Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nyui Aɖu Vɔ̃ Dzii

Alesi Nyui Aɖu Vɔ̃ Dzii

Alesi Nyui Aɖu Vɔ̃ Dzii

Ame ɖɔʋue Fia Dawid nye. Elɔ̃ Mawu vevie, elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye wòlɔ̃ ame fafawo ƒe nya. Ke hã, fia nyui sia kee wɔ ahasi kple eƒe amesiwo dzi wòka ɖo la dometɔ ɖeka srɔ̃. Eye esi Dawid kpɔe be yedo fu ŋutsu sia srɔ̃, Bat-Seba la, ewɔ ɖoɖo wowu ŋutsua. Emegbe eɖe Bat-Seba wòzu srɔ̃a bene yeatsɔ atsyɔ nu hlɔ̃ si yedo la dzii.—Samuel II, 11:1-27.

ÐIKEKE aɖeke mele eme o be nyuiwɔwɔ ƒe ŋutete le amegbetɔwo si. Ke nukatae wowɔa vɔ̃ geɖewo ɖo? Biblia gblɔ susu vevi geɖe siwo tae wòle nenema ɖo. Egblɔ alesi Mawu ato Kristo Yesu dzi aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ la hã na mí.

Didi be Woawɔ Nu Gbegblẽ

Fia Dawid ŋutɔ gblɔ susu ɖeka aɖe si tae míewɔa nuvɔ̃wo ɖo. Esi nuvɔ̃ siwo wòwɔ dze go la, elɔ̃ ɖe edzi eye wòlɔ̃ xɔ eƒe nuwɔna la ŋuti tohehewo hã. Emegbe etsɔ nuxaxa ŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, vodada me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.” (Psalmo 51:7) Menye Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye kura be vidadawo nafɔ vi siwo ava nɔ nuvɔ̃ wɔm la ƒe fuwo o. Gake esime Xawa kple Adam ŋutɔ tiae hedze aglã ɖe Mawu ŋu la, wobu ŋutete si nɔ wo si be woadzi vi siwo ŋu nuvɔ̃ aɖeke manɔ o la. (Romatɔwo 5:12) Esi amegbetɔ madeblibowo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi la, eva dze ƒãa be nugbegblẽwɔwɔ ƒe dzodzro le wo me elabena Mose I, 8:21 gblɔ be “ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.”

Ne womeɖu ame ɖokui dzi le nuvɔ̃wɔwɔ ƒe dzodzro sia me o la, ate ŋu akplɔ ame ade “matrewɔwɔ, . . . kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo, dɔmevevi,” kple nɔnɔme gblẽku bubu siwo Biblia yɔ be “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” la me. (Galatiatɔwo 5:19-21) Le Fia Dawid ya gome la, eɖe mɔ ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖu eyama dzi eye wòwɔ ahasi, si na be wòva do hlɔ̃ mlɔeba. (Samuel II, 12:1-12) Anye ne Dawid ate ŋu aɖu eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzroa dzi hafi. Gake esi wòyi edzi nɔ ŋugble dem le dzodzro si ɖo eme ɖe Bat-Seba ŋu ŋuti la, eva ɖe afɔ aɖe si wɔ ɖeka kple nya sia siwo nusrɔ̃la Yakobo tsɔ ɖɔ nɔnɔmeae be: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.”—Yakobo 1:14, 15.

Ame gbogbowo wuwu, amewo gbɔ dɔdɔ akpasesẽe, kple adzodada siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la nye nu gbɔ eme siwo amewo wɔna ne woɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu be woƒe dzodzro vɔ̃wo ɖu wo dzi la ƒe kpɔɖeŋuwo.

Numanyamanya tso Nane Ŋu Te Ŋu Nana Vɔ̃wɔwɔ Dzina Ðe Edzi

Nusi me apostolo Paulo to la na mí susu evelia si tae amewo wɔa nu vɔ̃ɖiwo ɖo. Hafi Paulo ƒe kuɣi naɖo la, wova nyae be enye ame fatu, si lɔ̃a ame hã. Etsɔ eɖokui katã ɖo anyi subɔ nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnu Kristotɔwo ɖokuitɔmadimaditɔe. (Tesalonikatɔwo I, 2:7-9) Gake do ŋgɔ na ema, esime woyɔnɛ be Saul la, elé “ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo” ɖe Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia ke ŋu. (Dɔwɔwɔwo 9:1, 2) Nukatae Paulo da asi ɖe ŋutasẽnu siwo wonɔ wɔwɔm ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu la dzi hekpɔ gome le wo me hã ɖo? Egblɔ be: “Elabena mewɔe le numanyamanya me.” (Timoteo I, 1:13) Ẽ, tsã la, Paulo nɔ ‘ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze vavãtɔ o.’—Romatɔwo 10:2.

Abe Paulo ene la, dzianukwaretɔ geɖe kpɔ gome le vɔ̃wɔwɔwo me elabena Mawu ƒe sewo ŋuti sidzedze vavãtɔ mesu wo si o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ [kɔkɔe] wɔm na Mawu.” (Yohanes 16:2) Yehowa ƒe Ðasefo siwo li egbea kpɔ Yesu ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dze sii. Amesiwo gblɔna be yewosubɔa Mawu la tiaa wo yome le dukɔ geɖewo me, eye wowua wo kura gɔ̃ hã. Edze ƒã be, dzonɔameme totro sia medzea Mawu vavã la ŋu o.—Tesalonikatɔwo I, 1:6.

Amesi To Vɔ̃ɖinyenye Vɛ

Yesu gblɔ susu vevi si tae vɔ̃ɖinyenye li ɖo. Esi wònɔ nu ƒom na subɔsubɔhakplɔla siwo ɖoe kplikpaa be yewoawui la, egblɔ be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ. Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me [ke].” (Yohanes 8:44) Ðokuitɔdidi tae Satana ble Adam kple Xawa be woadze aglã ɖe Mawu ŋu ɖo. Aglãdzedze mae he nuvɔ̃—eye mlɔeba ku—vɛ na ameƒomea katã.

Didi si le Satana me be yeanɔ amewo wum la gadze gaglã wu le mɔ si nu wòwɔ nu ɖe Hiob ŋu le me. Esi Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòado Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ la, alesi wògblẽ Hiob ƒe nunɔamesiwo dome la mede eme nɛ kura o. Ewu Hiob ƒe vi ewo katã. (Hiob 1:9-19) Le ƒe alafa si va yi me la, ameƒomea kpɔ nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ƒe agbogbododo anyrãtɔe teƒe le amegbetɔwo ƒe blibomademade kple sidzedze ƒe ame si masumasu ta kpakple le alesi Satana ƒe asidede ameƒomea ƒe nuwɔnawo me le dzidzim ɖe edzii hã ta. Biblia gblɔe na mí be wotsɔ Abosam “ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.” Nyagblɔɖi sia ke gblɔe wòsɔ nyuie be alesi wotsɔ Satana ƒu gbee eye wòxaxa la awɔe be wòana be ‘nuxaxa manyagblɔ aɖe nava anyigba dzi.’ Togbɔ be Satana mate ŋu azii ɖe amewo dzi be woawɔ vɔ̃ o hã la, enye amesi bi nyuie ŋutɔ le ‘xexeame katã beble me.’—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

Nugbegblẽwɔwɔ ƒe Dzodzroa Ðeɖe Ða

Ele be woaɖe nugbegblẽwɔwɔ ƒe dzodzro si wotsɔna dzia amee la ɖa, eye woana be sidzedze vavãtɔ nasu wo si, eye woaɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔaɖemedzi ɖa keŋkeŋ hafi ko vɔ̃ɖinyenye nu ayi gbidii le ameƒomea me. Gbã la, aleke woawɔ aɖe didi be woawɔ nuvɔ̃ si wotsɔ dzia amee la ɖa tso woƒe dzi mee?

Amekola alo ɖɔkta alo atike siwo amegbetɔwo wɔ la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe dzodzro ma ɖa le ame me o. Gake Yehowa Mawu ya na dɔdamɔnu aɖe si ada nuvɔ̃ kple blibomademade siwo ƒe dome míenyi la na amesiwo katã lɔ̃ faa be woadae na yewo. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.” (Yohanes I, 1:7) Esi ame deblibo Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na la, etsɔ “míaƒe nuvɔ̃wo da ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe [fuwɔameti, NW] ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye.” (Petro I, 2:24) Yesu ƒe vɔsaku la aɖe nuvɔ̃ si Adam wɔ la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo katã ɖa. Paulo gblɔ be Kristo Yesu va zu amesi “tsɔ eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene.” (Timoteo I, 2:6) Ẽ, Kristo ƒe kua ʋu mɔ ɖi na ameƒomea me tɔwo katã be blibodede si Adam bu la nagasu woamawo si.

Ðewohĩ àbia be, ‘Ne ku si Yesu ku ƒe 2,000 enye esia wɔe be ameƒomea ate ŋu agava de blibo la, ke nukatae vɔ̃ɖinyenye kple ku gakpɔtɔ li ɖo?’ Ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na nyabiase ma akpe ɖe ame ŋu bene wòaɖu nu evelia si naa amewo wɔa nuvɔ̃—si nye Mawu ƒe tameɖoɖowo manyamanya—la dzi.

Sidzedze Vavãtɔ Nana Wowɔa Nyui

Nusi Yehowa kple Yesu le wɔwɔm fifia be woatsɔ aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa la nyanya nyuie ate ŋu akpe ɖe amesi si nukpɔsusu nyui le la ŋu be manɔ asi dam ɖe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi le manyamanya me o, alo esi vlo wu ema, be wòava zu abe amesi “le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.” (Dɔwɔwɔwo 5:38, 39) Yehowa Mawu lɔ̃ faa be yeatsɔ nuvɔ̃ siwo wòwɔ va yi le manyamanya me la akee. Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom le Atene la, egblɔ be: “Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsu aɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 17:30, 31.

Nusi dzɔ ɖe Paulo dzi la na wònyae nyuie be wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome, elabena Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ŋutɔ ƒo nu na Paulo eye wòxe mɔ nɛ be wòaganɔ Kristotɔ gbãtɔwo yome tim o. (Dɔwɔwɔwo 9:3-7) Esi Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ nya su Paulo si ko la, etrɔ dzime eye wòva zu ame nyui aɖe, to Kristo ƒe nɔnɔmewo sɔsrɔ̃ me. (Korintotɔwo I, 11:1; Kolosetɔwo 3:9, 10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo tsɔ dzonɔameme ɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.” (Mateo 24:14) Anye ƒe 2,000 kloe nye esia tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi dzi la, Kristo tia amesiwo ava ɖu fia kplii le eƒe Fiaɖuƒea me, abe Paulo ene, tso ameƒomea dome.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

Tso ƒe alafa si va yi la katã me va ɖo fifia la, Yehowa Ðasefowo le dɔ si Yesu de asi na wo be, “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la,” wɔm dzonɔamemetɔe. (Mateo 28:19, 20) Amesiwo xɔ gbedasi sia la le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi le Kristo ƒe dziƒodziɖuɖua te. Yesu gblɔ be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Kpekpe ɖe ame aɖe ŋu be sidzedze sia nasu esi lae nye nu nyuitɔ kekeake si ame ate ŋu awɔ na nɔvia.

Amesiwo xɔ Fiaɖuƒe nyanyui sia ɖea nɔnɔmewo abe “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, [nyuiwɔwɔ], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu” fiana togbɔ be vɔ̃ɖinyenye bɔ ɖe teƒe vovovo siwo wole hã. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Wosrɔ̃a Yesu le mɔ sia nu be ‘womeɖoa vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’ (Romatɔwo 12:17) Wo dometɔ ɖesiaɖe dzea agbagba be yeatsɔ ‘nyuiwɔwɔ anɔ vɔ̃wɔwɔ dzi’ ɖumee.—Romatɔwo 12:21; Mateo 5:44.

Nusi Aɖe Vɔ̃ɖinyenye Ða Keŋkeŋ

Amegbetɔwo ɖeɖe mate ŋu aɖu amesi ƒlɔa dzo ɖe vɔ̃ɖinyenye te, Satana Abosam, dzi gbeɖe o. Gake eteƒe madidi o, Yehowa azã Yesu be wòagbã ta na Satana. (Mose I, 3:15; Romatɔwo 16:20) Yehowa aɖe gbe na Kristo Yesu hã be ‘wòagbã’ dunyahenuɖoanyi siwo li egbea, siwo dometɔ geɖe wɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le ŋutinya me, “eye wòagblẽ wo” dome hã keŋkeŋ. (Daniel 2:44; Nyagblɔla 8:9) Le ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si gbɔna dzi la, amesiwo katã ‘meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti nyanyui la o akpɔ fetu vɔ̃, si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔmavɔ la.’—Tesalonikatɔwo II, 1:8, 9; Zefanya 1:14-18.

Ne wonya ɖe Satana kple amesiwo doa alɔe ɖa ko la, Yesu anɔ dziƒo eye wòakpe ɖe agbetsilawo ŋu be woagbugbɔ anyigba aɖo eƒe nɔnɔ abe alesi wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Kristo afɔ amesiwo katã dze na agbenɔnɔ tegbee la hã ɖe tsitre va anyigba si dzi wodzra ɖo la dzi. (Luka 23:32, 39-43; Yohanes 5:26-29) Le ema wɔwɔ me la, aɖe vɔ̃ɖinyenye ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo me ameƒomea kpe fu le la ɖa keŋkeŋ.

Yehowa mazi amewo dzi be woaɖo to Yesu ŋuti nyanyuia o. Gake ele mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woaxɔ sidzedze si kplɔa ame yia agbe me la. Ele vevie be nàwɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ fifia! (Zefanya 2:2, 3) Ne èwɔe nenema la, àva srɔ̃ alesi nàte ŋu akpe akɔ dedie kple vɔ̃ ɖesiaɖe si le nu tum kpli wò le agbe me la. Àva kpɔ alesi Kristo axɔ ŋgɔ le vɔ̃ɖinyenye ɖeɖe ɖa tegbetegbee me la teƒe.—Nyaɖeɖefia 19:11-16; 20:1-3, 10; 21:3, 4.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Saul da asi ɖe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi elabena sidzedze vavãtɔ mesu esi o

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kpekpe ɖe ame aɖe ŋu be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu esi lae nye nu nyuitɔ kekeake si ame ate ŋu awɔ na nɔvia