Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔenyenye Didi Akpɔ Mía Ta

Dzɔdzɔenyenye Didi Akpɔ Mía Ta

Dzɔdzɔenyenye Didi Akpɔ Mía Ta

‘Miyi edzi miadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’—MATEO 6:33.

1, 2. Nyametsotso kae ɖetugbi Kristotɔ aɖe wɔ, eye nukatae wòwɔ nyametsotso ma ɖo?

ÐETUGBI Kristotɔ aɖe si le Asia la nye agbalẽŋlɔla le dziɖuɖudɔwɔƒe aɖe. Eʋãna ɖe dɔ ŋu, eɖoa dɔme kaba, eye mewɔa alɔgblɔdɔ le dɔ ŋu o. Gake esi womexɔe ɖe dɔa me bliboe haɖe o ta la, ɣeyiɣia va de be woado eƒe dzedze akpɔ. Dɔwɔƒea ƒe tatɔ gblɔ na ɖetugbia be nenye be alɔ̃ anɔ agbegbegblẽ kpli ye ko la, yeaxɔe ɖe dɔa me bliboe eye gawu la yeana ɖoƒe kɔkɔ aɖee. Ðetugbia gbe enumake, togbɔ be ema awɔe be eƒe dɔa nage le esi hã.

2 Ðe ɖetugbi Kristotɔ sia wɔ bometsinua? Ao, ɖe wònɔ wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nya siawo dzi toɖoɖotɔe be: ‘Miyi edzi miadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Le eya gome la, wɔwɔ ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi le vevie sã wu be mɔnukpɔkpɔ gã nasu ye si to gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me.—Korintotɔwo I, 6:18.

Dzɔdzɔenyenye ƒe Vevienyenye

3. Nukae nye dzɔdzɔenyenye?

3 “Dzɔdzɔenyenye” fia nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi le agbenyuinɔnɔ me. Le Biblia me la, Helagbe kple Hebrigbe me nya siwo wozã la fia be woawɔ “nusi dzɔ alo sɔ.” Menye ɖokuiŋudzedze, si fia agbenɔnɔ ɖe nusi sɔ na ame ŋutɔ nu ye o. (Luka 16:15) Ke boŋ enye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe dzidzenuwo. Enye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye.—Romatɔwo 1:17; 3:21.

4. Nukata dzɔdzɔenyenye le vevie na Kristotɔ?

4 Nukatae dzɔdzɔenyenye le vevie ɖo? Elabena Yehowa, “dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu” la, vea eƒe amewo nu ne wowɔ nu dzɔdzɔe. (Psalmo 4:2; Lododowo 2:20-22; Xabakuk 1:13) Amesiame si wɔa numadzɔmadzɔ la, mate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii o. (Lododowo 15:8) Eyata apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye yome,” hekpe ɖe nɔnɔme vevi bubuawo ŋu. (Timoteo II, 2:22) Susu sia ke tae Paulo yɔ “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu” la de míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua ƒe akpa vovovoawo me ɖo.—Efesotɔwo 6:14.

5. Aleke ame madeblibowo awɔ ate ŋu adi dzɔdzɔenyenye yomee?

5 Nyateƒee be, amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ nusi le dzɔdzɔe bliboe o. Wo katã wonyi blibomademade ƒe dome tso Adam gbɔ, eye wo katã wonye nuvɔ̃wɔlawo, ame madzɔmadzɔwo, tso wodziɣi ke. Ke hã, Yesu gblɔ be ele be míadi dzɔdzɔenyenye yome. Aleke wòanya wɔe? Anya wɔ elabena Yesu tsɔ eƒe agbe deblibo na tafee ɖe mía ta, eye ne míeɖenɛ fiana be míexɔ vɔsa ma dzi se la, Yehowa le klalo be yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8, 9, 12, 18) Le esia ta ne míesrɔ̃ Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo hewɔ ɖe wo dzi alesi míate ŋui—hedoa gbe ɖa biana kpekpeɖeŋu be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi—la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔ ŋu. (Psalmo 1:6; Romatɔwo 7:19-25; Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Aleke gbegbe esia faa akɔ na amee nye si!

Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ le Xexe si me Madzɔmadzɔnyenye Bɔ Ðo Me

6. Nukatae xexeame nye afɔkuteƒe na Kristotɔ gbãtɔawo?

6 Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔ dɔdasi si nye be woaɖi ɖase “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” la, nɔnɔme sesẽ aɖe dze ŋgɔ wo ɣemaɣi. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Anyigbamama si me woawɔ dɔa le la katã nɔ Satana, ‘vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.’ (Yohanes I, 5:19) Ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ si eyama nɔ megbe na la xɔ xexeame keŋ, eye nɔnɔme sia si ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi la mee Kristotɔwo awɔ dɔa le. (Efesotɔwo 2:2) Eyata xexeame nye afɔkuteƒe aɖe na wo. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbã dzi koe woate ŋu ato ado dzi ahalé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Wo dometɔ akpa gãtɔ do dzi, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo tra ɖa tso “dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ” la dzi.—Lododowo 12:28; Timoteo II, 4:10.

7. Nukawoe na wòhiã be Kristotɔwo natsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu?

7 Ðe nɔnɔmeawo le Kristotɔwo dzi dem egbea le xexeamea? Kura o! Egavɔ̃ɖi kura wu alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa me. Gakpe ɖe eŋu la, wonya Satana ɖo ɖe anyigba dzi eye wòho aʋa ɖe Kristotɔ amesiaminawo, amesiwo nye “nyɔnua ƒe ƒome [alo dzidzimevi], siwo susɔ, amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la,” ŋu vevie. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Satana dzea amesiame si doa alɔ “dzidzimevi” ma la hã dzi. Gake Kristotɔwo mate ŋu aɣla wo ɖokui le xexeame o. Togbɔ be womenye eƒe akpa aɖeke o hã la, ele be woanɔ xexea me. (Yohanes 17:15, 16) Eye ele na wo be woaɖe gbeƒã le xexeame atsɔ adi amesiwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le eye woafia nu wo be woava nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Eyata esi ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo le xexeame ado kplamatse Kristotɔwo godoo ta la, ele na wo be woatsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi mawo ŋu. Mina míade ŋugble tso ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo dometɔ ene ŋu.

Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe Mɔ̃ La

8. Nukatae Israel-viwo va ƒo wo ɖokui ɖe Moabitɔwo ƒe mawuwo subɔsubɔ me ɖo?

8 Le Israel-viwo ƒe ƒe 40 gbeadzimɔzɔzɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, wo dometɔ gbogbo aɖewo megava nɔ nu dzɔdzɔe wɔm o. Wokpɔ Yehowa ƒe ɖeɖedɔ geɖewo teƒe xoxo, eye ekpɔtɔ vie ko woage ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi. Gake le ɣeyiɣi vevi sia boŋ me la, woƒo wo ɖokui ɖe Moabitɔwo ƒe mawuwo subɔsubɔ me. Nukatae? Elabena woɖe mɔ “ŋutilã ƒe nudzodzro” ɖu wo dzi. (Yohanes I, 2:16) Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo.”—Mose IV, 25:1.

9, 10. Nɔnɔme kawoe li egbea si na wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ ɖe ŋutilãmenudzodzro vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽa ŋu ɣeawokatãɣi?

9 Nudzɔdzɔ sia ɖe alesi ŋutilãmenudzodzro vɔ̃wo ate ŋu agblẽ nu le amesiwo mele ŋudzɔ o ŋui la fia. Anyo be míasrɔ̃ nu tso esia me, vevietɔ le esi agbegbegblẽnɔnɔ va zu nusi dzi woda asi ɖo le teƒe geɖe la ta. (Korintotɔwo I, 10:6, 8) Nyatakaka aɖe si tso United States gblɔ be: “Do ŋgɔ na ƒe 1970 la, amesiwo meɖe wo nɔewo o ƒe anyinɔnɔ ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene nye nusi ŋu se meɖe mɔ ɖo le Amerika dukɔwo me o. Gake fifia la, enye nusi bɔ ŋutɔ. Amesiwo ɖea srɔ̃ yeyee la katã ƒe afã kple edzivɔ nɔ wo nɔewo gbɔ ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene hafi va ɖe wo nɔewo ŋutɔŋutɔ.” Menye dukɔ ɖeka aɖe ko mee nuwɔna sia kple etɔgbe siwo nye hadzegbenɔnɔ ƒe yakanuwɔnawo yia edzi le o. Woyia edzi le xexeame godoo, eye nublanuitɔe la, Kristotɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe agbenɔnɔ siawo me—eye wobu tenɔnɔ si nɔ wo si le Kristo-hamea me gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 5:11.

10 Gawu la, edze abe wole agbegbegblẽnɔnɔ nuwɔnawo kafum le afisiafi ene. Sinima kple television dzi wɔna geɖewo na wòdzena abe naneke kura megblẽ le sɔhɛwo ƒe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu o ene. Woɖenɛ fiana be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ nye nusi sɔ. Woɖea gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ fiana gaglã le wɔna geɖewo me. Woate ŋu ake ɖe foto siwo me gbɔdɔdɔ nuwɔnawo dzena le gaglã la ŋu bɔbɔe le Internet dzi. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔla aɖe ka nya ta be ye vi si xɔ ƒe adre gbɔ tso suku va gblɔ na ye dzidzɔtɔe be, yeƒe sukuhati aɖe ke ɖe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe ŋu eye wonɔ nyɔnu siwo ɖe amama henɔ wo nɔewo gbɔ dɔm ɖem fia. Fofoa lulu ale gbegbe, ke hã, ɖevi geɖe siwo kena ɖe nyatakakadzraɖoƒe mawo ŋu dometɔ nenie gblɔnɛ na wo dzilawo? Gakpe ɖe eŋu la, dzila nenie nya video dzi fefe siwo tɔgbe wo viwo fena? Fefe xɔŋkɔ geɖewo kuna ɖe agbegbegblẽnɔnɔ nuwɔna nyɔŋuwo, gbɔgbɔvɔ̃subɔsubɔ, kple ŋutasesẽ ŋu.

11. Aleke woate ŋu akpɔ ƒomea ta tso xexeame ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nuwɔnawo gbɔe?

11 Aleke ƒomea awɔ atsi tre ɖe “modzakaɖeɖe” manyomanyo mawo tɔgbe ŋu? To Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbã me, eye to nugbegbe le agbegbegblẽnɔnɔ nuwɔna ɖesiaɖe gbɔ me. (Korintotɔwo II, 6:14; Efesotɔwo 5:3) Dzila siwo ɖɔa ŋu ɖo heléa ŋku ɖe wo viwo ƒe wɔnawo ŋu eye woƒãa lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe se dzɔdzɔewo ɖe wo viwo me la, doa ŋusẽ wo viwo be woatsri gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ, video dzi fefe siwo me amewo ɖe amama le, agbegbegblẽnɔnɔ sinimawo, kple numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒe tetekpɔwo.—Mose V, 6:4-9. *

Nutoa me Tɔwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

12. Kuxi kae do mo ɖa le ƒe alafa gbãtɔ me?

12 Esi Paulo nɔ Listra le Asia Sue la, eda dɔ na ŋutsu aɖe nukutɔe. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi amehawo kpɔ nusi Paulo wɔ la, wokɔ woƒe gbe dzi le Likaonia-gbe me bena: Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mía gbɔ. Eye woyɔ Barnaba be Yupiter, ke Paulo be Merkurio; elabena eyae gblɔa nya.” (Dɔwɔwɔwo 14:11, 12) Emegbe la, ameha siawo ke di be yewoawu Paulo kple Barnaba. (Dɔwɔwɔwo 14:19) Edze ƒã be, nuto si me amesiawo nɔ la me tɔwo ƒe nuwɔna te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi bɔbɔe. Edze abe esi nuto ma me tɔ aɖewo va zu Kristotɔwo megbe la, aʋatsodzixɔsewo gakpɔtɔ nɔ wo si kokoko ene. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Kolose me la, exlɔ̃ nu wo le ‘mawudɔlawo subɔsubɔ’ ŋuti.—Kolosetɔwo 2:18.

13. Kɔnu siwo wòle be Kristotɔ natsri dometɔ aɖewo ɖe, eye aleke míawɔ akpɔ ŋusẽdodo le afɔ sia ɖeɖe me?

13 Egbea, ehiã be Kristotɔ vavãwo hã natsri kɔnu nyanyɛ siwo dzi ame geɖe da asi ɖo evɔ wotu wo ɖe alakpasubɔsubɔ me nukpɔsusu siwo tsi tre ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu dzi la. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, wotu kɔnuwɔwɔ nyanyɛ siwo kuna ɖe vidzidzi kple ku ŋu la dometɔ geɖe ɖe alakpadzixɔse si nye be gbɔgbɔ aɖe le amegbetɔ me si nɔa agbe le ku megbe la dzi. (Nyagblɔla 9:5, 10) Le dukɔ aɖewo me la, nyɔnuviwo ƒe likuti lalã ɖa nye kɔnu. Esia nye ŋutasẽnuwɔna si mehiã o, eye mesɔ ɖe lɔlɔ̃ ƒe beléle si wòle na dzila Kristotɔwo be woatsɔ na wo viwo la nu kura o. (Mose V, 6:6, 7; Efesotɔwo 6:4) Aleke Kristotɔwo awɔ atsi tre ɖe nuto si me wole me tɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu ahagbe nu le nuwɔna mawo gbɔe? To ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu blibo mee. (Psalmo 31:7) Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la ado ŋusẽ amesiwo gblɔna nɛ tso dzi me be, “Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nènye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo,” eye alé be na wo.—Psalmo 91:2; Lododowo 29:25.

Megaŋlɔ Yehowa Be O

14. Nuxlɔ̃ame kae Yehowa na Israel-viwo do ŋgɔ teti na woƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi?

14 Do ŋgɔ teti na Israel-viwo ƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa xlɔ̃ nu wo be woagaŋlɔ ye be o. Egblɔ be: “Ke kpɔ nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo, siwo megblɔ na wò egbe la dziwɔwɔ o; eye naɖu nu aɖi ƒo, atu xɔ nyuiwo anɔ me, wò nyiwo kple alẽwo nadzi ɖe dzi, klosalo kple sika nasɔ gbɔ ɖe asiwò, eye wò nuwo katã nadzi ɖe dzi avɔ tso, hafi nado ɖokuiwò ɖe dzi, eye naŋlɔ Yehowa, wò Mawu . . . be o.”—Mose V, 8:11-14.

15. Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be míeŋlɔ Yehowa be o?

15 Ðe nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ egbea? Ẽ, ate ŋu adzɔ ne míetsɔ nusiwo medze o ɖo nɔƒe gbãtɔ. Gake ne míetsɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ke tadedeagu dzadzɛe anye nu vevitɔ kekeake na mí le míaƒe agbe me. Azɔ hã, abe alesi Paulo de dzi ƒo na míi ene la, ‘míawɔ ɣeyiɣi la ŋudɔ nyuie’ eye míatsɔ vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata awɔ subɔsubɔdɔae. (Kolosetɔwo 4:5; Timoteo II, 4:2) Ke ne ɖiɖiɖemewɔnawo alo mɔ siwo nu míato ado dzidzɔ na mía ɖokui didi le vevie na mí wu kpekpewo dede kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ la, ate ŋu ana míaŋlɔ Yehowa be le go sia me be Yehowa ava xɔ nɔƒe evelia boŋ le míaƒe agbe me. Paulo gblɔ be le ŋkeke mamlɛawo me la, amewo ‘alɔ̃ dzidzɔdodona wo ɖokui wu esi woalɔ̃ Mawu.’ (Timoteo II, 3:4) Kristotɔ siwo nɔa ŋudzɔ la dzroa wo ɖokui me edziedzi be yewoakpɔ egbɔ be tamesusu ma tɔgbe mekpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o.—Korintotɔwo II, 13:5.

Kpɔ Nyuie le Ðokuisinɔnɔ ƒe Gbɔgbɔ Ŋu

16. Gbɔgbɔ manyomanyo kae Xawa kpakple Paulo ƒe ɣeyiɣia me tɔ aɖewo ɖe fia?

16 Le Eden-bɔa me la, Satana te ŋu kpɔ dzidzedze le alesi wòna be ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro si na wowɔa nu le ame ɖokui si ko ɖo Xawa me. Xawa di be yeawɔ nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotsowo le ye ɖokui si. (Mose I, 3:1-6) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ ma nɔ Korinto-hamea me tɔ aɖewo me. Wosusui be sidzedze si su yewo si de ŋgɔ wu Paulo tɔ, eye Paulo yɔ amesiawo fewuɖutɔe be apostolo siwo kɔ akpa.—Korintotɔwo II, 11:3-5; Timoteo I, 6:3-5.

17. Aleke míawɔ aƒo asa na ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ tutu ɖo?

17 Le xexeame egbea la, “ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo” bɔ ŋutɔ, eye tamesusu manyomanyo sia kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ aɖewo dzi. Ame aɖewo gɔ̃ hã va zu amesiwo tsia tre ɖe nyateƒea ŋu. (Timoteo II, 3:4; Filipitɔwo 3:18) Le tadedeagu dzadzɛ ƒe nyawo gome la, ele vevie be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu hena mɔfiafia eye míawɔ nu aduadu kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kpakple hamea me hamemegãwo. Dzɔdzɔenyenye didi ƒe mɔ aɖee nye ma, eye ekpɔa mía ta tso ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ tutu ɖo me. (Mateo 24:45-47; Psalmo 25:9, 10; Yesaya 30:21) Amesiaminawo ƒe ha nye “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ.” Yehowa ɖoe anyi be wòakpɔ mía ta ahafia mɔ mí. (Timoteo I, 3:15) Akpa vevi si amesiaminawo ƒe hamea wɔna kpɔkpɔ adze sii akpe ɖe mía ŋu be ‘míawɔ naneke le bubu dzodzro ta o,’ eye míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dzɔdzɔea dzi ɖokuibɔbɔtɔe.—Filipitɔwo 2:2-4; Lododowo 3:4-6.

Mizu Yesu Srɔ̃lawo

18. Mɔ kawo nue wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yesu le?

18 Biblia gblɔe ɖi le Yesu ŋu be: “Èlɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi.” (Psalmo 45:8; Hebritɔwo 1:9) Nɔnɔme nyui kae nye ma si wòle be míasrɔ̃! (Korintotɔwo I, 11:1) Menye ɖeko Yesu nya Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzro ko o; ke elɔ̃ wo hã. Eyata esi Satana tee kpɔ le gbeadzi la, Yesu gbe Satana ƒe nyawo enumake eye wòyi edzi lé ɖe “dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ” la ŋu.—Lododowo 8:20; Mateo 4:3-11.

19, 20. Nu nyui kawoe dona tsoa dzɔdzɔenyenye didi me?

19 Nyateƒee, ŋutilã ƒe dzodzro vɔ̃wo nu te ŋu sẽna ŋutɔ. (Romatɔwo 7:19, 20) Ke hã, ne dzɔdzɔenyenye nye nu xɔasi na mí la, ado ŋusẽ mí míatsi tre ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu. (Psalmo 119:165) Ne míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye vevie la, akpɔ mía ta be míaƒo asa na nugbegblẽwɔwɔ. (Lododowo 4:4-6) Ðo ŋku edzi be, ɣesiaɣi si míena ta le tetekpɔ aɖe me la, ke míena Satana kpɔ dziɖuɖu. Eyata aleke gbegbee wònyo wu enye si be míatsi tre ɖe eyama ŋu ahana Yehowa boŋ nakpɔ dziɖuɖu!—Lododowo 27:11; Yakobo 4:7, 8.

20 Esi Kristotɔ vavãwo dia dzɔdzɔenyenye ta la, ‘dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, yɔ wo fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.’ (Filipitɔwo 1:10, 11) Wodo “[amenyenye] yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.” (Efesotɔwo 4:24) Wonye Yehowa tɔ, eye wole agbe hena eyama subɔsubɔ, ke menye be woadze woa ŋutɔwo ɖokui ŋu o. (Romatɔwo 14:8; Petro I, 4:2) Nusiae kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe tamesusu kple nuwɔnawo dzi. Aleke gbegbe wonaa wo Fofo si le dziƒo ƒe dzi kpɔa dzidzɔe nye si!—Lododowo 23:24.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe dzilawo ŋu le woƒe ƒomea ta kpɔkpɔ tso agbegbegblẽnɔnɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me la dze le Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽ, si Yehowa Ðasefowo ta, me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòle vevie be woadi dzɔdzɔenyenye ɖo?

• Aleke Kristotɔ si mede blibo o ate ŋu adi dzɔdzɔenyenyee?

• Nusiwo le xexeame siwo wòle be Kristotɔ natsri dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke dzɔdzɔenyenye didi kpɔa mía tae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Xexeame nye afɔkuteƒe aɖe na Yesu yomedzelawo

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðevi siwo wofia nui be woalɔ̃ Yehowa la akpɔ ŋusẽdodo be woatsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Israel-vi aɖewo ŋlɔ Yehowa be esi nu va dze edzi na wo le Ŋugbedodonyigbaa dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Abe Yesu ene la, Kristotɔwo léa fu madzɔmadzɔnyenye