Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Gbegbe Wò Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ŋu Me Sẽe?

Aleke Gbegbe Wò Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ŋu Me Sẽe?

Aleke Gbegbe Wò Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ŋu Me Sẽe?

‘Miyi edzi miadi Mawu ƒe fiaɖuƒe la gbãgbiagbã.’—MATEO 6:33.

1, 2. Afɔ kae ɖekakpui aɖe ɖe ku ɖe eƒe dɔwɔɖui ŋu, eye nukatae?

ÐEKAKPUI aɖe di be yeana kpekpeɖeŋu geɖe wu le eƒe hamea me. Gake kuxiae nye be eƒe dɔwɔɖuia na be mete ŋu dea kpekpeawo edziedzi o. Aleke wòkpɔ kuxi sia gbɔe? Eɖoe be yeanɔ agbe tsɛ, eɖe asi le eƒe dɔwɔɖuia ŋu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ekpɔ dɔ bubu aɖe si medoa kplamatse eƒe gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe wɔnawo me o. Egbea, fetu si wòxɔna le ʋɛ kura wu tsãtɔa, ke hã, ete ŋu kpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiãhiãwo gbɔ eye wòte ŋu naa kpekpeɖeŋu geɖe wu le hamea me.

2 Èse nusitae ɖekakpuia ɖe afɔ ma ɖo gɔmea? Ðe nàte ŋu aɖe afɔ ma tɔgbe ne wòe le eƒe nɔnɔme ma ƒomevi mea? Kristotɔ geɖewo ɖe afɔ ma tɔgbe si dze na kafukafu, eye woƒe afɔɖeɖeawo ɖe alesi woka ɖe Yesu ƒe ŋugbedodoa dzii fia, be: ‘Miyi edzi miadi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.’ (Mateo 6:33) Woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ana yewoanɔ dedie, ke menye ɖe xexeame ŋu o.—Lododowo 3:23, 26.

3. Nukata ame aɖewo abia be ɖe Fiaɖuƒea tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ganye nusi sɔ egbea mahã?

3 Le ɣeyiɣi siwo me míele ƒe sesẽ ta la, awɔ na ame aɖewo yaa be ɖe nunya le nyametsotso si ɖekakpui ma wɔ la me hã? Egbea, ame aɖewo da ahe kolikoli, evɔ kesinɔnuwo bɔ ɖe ame bubuwo ya si ale gbegbe. Amesiwo le dukɔ dahewo me dometɔ akpa gãtɔ awɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si aʋu ɖi ŋudɔ be yewoana yewoƒe agbe naka ɖe eme vie. Le go bubu me la, nɔnɔmewo abe ganyawo kple dɔwɔɖuinyawo ƒe kemalimali kpakple alesi dɔtɔwo va le dɔ geɖe wu ɖom na dɔwɔviwoe ƒonɛ ɖe amesiwo le dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo me gɔ̃ hã nu be wowɔa dɔ kutrikukutɔe be woatsɔ alé woƒe nudzedziname ƒe agbenɔnɔa ɖe te. Le alesi agbemenuhiahiãwo didi ƒe nyaƒoɖeamenu nu sẽe ta la, ame aɖewo abia be, ‘Ðe wòganye nusi sɔ be woadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbãa?’ Be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sia la, de ŋugble le amesiwo tɔgbe Yesu nɔ nu ƒom na ɣemaɣi la ŋu kpɔ.

‘Midzudzɔ Dzimaɖitsitsi’

4, 5. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖee fiae be susu le eme be mele be Mawu subɔlawo natsi dzimaɖi ɖe gbesiagbenuhiahiãwo ŋu o?

4 Yesu nɔ Galilea, henɔ nu ƒom na ameha gã aɖe si me tɔwo tso teƒe vovovowo. (Mateo 4:25) Ameha sia me tɔ ʋɛ aɖewo koe nye kesinɔtɔwo. Anɔ eme kokoko be wo dometɔ akpa gãtɔ nye ame dahewo. Ke hã, Yesu xlɔ̃ nu wo be woagatsɔ ŋutilãmekesinɔnuwo ƒe amesisusu aɖo nɔƒe gbãtɔ o, ke boŋ woatsɔ nusi ŋu asixɔxɔ le sasasã wu—si nye gbɔgbɔmekesinɔnuwo—aɖo nɔƒe gbãtɔe. (Mateo 6:19-21, 24) Egblɔ be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi le miaƒe agbe ŋuti, le nusi miaɖu kple nusi miano, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, le nusi miata ŋuti. Alo agbe mewu nuɖuɖu oa, eye ame blibo la mewu avɔtata oa?”—Mateo 6:25, NW.

5 Le amesiwo nɔ to ɖomee dometɔ geɖe gome la, adze na wo abe ɖe susu mele Yesu ƒe nyawo me o ene. Wonya be ne yewo mewɔ dɔ sesĩe o la, yewoƒe ƒomewo akpe fu. Gake Yesu he woƒe susu yi xeviwo dzii. Nusi xeviwo aɖu kple afisi woamlɔ le ŋkeke ɖesiaɖe dzi la koe wodina, ke hã, Yehowa léa be na wo. Yesu ɖo ŋku alesi Yehowa léa be na seƒoƒowo, heɖoa atsyɔ̃ na wo ale gbegbe be woƒe anidzedze ƒo Salomo ƒe ŋutikɔkɔe katã gɔ̃ hã ta sasasãe la dzi na wo. Ne Yehowa léa be na xewo kple seƒoƒowo alea la, ke aleke gbegbe mahalé be na mí awui o? (Mateo 6:26-30) Yesu gblɔ be, míaƒe agbewo (luʋɔwo) kple míaƒe ametia le vevie kura wu nuɖuɖu si míeƒlena tsɔ léa míaƒe agbe ɖe te kple nudodo alo avɔ si míetana. Ne míezã míaƒe ŋutetewo kple ɣeyiɣiwo katã ɖe nuɖuɖu kple nudodo didi ŋu eye míegakpɔ ŋutete alo ɣeyiɣi aɖeke atsɔ asubɔ Yehowae o la, ke tameɖoɖo si tututu le agbenɔnɔ ŋu la bɔ mí.—Nyagblɔla 12:13.

Nukpɔsusu si Da Sɔ

6. (a) Agba kae le Kristotɔwo dzi? (b) Ameka ŋue Kristotɔwo ɖoa ŋu ɖo bliboe?

6 Ele eme baa be, Yesu mede dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woadzudzɔ dɔwɔwɔ ade asi ata me anɔ Mawu sinu kpɔm be wòato mɔ aɖe nu ana agbemenuhiahiãwo yewo ƒe ƒomewo o. Ele na xewo gɔ̃ hã be woadi nuɖuɖu na woa ŋutɔwo kple wo viwo. Eyata ele na Kristotɔ gbãtɔ mawo be woawɔ dɔ hafi akpɔ nu aɖu. Ele be woakpɔ woƒe ƒomegbanɔamedziwo gbɔ. Ele na subɔvi kple kluvi siwo nye Kristotɔwo ɣemaɣi be woawɔ dɔ veviedodotɔe na woƒe aƒetɔwo. (Tesalonikatɔwo II, 3:10-12; Timoteo I, 5:8; Petro I, 2:18) Zi geɖe la, apostolo Paulo si nye avɔgbadɔwɔla la wɔa dɔ tsɔ kpɔa eɖokui dzii. (Dɔwɔwɔwo 18:1-4; Tesalonikatɔwo I, 2:9) Ke hã, Kristotɔ mawo meɖo dzi ɖe ŋutilãmedɔ ŋu hena dedienɔnɔ o. Woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Esia na be wokpɔ dzidzeme si mesu ame bubuawo si o. Hakpala la gblɔ be: “Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋãna o, eye wòli tegbee la ene.”—Psalmo 125:1.

7. Nukpɔsusu kae ate ŋu anɔ amesi meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe o la si?

7 Amesiame si meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe o ya abu nuwo ŋu bubui. Amegbetɔ akpa gãtɔ bua ŋutilãmekesinɔnu be enye nu vevi si ana ame nanɔ dedie. Eyata dzilawo dea dzi ƒo na wo viwo be woazã woƒe sɔhɛmenɔɣiwo atsɔ ade suku kɔkɔ, kple mɔkpɔkpɔ be ana woava kpɔ dɔ si ŋu fetu nyui le awɔ le etsɔme. Nublanuitɔe la, Kristotɔwo ƒe ƒome aɖewo siwo da woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe wo viwo ƒe suku kɔkɔ dede dzi, hezã ga geɖe ɖe eŋu la, va kpɔe emegbe be yewowɔ dɔ ɖe yame, esi wo viawo megava tsɔ gbɔgbɔmenuwo nu vevii o eye wotsɔ ŋutilãmetaɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo boŋ ɖo dɔe ta.

8. Go ka mee Kristotɔwo dzea agbagba dana sɔna le ɣesiaɣi?

8 Le esia ta la, Kristotɔ siwo wɔa nu le nunya me kpɔe be Yesu ƒe nuxlɔ̃amea sɔ na mí abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa mee ene, eye wodzea agbagba be yewoada asɔ. Ne eva hiã be woawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe be woate ŋu akpɔ agbanɔamedzi siwo Ŋɔŋlɔawo bia la gbɔ gɔ̃ hã la, womeɖea mɔ alesi wòhiã be fetu si yi dzi vie nasu wo si la wɔnɛ be woŋea aɖaba ƒua gbɔgbɔmenu siwo ŋu asixɔxɔ le wu la dzi o.—Nyagblɔla 7:12.

‘Migatsi Dzimaɖi Gbeɖe O’

9. Aleke Yesu na kakaɖedzi amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu blibo lae?

9 Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, exlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be: ‘Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina vevie; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.’ (Mateo 6:26-34) Dzideƒonamenya kawo gbegbee nye si! Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, eyama akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi. Gake Yesu ƒe nyawo naa wobua tame hã. Eƒe nyaawo ɖo ŋku edzi na mí be ne míeyi ɖale ŋutilãmenuwo ‘dim vevie’ la, míaƒe nuŋububu ava nɔ abe “trɔ̃subɔlawo,” amesiwo menye Kristotɔ vavãwo o, la tɔ ene.

10. Esi ɖekakpui aɖe te ɖe Yesu ŋu hena aɖaŋuɖoɖo la, aleke Yesu na nusi ɖekakpuia lɔ̃ wu la dze ƒãe?

10 Ɣeaɖeɣi la, ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe bia Yesu nusi wòle be yeawɔ hafi akpɔ agbe mavɔ. Yesu ɖo ŋku Mose ƒe Sea, si te wonɔ ɣemaɣi, ƒe nudidiwo dzi nɛ. Ðekakpuia gblɔ na Yesu kakaɖedzitɔe be: “Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama?” Ðewohĩ alesi Yesu yi edzi ɖo eŋu nɛ la adze na ame geɖe abe nusi manya wɔ o ene. Egblɔ be: “Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.” (Mateo 19:16-21) Nya la te ɖe ɖekakpuia dzi wòtrɔ dzo kple nuxaxa le esi eŋububu be yeƒe kesinɔtɔnyenye nu ayi ne yedze Yesu yome la wu tsɔtsɔ nɛ ta. Aleke kee wòɖalɔ̃ Yehowae o, elɔ̃ eƒe nunɔamesiwo wu.

11, 12. (a) Nya siwo nana wobua tame kae Yesu gblɔ ku ɖe kesinɔnu ŋu? (b) Aleke nunɔamesiwo ate ŋu anye mɔxenu na Yehowa subɔsubɔe?

11 Nudzɔdzɔ ma na Yesu gblɔ nya aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na o: “Esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. . . . Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vò me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la mee.” (Mateo 19:23, 24) Ðe Yesu nɔ fiafiam be kesinɔtɔ aɖeke manyi Fiaɖuƒea ƒe dome oa? Menye nenemae o, elabena eyi edzi gblɔ bena: “Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.” (Mateo 19:25, 26) Le nyateƒe me, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, kesinɔtɔ aɖewo trɔ dzime ɣemaɣi heva zu Kristotɔ amesiaminawo. (Timoteo I, 6:17) Ke hã, Yesu gblɔ nya wɔ moyaa mawo le susu nyui aɖe ta. Nuxlɔ̃ame namee wònɔ.

12 Ne ame aɖe ku ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu abe alesi ɖekakpui kesinɔtɔa wɔe ene la, nunɔamesiawo ate ŋu azu mɔxenu na eƒe Yehowa subɔsubɔ tso dzi blibo me. Esia ate ŋu adzɔ ɖe amesi nye kesinɔtɔ xoxo kple amesiwo “dina be, yewoazu kesinɔtɔwo” la siaa dzi. (Timoteo I, 6:9, 10) Ŋuɖoɖo ɖe ŋutilãmekesinɔnuwo ŋu fũ akpa ate ŋu ana ame ‘magatsi dzi ɖe eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu ale o.’ (Mateo 5:3) Esia ana be, ɖewohĩ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu magava nɔ vevie nɛ boo o. (Mose V, 6:10-12) Ðewohĩ ava nɔ mɔ kpɔm be ele be woawɔ nu ɖe ye ŋu le hamea me etɔxɛe. (Yakobo 2:1-4) Eye ɖewohĩ azã eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe agbeɖuɖu ŋu tsɔ wu be wòazãe ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.

Tu Nukpɔsusu Nyui Ðo

13. Nukpɔsusu manyomanyo kae nɔ Laodikeatɔwo si?

13 Amesiwo si nunɔamesiwo ŋuti nukpɔsusu manyomanyo nɔ ƒe ƒuƒoƒo aɖee nye ƒe alafa gbãtɔ me Laodikea-hamea. Yesu gblɔ na wo be: “Ègblɔna bena, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple kotɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.” Menye Laodikeatɔawo ƒe kesinɔtɔnyenyee na wova nɔ gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui ma me o. Ke boŋ nyateƒe si wònye be woɖo ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu tsɔ wu be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tae. Le esia ta, wova nɔ yɔyrɔe le gbɔgbɔ me, eye wòkpɔtɔ vie Yesu ‘tu wo ƒu gbe’ tso eƒe nu me kloe.—Nyaɖeɖefia 3:14-17.

14. Nukatae Hebri Kristotɔawo dze na Paulo ƒe kafukafua ɖo?

14 Gake Paulo kafu Hebri Kristotɔwo ya le alesi wowɔ nui le yometiti si va wo dzi do ŋgɔ la me ta. Egblɔ be: “Gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.” (Hebritɔwo 10:34) Dzi meɖe le Kristotɔ mawo ƒo le esi woha woƒe nunɔamesiwo ta o. Woyi edzi kpɔ dzidzɔ elabena woƒe nunɔamesi vevitɔ kekeake, si nye ‘nusiwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa’ la, gakpɔtɔ nɔ wo si. Abe asitsala, si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododo aɖe me, amesi tsɔ eƒe nuwo katã sa vɔe ɖe dzonu xɔasi ɖeka ta ene la, Kristotɔ mawo ɖoe kplikpaa be yewomaɖe asi le Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa me léle ɖe asi ŋu gbeɖe o, eɖanye nuka kee wòabia be yewoatsɔ asa vɔe o. (Mateo 13:45, 46) Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye si!

15. Aleke ɖetugbi Kristotɔ aɖe si le Liberia tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔe?

15 Egbea, ame geɖewo tu nɔnɔme nyui ma tɔgbe ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le Liberia la, wona mɔnukpɔkpɔ ɖetugbi Kristotɔ aɖe be wòade yunivɛsiti. Le dukɔ ma me la, woabua mɔnukpɔkpɔ ma be enye nusi ana etsɔme si me dedienɔnɔ le nasu ame si. Gake ɖetugbia nye mɔɖela, ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, eye wokpee be wòava wɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔ. Etiae be yeadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã eye wòyi edzi wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Eyi ɖawɔ subɔsubɔdɔ si wode esi la, eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ 21 gɔme le ɣleti etɔ̃ ko me. Nɔvinyɔnu ɖetugbi sia kple ame akpe geɖe siwo le abe eyama ene tsɔ Fiaɖuƒea didi ɖo nɔƒe gbãtɔ, hegbe nu le mɔnukpɔkpɔ si ɖewohĩ ate ŋu ahe ŋutilãmeviɖe vɛ na wo hafi la gbɔ. Aleke wowɔ te ŋu lé nɔnɔme ma me ɖe asi le ŋutilãmenudidi ƒe xexe sia me? Esi wotu nɔnɔme nyui geɖewo ɖo tae. Mina míadzro wo dometɔ aɖewo me.

16, 17. (a) Nukata ɖokuibɔbɔ le vevie bene míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu? (b) Nukatae wòle be míatu kaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi ƒe nɔnɔme ɖo?

16 Ðokuibɔbɔ. Biblia gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o.” (Lododowo 3:5-7) Ɣeaɖewoɣi la, afɔɖeɖe aɖe ate ŋu adze abe esɔ ene le amegbetɔ ƒe nuŋububu dzro ko nu. (Yeremya 17:9) Ke hã, Kristotɔ ɖianukwarewo ya trɔna ɖe Yehowa ŋu hena mɔfiafia. (Psalmo 48:15) ‘Le woƒe nuwɔnawo katã me’—le hamea me nyawo, suku alo dɔwɔɖui nyawo, modzakaɖeɖe, alo le wɔna bubu ɖesiaɖe me—la, wotsɔa ɖokuibɔbɔ dina Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo.—Psalmo 73:24.

17 Kaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi: Paulo gblɔ be: “Amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Ne míeke ɖi le Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ ŋu la, ate ŋu ava dze na mí be esɔ be ‘woawɔ xexe sia me ŋudɔ bliboe’ faa. (Korintotɔwo I, 7:31) Gake ne xɔse sẽŋu le mía si la, míaɖoe kplikpaa be míadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã. Ke aleke woatu xɔse sẽŋu ɖoe? To tete ɖe Yehowa ŋu me ahado gbe ɖa nɛ tso dzi me ɣeawokatãɣi, kple to ɖokuisi nusɔsrɔ̃ edziedzi me. (Psalmo 1:1-3; Filipitɔwo 4:6, 7; Yakobo 4:8) Míate ŋu ado gbe ɖa abe Fia Dawid ene be: ‘Ke nye la, ŋuwò meɖo ŋu ɖo, Yehowa; megblɔ be, nye Mawu nènye. Wò dɔmenyo, sɔ gbɔ loo!’—Psalmo 31:15, 20.

18, 19. (a) Aleke míaƒe veviedodonu doa ŋusẽ míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋui? (b) Nukata wòle be Kristotɔ nalɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe?

18 Kutrikuku le Yehowa subɔsubɔ me: Paulo tsɔ kaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi do ka kple viviedodonu esi wòŋlɔ bena: “Míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti.” (Hebritɔwo 6:11) Ne míedoa vevie nu wɔa dɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la, ado alɔ mí. Ɣesiaɣi si míekpɔe be edo alɔ mí la, míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu me gasẽna ɖe edzi, eye ‘míeva nɔa te sesĩe, maʋãmaʋãe.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Ŋusẽ yeye ɖoa míaƒe xɔse ŋu, eye kakaɖedzi nɔa míaƒe mɔkpɔkpɔ ŋu.—Efesotɔwo 3:16-19.

19 Lɔlɔ̃ faa atsɔ nuwo asa vɔe: Paulo tsɔ ŋutilãmedɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gã aɖe sa vɔe bene yeate ŋu adze Yesu yome. Edze ƒã be ewɔ nyametsotso nyui, togbɔ be ɣeaɖewoɣi nɔnɔmeawo sesẽ nɛ le ŋutilã me gome hã. (Korintotɔwo I, 4:11-13) Yehowa medo ŋugbe na eƒe subɔlawo be woazu ŋutilãmekesinɔtɔwo o, eye ɣeaɖewoɣi wotoa nɔnɔme sesẽwo me. Alesi míelɔ̃na faa be míanɔ agbe tsɛ hetsɔa nanewo saa vɔe la ɖea míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míasubɔ Yehowa ƒe kpeɖodzi sẽŋu fiana.

20. Nukatae dzigbɔɖi le vevie na amesi tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ ɖo?

20 Dzigbɔɖi: Nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Eyaŋuti migbɔ dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe.” (Yakobo 5:7) Le vovomanɔameŋu ƒe xexe sia me la, esesẽ be woanye dzigbɔɖitɔ. Míedina be nuwo natsɔ afɔ kabakaba. Gake Paulo xlɔ̃ nu mí be míasrɔ̃ amesiwo ‘toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la.’ (Hebritɔwo 6:12) Anyo be nàkpɔ Yehowa sinu. Agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi—nu xɔasi aɖe si woakpɔ mɔ na le dzigbɔɖeanyi mee wònye!

21. (a) Ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, nukae ma ɖem míele le fiafiam? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Ẽ, Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be woadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã la gakpɔtɔ nye nusi sɔ. Ne míewɔ ɖe edzi la, míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu vavã eye be míetia agbenɔnɔmɔ ɖeka kolia si nu wòle be Kristotɔ nanɔ agbe ɖo la. Gake Yesu xlɔ̃ nu mí hã be ‘míayi edzi adi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ Le nyati si kplɔe ɖo me la, míakpɔ nusita dzideƒonamenya sia hiã vevie egbea ɖo.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Go ka mee Yesu xlɔ̃ nu mí be míada asɔ le ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu?

• Nukae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe kposɔ kple abui ƒe do ŋu la me?

• Kristotɔwo ƒe nɔnɔme kawoe kpena ɖe mía ŋu be míedia Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbãgbiagbã?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Amesiwo ɖo to Yesu ƒe nyawo la dometɔ geɖe nye ame dahewo

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðekakpui kesinɔtɔ la lɔ̃ eƒe nunɔamesiwo wu alesi wòlɔ̃ Mawui

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yesu ƒe lododoa me asitsala la tsɔ eƒe nuwo katã sa vɔe ɖe dzonu xɔasi ɖeka ta

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ne míedoa vevie nu wɔa dɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la, ado alɔ mí