Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuka Koŋ ƒe Azãe Kristmas Nye?

Nuka Koŋ ƒe Azãe Kristmas Nye?

Nuka Koŋ ƒe Azãe Kristmas Nye?

LE AME miliɔn geɖe gome la, azãɖuɣiwo nye ɣeyiɣi si wotsɔna nɔa ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ, si wotsɔna doa ŋusẽ lɔlɔ̃ ƒomedodowoe. Ame bubu geɖe bunɛ be enye ɣeyiɣi si wotsɔna dea ŋugble tso Yesu Kristo ƒe dzidzi kple akpa si wòwɔ le amegbetɔƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me ŋu. Ɣeaɖeɣi va yi la, womeɖe mɔ be woaɖu Kristmas le Russia abe alesi woɖe mɔ ɖe eŋu le dukɔ bubu geɖe me ene o. Togbɔ be Russiatɔwo ƒe Orthodɔks Sɔlemehaa ɖu Kristmas hena ƒe alafa geɖe hã la, le ƒe 1900-awo ƒe akpa gãtɔ me la, womegava ɖe mɔ be woaɖui o. Nukae he tɔtrɔ sia vɛ?

Esi Bolshevik Kɔmiunisttɔwo he tɔtrɔ kpata vɛ le ƒe 1917 megbe teti ko la, Soviet dziɖuɖumegãwo de mawudzimaxɔse ƒe se na dukɔmeviwo katã. Womegava ɖe mɔ ɖe Kristmas ɖuɖu kple subɔsubɔ ŋuti nuwɔna siwo katã kpe ɖe eŋu la ŋuti o. Dziɖuɖua dze egɔme nɔ nu ƒom tsi tre ɖe Kristmas kple Ƒe Yeye zãwo ɖuɖu ŋu. Woƒo nu tsi tre ɖe nusiwo wozãna le nutoa me tsɔ ɖua azãe ŋu kura gɔ̃ hã le dutoƒo, siwo nye Kristmas-ti kple Ded Moroz alo Tɔgbui Tsikpe, si nye alesi woyɔna Santa Claus (Father Christmas alo Papa Noël) le Russia.

Le ƒe 1935 me la, wowɔ tɔtrɔ aɖe si na be alesi woɖua Kristmas kple Ƒe Yeye zãwo le Russia va trɔ. Soviettɔwo gaɖe mɔ ɖe Tɔgbui Tsikpe, Kristmas-ti, kple Ƒe Yeyea ɖuɖu ŋu, gake vovototo gã aɖe va eme. Wogblɔ be menye Kristmas ɖuɣie Tɔgbui Tsikpe ahe nunana vɛ o, ke boŋ le Ƒe Yeye Ðugbe. Eye womegaɖe mɔ be woazã Kristmas-ti azɔ o. Eva zu Ƒe Yeye-ti! Eyata tɔtrɔ gã aɖe va alesi woɖunɛ me le Soviet Union. Le mɔ aɖe nu la, Ƒe Yeye ɖuɖu va xɔ ɖe Kristmas teƒe.

Kristmas ɖuɣi va zu dɔmemayimayi ƒe ɣeyiɣi dzro aɖe ko, eye dziɖuɖua meɖe mɔ be woawɔ mawusubɔsubɔ nuwɔna aɖeke le edzi o. Eye menye mawusubɔsubɔ dzesinu aɖekee wotsɔ ɖoa atsyɔ̃e na Ƒe Yeye-ti la o, ke boŋ wozãa Soviet Union dukɔa ƒe ŋgɔyiyiwɔwɔ ŋuti dzesiwo. Russiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Vokrug Sveta (Ŋkulelé ɖe Xexeame Ŋu) ɖe eme be: “Ele bɔbɔe be míanya alesi woto Ƒe Yeye-ti ƒe atsyɔ̃ɖoɖo vovovo siwo wowɔ le Soviet dukɔa ƒe dziɖuɣi dzi tsɔ va ɖo Kɔmiunisttɔnyenye anyii. Wowɔ atsyɔ̃ɖonu siwo nye fɔmizi, tsikpe, yevubolo, hɛ gobɛwo, zũ, kple anyigbadzobomɔ̃ ƒe nɔnɔmewo. Emegbe wova ɖɔli wo kple dzesinu siwo nye tomenukulawo, dzinudzidelawo, tomemikumɔ̃wo, yamenutomeyimɔ̃wo, kple ʋu siwo wozãna le dzinu dzi.”

Ke Kristmas Ðugbea ŋutɔ ya ɖe? Le nyateƒe me la, womegaɖe mɔ ɖe eŋu o. Ke boŋ Soviet dziɖuɖua bui ko abe ŋkeke dzro si dzi wowɔa dɔ lena ene. Amesiwo di be yewoaɖu azãa ahawɔ mawusubɔsubɔ nuwɔna aɖewo le Kristmas ŋkekea dzi la te ŋu wɔnɛ, gake kple ŋuɖɔɖo blibo, elabena ne Dziɖuɖua nya la, ate ŋu aɖe fu na wo. Ẽ, le ƒe alafa 20 lia me la, wova trɔ taɖodzinu si le azãɖuɣia ŋu le Russia, etrɔ ɖa tso mawusubɔsubɔ nuwɔnawo ŋu va zu xexeame ƒe azã.

Tɔtrɔ si Wowɔ le Eŋu Nyitsɔ Laa

Le ƒe 1991 me la, Soviet Union dukɔa mu, eye ablɔɖe geɖe su amewo si. Dziɖuɖua ƒe mawudzimaxɔse sededea megali o. Ŋusẽ va ɖo dukɔ vovovo siwo xɔ ɖokuisinɔnɔ ŋu, eye woɖe Subɔsubɔnyawo ɖe vovo tso Dunyahehe gbɔ. Ame geɖe siwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le se le wo ɖokui me be ele be yewoado mawusubɔsubɔ nuwɔnawo ɖe ŋgɔ azɔ. Wotso nya me be mɔ ɖeka si dzi yewoato awɔ esiae nye be yewoaɖu mawusubɔsubɔzã si nye Kristmas. Ke hã, eteƒe medidi o, nusi amesiawo dometɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm na la meva va eme o. Nukatae?

Ƒe sia ƒe la, azã sia ɖuɖu va zua gakpɔmɔnu wu tsã. Nyateƒee, abe alesi wòle le Amerika kple Europa dukɔ aɖewo me ene la, Kristmas ɖuɣi va zu gakpɔmɔnu nyuitɔwo dometɔ ɖeka na adzɔhawo, nudzralawo, kple asitsala gãwo. Wotsɔ Kristmas tsyɔ̃ɖonuwo ɖoa agbae ɖe fiasewo ŋku me. Ɣetoɖoƒedukɔwo me nɔlawo ƒe Kristmas hadzidziwo kple subɔsubɔ hadzidzi siwo womenya tsã le Russia o la va bɔ ɖe fiasewo me. Nudzralawo tsɔa akplo gã siwo yɔna fũ kple Kristmas tsyɔ̃ɖonuwo tsakana kple woƒe adzɔnuwo le ketekewo kple ʋuwo me. Fifia, nusiawoe yia edzi le azãa ɖuɣi.

Ðewohĩ amesiwo mekpɔe be naneke gblẽ le asitsamɔnu siawo tɔgbe ŋu o kura gɔ̃ hã agblɔ be yewomeda asi ɖe ahamuame nono wòagbɔ eme kple emetsonu gbegblẽ ƒomevi ɖesiaɖe siwo yia edzi le azãa ɖuɣi ya dzi o. Dɔdzeamedzi kpata ƒe ɖɔkta aɖe si le Moscow kɔdzi gblɔ be: “Mí ɖɔktawo ya míenya be Ƒe Yeye ɖugbee nuveviwɔame ƒomevi geɖe siwo nye abi suewo xɔxɔ kple hɛ tɔtɔ ame kpakple tudada, siwo ƒe akpa gãtɔ tsoa ŋutasesẽnu siwo dzɔna le aƒeme, ahamumu, kple ʋufɔkuwo gbɔ, la dzɔna.” Russiatɔwo ƒe Dzɔdzɔmeŋutinunyawo ƒe Sukumegã aɖe gblɔ be: “Amesiwo kuna le ahamumu ta ƒe xexlẽme va le dzidzim ɖe edzi. Ƒe 2000 mee xexlẽmea yi dzi wu. Ameɖokuiwuwu kple amewuwu hã dzi ɖe edzi nenema ke.”

Nublanuitɔe la, nu bubu aɖe hãe na be agbenɔnɔ mawo ƒomevi dzina ɖe edzi le azãɖuɣia le Russia. Nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Izvestiya gblɔ le tanya si nye “Russiatɔwo Ðua Kristmas Zi Eve” te be: “Le mama dedie nu la, Russiatɔ 1 le wo ame 10 ɖesiaɖe dome ɖua Kristmas zi eve. Abe alesi ROMIR (Russia Dukɔa ƒe Hadomegbenɔnɔ kple Asitsamɔnu Habɔbɔ) ƒe numekuku ɖo kpe edzi ene la, amesiwo wobia gbee dometɔ 8 le alafa ɖesiaɖe me lɔ̃ ɖe edzi be yewoɖua Kristmas zi eve, gbãtɔ le December 25 ƒe fiẽ le Katolikoha ƒe Kristmas ɣletigbalẽa nu, eye zi evelia le January 7 le Orthodɔkstɔwo ƒe ɖoɖoa nu . . . Le ame aɖewo gome la, edze ƒã be menye gɔmesese si le Kristmas ŋu tae woɖunɛ o, ke boŋ esi wònye mɔnukpɔkpɔ be woaɖu azã ta koŋ ye.” *

Bubudede Kristo Ŋu Koŋ Tae Wogale Eɖum Ðo Fifia?

Edze ƒã be mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe agbenɔnɔ geɖe yia edzi le azãa ɖuɣi. Togbɔ be nɔnɔmeawo le alea hã, ame aɖewo ase le wo ɖokui me be ele be yewoaɖu azã siawo be wòanye bubudede Mawu kple Kristo ŋu. Enyo ŋutɔ be ame nadi be yeadze Mawu ŋu. Gake ɖe Mawu kple Kristo kpɔa ŋudzedze ɖe Kristmas ɖuɖu ŋu nyateƒea? De ŋugble le afisi wòdzɔ tso ŋu kpɔ.

Le kpɔɖeŋu me, eɖanye susu ka kee tae Soviettɔwo ɖua Kristmas ɖo o, womate ŋu ake ɖi nyateƒenya siwo le Great Soviet Encyclopedia me o, be: “Amesiwo menye Kristotɔwo o ƒe subɔsubɔ si wowɔna hena mawuwo ‘ƒe kuku kple fɔfɔ tso ame kukuwo dome’ mee Kristmas . . . dzɔ tso; agbledelawo dome koŋue kɔnu sia bɔ ɖo, eye le vuvɔŋɔli me ŋkeke siwo nɔa December 21-25 domedome la, woɖua Mawu-Ðela, amesi gagbɔa agbe nuwo ake, la ƒe ‘dzigbezã.’”

Ðewohĩ nyateƒenya sia si dzi numekugbalẽ ma he susu yii la ado dzidzɔ na wò: “Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo menya naneke tso Kristmas ɖuɖu ŋu o. . . . Ƒe 350 lɔƒoe wotsɔ vuvɔŋɔli me ŋkeke si dzi woɖua azã na Mithra la va tsaka Kristotɔnyenye, eye wotrɔ dekɔnu sia wòzu Kristmas-zã. Romatɔ sɔlemedelawoe ɖu Kristmas zi gbãtɔ le ŋutinya me. Le ƒe 900-awo me la, Kristmas kple Kristotɔnyenye va ɖo Russia, eye afimae wova tsɔe tsaka blema Slavtɔwo ƒe vuvɔŋɔli me zã si woɖuna tsɔ dea bubu tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwo ŋui le.”

Ðewohĩ àbia be: ‘Nukae Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ tso December 25 si dzi wobe wodzi Yesu le ŋu?’ Le nyateƒe me la, Biblia meyɔ gbesigbe wodzi Yesu tẽ o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Yesu ŋutɔ ƒo nu tso eŋu kaka wòahayi se de ge be woaɖui o. Ke hã, Biblia kpe ɖe mía ŋu be míanya ƒea ƒe ɣeyiɣi si me wodzi Yesu.

Le Mateo ƒe Nyanyuia, ta 26 kple 27 lia ƒe nya nu la, wowu Yesu le Nisan 14 lia ƒe fiẽ, le Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia si dze egɔme le March 31, 33 M.Ŋ dzi. Luka ƒe Nyanyuia gblɔ na mí be Yesu xɔ ƒe 30 kloe esime wòxɔ nyɔnyrɔ eye wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme. (Luka 3:21-23) Ewɔ subɔsubɔdɔa ƒe etɔ̃ kple afã. Eyata, Yesu xɔ abe ƒe 33 kple afã ene esime wòku. Ema fia be axɔ ƒe 34 le October 1, ƒe 33 M.Ŋ. me. Luka ka nya ta be esime wodzi Yesu la, alẽkplɔlawo nɔ “gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me.” (Luka 2:8) Alẽkplɔlawo mate ŋu anɔ gbedzi le woƒe alẽwo gbɔ le December si nye vuvɔŋɔli me, esime sno te ŋu dzana gɔ̃ hã le Betlexem nutoa me o. Gake woate ŋu akplɔ alẽwo ado goe le October 1 lɔƒo, esi nye ŋkeke si dzi ɖaseɖiɖiwo ɖo kpee be wodzi Yesu.

Ke Ƒe Yeye si amewo ɖuna ya ɖe? Abe alesi míekpɔe va yi ene la, agbegbegblẽnɔnɔ sɔŋ ye yia dzi le eɖuɣi. Togbɔ be wodze agbagba zi geɖe trɔ asi le eŋu wòzu xexemezã dzro ko hã la, nya ku ɖe afisi wòdzɔ tso ŋu.

Nyateƒenya siwo li ku ɖe azã siawo ɖuɖu ŋu na eme kɔ ƒã be, viɖe gobi aɖeke medo tso agbagba siwo wodze be amewo nanya be Yesu tɔe nye azãa me o. Ne asitsatsa kple agbegbegblẽnuwɔna siwo yia edzi le Kristmas ɖuɣi kpakple eƒe trɔ̃subɔsubɔ me tsotso ɖea fu na wò hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. Mɔ aɖe li, si sɔ, si dzi míate ŋu ato ade bubu nyuitɔ Mawu kple Kristo ŋu ahado ŋusẽ ƒomedodowo hã.

Bubudede Mawu Kple Kristo Ŋu Wòanyo Wu

Biblia gblɔ na mí be Yesu Kristo va be “yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Eɖe mɔ wowui, eye elɔ̃ faa ku ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta. Ame aɖewo adi be yewoade bubu Kristo ŋu, ahasusu be yewoate ŋu awɔ esia le Kristmas dzi. Gake abe alesi míekpɔe va yi ene la, Kristmas kple Ƒe Yeye ɖuɖu meku ɖe Kristo ŋu le mɔ aɖeke nu o, eye trɔ̃subɔsubɔ ƒe azãwo mee wodzɔ tso. Azɔ hã, aleke kee Kristmas ɖuɖu vivina ame aɖewo nui o, asitsatsa ŋukeklẽtɔe ye yia edzi ɣemaɣi. Gawu la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ŋukpenanuwɔna siwo medzea Mawu kple Kristo ŋu o hã yia edzi le Kristmas ɖuɣia.

Ke aleke wòle be amesi di be yeadze Mawu ŋu nawɔ nui? Le esi teƒe be wòakplɔ amegbetɔwo ƒe dekɔnu si tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu, gake dze abe ɖe wòtua mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme ɖo ɖe ame me ene, ɖo la, amesi di be yeadze Mawu ŋu vavã ya adi be yeadi mɔ vavãtɔ si dzi yeato ade bubu Mawu kple Kristo ŋu. Mɔ kae nye vavãtɔa, eye nukae wòle be míawɔ?

Kristo ŋutɔ gblɔ na mí be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ẽ, dzianukwaretɔ dina be bubudede Mawu kple Kristo ŋu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ye si. Emegbe etsɔa sidzedze sia dea dɔwɔwɔ me, menye le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe me ko evɔ o, ke boŋ le gbesiagbenuwɔna me. Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba dzedze tso dzi me alea ŋu, eye ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee.

Àdi be mia kple wò ƒomea mianɔ amesiwo dea bubu Mawu kple Kristo ŋu wòsɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo nu ŋutɔŋutɔ la domea? Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ƒome miliɔn geɖe ŋu le xexeame godoo be Biblia ƒe sidzedze vevitɔ su wo si. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàbia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me, alo nàŋlɔ agbalẽ na wo to adrɛs si le magazine sia ƒe axa 2 lia dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Hafi tɔtrɔ kpata nava Russia le October 1917 me la, Russiatɔwo zãna Julius ƒe ɣletigbalẽ, gake dukɔ bubuwo dometɔ akpa gãtɔwo ya zãna Gregory ƒe ɣletigbalẽ. Le ƒe 1917 me la, Gregory ƒe ɣletigbalẽa tsɔ ŋkeke 13 nɔ ŋgɔ na Julius tɔa. Le tɔtrɔ kpata la megbe la, Soviettɔwo va dze Gregory ƒe ɣletigbalẽa zazã gɔme, si wɔe be Russia va nɔ ŋkekewo bum abe alesi wòle le xexeame ƒe akpa mamlɛawo ene. Ke hã, Orthodɔks Sɔlemeha ya gakpɔtɔ nɔ Julius ƒe ɣletigbalẽa zãm tsɔ nɔ eƒe azãwo ɖumee, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be “Atsyã Xoxoa” ƒe ɣletigbalẽ. Ðewohĩ èsee kpɔ be January 7 ye woɖuna Kristmas le Russia. Ke hã, nenɔ susu me na wò be January 7 le Gregory ɣletigbalẽa dzi ye nye December 25 le Julius tɔa dzi. Eyata, Russiatɔ geɖe wɔa ɖoɖo ɖe woƒe azãɖuɖua ŋu ale: December 25, woɖua Kristmas abe alesi wòle le Ɣetoɖoƒedukɔ bubuwo me ene; January 1, woɖua Ƒe Yeye; January 7, woɖua Orthodɔkstɔwo ƒe Kristmas; January 14, woɖua Atsyã Xoxoa ƒe Ƒe Yeye.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Afisi Ƒe Yeye Ðuɖu Dzɔ Tso

Georgia Orthodɔks Nunɔla aɖe Ðe Eƒe Susu Gblɔ

“Ƒe Yeyea ɖuɖu dzɔ tso blema Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azãɖuɖu geɖe me. Trɔ̃subɔlawo ƒe mawu si woyɔna be Janus ye woɖuna January 1 na, eye eƒe ŋkɔ mee woɖe ɣletia ƒe ŋkɔ tso. Wowɔa Janus ƒe kpetata wòtoa mo eve siwo trɔ megbe de wo nɔewo, si fia be ekpɔa nusiwo dzɔ va yi kple esiwo li fifia. Wogblɔna zi geɖe be amesi kpɔ dzidzɔ, ko nu, eye wòɖu nu heno nu le January 1 dzi la, nu adze edzi nɛ eye akpɔ dzidzɔ le ƒe bliboa me. Aʋatsodzixɔse sia tututue gale míaƒe dukɔa me tɔ geɖewo si egbea si ta woɖua ƒe yeyea ɖo . . . Le trɔ̃subɔlawo ƒe azã aɖewo ɖuɣi la, wotsɔa amewo saa vɔe na trɔ̃wo. Wonya wo dometɔ aɖewo nyuie ɖe hadzidzi kple ɣeɖuɖu, ahasiwɔwɔ, kple matrewɔwɔ siwo yia edzi ɣemaɣi ta. Le ɣeyiɣi bubuwo dzi, abe le Janus ƒe azãɖuɣi ene la, nutsuɖuɖu kple ahatsunono, ahamumu, kple makɔmakɔnyenye ɖesiaɖe ƒomeviwo yia edzi. Ne míeɖo ŋku alesi mía ŋutɔwo míeɖua Ƒe Yeyea le ɣeyiɣi siwo va yi me dzi la, ekema míalɔ̃ ɖe edzi be mí katã míekpɔa gome le trɔ̃subɔlawo ƒe azãɖuɖu sia me.”—Georgiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Kristodukɔa va xɔ Mithra subɔsubɔ wɔ eɖokui tɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Museum Wiesbaden

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Alẽkplɔlawo mate ŋu anɔ gbedzi kple woƒe alẽwo le December si nye vuvɔŋɔli me o