔ ɖo ɖe Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea be Ðasefowo nadzi woƒe dɔwɔnawo ɖe edzi le yeƒe gakpɔa me. Nukatae? Eɖe eme be: “Gbetakpɔxɔ habɔbɔa teƒenɔlawo ƒe sasrãkpɔwo ate ŋu akpe ɖe gamenɔlawo ŋu woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo, eye woƒe adãnuwɔnawo ɖe wo nɔewo ŋu dzi aɖe akpɔtɔ.”

Ukrainetɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒo nu tso gamenɔla aɖe si tee kpɔ be yeawu ye ɖokui, gake wòxɔ kpekpeɖeŋu tso Yehowa Ðasefowo gbɔ emegbe ŋu. Nyatakakaa gblɔ be: “Fifia, ŋutsu sia le hayahayam vivivi tso blanuiléledɔa me. Ewɔa gaxɔ me sededewo dzi, eye ele kpɔɖeŋu nyui ɖom na ehati gaxɔmenɔla bubuwo.”

Menye Gaxɔawo me Koe Wòle Vi Ðem le O

Viɖe siwo dona tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔwɔ me mese ɖe gaxɔwo me ɖeɖeko o. Eyia edzi ɖea vi na gamenɔlawo ne woɖe asi le wo ŋu vɔ megbe hã. Kristotɔ eve, siwo ŋkɔe nye Brigitte kple Renate, le kpekpem ɖe amewo ŋu le mɔ sia nu ƒe geɖee nye sia. Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si woyɔna be Main-Echo Aschaffenburg ka nya ta tso wo ŋu be: “Wokpena ɖe gamenɔlawo ŋu ɣleti etɔ̃ tsɔ yi atɔ̃ le woƒe dodo le gaxɔ me vɔ megbe, wodea dzi ƒo na wo be woakpɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu. . . . Dziɖuɖua da asi ɖe wo dzi be woawɔ dɔ abe amesiwo léa ŋku ɖe nuvlowɔla siwo ŋu woɖe asi le vie la ƒe agbenɔnɔ ŋu ahana nyatakaka tso wo ŋu ene. . . . Azɔ hã, wonya alesi woawɔ nu kple gaxɔdzikpɔlawoe.” Ame geɖe to kpekpeɖeŋu siawo tɔgbe dzi va tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa.

Gaxɔdzikpɔlawo kura gɔ̃ hã kpɔa viɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia fiafiadɔa me. Le kpɔɖeŋu me, asrafomegã kple susuŋutinunyala ye Roman nye le Ukrainetɔwo ƒe gaxɔ aɖe me. Esi Ðasefowo yi ɖasrãe kpɔ le eƒeme la, elɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. Emegbe eva see be womeɖe mɔ na Ðasefowo be woaɖo dze kple gamenɔlawo le teƒe si wòwɔa dɔ le o. Eyata ebia gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã be wòaɖe mɔ na ye yeazã Biblia atsɔ akpe ɖe gamenɔlawo ŋu. Woɖe mɔ nɛ, eye gamenɔla ewo ɖe ɖetsɔleme fia. Roman gblɔa Biblia me sidzedze si le esi sum ŋu nya na gamenɔlawo edziedzi, eye eƒe agbagbadzedzewo tse ku geɖe. Esi woɖe asi le wo ŋu la, wo dometɔ aɖewo yi edzi wɔ ŋgɔyiyi eye wova zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo. Esi Roman kpɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu ta la, esrɔ̃ nu moveviɖoɖotɔe wu tsã. Eɖe asi le asrafodɔa ŋu heyi edzi wɔ Biblia fiafiadɔa geɖe wu. Fifia, ele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kple ame aɖe si nɔ game tsã.

Gaxɔmenɔla aɖe ŋlɔ be: “Biblia, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, kple Biblia-nusɔsrɔ̃woe léa mí ɖe te le afisia.” Nya mawo ɖe alesi wohiã Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gaxɔawo mee fia. Ukraine hame aɖe ka nya ta tso Biblia fifiadɔ si wɔm wole le wo gbɔ gakpɔ aɖe me ŋu be: “Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegãwo dana akpe ɖe agbalẽ siwo míetsɔ yina na wo ta. Míetsɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe ƒe kɔpi 60 yina na wo.” Hame bubu ŋlɔ be: “Míewɔ dɔ le gakpɔ aɖe si me agbalẽdzraɖoƒe suesue 20 le me. Míetsɔ míaƒe agbalẽ veviwo da ɖe agbalẽdzraɖoƒeawo dometɔ ɖesiaɖe. Agbalẽ siwo míetsɔ na wo katã ƒe agbɔsɔsɔ ade aɖaka 20.” Gaxɔdzikpɔla siwo le gakpɔ aɖe me la dzrana míaƒe magazine siwo vana agbalẽdzraɖoƒea la ɖo, kple susu be gamenɔlawo nakpɔ tata ɖesiaɖe axlẽ.

Le ƒe 2002 me la, alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine ɖo Dɔwɔƒe si Kpɔa Gakpɔwo me Gbeƒãɖeɖedɔa Dzi. Vaseɖe fifia la, dɔwɔƒe sia wɔ dɔ kple gakpɔ vovovo 120, eye wotsɔ teƒe mawo de hamewo si be woakpe ɖe ameawo ŋu. Ɣleti sia ɣleti la, woxɔna lɛta abe 50 ene tso gamenɔlawo gbɔ, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nyea biabia be woaɖo agbalẽ ɖe yewo alo be woava srɔ̃ Biblia kple yewo. Alɔdzedɔwɔƒea ɖoa agbalẽ, magazine, kple agbalẽ gbadzawo ɖe wo vaseɖe esime nɔvi siwo le nutoa me nate ŋu ayi wo gbɔ.

Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati Kristotɔwo be: “Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi.” (Hebritɔwo 13:3) Amesiwo wode gaxɔ me ɖe woƒe xɔse ta ŋu nya gblɔmee wònɔ. Egbea, Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku amesiwo wode gaxɔ me dzi, yia gakpɔwo me, eye ‘woɖea gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo.’—Luka 4:19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Gakpɔ si le L’viv, Ukraine

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mykola

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Vasyl kple srɔ̃a Iryna

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Victor